TA 4
Ale Si Woɖo Hamea Kple Ale Si Wofiaa Mɔe
LE AGBALẼ gbãtɔ si apostolo Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, egblɔ nyateƒenya vevi aɖe tso Mawu ŋu. Egblɔ be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” Azɔ esi wònɔ nu ƒom le hame ƒe kpekpewo ŋu la, egblɔ be: “Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.”—1 Kor. 14:33, 40.
2 Le agbalẽ ma ke ƒe gɔmedzenyawo me la, apostoloa xlɔ̃ nu le masɔmasɔ siwo nɔ edzi yim le Korinto hamea me la ŋuti. Paulo xlɔ̃ nu nɔvi siwo nɔ afi ma la be ‘woƒe nu nasɔ’ eye ‘woawɔ ɖeka bliboe le susu kple nuŋububu ɖeka ma ke me.’ (1 Kor. 1:10, 11) Eyi edzi ɖo aɖaŋu na wo ku ɖe nya vovovo siwo nɔ nu gblẽm le hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu la ŋu. Ezã ametia tsɔ wɔ kpɔɖeŋui, tsɔ ɖe ale si ɖekawɔwɔ kple nuwɔwɔ aduadu hiãe la fia kɔtɛ. Le esia ta, exlɔ̃ nu ame siwo katã le Kristo hamea me la be, ɖoƒe ka kee woɖale o, ele be woalé be na wo nɔewo le lɔlɔ̃ me. (1 Kor. 12:12-26) Hafi ame vovovo siwo le hamea me nawɔ nu aduadu alea la, ehiã be hamea nanɔ ɖoɖo aɖe nu.
3 Gake ɖoɖo ka nue wòle be Kristo hamea nazɔ ɖo? Ame kae awɔ ɖoɖoa? Hakplɔɖoɖo ka ƒomevi nue wòanɔ? Ame kawoe anɔ agbanɔamedzinɔƒewo? Ne míeɖe mɔ Biblia fia mɔ mí la, míakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo me kɔ nyuie.—1 Kor. 4:6.
TEOKRASIÐOÐO NUE HAMEA LE
4 Ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzie woɖo Kristo hamea anyi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu? Teokrasiɖoɖo nue hamea zɔ ɖo, eye teokrasi gɔmee nye Mawu (the·osʹ, le Helagbe me) ƒe dziɖuɖu (kraʹtos). Nyagbe eve siawo dze le 1 Petro 5:10, 11. Nu si dzɔ le Yerusalem ƒe 2,000 kloe ye nye esi va yi la ŋuti nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ɖee fia ɖikekemanɔmee be Mawue ɖo Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea anyi. (Dɔw. 2:1-47) Enye eƒe xɔtutu, eƒe aƒe. (1 Kor. 3:9; Ef. 2:19) Ðoɖo si nu hamea nɔ le ƒe alafa gbãtɔ me kple ɖoɖo si nu wòzɔ ɖo la ke nue Kristo hamea zɔna ɖo egbea.
Ðoɖo si nu hamea nɔ le ƒe alafa gbãtɔ me kple ɖoɖo si nu wòzɔ ɖo la ke nue Kristo hamea zɔna ɖo egbea
5 Nusrɔ̃la siwo ade 120 ye wotsɔ dze hame gbãtɔa gɔme. Gbã la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe ame siawo dzi wònye nya si le Yoel 2:28, 29 la me vava. (Dɔw. 2:16-18) Gake le ŋkeke ma ke dzi la, wonyrɔ ame bubu siwo ade 3,000 ɖe tsi me, eye wotsɔ wo kpe ɖe ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la ƒe hamea ŋu. Woxɔ Kristo ŋuti nya la eye “woyi edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie.” Ema megbe la, “Yehowa tsɔa ame siwo xɔm wole ɖe agbe la kpena ɖe wo ŋu gbe sia gbe.”—Dɔw. 2:41, 42, 47.
6 Hame si nɔ Yerusalem la dzi ɖe edzi ale gbegbe be Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la fa konyi be nusrɔ̃lawo tsɔ woƒe nufiafia yɔ Yerusalem fũu. Yudatɔ geɖe siwo nye nunɔlawo tsã la hã nɔ nusrɔ̃la yeye siwo nɔ hamea me le Yerusalem la dome.—Dɔw. 5:27, 28; 6:7.
7 Yesu gblɔ do ŋgɔ be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Eya ta esime yometiti gã aɖe va Yerusalem le Stefano ƒe ku megbe la, nusrɔ̃la siwo nɔ afi ma la kaka ɖe Yudea kple Samaria katã. Gake afi sia afi si woyi la, woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia hewɔ nusrɔ̃la geɖe, siwo dometɔ aɖewo hã nye Samariatɔwo. (Dɔw. 8:1-13) Eye emegbe la, woɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo, siwo menye Yudatɔwo o la, eye wokpɔ dzidzedze nyuie. (Dɔw. 10:1-48) Gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔe be wowɔ nusrɔ̃la geɖewo heɖo hame yeyewo ɖe teƒe bubuwo hã, ke menye Yerusalem ɖeɖe ko o.—Dɔw. 11:19-21; 14:21-23.
8 Ðoɖo kawoe wowɔ be woatsɔ akpɔ egbɔ be teokrasi alo Mawu ƒe mɔ nue wokplɔ hame yeye ɖe sia ɖe si woɖo la le? Woto Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzi wɔ ɖoɖo be alẽkplɔlateviwo nalé be na alẽha la. Paulo kple Barnaba woɖo hamemetsitsiwo ɖe hame siwo woyi ɖasrã kpɔ le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me la me. (Dɔw. 14:23) Luka, si hã nye Biblia-ŋlɔlawo dometɔ ɖeka la, ŋlɔ nu tso kpekpe si Paulo wɔ kple hame si nɔ Efeso ƒe hamemetsitsiwo la ŋu. Paulo gblɔ na wo be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawoe le, be miakplɔ Mawu ƒe hame, si wòtsɔ eya ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la.” (Dɔw. 20:17, 28) Ame siawo dze be woaɖo wo hamemetsitsiwoe, elabena woɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ. (1 Tim. 3:1-7) Wona ŋusẽ Paulo ƒe hadɔwɔla Tito be wòaɖo hamemetsitsiwo le hame siwo nɔ Kreta la me.—Tito 1:5.
9 Esi wonɔ hame geɖewo ɖom la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la koŋue subɔ abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hame si keke ta ɖo dukɔ vovovowo me la ƒe dzikpɔlawo ene. Woawoe nye Kristo hamea ƒe dɔdzikpɔha.
10 Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Efeso-hamea la, eɖe nu me be ne wozɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia nu eye wobɔbɔ ɖe Yesu Kristo ƒe tanyenye te la, ɖekawɔwɔ ayi edzi anɔ Kristo hamea me. Apostoloa xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ afi ma be woasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ eye ‘woalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi’ ahanɔ ŋutifafa me kple ame sia ame le hamea me. (Ef. 4:1-6) Eyome eyɔ nya tso Psalmo 68:18 tsɔ fia ɖoɖo si Yehowa wɔ be ŋutsu siwo dze le gbɔgbɔ me la nakpɔ hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ abe apostolowo, nyagblɔɖilawo, nyanyuigblɔlawo, alẽkplɔlawo, kple nufialawo ene. Ŋutsu siawo siwo nye nunanawo tso Yehowa gbɔ la atu hame bliboa ɖo be wòaɖo gbɔgbɔ me blibonyenye si dzea Mawu ŋu la gbɔ.—Ef. 4:7-16.
HAME SIWO LI EGBEA LA ZƆNA ÐE KPƆÐEŊU SI APOSTOLOAWO ÐO ÐI LA NU
11 Ðoɖo sia tɔgbi dzie Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã zɔna ɖo egbea. Hame siawo katã ƒo ƒu nye xexea me katã ƒe habɔbɔ ɖeka si le ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ŋu. (Zak. 8:23) Yesu Kristoe na esia va eme. Eyi edzi nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃la amesiaminawo nuteƒewɔwɔtɔe “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi,” abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ame siwo le hame si le dzidzim ɖe edzi egbea me vam la xɔa Mawu ƒe nya nyuia, wotsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa bliboe, eye wonyrɔa wo wozua Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20; Marko 1:14; Dɔw. 2:41) Wolɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristo, “alẽkplɔla nyui la,” ye nye Ta na alẽha blibo la katã, si nye Kristotɔ amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa. (Yoh. 10:14, 16; Ef. 1:22, 23) “Alẽha ɖeka” ma lɔ̃na ɖe Kristo ƒe tanyenye dzi nuteƒewɔwɔtɔe, wobɔbɔa wo ɖokuiwo na “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Kristo tia, si dzi tom wòle le wo kplɔm la hã, eye wotoa esia me léa ɖekawɔwɔ si le wo dome la me ɖe asi. Mina míayi edzi aka ɖe kluvi si Yesu ɖo alẽhaa nu egbea la dzi bliboe.—Mat. 24:45.
SUBƆSUBƆDƆWƆHA SIWO WOÐO LE SE NU LA ZAZÃ
12 Ehiã be woaɖo dɔwɔha aɖewo le se nu ale be wòanya wɔ be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu Mawu ƒe amewo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hafi nuwuwua nava. Dukɔ vovovowo ƒe sewo da asi ɖe wo dzi be wole se nu, eye wowɔa dɔ aduadu kple wo nɔewo. Esia na wòle bɔbɔe be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me katã.
ÐOÐO SI NU ALƆDZEDƆWƆƑEWO LE
13 Ne woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe dukɔ aɖe me la, woɖoa Alɔdzekɔmiti si me hamemetsitsi etɔ̃ alo esi wu nenema nɔna be woakpɔ dɔa dzi le dukɔ ma alo dukɔ siwo le alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te la me. Kɔmitia me tɔ ɖeka nyea Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla.
14 Womaa hame siwo le alɔdzedɔwɔƒe ɖe sia ɖe ƒe dzikpɔkpɔ te la ɖe nutome suewo me. Nutome suewo ƒe lolome nɔa te ɖe dukɔa ƒe nuto siwo me wole kple gbegbɔgblɔ kpakple hame agbɔsɔsɔme si le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me dzi. Woɖoa nutome sue dzikpɔla na nutome sue ɖe sia ɖe be wòasubɔ hame siwo le nutome suea me. Alɔdzedɔwɔƒea naa mɔfiame siwo dzi nutome sue dzikpɔlaa azɔ ɖo awɔ eƒe dɔdeasiwo la eyama.
15 Hamewo lɔ̃na ɖe hakplɔɖoɖo siwo wowɔ be wòaɖe vi na ame sia ame la dzi hezɔna ɖe wo dzi. Wolɔ̃na ɖe hamemetsitsi siwo woɖo be woakpɔ dɔa dzi le alɔdzedɔwɔƒewo, nutome suewo, kple hame vovovowo me la dzi. Wokpɔa kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la sinu be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yewo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Kluvi nuteƒewɔlaa hã bɔbɔna ɖe Kristo ƒe tanyenye te egbea, wowɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi pɛpɛpɛ, eye wowɔna ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi ɣesiaɣi. Esi mí katã míele dɔ wɔm aduadu le ɖekawɔwɔ me alea ta la, ‘hameawo ƒe xɔse le ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe,’ abe ale si wònɔ le Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dome ene.—Dɔw. 16:5.