INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od ta 14 axa 141-156
  • Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MASƆMASƆ SUESUESUEWO GBƆ KPƆKPƆ
  • ŊƆŊLƆAWO ME AÐAŊU SIWO HIÃ LA ÐOÐO
  • DZESIDEDE AME SIWO ZƆNA SAKASAKA
  • ALE SI WOAKPƆ VODADA GÃ AÐEWO GBƆE
  • NU GBEGBLẼ WƆWƆ SIWO NYE ŊKUBIÃNYAWO GBƆ KPƆKPƆ
  • GBEƑÃÐEÐE NYAGBENAME
  • NE WOTSO NYA ME BE WOAÐE AMEA LE HAA ME
  • AMEÐEÐELEHAME ƑE GBEƑÃÐEÐE
  • AMEÐOKUIÐEÐELEHAME
  • AMEGBUGBƆGAXƆ
  • AMEGBUGBƆGAXƆ ƑE GBEƑÃÐEÐE
  • NYA SIWO KU ÐE ÐEVI XƆNYƆNYRƆWO ŊU
  • NE GBEƑÃÐELA MAXƆNYƆNYRƆWO WƆ NU GBEGBLẼ SI NYE ŊKUBIÃNYA
  • YEHOWA YRAA EƑE AMEWO NE WOTSƆ DZI DZADZƐ LE ESUBƆM LE ŊUTIFAFA ME
  • Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ale Si Hamemetsitsiwo Ðea Lɔlɔ̃ Kple Nublanuikpɔkpɔ Fiaa Ame Si Wɔ Nu Vɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ale Si Hamemetsitsiwo Akpe Ðe Ame Siwo Woɖe Le Haa Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nukata Nàɖe Nugbegblẽwɔwɔ Agblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od ta 14 axa 141-156

TA 14

Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi

ƑE SIA ƑE la, ame akpe geɖe nyea zi vaa Yehowa ƒe aƒe si nye tadedeagu dzadzɛ la me, eye esia nye Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava. (Mika 4:1, 2) Aleke gbegbe dzi dzɔa mí be míaxɔ wo ɖe “Mawu ƒe hame” la mee nye esi! (Dɔw. 20:28) Wobua mɔnukpɔkpɔ si su wo si be yewoanɔ míaƒe gbɔgbɔmeparadiso si le dzadzɛ, si me ŋutifafa le la me ahasubɔ Yehowa kpli mí la nu xɔasii. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple nuxlɔ̃ame si me nunya le, si le eƒe Nya la me dzi wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míeléa hamea ƒe ŋutifafa kple dzadzɛnyenye me ɖe asi.—Ps. 119:105; Zak. 4:6.

2 Ne míewɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, ekema míele “amenyenye yeye” la dom. (Kol. 3:10) Míeɖea asi le nyaʋiʋli suesuesuewo kple masɔmasɔ siwo ɖoa mía dome la ŋu. Ne míebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene la, míeɖua xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo hea mama vɛ la dzi, eye míewɔa dɔ ɖekae le dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa me.—Dɔw. 10:34, 35.

3 Ke hã, kuxiwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi siwo nana hamea ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖoa afɔku me. Nu ka gbɔe kuxi siawo tsona? Zi geɖe la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi mawɔmawɔ gbɔe wòtsona. Ehiã kokoko be míanɔ avu wɔm kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo le esi míede blibo o ta. Nu vɔ̃ le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. (1 Yoh. 1:10) Ne ame aɖe si le hamea me la ɖe afɔ gbegblẽ la, esia ate ŋu ahe agbe maɖɔʋu nɔnɔ alo gbɔgbɔ me makɔmakɔnyenye ava hamea me. Ate ŋu adzɔ hã be míadze agɔ le ame aɖe dzi le nuƒoƒo alo nuwɔwɔ eŋumabumabui ta, alo ɖewohĩ ame aɖe ƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna ate ŋu aɖia mía nu. (Rom. 3:23) Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ nyawo gbɔe?

4 Yehowa bu nu siawo katã ŋu lɔlɔ̃tɔe. Eƒe Nya la ɖo aɖaŋu na mí le nu si míawɔ ne nya sesẽwo do mo ɖa ŋu. Alẽkplɔla siwo nye hamemetsitsiwo li ana kpekpeɖeŋu mí. Ne míewɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mía kple amewo dome aganɔ nyuie abe tsã ene, eye tenɔnɔ nyui anɔ mía si le Yehowa ŋkume. Ne woɖɔ mí ɖo alo gbe nya na mí le nu gbegblẽ aɖe si míewɔ ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ɖɔɖɔɖo ma fia be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí.—Lod. 3:11, 12; Heb. 12:6.

MASƆMASƆ SUESUESUEWO GBƆ KPƆKPƆ

5 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be nyaʋiʋli alo masɔmasɔ suesuesuewo naɖo ame siwo le hamea me la dome. Ele be woakpɔ nya siawo gbɔ kaba le nɔvilɔlɔ̃ me. (Ef. 4:26; Flp. 2:2-4; Kol. 3:12-14) Ðikekemanɔmee la, àkpɔe be yeate ŋu akpɔ kuxi siwo aɖo mia kple hati Kristotɔ aɖe dome la gbɔ bɔbɔe ne èwɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Petro ɖo be, “milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi” la dzi. (1 Pet. 4:8) Biblia gblɔ be: “Mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yak. 3:2) Le go geɖe me la, ne míewɔna ɖe Sikasedede si nye be míawɔ nu sia nu si míedina be amewo nawɔ na mí la na wo dzi la, míate ŋu atsɔ vodada suesuewo ake ahaŋlɔ wo be.—Mat. 6:14, 15; 7:12.

6 Ne ède dzesii be nya aɖe si nègblɔ alo nane si nèwɔ la ɖia ame aɖe nu la, ele be nàɖe afɔ kaba aɖawɔ ŋutifafa kplii. Ðo ŋku edzi be ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome la ɖo afɔku me. Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” (Mat. 5:23, 24) Ðewohĩ nugɔmemasemase aɖe gbɔe kuxia tso. Ne nenemae la, kɔ dzi me faa nàƒo nu tso nyaa ŋu. Ne ame siwo katã le hamea me la ɖoa dze kple wo nɔewo nyuie la, esia wɔnɛ be woƒoa asa na masɔmasɔwo eye wokpɔa kuxi siwo doa mo ɖa le míaƒe blibomademade ta la gbɔ.

ŊƆŊLƆAWO ME AÐAŊU SIWO HIÃ LA ÐOÐO

7 Ɣeaɖewoɣi la, dzikpɔlawo akpɔe be ehiã be yewoaɖo aɖaŋu na ame aɖe atsɔ aɖɔ eƒe susu ɖo. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Galatia be: “Nɔviwo, ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa aɖe hafi va nya gɔ̃ hã la, mi ame siwo dze le gbɔgbɔ me la, midze agbagba miaɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.”—Gal. 6:1.

8 Ne dzikpɔlawo srãa alẽawo kpɔna edziedzi la, esia ate ŋu akpɔ hamea ta tso gbɔgbɔmefɔku geɖewo me eye wòaxe mɔ na kuxi sesẽwo. Hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoƒe subɔsubɔ le hamea me nasɔ ɖe ŋugbe si Yehowa do to Yesaya dzi la nu, esi wògblɔ be: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene, abe tɔsisiwo le kuɖiɖinyigba dzi kple agakpe gã ƒe vɔvɔli le anyigba si ƒu kplakplakpla dzi ene.”—Yes. 32:2.

DZESIDEDE AME SIWO ZƆNA SAKASAKA

9 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ku ɖe ame aɖewo siwo ƒe agbenɔnɔ ate ŋu agblẽ nu le hamea ŋu la ŋu. Paulo gblɔ be: “Míele mɔfiame sia nam mi . . . be, miate mia ɖokui ɖa le nɔvi sia nɔvi si zɔna sakasaka la ŋu, ame si mezɔna ɖe nu siwo miexɔ tso mía gbɔ nu la dzi o.” Ekɔ nya sia me esi wòŋlɔ bena: “Ne ame aɖe meɖo to míaƒe agbalẽ sia me nyawo o la, mide dzesi ame sia eye midzudzɔ hadede kplii, ale be ŋu nakpee. Ke hã migabui abe futɔ ene o, ke boŋ miyi edzi mianɔ nu xlɔ̃mee abe nɔvi ene.”—2 Tes. 3:6, 14, 15.

10 Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe si le hamea me ƒe agbenɔnɔ anye dada le Mawu ƒe dzidzenu siwo dzi wòle be Kristotɔwo nazɔ ɖo la dzi, ke hã, eƒe nu gbegblẽ wɔwɔa menye esi ta woaɖe ame le haa me ɖo o. Esia ƒe ɖewoe nye kuviawɔwɔ atraɖii, ɖeklemiɖeɖe, alo fewɔwɔ. Ate ŋu anye be enɔa “nu dem nya siwo [mekae] o me.” (2 Tes. 3:11) Alo edzea agbagba be yeatafa amewo, alo enye ame si ƒoa eɖokui ɖe modzakaɖeɖe si dze ƒãa be mesɔ o me. Agbe sakasaka si nɔm amea le la ate ŋu aƒo ɖi hamea ƒe ŋkɔ, eye ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Kristotɔ bubuwo dzi.

11 Gbã la, hamemetsitsiwo azã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo atsɔ akpe ɖe ame si le zɔzɔm sakasaka la ŋu. Ne woxlɔ̃ nu amea zi gbɔ zi geɖe gake wògbe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, hamemetsitsiwo ate ŋu atso nya me be yewoaƒo nuxlɔ̃amenuƒo le hamea me. Hamemetsitsiwo awɔ nugɔmesese ŋu dɔ ahakpɔe ɖa be ɖe nuwɔnaa nye ŋkubiãnya nenema gbegbe si ta wòahiã be woaƒo nuxlɔ̃amenuƒo le eŋu hã. Nuƒolaa adzro aɖaŋuɖoɖo siwo sɔ, siwo ku ɖe agbenɔnɔ sakasaka ŋu la me, gake mayɔ ame si le zɔzɔm sakasaka la ƒe ŋkɔ o. Esia awɔe be ame siwo nya nu tso nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le nuƒoa me ŋu la akpɔ nyuie ahatso hadede kple amea dzi akpɔtɔ, gake womadzudzɔ hadede kplii le gbɔgbɔmenuwo gome o, ale be woayi edzi anɔ “nu xlɔ̃mee abe nɔvi ene.”

12 Míakpɔ mɔ be Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe tenɔnɔ sesĩe awɔe be ŋu nakpe ame si zɔna sakasaka la eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ. Ne eva dze ƒãa be amea ɖe asi le agbe sakasaka si nɔm wòle ŋu la, magahiã be woawɔ nu ɖe eŋu abe ame si wode dzesii ene o.

ALE SI WOAKPƆ VODADA GÃ AÐEWO GBƆE

13 Lɔlɔ̃ faa be míaŋe aɖaba aƒu mía nɔviwo ƒe vodadawo dzi ahatsɔe ake wo mefia be míeŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi alo daa asi ɖe wo dzi o. Menye nu gbegblẽ wɔwɔwo katãe tsoa blibomademade si ƒe dome míenyi la gbɔ o; eye masɔ hã be míaŋe aɖaba aƒu vodada gãwo dzi o. (3 Mose 19:17; Ps. 141:5) Le Se ƒe nubablaa me la, nu vɔ̃ aɖewo nye ŋkubiãnya wu bubuwo, eye nenema kee wòle le Kristo hamea hã me.—1 Yoh. 5:16, 17.

14 Yesu fia afɔ si wòle be woaɖe atsɔ akpɔ kuxi siwo nye ŋkubiãnyawo, siwo ate ŋu ado mo ɖa le hati Kristotɔwo dome la gbɔ. De dzesi afɔ siwo wògblɔ be woaɖe: “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, [1] yi nàɖe eƒe vodada fiae le wò kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, [2] kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ale be le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, miaɖo kpe nya sia nya dzi. Ne meɖo to woawo hã o la, [3] ekema gblɔe na hamea. Ne meɖo to hamea hã o la, ekema na wòanɔ na wò abe dukɔwo me tɔ kple adzɔxɔla ene.”—Mat. 18:15-17.

15 Le lo si Yesu do ɖe eyome si woŋlɔ ɖe Mateo 18:23-35 ƒe nyaa nu la, anɔ eme be nu vɔ̃ si ŋu wòƒo nu tsoe le Mateo 18:15-17 la ku ɖe ganyawo alo nunɔamesiwo ŋuti nyawo ŋu. Ate ŋu anye be amea gbe ga si wòdo la xexe alo ewɔ nu fitifiti. Alo agɔ si amea dze ye nye be egblɔ alakpanya vɔ̃ɖi ɖe ehavi ŋu, si wɔe be wòƒo ɖi eƒe ŋkɔ kura.

16 Ne kpeɖodzi le asiwò be ame aɖe si le hamea me la wɔ nu vɔ̃ ma tɔgbi ɖe ŋuwò la, mègaƒu du yi hamemetsitsiwo gbɔ aɖabia be woakpɔ nyaa gbɔ na ye o. Abe ale si Yesu ɖo aɖaŋui ene la, ƒo nu kple ame si wɔ nua ɖe ŋuwò la gbã. Mi ame evea midze agbagba miakpɔ nyaa gbɔ le mia nɔewo dome; migaka eta na ame bubu aɖeke o. Nenɔ susu me na wò be Yesu megblɔ be ‘yi egbɔ zi ɖeka ko nàɖaɖe eƒe vodada afiae o.’ Eya ta ne amea melɔ̃ ɖe edzi be yedze agɔ hebia tsɔtsɔke o la, anyo be nàgayi egbɔ ake ɣebubuɣi. Ne miete ŋu kpɔ nyaa gbɔ le mɔ sia nu la, adzɔ dzi na ame si wɔ nu vɔ̃a ɖe ŋuwò la godoo be mègblɔ yeƒe nu vɔ̃a ŋu nya na ame bubuwo alo ƒo ɖi yeƒe ŋkɔ le hamea me o. Ne èwɔe alea la, ekema ‘èɖe nɔviwòa.’

17 Ne vodalaa lɔ̃ ɖe edzi be yeda vo ɖe ŋuwò, ebia tsɔtsɔke eye wòɖe afɔ siwo hiã tsɔ ɖɔ nu siwo wògblẽ ɖo la, megahiã be nàtsɔ nyaa ayi afi bubu o. Togbɔ be vodada gãe nya siawo tɔgbi nye hã la, ame siwo dome nyaa dzɔ ɖo la ŋutɔ ate ŋu akpɔ egbɔ le wo nɔewo dome.

18 Ne mète ŋu ɖe nɔviwòa esime nèyi ɖaɖe eƒe vodadaa fiae “le wò kplii ɖeɖe ko dome” o la, ekema àte ŋu awɔ abe ale si Yesu gblɔe ene; “kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu,” eye miayi aɖaƒo nu na nɔviwòa ake. Ele be taɖodzinu si nye be woaɖe ame nɔvi la ke nanɔ ame siwo nèkplɔ ɖe asi la si. Anyo wu ne ame siawo nya nu tso nya si wotsɔ ɖe amea ŋu la ŋu, gake ne eteƒekpɔla aɖeke meli o la, àte ŋu akplɔ nɔvi ɖeka alo eve ayii be woanye ɖasefowo le miaƒe nyamedzodzroa me. Woate ŋu anye ame siwo kpɔ nuteƒe le nya ma tɔgbi gbɔ kpɔkpɔ me ale be woate ŋu aɖo kpe edzi nenye be nu si dzɔ la nye agɔdzedze nyateƒe. Menye hamea teƒee hamemetsitsi siwo nàtia be woanye ɖasefowo la le o, elabena menye hamemetsitsiwo ƒe ha lae ɖo wo ɖa o.

19 Ne èyi egbɔ enuenu, si fia be wò kplii ɖeɖe mieƒo nu tso nyaa ŋu, eyome mia kple ame ɖeka alo eve miegayi egbɔ, gake miete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o eye nèkpɔe be yemate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi o la, ekema ele be nàyi aɖagblɔe na dzikpɔla siwo le hamea me. Ðo ŋku edzi be woawo hã woƒe taɖodzinue nye be yewoakpɔ hamea ƒe ŋutifafa kple dzadzɛnyenye ta. Ne ètsɔ nyaa de asi na hamemetsitsiwo ko la, anyo be nàgblẽ nyaa ɖe wo si me, eye nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. Mègaɖe mɔ gbeɖe be ame aɖeke ƒe agbenɔnɔ nazu nukikli na wò alo ana be màganɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me o.—Ps. 119:165.

20 Alẽkplɔla siwo le hamea me la aku nyaa me. Ne eva dze ƒãa be amea wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya ɖe ŋuwò vavã eye wògbe dzimetɔtrɔ kple ɖɔɖɔɖo si sɔ be wòawɔ la wɔwɔ la, ate ŋu ahiã be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti naɖe nu vɔ̃ wɔlaa le haa me. Wotoa esia wɔwɔ me kpɔa alẽhaa kple hamea ƒe dzadzɛnyenye ta.—Mat. 18:17.

NU GBEGBLẼ WƆWƆ SIWO NYE ŊKUBIÃNYAWO GBƆ KPƆKPƆ

21 Nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nye ŋkubiãnya, abe gbɔdɔdɔ manɔsenu, ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, busunyagbɔgblɔ, xɔsegbegbe, trɔ̃subɔsubɔ kple nu vɔ̃ gã siawo tɔgbi bia nu geɖe wu ame si ŋu wowɔ nu vɔ̃a ɖo la ƒe tsɔtsɔke. (1 Kor. 6:9, 10; Gal. 5:19-21) Esi wònye be nu vɔ̃ siawo ate ŋu ade hamea ƒe gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me dzadzɛnyenye afɔku me ta la, ele be woagblɔ nu vɔ̃ mawo ŋu nya na hamemetsitsiwo ale be woakpɔ wo gbɔ. (1 Kor. 5:6; Yak. 5:14, 15) Ame aɖewo ate ŋu ate ɖe hamemetsitsiwo ŋu agblɔ woawo ŋutɔwo ƒe nu vɔ̃ alo ame bubuwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ si ŋu wonya nu tsoe la na wo. (3 Mose 5:1; Yak. 5:16) Mɔ ka ke dzie hamemetsitsiwo to se be Ðasefo xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnya la gbã o, hamemetsitsi eve awɔ numekuku le nyaa ŋu gbã.Ne wokpɔ kakaɖedzi le nya si wose ŋu eye ɖaseɖiɖiwo li siwo fia be wowɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, hamemetsitsiwo ƒe haa aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti si me hamemetsitsi etɔ̃ ya teti anɔ be woakpɔ nyaa gbɔ.

22 Hamemetsitsiwo nɔa ŋudzɔ ɖe alẽha la ŋu eye wodzea agbagba be yewoakpɔ eta tso nu sia nu si agblẽ nu le eŋu le gbɔgbɔ me la me.Wogadzea agbagba hã zãa Mawu ƒe Nya la ŋuɖɔɖotɔe tsɔ gbea nya na ame siwo da vo la be woagaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me. (Yuda 21-23) Esia sɔ kple mɔfiame sia si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo be: “Mele eɖom dziwò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si woɖo be wòadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo la ŋkume, . . . Ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔgbɔ blewu kple nufiafiaɖaŋu me.” (2 Tim. 4:1, 2) Esia wɔwɔ abia ɣeyiɣi geɖe, ke hã, dɔ sesẽ siwo hamemetsitsiwo wɔna la ƒe akpa aɖee esia nye. Hamea kpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu eye wobua wo be wodze na “bubu teƒe eve.”—1 Tim. 5:17.

23 Le nya sia nya si me woakpɔ fɔɖiɖi le me la, nu vevitɔ si ŋu dzikpɔlawo adze agbagba le ye nye be woaɖɔ vodalaa ɖo wòagaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me. Ne etrɔ dzi me vavã eye wote ŋu kpe ɖe eŋu la, nyagbegbe na eya ɖeka ko alo le ɖaseɖila siwo nya nu tso nyaa ŋu ŋkume le ʋɔnudrɔ̃ɣia anye tohehe nɛ eye esia ade vɔvɔ̃ si dze la eteƒekpɔlawo hã me. (2 Sam. 12:13; 1 Tim. 5:20) Ɣesiaɣi si ʋɔnudrɔ̃kɔmiti gbe nya na ame aɖe la, wodaa amea ɖe mɔxenuwo te. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe vodalaa ŋu be wòaɖe “mɔ dzɔdzɔe” na eƒe afɔwo emegbe. (Heb. 12:13) Le ɣeyiɣi si sɔ me la, woɖea mɔxenuawo ɖa ne edze ƒãa be amea haya le gbɔgbɔ me.

GBEƑÃÐEÐE NYAGBENAME

24 Ne ʋɔnudrɔ̃kɔmitia kpɔ be amea trɔ dzi me gake wokpɔe be edze ƒãa be hamea alo nutoa me tɔwo ate ŋu ava nya nu tso nyaa ŋu alo ne ehiã be woaɖo afɔ afɔta na hamea ku ɖe nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me ƒe nu gbegblẽ wɔwɔa ŋu la, woaɖe gbeƒãe kpuie le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me. Gbeƒãɖeɖea nayi ale: “Wogbe nya na [Asimasi].”

NE WOTSO NYA ME BE WOAÐE AMEA LE HAA ME

25 Le go aɖewo me la, nu vɔ̃ wɔlaa ƒe dzi aku atri le nu vɔ̃ gbe si nɔm wòle la me eye esia awɔe be wòagbe kpekpeɖeŋu si hamemetsitsiwo adze agbagba be yewoanae la. Ðewohĩ edze ƒãa le nyadrɔ̃ɣia be mewɔ “dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ” la ale si dze o. (Dɔw. 26:20) Ekema, nu kae woawɔ? Le go siawo tɔgbi me la, ele vevie be woaɖe nu gbegblẽ wɔla matrɔdzime la ɖa le haa me, ale be wòagade ha kple Yehowa ƒe ame siwo le dzadzɛ la o. Wotoa esia me ɖea ŋusẽ gbegblẽ si nu gbegblẽ wɔlaa ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi la ɖa le hamea me tsɔ kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me dzadzɛnyenye kple ŋkɔ nyui si le hamea ŋu la ta. (5 Mose 21:20, 21; 22:23, 24) Esi apostolo Paulo se be ame aɖe si le Korinto hamea me la wɔ ŋukpenanu aɖe la, exlɔ̃ nu hamemetsitsiawo be ‘woatsɔ ame sia ade asi na Satana, ale be woakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ ta.’ (1 Kor. 5:5, 11-13) Paulo gaƒo nu tso ame bubu siwo dze aglã ɖe nyateƒea ŋu, siwo woɖe le haa me le ƒe alafa gbãtɔ me hã ŋu.—1 Tim. 1:20.

26 Ne wotso nya me be woaɖe nu gbegblẽ wɔla matrɔdzime la le haa me la, ele be ʋɔnudrɔ̃kɔmitia nagblɔ nyametsotsoa na amea, eye woagblɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame si(wo) ta wole eɖem le haa me ɖo la nɛ eme nakɔ. Ne ʋɔnudrɔ̃kɔmitia le nyametsotsoa gblɔm na nu gbegblẽ wɔlaa la, ʋɔnudrɔ̃kɔmitia agblɔ nɛ be ne ekpɔ be wowɔ vodada gã aɖe le ʋɔnudɔdrɔ̃a me eye wòdi be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye la, ate ŋu aŋlɔ lɛta agblɔ susu siwo ta wòdi be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye la eme nakɔ. Woana ŋkeke adre amea tso gbe si gbe kɔmitia gblɔ nyametsotsoa nɛ la be wòatsɔ awɔ esia.Ne woxɔ lɛta tso amea gbɔ be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye la, hamemetsitsiwo ƒe haa aka eta na nutome sue dzikpɔla, eye nutome sue dzikpɔlaa atia hamemetsitsi siwo dze anɔ nyagbugbɔgadrɔ̃kɔmitia me be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃. Woadze agbagba ɖe sia ɖe agbugbɔ nyaa adrɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me tso esime woxɔ nyagbugbɔgadrɔ̃ lɛta la. Ne ame aɖe bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye la, woaɖo asi ameɖeɖelehame ƒe gbeƒãɖeɖea dzi gbɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, womana ame si ŋu nyaa ku ɖo la naɖo nya ŋu alo ado gbe ɖa le kpekpewo me loo alo akpɔ gome le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo me o.

27 Nyagbugbɔgadrɔ̃ nye dɔmenyonyo ɖeɖe fia ame si ŋu nya ku ɖo eye wònaa mɔnukpɔkpɔe be woagbugbɔ ase eƒe nyawo nɛ. Eya ta ne nu gbegblẽ wɔlaa ɖoe koŋ gbe nyagbugbɔgadrɔ̃ƒea vava eye kɔmitia dze agbagba ale si dze be woakpɔe wòglo la, ekema woaɖe gbeƒãe be woɖee le haa me.

28 Ne nu gbegblẽ wɔlaa megblɔ be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye o la, ʋɔnudrɔ̃kɔmitia aɖe nu me nɛ be ehiã be wòatrɔ dzi me ahaɖe afɔ siwo hiã la be woate ŋu agbugbɔ axɔe le ɣeyiɣi si sɔ me. Esia anye kpekpeɖeŋu kple dɔmenyonyo nɛ, eye ele be woawɔ esia le mɔkpɔkpɔ me be atrɔ eƒe agbenɔnɔ eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agadze be woaxɔe ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me.—2 Kor. 2:6, 7.

AMEÐEÐELEHAME ƑE GBEƑÃÐEÐE

29 Ne ehiã be woaɖe nu gbegblẽ wɔla matrɔdzime aɖe le haa me la, woɖea gbeƒãe kpuie ko be: “[Asimasi] meganye Yehowa Ðasefo o.” Esia ana nuteƒewɔla siwo le hamea me la naɖɔ ŋu ɖo eye woadzudzɔ hadede kple amea.—1 Kor. 5:11.

AMEÐOKUIÐEÐELEHAME

30 Nya si nye “ameɖokuiɖeɖelehame” ku ɖe ame si nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ evɔ wòɖoe koŋ gbe eƒe Kristotɔnyenyea hegblɔ be yemegadi be woabu ye Yehowa Ðasefoe alo woayɔ ye nenema azɔ o la ŋu. Alo ato eƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia be yegbe be yemaganye Kristo hamea me tɔ o. Le kpɔɖeŋu me, eva zu habɔbɔ aɖe si ƒe taɖodzinuwo tsi tsitre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la me tɔ eye esia wɔe be wòdze na Yehowa Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.—Yes. 2:4; Nyaɖ. 19:17-21.

31 Apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso Kristotɔ siwo gbe nu le woƒe xɔse gbɔ le eƒe ŋkekea me ŋu be: “Mía domee wodo go tso, gake womele abe míawo ene o; elabena ne ɖe wole abe míawo ene la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa.”—1 Yoh. 2:19.

32 Ne ame aɖe ɖe eɖokui le haa me la, le Yehowa gbɔ la, eƒe nyaa to vovo kura na Kristotɔ si megakpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o la tɔ. Ate ŋu adzɔ be ame aɖe nadzudzɔ gbeadzidede le esi wòdo kpo Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi ta. Alo ɖewohĩ eya ŋutɔ ƒe kuxiwo alo yometiti wɔe be dzo megava le eme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Hamemetsitsiwo kple ame bubu siwo le hamea me la ayi edzi anɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si hiã la nam Kristotɔ si dzudzɔ gbeadzidede.—Rom. 15:1; 1 Tes. 5:14; Heb. 12:12.

33 Gake ne ame aɖe si nye Kristotɔ la ɖe eɖokui le haa me la, woaɖe gbeƒã na hamea kpuie be: “[Asimasi] meganye Yehowa Ðasefo o.” Wobua ame sia tɔgbi abe ame si woɖe le haa me la ke ene.

AMEGBUGBƆGAXƆ

34 Woate ŋu agbugbɔ ame si woɖe le haa me alo ame si ɖe eɖokui le haa me la axɔ ne eƒe agbenɔnɔ na wòdze ƒãa be etrɔ dzi me eye wòɖee fia le ɣeyiɣi si ƒe didime sɔ me be yeɖe asi le yeƒe nu vɔ̃ gbenɔnɔa ŋu. Eɖee fia be yedi vevie be ƒomedodo nyui naganɔ ye kple Yehowa dome. Hamemetsitsiwo ɖɔa ŋu ɖo be woana ɣeyiɣi sɔgbɔ, ɖewohĩ ɣleti geɖe, ƒe ɖeka, alo esi didi wu ema nava yi (esia aku ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu) be amea naɖo kpe edzi be yetrɔ dzi me vavã. Ne hamemetsitsiwo ƒe haa xɔ lɛta tso ame aɖe gbɔ be woagbugbɔ axɔ ye ɖe haa me la, amegbugbɔgaxɔkɔmiti adzro nu me kple amea. Kɔmitia ada nu siwo ɖo kpe edzi be ewɔ “dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ” la akpɔ eye woakpɔe ɖa be asɔ be woagbugbɔ axɔe ɣemaɣi loo alo masɔ o hã.—Dɔw. 26:20.

35 Ne ame si woɖe le haa me la va le kpekpe dem le hame bubu me eye wòbia le afi ma be woagbugbɔ axɔ ye la, hame ma ƒe hamemetsitsiwo aɖo amegbugbɔgaxɔkɔmiti be wòakpe kple amea abu eƒe biabiaa ŋu. Ne hamemetsitsi siwo le amegbugbɔgaxɔkɔmitia me la ka ɖe edzi be ele be woagbugbɔ axɔ amea la, woaŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe hame si me wokpɔ eƒe nyaa gbɔ le gbã la ƒe hamemetsitsiwo ƒe haa ahaɖe woƒe susu agblɔ na wo. Ʋɔnudrɔ̃kɔmiti evea awɔ nu aduadu ahakpɔ egbɔ be woɖe nya sia nya ɖe go ale be nyametsotsoa nanye nyuitɔ. Ke hã, amegbugbɔgaxɔkɔmiti si woɖo le hame si me wokpɔ nyaa gbɔ le gbã me lae atso nya me be woagbugbɔ amea axɔ loo alo womaxɔe o.

AMEGBUGBƆGAXƆ ƑE GBEƑÃÐEÐE

36 Ne amegbugbɔgaxɔkɔmitia ka ɖe edzi be ame si woɖe le haa me alo ame si ɖe eɖokui le haa me la trɔ dzi me vavã eye ele be woagbugbɔ axɔe la, woaɖe gbeƒãe le hame si me wokpɔ nyaa gbɔ le gbã la me be wogbugbɔ xɔe ɖe haa me. Ne hame bubu mee amea le fifia la, woaɖe gbeƒãe le afi ma hã. Gbeƒãɖeɖea ayi kpuie ale: “Wogbugbɔ xɔ [Asimasi] ɖe haa me wògazu Yehowa Ðasefo ake.”

NYA SIWO KU ÐE ÐEVI XƆNYƆNYRƆWO ŊU

37 Ele be woagblɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnya si ɖevi xɔnyɔnyrɔwo wɔ la na hamemetsitsiwo. Ne hamemetsitsiwo le nu vɔ̃ gã si ku ɖe ɖevi ŋu ƒe nyawo gbɔ kpɔm la, anyo wu be ɖevia dzila xɔnyɔnyrɔwo nanɔ eteƒe. Woawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple ʋɔnudrɔ̃kɔmitia, womadze agbagba be yewoaʋli ɖevi si da vo la ta be woagahe to si dze la nɛ o. Abe ale si ko wònɔna le ame tsitsi siwo da vo gome ene la, ʋɔnudrɔ̃kɔmiti la dzea agbagba gbea nya na nu gbegblẽ wɔlaa heɖɔnɛ ɖo. Gake ne ɖevia gbe dzimetɔtrɔ la, woaɖee le haa me.

NE GBEƑÃÐELA MAXƆNYƆNYRƆWO WƆ NU GBEGBLẼ SI NYE ŊKUBIÃNYA

38 Nu kae woawɔ ne gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo wɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnya? Esi womenye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo o ta la, le woawo gome la, womate ŋu agblɔ be woɖe wo le haa me o. Ke hã, anɔ eme be ɖe womese Biblia ƒe dzidzenuwo gɔme nyuie o, eye aɖaŋuɖoɖo na wo dɔmenyotɔe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woaɖe “mɔ dzɔdzɔe” na woƒe afɔwo.—Heb. 12:13.

39 Hamemetsitsi eve akpe kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ si wɔ nu vɔ̃a ahadze agbagba be yewoakpe ɖe eŋu, gake ne egbe dzimetɔtrɔ la, ekema ehiã be woana hamea nanya. Woaɖe gbeƒãe kpuie be: “[Asimasi] meganye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ o.” Ekema hamea abu nu gbegblẽ wɔlaa abe xexea me tɔ ene. Togbɔ be menye ɖe woɖe vodalaa le haa me o hã la, Kristotɔwo nɔa ŋudzɔ ɖe hadede kplii ŋu. (1 Kor. 15:33) Womagaxɔ eƒe gbeadzikɔntabubuwo o.

40 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame aɖe si mexɔ nyɔnyrɔ o, si si woxɔ gbeadzidede ƒe mɔnukpɔkpɔ le la adi be yeagazu gbeƒãɖela ake. Le go sia me la, hamemetsitsi eve akpe kplii ada eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi akpɔ. Ne edze la, woaɖe gbeƒãe kpuie be: “Wogada asi ɖe [Asimasi] dzi ake be wòanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.”

YEHOWA YRAA EƑE AMEWO NE WOTSƆ DZI DZADZƐ LE ESUBƆM LE ŊUTIFAFA ME

41 Ame siwo katã bɔa ha kple Mawu ƒe hamea egbea la ate ŋu atso aseye le gbɔgbɔmeyayra gbogbo siwo Yehowa dudu ɖe eƒe amewo dzi la me. Míaƒe gbeɖuƒewo de ama le gbɔgbɔmegɔmesese nu, eye nyateƒea ƒe tsi siwo naa gbɔɖeme mí la li le agbɔsɔsɔ me. Yehowa le mía ta kpɔm hã to eƒe teokrasiɖoɖo si le Kristo ƒe tanyenye te la dzi. (Ps. 23; Yes. 32:1, 2) Gbɔgbɔmeparadiso si me míele le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me xaxawo bɔ ɖo me la na be míesena le mía ɖokui me be míele dedie.

Ne míelé hamea ƒe ŋutifafa kple dzadzɛnyenye me ɖe asi la, míayi edzi ana míaƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea ƒe kekeli nanɔ keklẽm ɖaa

42 Ne míelé hamea ƒe ŋutifafa kple dzadzɛnyenye me ɖe asi la, míayi edzi ana míaƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea ƒe kekeli nanɔ keklẽm ɖaa. (Mat. 5:16; Yak. 3:18) Esi Mawu ƒe yayra le mía dzi ta la, dzi adzɔ mí ne míekpɔe be ame bubu geɖewo va nya Yehowa eye mía kpli wo siaa míeyi edzi le esubɔm hele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe