INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 71 axa 168-axa 169 mm. 9
  • Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Farisitɔwo Ðo Koŋ Gbe Edzi Xɔxɔ Se
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Da Dɔ Na Ame Aɖe Le Sabat Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Dɔyɔyɔ Na Amesi Wodzi Ŋkuagbãtɔe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Da Gbe Le Ŋutsu Si Wodzi Ŋkuagbãtɔ La Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 71 axa 168-axa 169 mm. 9
Ŋutsu si nye nubiala ŋkuagbãtɔ tsã la le nya ŋu ɖom na Farisitɔ siwo do dziku, eye edzilawo le wo kpɔm

TA 71

Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La

YOHANES 9:19-41

  • FARISITƆWO BIA GBE ŊUTSU ŊKUAGBÃTƆ SI ŊU WODA GBE LE LA

  • SUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO NYE “ŊKUAGBÃTƆWO”

Farisitɔwo mexɔe se be Yesu na ŋutsu si wodzi ŋkuagbãtɔ la kpɔ nu o, eya ta woyɔ edzilawo vɛ. Ŋutsua dzilawo nyae be woate ŋu ‘anya yewo le ƒuƒoƒe la.’ (Yohanes 9:22) Hadede ma si maganɔ woƒe ƒomea kple Yudatɔ bubuwo dome o la ate ŋu ana woatsi akogo eye wòagblẽ nu le woƒe ganyawo hã ŋu vevie.

Farisitɔwo bia nya eve wo be: “Mia vi si miebe yewodzi ŋkuagbãtɔ lae nye esia? Aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?” Edzilawo ɖo eŋu be: “Míenya be mía vie wònye, eye ŋkuagbãtɔe wònye míedzi. Ke ale si wòdzɔe be wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, eye míenya ame si ʋu ŋku nɛ hã o.” Ne wo vi la gblɔ nu si dzɔ la na wo hã la, woɖɔ ŋu ɖo le ale si woaɖo nyaawo ŋui me hegblɔ be: “Mibiae. Etsi. Eya ŋutɔ neɖe eɖokui nu.”—Yohanes 9:19-21.

Eya ta Farisitɔwo gayɔ ŋutsua ake hedze agbagba be yewoado vɔvɔ̃ nɛ esi wogblɔ be nutsotsowo le yewo si ɖe Yesu ŋu. Wogblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu nàto nyateƒe na mí; míawo ya míenya be nu vɔ̃ wɔlae ame sia nye.” Ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la metsɔ woƒe nutsotsoa wɔ dɔe o, ke boŋ egblɔ be: “Ne nu vɔ̃ wɔlae wònye la, nye ya nyemenya o.” Ke hã egblɔ be: “Nu ɖeka ko menya: eyae nye be ŋkuagbãtɔe menye tsã, ke azɔ la mele nu kpɔm.”—Yohanes 9:24, 25.

Esi Farisitɔwo medi be yewoaɖe asi le nyaa ŋu o la, wobiae be: “Nu kae wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ ʋu wò ŋkuawo na wò?” Ŋutsua wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòɖo eŋu be: “Megblɔe na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka tae miedi be yewoagasee? Alo ɖe miawo hã miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?” Dɔme ve Farisitɔwo wogblɔ be: “Wòe nye eƒe nusrɔ̃la, míawo ya Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. Míenya be Mawu ƒo nu kple Mose; ke ame sia ya míenya afi si wòtso o.”—Yohanes 9:26-29.

Esi nya la wɔ nuku na nubialaa ta la, egblɔ be: “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo.” Azɔ ŋutsua gblɔ nya aɖe si me susu le ku ɖe ame si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo heɖoa toe la ŋu ale: “Míenya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, gake ne ame aɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, Mawu ɖoa toe. Tso keke blema ke la, míesee kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe o.” Ale ŋutsua ƒo nyaa ta be: “Ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ naneke o.”—Yohanes 9:30-33.

Esi Farisitɔwo mekpɔ nya si woatsɔ aɖo eŋu nɛ o la, wodo vloe gblɔ be: “Wò ame si wodzi ɖe nu vɔ̃ me koŋ la, wòe be yeafia nu mía?” Ale wonyae do goe.—Yohanes 9:34.

Yesu se nu si dzɔ, eya ta esi wòkpɔ ŋutsua la, ebiae be: “Èxɔ Amegbetɔvi la dzi sea?” Ŋutsu si wòʋu ŋku na la ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ame kae nye ame ma, be maxɔ edzi ase?” Yesu ʋu eme nɛ kɔtɛ be: “Èkpɔe, eye le nyateƒe me la, nye ame si le nu ƒom kpli wò lae.”—Yohanes 9:35-37.

Ŋutsua gblɔ be: “Aƒetɔ, mexɔ edzi se.” Azɔ ewɔ nu si ɖe eƒe xɔse kple bubu deto fia esi wòdze klo ɖe Yesu ŋkume esime Yesu gblɔ nya ɖedzesi sia be: “Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ta meva xexea me ɖo lae nye be ame siwo mele nu kpɔm o la nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”—Yohanes 9:38, 39.

Farisitɔwo nɔ eteƒe, eye wonyae be menye ŋkuagbãtɔwoe yewonye o. Ke le gbɔgbɔmemɔfiala siwo wobe yewonye gome ya ɖe? Woɖe wo ɖokui nu esi wobia be: “Gake míawo ya míenye ŋkuagbãtɔwo o ɖe?” Yesu gblɔ na wo be: “Ne ŋkuagbãtɔwoe mienye la, anye ne nu vɔ̃ aɖeke mele mia ŋu o. Gake miele gbɔgblɔm be, ‘Míele nu kpɔm.’ Eya ta miaƒe nu vɔ̃ la tsi anyi.” (Yohanes 9:40, 41) Ne ɖe menye nufialawoe wonye le Israel o la, anye ne ɖewohĩ woate ŋu ase egɔme na wo ne wogbe Yesu be menye eyae nye Mesia la o. Gake esi wonya Sea ta la, nu vɔ̃ gãe wònye be wogbee.

  • Nu ka tae ame si nye nubiala ŋkuagbãtɔ tsã la dzilawo vɔ̃ esi woyɔ wo va Farisitɔwo ŋkume, eye aleke woɖe wo ɖokui nui?

  • Ŋutsua ƒe numeɖeɖe si me susu le kae ve dɔme na Farisitɔwo?

  • Nu ka tae taflatsɛdodo aɖeke meli si ta Farisitɔwo natsi tsitre ɖe Yesu ŋu o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe