TA 3
“Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm Le Mia Dome La Dzi”
WOATE Ŋu agaɖe apostolo Paulo ƒe nya mawo siwo dze le Hebritɔwo 13:7 la gɔme be: “Miɖo ŋku ame siwo nye mia dzi kpɔlawo la dzi.” Tso ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolo wɔnuteƒewo subɔ abe Kristo hame yeye si woɖo anyi la ƒe dɔdzikpɔha ene, eye woawoe fiaa mɔe. (Dɔw. 6:2-4) Kaka ƒe 49 K.Ŋ. lɔƒo naɖo la, dɔdzikpɔhaa me tɔwo va sɔ gbɔ ɖe edzi, elabena wotsɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la bubuwo kpe ɖe apostoloawo ŋu. Esime wotso nya me ku ɖe aʋatsotso ƒe nyaa ŋuti la, ‘apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem’ lae nye dɔdzikpɔhaa me tɔwo. (Dɔw. 15:1, 2) Woƒe agbanɔamedzie nye be woakpɔ nya siwo ku ɖe Kristotɔwo ŋu le afi sia afi la gbɔ. Woɖoa lɛtawo kpakple woƒe nyametsotsowo ɖe hameawo, eye esiawo katã do ŋusẽ hameawo, si na nusrɔ̃lawo te ŋu yi edzi wɔ ɖeka le tamesusu kple nuwɔna me. Hameawo ɖo to hewɔ ɖe dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiamewo dzi ɖokuibɔbɔtɔe, si wɔe be Yehowa yra wo eye eme nyo na wo.—Dɔw. 8:1, 14, 15; 15:22-31; 16:4, 5; Heb. 13:17.
2 Le apostoloawo ƒe ku megbe la, xɔsegbegbe gã la va. (2 Tes. 2:3-12) Abe ale si Yesu gblɔe ɖi le eƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu me ene la, gbe vɔ̃ɖiawo (aʋatso Kristotɔwo) va vu tsyɔ luawo (Kristotɔ amesiaminawo) dzi. Woɖe asi le ƒuƒoƒo eveawo ŋu ƒe alafa geɖe be woatsi va de asi na nuŋeɣi la, si nye ‘nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.’ (Mat. 13:24-30, 36-43) Yesu ƒe amenuveve kpɔtɔ nɔ Kristotɔ amesiamina ɖekaɖekawo dzi le ɣeyiɣi mawo me, gake dɔdzikpɔha aɖeke menɔ anyi ɣemaɣi o, eye Yesu menɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke zãm le anyigba dzi tsɔ nɔ mɔ fiam eyomedzelawo o. (Mat. 28:20) Ke hã, egblɔe ɖi be nɔnɔmea atrɔ ne nuŋeɣia ɖo.
3 “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela?” Nya siae Yesu Kristo bia tsɔ dze lo aɖe si wòdo esime wònɔ nu ƒom tso nu si anye “dzesi” na ‘nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la’ ŋu. (Mat. 24:3, 42-47) Yesu ɖee fia be kluvi nuteƒewɔla sia anɔ dɔ dzi ahanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Mawu ƒe amewo “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Ale si ko Yesu zã amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe—ke menye ame ɖeka aɖe ko o—woxɔ ŋgɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la, nenema kee kluvi nuteƒewɔla si zãm Yesu le le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi sia me hã menye ame ɖeka o.
DZESIDEDE “KLUVI NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA” LA
4 Ame kawoe Yesu ɖo be woanyi ye yomedzelawo? Le nyateƒe me la, mele ame bubu aɖeke zãm tsɔ wu Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi o. Biblia yɔ wo be “nunɔla siwo nye fiawo,” siwo wode dɔ asi na be “woaɖe gbeƒã Ame si yɔ wo tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me la ‘ƒe nɔnɔme nyuiwo.’” (1 Pet. 2:9; Mal. 2:7; Nyaɖ. 12:17) Amesiamina siwo le anyigba dzi la katãe ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la? Ao. Esime Yesu na nuɖuɖu ŋutsu 5,000 hekpe ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu la, ema nuɖuɖua na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã mae na ameha la. (Mat. 14:19) Eto ame ʋɛwo dzi nyi ame geɖe. Mɔ ma ke dzi tom wòle le gbɔgbɔmenuɖuɖua nam egbea hã.
5 Eya ta nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe, si kpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖua ɖaɖa kple emama me tẽe le Kristo ƒe anyinɔɣia me lae nye “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla, si dze aɖaŋu” la. (Luka 12:42) Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, nɔviŋutsu amesiamina siwo ƒo ƒu nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la subɔna le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã. Egbea la, nɔviŋutsu amesiamina siawoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha.
6 Kristo zãa ƒuƒoƒo sia tsɔ naa numekɔkɔwo ku ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo me vava ŋu, eye wòtoa wo dzi naa mɔfiame mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ku ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖosewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe ŋu. Wonana gbɔgbɔmenuɖuɖu sia sua Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo si le afi sia afi. (Yes. 43:10; Gal. 6:16) Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, kluvi, alo aƒedzikpɔla, si dzi woka ɖo la nyea ame si kpɔa eƒe aƒetɔ ƒe aƒemenuwo dzi. Nenema kee wode dɔ asi na kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la be wòakpɔ nuwo dzi le Mawu ƒe aƒe bliboa me. Eya ta kluvi nuteƒewɔla la kee kpɔa Aƒetɔ la ƒe nunɔamesiwo, gbeƒãɖeɖedɔa, ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpewo ŋu, dzikpɔlawo ɖoɖo be woasubɔ le ɖoƒe vovovowo le habɔbɔa me, Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata kple nu sia nu si ɖea vi na eƒe “aƒemesubɔviwo” la dzi.—Mat. 24:45..
7 Ke ame kawoe nye ‘aƒemesubɔviawo’? Kpuie ko la, wonye ame siwo ɖua gbɔgbɔmenuawo. Gbã la, aƒemesubɔviawo katã nye amesiaminawo. Emegbe la, wova tsɔ ‘alẽ bubuawo’ ƒe ameha gã la hã kpe ɖe wo ŋu. (Yoh. 10:16) Ƒuƒoƒo evea siaa ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo kluvi nuteƒewɔlaa nana.
8 Ne Yesu va le xaxa gã la me be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo ahatsrɔ̃ wo la, atsɔ kluvi nuteƒewɔla la aɖo “eƒe nuwo katã nu.” (Mat. 24:46, 47) Ɣemaɣi la, ame siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la axɔ woƒe dziƒofetua. Eye woa kple ame 144,000 la dometɔ siwo le dziƒo xoxo la woaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Togbɔ be kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela aɖeke maganɔ anyigba dzi ɣemaɣi o hã la, Yehowa kple Yesu ato ame siwo woɖo “amegãwoe” la dzi afia mɔ ame siwo nye Mesia Fiaɖuƒea teviwo le anyigba dzi.—Ps. 45:16.
NU KA TAE WÒLE BE ‘MÍAÐO ŊKU AME SIWO LE ŊGƆ XƆM LA DZI’?
9 Susu geɖewo li siwo tae wòle be ‘míaɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm la dzi’ ahaɖee afia be míeka ɖe wo dzi. Nu ka tae esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Apostolo Paulo gblɔ be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, elabena wole mia ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene, ne woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Heb. 13:17) Ele vevie ŋutɔ be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm la ahabɔbɔ mía ɖokui ɖe woƒe mɔfiafia te, elabena wole mía ŋu dzɔm be yewoakpɔ mía ta be míanɔ dedie le gbɔgbɔ me.
10 Abe ale si wòdze le 1 Korintotɔwo 16:14 ene la, Paulo gblɔ be: “Miwɔ miaƒe nuwo katã le lɔlɔ̃ me.” Nɔnɔme deŋgɔ sia si nye lɔlɔ̃ dzie wotua nyametsotso siwo wowɔna ɖe Mawu ƒe amewo nu la ɖo. Wogblɔ tso lɔlɔ̃ ŋu le 1 Korintotɔwo 13:4-8 be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” Esi wònye be lɔlɔ̃e ʋãa wo wotsoa nya me le nya ɖe sia ɖe ŋu be wòaɖe vi na Yehowa subɔlawo ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be eme anyo na mí le woƒe mɔfiafia te. Gawu la, woƒe beléle na mí nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia.
Ele vevie ŋutɔ be míabɔbɔ mía ɖokui na ame siwo le mía ŋu dzɔm be míanɔ dedie le gbɔgbɔ me la
11 Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ame siwo zãm Yehowa le tsɔ le eƒe amewo dzi kpɔm egbea la nye ame madeblibowo. Ke hã, ame madeblibowo koe Yehowa zã tsɔ na eƒe lɔlɔ̃nu va eme le blema. Noa kpa aɖakaʋua eye wòɖe gbeƒã tsɔtsrɔ̃ si gbɔna le eƒe ŋkekea me. (1 Mose 6:13, 14, 22; 2 Pet. 2:5) Yehowa tia Mose be wòakplɔ yeƒe dukɔa tso Egipte. (2 Mose 3:10) Ame madeblibowoe Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋã woŋlɔ Biblia la. (2 Tim. 3:16; 2 Pet. 1:21) Esi Yehowa le ame madeblibowo zãm egbea tsɔ le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzi kpɔm la, esia mefia be míagate ŋu aka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi o. Ke boŋ, esia doa ŋusẽ mí, elabena míenyae be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, habɔbɔa mate ŋu awɔ dɔ siwo katã wɔm wòle la gbeɖe o. Nɔnɔme sesẽ siwo gbegbe me kluvi nuteƒewɔlaa to kple eƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔe le ekplɔm. Yehowa yra eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la geɖe ŋutɔ egbea. Esia tae míekpea asi ɖe eŋu tso dzi blibo me hekana ɖe edzi bliboe ɖo.
ALE SI MÍEÐENƐ FIANA BE MÍEKA ÐE MAWU ƑE HABƆBƆA DZI
12 Ame siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la lɔ̃na faa xɔa dɔ siwo wode wo si la, eye wotsɔa dzidzɔ wɔa dɔawo nuteƒewɔwɔtɔe tsɔ ɖenɛ fiana be yewoka ɖe kluvia dzi bliboe. (Dɔw. 20:28) Esi míenye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ta la, míekpɔa gome le tso aƒe me yi aƒe me dɔa, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, kple aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me dzonɔamemetɔe. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Be gbɔgbɔmenuɖuɖu dami si nam kluvi nuteƒewɔlaa le naɖe vi na mí bliboe la, míedzrana ɖo ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo ŋu nyuie hedea wo. Hadede kple mía nɔviwo kple dzidedeƒo na mía nɔewo le Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo me ɖea vi na mí geɖe ŋutɔ.—Heb. 10:24, 25.
13 Ne míedzɔa míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo tsɔ doa alɔ habɔbɔa la, míeɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi. (Lod. 3:9, 10) Ne míekpɔe be nu hiã mía nɔviwo le ŋutilã me la, míetsona kaba naa kpekpeɖeŋu wo. (Gal. 6:10; 1 Tim. 6:18) Míewɔa esia kple dadavilɔlɔ̃, eye míenɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi dia mɔnukpɔkpɔwo be míaɖee afia Yehowa kple eƒe habɔbɔa be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo wɔm wole na mí la ŋu.—Yoh. 13:35.
14 Míeɖenɛ fiana hã be míeka ɖe habɔbɔa dzi ne míexɔa eƒe nyametsotsowo ɖokuibɔbɔtɔe. Míewɔa esia ne míewɔna ɖe ame siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo, abe nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo ene, ƒe mɔfiafiawo dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Nɔviŋutsu siawo hã le “ame siwo le ŋgɔ xɔm,” siwo wòle be míaɖo to kple esiwo wòle be míabɔbɔ mía ɖokui na la dome. (Heb. 13:7, 17) Togbɔ be míase susu siwo ta wowɔ nyametsotso aɖewo ɖo gɔme bliboe o hã la, míenyae be wo dzi wɔwɔ ahe viɖe mavɔwo vɛ na mí. Esia wɔnɛ be Yehowa yraa mí ɖe toɖoɖo eƒe Nyaa kpakple eƒe habɔbɔa ta. Míetoa esia me ɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokui na Aƒetɔ, Yesu Kristo.
15 Ɛ̃, esɔ le goawo katã me be míaka ɖe kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la dzi bliboe. Satana si nye nuɖoanyi sia ƒe mawu la le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ ahagblẽ eƒe habɔbɔa ŋu. (2 Kor. 4:4) Mègaɖe mɔ Satana natsɔ eƒe ayemɔwo aflu wò o! (2 Kor. 2:11) Enyae be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” woade ye aʋli me, eye ele agbagba dzem ŋutɔ be yeakplɔ Yehowa ƒe ame geɖe ale si nu yeate ŋui la atrae. (Nyaɖ. 12:12) Togbɔ be Satana yi edzi le agbagba geɖe dzem fifia wu tsã hã la, mina míayi edzi ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Mina míaka ɖe Yehowa kpakple ame siwo dzi tom wòle le mɔ fiam eƒe amewo egbea la dzi. Esia wɔwɔ ana míanye nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka.