TA 12
Alɔdodo Fiaɖuƒedɔa Le Mia Gbɔ Kple Xexea Me Katã
LE YESU ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu me vava me la, Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒã nya nyuia ‘wòɖo anyigba ƒe seƒe ke.’ (Dɔw. 1:8; Mat. 24:14) Hafi woawɔ esia la, wotsɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ke faa hele Mawu ƒe Nyaa fiam amewo. Esi woɖo dzi ɖe Yehowa ŋu be akpɔ eƒe hadɔwɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ta la, woyia edzi tsɔa Mawu Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Mat. 6:25-34; 1 Kor. 3:5-9) Kutsetse nyui siwo le dodom tso eme la ɖo kpe edzi kɔtɛ be Yehowa da asi ɖe dɔ sia dzi hele yayram ɖe edzi.
FIAÐUƑEA ƑE NUWO GBƆ KPƆKPƆ LE XEXEA ME GODOO
2 Ne amewo kpɔ mɔ siwo dzi míetona ɖea gbeƒã kple ale si míemaa Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo na amewo faa ga aɖeke maxɔmaxɔ le wo sii la, wo dometɔ aɖewo abia be: “Aleke wɔ wote ŋu le dɔ siawo katã wɔm?” Nyateƒee, Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata bia ga geɖe. Wogazãa ga geɖe hã ɖe Betel-ƒewo tutu kple wo dzadzraɖo ŋu be subɔla siwo taa agbalẽwo, esiwo kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple esiwo kpea asi ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa ŋu le mɔ bubuwo nu la nazã. Gakpe ɖe eŋu la, wonaa ŋutilãmekpekpeɖeŋu nutome sue dzikpɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, mɔɖela veviwo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo ale be woate ŋu ayi dɔa dzi. Eme kɔ ƒãa be, nya nyui gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le míaƒe nuto vovovoawo me kple xexea me godoo la bia ga geɖe. Afi kae míekpɔa ga le wɔa dɔ siawo katã?
3 Ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Biblia-fiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le xexea me katã ŋu la dometɔ geɖe lɔ̃na faa be yewoadzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu. Ke hã, Ðasefoawo ŋutɔwo koŋue dzɔa ga tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu, eye wo dometɔ geɖe ɖoa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe nutoa me. Wolɔ̃na faa dzɔa ga abe ale si ko Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema la dzɔ nu faa tsɔ do alɔ Yehowa ƒe tadeaguƒea tutu ene. (2 Mose 35:20-29; 1 Kron. 29:9) Ame aɖewo wɔa agbalẽ ɖe woƒe nunɔamesiwo dzi be woanye habɔbɔa ƒe domenyinu le yewoƒe ku megbe, eye gadzɔdzɔ suesuewo hã tsoa ame ɖekaɖekawo, hamewo kple nutome suewo gbɔ. Nunana siawo katãe wɔe be subɔsubɔdɔa le edzi yim nyuie.
Yehowa Ðasefowo kpɔnɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoazã yewoƒe ga kple nunɔamesi bubuwo atsɔ ado alɔ gbeƒãɖeɖedɔa
4 Yehowa Ðasefowo kpɔnɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoazã yewoƒe ga kple nunɔamesi bubuwo atsɔ ado alɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Gaɖaka nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo si si me woɖea ga le tsɔ kpɔa woƒe gazazãwo gbɔ. (Yoh. 13:29) Biblia na míenya be nyɔnu aɖewo zã woƒe nunɔamesiwo tsɔ kpɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Marko 15:40, 41; Luka 8:3) Apostolo Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe ŋutilãmekpekpeɖeŋu si ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia ƒe ŋgɔyiyi me eye wodi be yewoakpe asi ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu nae lɔlɔ̃tɔe la ŋu. (Flp. 4:14-16; 1 Tes. 2:9) Yehowa Ðasefowo yia edzi srɔ̃a veviedodo subɔsubɔdɔa kple dɔmenyonunana ƒe kpɔɖeŋu siwo woɖo ɖi le blema la. Esia wɔe be wotea ŋu naa “agbetsi la” dzianukwaretɔwo “faa” le afi sia afi.—Nyaɖ. 22:17.
HAMEA ƑE NUHIAHIÃWO GBƆ KPƆKPƆ
5 Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna kpɔa hamea ƒe gazazãwo hã gbɔ. Wometsaa amewo dzi dzɔa ga le wo si o, eye womekaa ga na ame aɖeke be wòaxe alo biaa amewo be woadzɔ ga na yewo o. Wodaa nudzɔɖakawo ɖe kpekpewɔƒewo be ame sia ame nate ŋu adzɔ nu “abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene.”—2 Kor. 9:7.
6 Fiaɖuƒe Akpataa zazã kple edzadzraɖo ŋu fewo koŋue wozãa ga siwo wodzɔna la tsɔ xenae. Hamemetsitsiwo ƒe ha la ate ŋu atso nya me be woaɖo gaa ƒe ɖe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ be woatsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Wotsɔa nyametsotso sia ɖoa hamea ŋkume be wòada asi ɖe edzi. To esia wɔwɔ me la, hame geɖewo tea ŋu dzɔa nu hena xexea me katã ƒe dɔa wɔwɔ. Ne ame sia ame le ŋudzɔ ɖe hamea ƒe hiahiã siwo gbɔ wokpɔna enuenu ŋu la, mahiã be woanɔ gbeƒã ɖem edziedzi be woadzɔ ga o.
BELÉLE NA GA SI WODZƆ
7 Le kpekpe ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, nɔviŋutsu eve ɖea ga siwo hamea dzɔ la le nudzɔɖakawo me, xlẽa wo hewɔa wo ŋuti nuŋlɔɖi. (2 Fia. 12:9, 10; 2 Kor. 8:20) Hamemetsitsiwo ƒe ha la awɔ ɖoɖo siwo sɔ be woadzra ga siawo ɖo va se ɖe esime woate ŋu aɖo wo ɖe alɔdzedɔwɔƒea alo azã wo le hamea ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Nɔviŋutsu si kpɔa hamea ƒe gakɔntawo dzi la bua akɔnta na hamea ɣleti sia ɣleti, eye ɣleti etɔ̃ ɖe sia ɖe la, hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla wɔa ɖoɖo wotoa gakɔntawo me.
NUTOME SUE ƑE GANYAWO
8 Ðasefo siwo le nutome suea me la ƒe gadzɔdzɔwoe wotsɔna kpɔa ga si wozãna na nutome sue takpekpewo wɔwɔ kpakple nutome suea ƒe gazazã bubuwo gbɔ. Wodaa nudzɔɖakawo ɖe takpekpewɔƒewo ale be ame sia ame nate ŋu adzɔ nu faa na nutome suea ƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ. Gakpe ɖe eŋu la, hameawo ate ŋu adzɔ ga ɣebubuɣiwo be woatsɔ akpɔ zazã siwo wowɔna edziedzi le nutome suea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me la gbɔ.
9 Le ɖoɖoa nu la, ele be nutome suewo ŋutɔ nakpɔ woƒe gazazã veviwo gbɔ, eye woatsɔ ga susɔea ana be woatsɔ akpɔ xexea me katã ƒe dɔa dzi. Ne ga si le nutome suea si la mesɔ gbɔ woatsɔ akpɔ takpekpe aɖe ƒe gazazãwo gbɔ o, alo ga meli woatsɔ akpɔ takpekpe si woagawɔ ŋuti gazazãwo gbɔ o, abe esi woxena tsɔ léa takpekpewɔƒe si woahaya hena zazã la ɖi ene la, nutome sue dzikpɔlaa ana woaɖo agbalẽ ɖe hameawo be ehiã be woadzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe nutome suea ŋu. Hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe adzro eme akpɔe ɖa be ga home nenie woƒe hamea ate ŋu adzɔ na nutome suea hã. Eyome woatsɔ woƒe adaŋudedea aɖo hamea ŋkume be wòada asi ɖe edzi.
10 Ne ganya aɖe va do mo ɖa eye wòhiã be nutoa me hamemetsitsiwo nalé ŋku ɖe eŋu la, ekema, hamemetsitsi siwo le nutome suea me la akpe ta le nutome sue takpekpe aɖe me alé ŋku ɖe eŋu. Ele be woatsɔ zazã ɖe sia ɖe si woawɔ la aɖo hamemetsitsiwo ŋkume be woada asi ɖe edzi wòanye tameɖoɖo kplikpaa hafi woawɔe, negbe nutome suea ƒe gazazã tiatia aɖewo ko. Ele be woaŋlɔ ga home si tututu dzi woda asi ɖo be woazã la ɖe tameɖoɖo kplikpaawo me ahatsɔe aɖo hamemetsitsiawo ŋkume hena asidada ɖe edzi ɣesiaɣi si woazã nutome suea ƒe ga.
11 Wowɔa ɖoɖo edziedzi toa nutome suea ƒe gakɔntawo me.
BELÉLE NA AME DAHEWO
12 Nu siwo ta gaɖaka nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo si dometɔ ɖekae nye be woakpe ɖe ame dahewo ŋu. (Marko 14:3-5; Yoh. 13:29) Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi ma gakpɔtɔ li, elabena Yesu gblɔ be: “Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa.” (Marko 14:7) Aleke Yehowa Ðasefowo kpɔa agbanɔamedzi sia gbɔ egbeae?
13 Ɣeaɖewoɣi la, nuteƒewɔla siwo le hamea me la ate ŋu aɖo hiã me le tsitsi, dɔléle, alo afɔku aɖe si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o la ta eye wòahiã be woakpe ɖe wo ŋu. Ne wo viwo kple wo tɔgbui alo mama yɔviwo kple ƒometɔ bubuwo kpɔ hiahiã ma dze sii la, aʋã wo woana kpekpeɖeŋu wo. Esia wɔ ɖeka kple apostolo Yohanes ƒe nya siawo: “Ame si si xexe sia me nunɔamesiwo le, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, gake eƒe dɔme metrɔ ɖe eŋu o la, aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa emee? Vinye lɔlɔ̃awo, migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.” (1 Yoh. 3:17, 18; 2 Tes. 3:6-12) Tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖee nye be woakpe ɖe nuteƒewɔla siwo ɖo hiã me la ŋu.—Yak. 1:27; 2:14-17.
14 Apostolo Paulo ɖe ale si wòle be woakpe ɖe ame siwo hiã tu la ŋu me le eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo la me. Àte ŋu axlẽ eƒe aɖaŋuɖoɖoa le 1 Timoteo 5:3-21. Agba le Kristotɔ ɖe sia ɖe dzi be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ele be viwo, tɔgbuiyɔviwo, mamayɔviwo, alo ƒometɔ kplikplikpli bubuwo nana kpekpeɖeŋu woƒe ƒometɔ siwo nye dɔnɔwo kple ame tsitsiwo. Ɣeaɖewoɣi la, dziɖuɖudɔwɔƒewo alo kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo tea ŋu kpena ɖe ame siawo ŋu, eya ta ƒometɔwo alo ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe ame dahe la ŋu be wòabia kpekpeɖeŋu ma. Nɔnɔme aɖe ate ŋu ado mo ɖa si ta wòahiã be hamea nakpe ɖe nɔvi siwo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ɣeyiɣi didi aɖe gake fifia hiã tu wo la ŋu. Ne woƒe ƒometɔ aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o eye dziɖuɖudɔwɔƒewo menaa kpekpeɖeŋu woamawo o la, hamemetsitsiwo ƒe ha la ate ŋu awɔ ɖoɖo be woana kpekpeɖeŋu siwo sɔ la wo. Kristotɔwo bunɛ mɔnukpɔkpɔe be yewoana yewoƒe nunɔamesiwo ƒe ɖe ame siwo ɖo hiã me.
15 Hiã ate ŋu atu mía nɔvi geɖewo le yometiti, aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, tsiɖɔɖɔ, dɔwuame, alo nudzɔɖeamedzi bubu siwo bɔ le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me ta. (Mat. 24:7-9) Ate ŋu adzɔ be ŋutete manɔ hame siwo le nutoa me la ŋu be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu o, eya ta Dɔdzikpɔha la naa mɔfiame nɔvi siwo le teƒe bubuwo be woana kpekpeɖeŋu siwo hiã la wo. Esia wɔ ɖeka kple ale si Kristotɔ siwo nɔ Asia Sue la na nuɖuɖu wo nɔvi siwo nɔ Yudea esime dɔ to. (1 Kor. 16:1-4; 2 Kor. 9:1-5) To woƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, míeɖoa kpe edzi be míelɔ̃ mía nɔviwo eye míeɖenɛ fiana be míenye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo.—Yoh. 13:35.
AGBALẼWO XƆXƆ LE HAMEA ME
16 Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo wɔa akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒegbedeasia kaka me. Zi geɖe la, hamemetsitsiwo ƒe haa dea dɔ asi na subɔsubɔdɔwɔla aɖe be wòakpɔ hamea ƒe agbalẽwo dzi. Nɔviŋutsu siwo wode agbalẽawo dzi kpɔkpɔ asi na la bua dɔ siawo be wonye agbanɔamedzi veviwo. Wowɔa nuŋlɔɖi nyuiwo ale be agbalẽawo ƒe agbɔsɔsɔ si asu na hamea la nanɔ anyi ɣesiaɣi.
17 Esi míenye Kristotɔ siwo tsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu ta la, míekpɔe dze sii be míaƒe ɣeyiɣi, susu, ŋusẽ kple ŋutete, míaƒe nunɔamesiwo kple míaƒe agbe ŋutɔ gɔ̃ hã nye nu siwo Mawu na mí be míatsɔ asubɔ ye. (Luka 17:10; 1 Kor. 4:7) Ne míezãa nu siawo katã le mɔ nyuitɔ nu la, míeɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la fiana. Enye míaƒe didi be míatsɔ míaƒe nunɔamesi veviwo ade bubu Yehowa ŋu, elabena míenyae be ekpɔa ŋudzedze ɖe nunana ɖe sia ɖe si míetsɔna nanɛ wònyea míaƒe subɔsubɔ tso luʋɔ blibo me la ŋu. (Lod. 3:9; Marko 14:3-9; Luka 21:1-4; Kol. 3:23, 24) Yesu gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mat. 10:8) Esi míetsɔa mía ɖokuiwo kple míaƒe nunɔamesiwo nana faa le Yehowa subɔsubɔ me ta la, míekpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ.—Dɔw. 20:35.