INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 1 axa 8
  • Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Lãwo
    Nyɔ!—2015
  • Abɔ Nyui Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ame Si Wɔ Nuwo Katã
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 1 axa 8
Eden-bɔ

NUSƆSRƆ̃ 1

Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba

Yehowa Mawue nye mía Wɔla. Eyae wɔ nuwo katã, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o. Mawu wɔ mawudɔla gbogbo aɖewo hafi va wɔ nu siwo míekpɔna. Ènya ame siwo mawudɔlawo nyea? Yehowa wɔ mawudɔlawo wole abe eya ŋutɔ ene. Míate ŋu akpɔ wo o, abe ale si ko míate ŋu akpɔ Mawu o ene. Mawudɔla gbãtɔ si Yehowa wɔ lae va kpe ɖe eŋu. Mawudɔla ma kpe ɖe Yehowa ŋu wòwɔ ɣletiviwo, ɣletinyigbawo kple nu bubu ɖe sia ɖe. Ɣletinyigba mawo dometɔ ɖekae nye míaƒe anyigba dzeani si dzi míele.

Emegbe Yehowa dzra anyigbaa dzi ɖo na lãwo kple amegbe- tɔwo be woanɔ edzi. Ena ɣe klẽ ɖe anyigbaa dzi. Ewɔ towo, atsiaƒu kple tɔsisiwo.

Nu kae wòwɔ emegbe? Yehowa gblɔ be: ‘Mawɔ gbewo, nu miemiewo kple atiwo.’ Eya ta atikutsetse, amagbe kple seƒoƒo vovovowo mie. Emegbe Yehowa wɔ lãwo, esiwo dzona, esiwo nɔa tsi me kple esiwo tana. Ewɔ lã suewo abe fɔmizi kple lã gãwo abe atiglinyi ene. Lã ka ƒe nue doa dzidzɔ na wò?

Emegbe Yehowa gblɔ na mawudɔla gbãtɔ be: “Na míawɔ ame.” Amegbetɔwo ato vovo na lãwo. Amegbetɔwo ate ŋu ato nu vovovowo vɛ. Woate ŋu aƒo nu, ako nu, ado gbe ɖa. Amegbetɔwo akpɔ anyigbaa kple lãwo dzi. Ènya ame si nye ame gbãtɔa? Na míakpɔe ɖa.

“Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1

Nyabiasewo: Ame kae nye Yehowa Mawu? Nu kawoe Yehowa wɔ?

1 Mose 1:1-26; Lododowo 8:30, 31; Yeremiya 10:12; Kolosetɔwo 1:15-17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe