INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od axa 4-5
  • Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔviŋutsuwo—Miƒã Nu Le Gbɔgbɔ Me, Miminya Agbanɔamedziwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mawu Ƒe Nyaa Nana Eƒe Amewo Subɔnɛ Le Ðekawɔwɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Yehowa Ƒe Alẽwo Hiã Beléle Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nɔviŋutsu Sɔhɛwo, Ðe Miele Agbanɔamedziwo Minyama?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od axa 4-5

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Hati Nya Nyui Gbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:

Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míewɔ ɖeka le Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la subɔm! Míenye eƒe “hadɔwɔlawo,” elabena etsɔ gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒe si wòɖo anyi la ŋuti nya nyuia kple nufiafiadɔ siwo nye dɔ kɔkɔe kple agbeɖeɖedɔ la de asi na mí. (1 Kor. 3:9; Mat. 28:19, 20) Hafi míate ŋu awɔ dɔ sia le xexea me katã le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me la, ele be míanɔ ɖoɖo nyui aɖe nu.—1 Kor. 14:40.

Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàse ale si Kristo hamea wɔa dɔe egbea la gɔme. Eƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò kple agba siwo le dziwò abe Yehowa Ðasefo ene la ŋu. Ne èdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò la ŋu hekpɔa wò agbanɔamedziwo gbɔ nyuie la, ‘àsẽ ŋu le xɔse la me.’—Dɔw. 16:4, 5; Gal. 6:5.

Eya ta míele dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ agbalẽ sia nyuie. Di mɔ siwo dzi nàto awɔ mɔfiameawo ŋu dɔ le wò agbe me. Le kpɔɖeŋu me, ne nyitsɔ laa koe nèzu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, afɔ kawoe wòle be nàɖe be nàva xɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka? Ke ne èxɔ nyɔnyrɔ xoxo la, nu kae nàwɔ be nàtsi le gbɔgbɔ me ahawɔ geɖe wu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me? (1 Tim. 4:15) Aleke nàte ŋu akpe asi ɖe eŋu be ŋutifafa nanɔ hamea me? (2 Kor. 13:11) Di nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo le agbalẽ sia me.

Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, nu kae nàte ŋu awɔ be nàdze asubɔ abe subɔsubɔdɔwɔla ene, eye emegbe abe hamemetsitsi ene? Esi ame yeye geɖewo le Mawu ƒe habɔbɔa me vam ta la, wohiã nɔviŋutsu siwo dze axɔ ŋgɔ la kpata. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo nàte ŋu awɔ be ‘nàminya’ gbɔgbɔmetaɖodzinu siawo.—1 Tim. 3:1.

Míele gbe dom ɖa be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò be nànya akpa si nàte ŋu awɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me ahade asixɔxɔ eŋu. Míelɔ̃ mi katã vevie, eye míeyi edzi le gbe dom ɖa be wò hã ànɔ ame siwo asubɔ Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, yi ɖe mavɔmavɔ me la dome.—Ps. 37:10, 11; Yes. 65:21-25.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe