INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rj akpa 5 axa 12-15
  • Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”
  • Trɔ Va Yehowa Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mitrɔ Va Gbɔnye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu
    Midzi Ha Na Yehowa
  • Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Trɔ Va Yehowa Gbɔ
rj akpa 5 axa 12-15

AKPA 5

Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”

Ðe kuxi siwo me míedzro le agbalẽ gbadza sia me dometɔ aɖewo sɔ kple tɔwòa? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖeka koe o. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa dometɔ geɖe to kuxi siawo ƒomevi me. Ale si ko Yehowa kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe kuxi mawo nui la, nenema kee wòakpe ɖe wò hã ŋuwò.

Yehowa axɔ wò alɔ eve ne ètrɔ va egbɔ

KAKAÐEDZI nènɔ asiwò be Yehowa axɔ wò alɔ eve ne ètrɔ va egbɔ. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu, àkpɔ akɔfafa tso nu siwo gbã dzi na wò me, eye àkpɔ dzidzeme si tsoa dzitsinya dzadzɛ tsɔtsɔ subɔ Mawui me. Ekema àgasu te asubɔ Yehowa kple hati tadedeagula bubuwo ake. Ðeko wò nɔnɔmea asɔ kple Kristotɔ siwo Petro ŋlɔ nya siawo na le ƒe alafa gbãtɔ me la tɔ be: “Mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ ene, ke azɔ mietrɔ va miaƒe luʋɔ ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.”—1 Petro 2:25.

Tɔtrɔ va Yehowa gbɔe nye nu nyuitɔ kekeake si nàwɔ. Nu ka tae? Ana nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Abe ale si nènyae ene la, seselelãme le Yehowa si, eye míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ado dzidzɔ nɛ loo alo ado vevesese nɛ. Enye nyateƒe be Yehowa mezia mía dzi be míalɔ̃ ye alo asubɔ ye o. (5 Mose 30:19, 20) Biblia ŋuti nunyala aɖe ɖe eme ale: “Ame aɖeke mate ŋu aʋu wò dzi me na wò o. Ke boŋ wò ŋutɔe aʋui.” Ne míesubɔ Yehowa kple lɔlɔ̃ si tso dzi blibo me la, ke efia be míetiae be míaʋu míaƒe dzi mee nye ema. Ne míewɔe nenema la, ke míena nu xɔasi aɖe Yehowa, si nye míaƒe nuteƒewɔwɔ nɛ, eye esia ado dzidzɔ na eƒe dzi ŋutɔ. Nyateƒee, naneke meli si míatsɔ asɔ kple dzidzɔ si míakpɔ ne míetsɔ tadedeagu si Yehowa dze na la nɛ o.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Nyaɖeɖefia 4:11.

Hamea me tɔwo le vivi dom ɖe nɔvinyɔnu aɖe si dzudzɔ hadede kple hamea la ŋu esi wòtrɔ gbɔ

Azɔ hã, hadede kple Kristo hamea ake ana nàkpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 5:3) Le mɔ ka nu? Amewo biana le xexea me godoo be: “Nu ka wɔgee míeva le agbe sia me?” Wodi vevie be yewoanya tameɖoɖo si le agbe ŋu. Didi ma le amegbetɔwo me, elabena Yehowa ŋutɔe dee mía me esi wòwɔ mí. Ðe Yehowa wɔ mí be míakpɔ dzidzɔ le ye subɔsubɔ me. Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wòanye na mí ne míenya be míele Yehowa subɔm le esi míelɔ̃e ta.—Psalmo 63:1-5.

Míeɖe kuku, nyae be Yehowa di be nàgatrɔ ava ye gbɔ. Aleke nàwɔ aka ɖe nya sia dzi? Bu eŋu kpɔ lo: Míedo gbe ɖa vevie hafi trɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu. Ðewohĩ Kristotɔ hamemetsitsi aɖe loo alo haxɔsetɔ bubu aɖee tsɔe vɛ na wò. Esia ʋã wò be nàxlẽe ahawɔ ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe eme dzi. Esiawo katã le kpe ɖom edzi be Yehowa meŋlɔ wò be o. Ke boŋ ele hewòm blewu va eɖokui gbɔ.—Yohanes 6:44.

Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be Yehowa meŋlɔa esubɔla siwo bu la be o. Nu ma tututue nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Donna va de dzesi. Egblɔ be: “Vivivi la, meva tra ɖa le nyateƒea me, gake menɔa ŋugble dem le Psalmo 139:23, 24 ŋu ɣesiaɣi, afi si gblɔ be: ‘Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi. Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa. Ne nàkpɔe ɖa be mɔ vɔ̃ɖi aɖe le menye hã, ne nàkplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.’ Menya be menye xexea mee wòle be manɔ o—afi ma medzem kura o—Yehowa ƒe habɔbɔa mee nye teƒe si wòle be manɔ. Meva kpɔe be Yehowa meŋlɔm be o; mɔ si dzi mato atrɔ va egbɔ koe hiã. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be metrɔ va egbɔ!”

“Meva kpɔe be Yehowa meŋlɔm be o; mɔ si dzi mato atrɔ va egbɔ koe hiã”

Míele gbe dom ɖa vevie be wòava eme na wò hã be nàgakpɔ ‘dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔ’ ake. (Nehemiya 8:10) Mave wò akpɔ gbeɖe ne ètrɔ va Yehowa gbɔ o.

Biabia Siwo Ku Ðe Tɔtrɔ Va Yehowa Gbɔ Ŋu La Ƒe Ŋuɖoɖowo

ALEKE MADZE EGƆMEE?

Nɔvinyɔnu aɖe si dzudzɔ hadede kple hamea la le Biblia xlẽm

Ne ame aɖe haya tso dɔléle aɖe me teti la, adze eƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo gɔme vivivi. Nenema kee wò hã àte ŋu ado ŋusẽ ɖokuiwò le gbɔgbɔ me vivivi to gbɔgbɔmenuɖuɖu sue aɖe ɖuɖu gbe sia gbe dzi. Mègasusu be ele be yeadze nu sia nu wɔwɔ gɔme zi ɖeka o. Ðewohĩ àte ŋu azã ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo atsɔ axlẽ Biblia loo alo aɖo to Biblia xexlẽ si wolé ɖe mɔ̃ dzi, asrɔ̃ míaƒe agbalẽwo dometɔ aɖe, alo axlẽ nyati aɖewo le jw.org, alo akpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna siwo le jw.org la dometɔ aɖewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dze agbagba nàdze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme enumake. Ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. ‘Dro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na wò.’—1 Petro 5:7.

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Eeva gblɔ be: “Esi medzudzɔ hadede kple hamea la, enye ŋukpe nam be mado gbe ɖa gɔ̃ hã. Gake esi medze agbagba do gbe ɖa la, hamemetsitsi aɖe va srãm kpɔ. Ekpe ɖe ŋunye meva kpɔe be Yehowa megbem o. Hamemetsitsia ɖo aɖaŋu nam be madze egɔme kple Biblia xexlẽ gbe sia gbe. Esi medze egɔme la, esia do ŋusẽm megadze kpekpeawo yiyi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, megava te gbeadziyiyi. Dzi dzɔm ŋutɔ be Yehowa gagbugbɔ xɔm atuu.”

ALEKE HAMEA ME TƆWO AWƆ NU ÐE ŊUNYE?

Kakaɖedzi nènɔ asiwò be hamea me tɔwo axɔ wò nyuie. Womahe nya ɖe ŋuwò alo abu fɔ wò o; ke boŋ woaɖe lɔlɔ̃ afia wò, eye woawɔ nu sia nu si woate ŋui atsɔ ade dzi ƒo na wò.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Javier gblɔ be: “Ŋukpe gã aɖee wònye nam be magadze Fiaɖuƒe Akpata me yiyi. Menɔ ɖokuinye biam be aleke nɔviawo awɔ nu ɖe ŋunye? Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si menya le hamea me ƒe 30 ye nye ema gblɔ nam be, ‘Vinyeŋutsu, egbɔ va aƒe, wòezɔ!’ Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mekpɔe be megbɔ va aƒe vavã.”

Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Marco gblɔ be: “Meyi Fiaɖuƒe Akpataa me henɔ anyi ɖe megbe ɖaa be ame aɖeke nagakpɔm adze sii o. Ke hã, ame geɖe kpɔm dze sii be mevaa kpekpeawo tsã esi menɔ ɖevime. Woxɔm nyuie hewɔ atuu nam vividoɖeameŋutɔe, si wɔe be nye dzi dze eme ale gbegbe. Ðeko mese le ɖokuinye me be megbɔ va aƒe.”

ALEKE HAMEMETSITSIWO AKPE ÐE ŊUNYE?

Hamemetsitsiwo awɔ nu ɖe ŋuwò tufafatɔe. Woakafu wò ɖe ale si nèdi be yeagatu “lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã” ɖo ta. (Nyaɖeɖefia 2:4) Woatsɔ veveseseɖeamenu kple “gbɔgbɔ fatu” akpe ɖe ŋuwò be nàɖɔ vodada siwo nèwɔ va yi la ɖo. (Galatiatɔwo 6:1; Lododowo 28:13) Ðewohĩ hamemetsitsiawo awɔ ɖoɖo be ame aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli wò le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! alo Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa me. Kakaɖedzi nènɔ asiwò be hamemetsitsiwo afa akɔ na wò, eye woakpe ɖe ŋuwò le afɔ siwo katã nàɖe be yeatrɔ agbɔ me.—Yesaya 32:1, 2.

Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Victor gblɔ be: “Le ƒe enyi siwo katã medzudzɔ hadede kple hamea me la, hamemetsitsiwo ƒe afɔ metso le gbɔnye kpɔ o. Gbe ɖeka la, hamemetsitsi aɖe tsɔ foto siwo mía kplii míeɖe esi menɔ Yehowa subɔm la fiam. Esia na dzidzɔ si gbegbe mekpɔna tsã esi menɔ Yehowa subɔm la gadzrom vevie. Hamemetsitsiawo kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe megadze gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwo me ake.”

“Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu”

Nɔvinyɔnu eve aɖewo le hadzigbalẽ ɖeka me kpɔm hele ha dzim le hamea ƒe kpekpe me

Hadzidzi wɔdɔɖeamedzi geɖewo le míaƒe hadzigbalẽa, si nye Midzi Ha Na Yehowa me, siwo ate ŋu afa akɔ na wò ahade dzi ƒo na wò esi nèdi be yeagadze Yehowa subɔsubɔ gɔme. Wò ya de ŋugble tso hadzidzi 38 lia ƒe hagbeawo ŋu kpɔ. Wotu ha sia me nyawo ɖe 1 Petro 5:10 dzi, eye eƒe tanyae nye “Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu.”

  1. Yehowa ve nuwò nènya nyateƒe la.

    Ekplɔ wò do goe tso viviti me.

    Ekpɔe le wò dzi me be nèdi vevie be

    Yeasubɔ ye ahawɔ nu dzɔdzɔe;

    Nèdi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

    Eya ta magblẽ wò ɖi gbeɖe o.

  2. Mawu tsɔ eƒe Tenuvi na ɖe tawò.

    Wò nyonyo tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo.

    Ne meve nu le ye ŋutɔ Via ŋu o la,

    Ka ɖe edzi be ado ŋusẽ wò.

    Maŋlɔ xɔse si nèɖe fia be o.

    Magbe beléle na etɔwo o.

    (HAXE)

    Yesu xe fe ɖe tawò, ètrɔ zu Mawu tɔ;

    Ta ana nàli ke, ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.

    Afia mɔ wò akpɔ tawò, alé be na wò.

    Oo, ana nàli ke, ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.

Midzi Ha Na Yehowa—Esiwo Wodzi Helé De Mɔ̃ Dzi

Be nàse ale si wodzi ha sia kple bubuwo la, tsɔ QR-xlẽnu ɖe foto dzesi sia alo ʋu jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe