INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 8 axa 26-axa 27 mm. 1
  • Abraham Kple Sara Ðo To Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Abraham Kple Sara Ðo To Mawu
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Abraham—Mawu Xɔlɔ̃
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yehowa Yɔ Abraham Be “Xɔ̃nye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 8 axa 26-axa 27 mm. 1
Abraham kple Sara le nuwo fɔm ne woadzo le U

NUSƆSRƆ̃ 8

Abraham Kple Sara Ðo To Mawu

Ur nye du aɖe si medidi tso Babel gbɔ o, ame siwo nɔ du sia me la subɔa legbawo eye womesubɔa Yehowa o. Gake ŋutsu aɖe nɔ Ur si subɔa Yehowa ɖeɖe ko. Eŋkɔe nye Abraham.

Yehowa gblɔ na Abraham be: ‘Ʋu le aƒewò me, eye nàdzo le wò ƒometɔwo gbɔ, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.’ Eye Mawu do ŋugbe nɛ be: ‘Àzu dukɔ gã aɖe, eye mayra anyigbadzitɔwo katã le tawò.’

Abraham menya afi si Yehowa be wòayi la o, gake eka ɖe Yehowa dzi. Eya ta Abraham, srɔ̃a Sara, fofoa Tera kple Abraham nɔvi ƒe vi Lot ɖo to Mawu eye wofɔ woƒe nuwo katã hedze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme.

Abraham xɔ ƒe 75 hafi eya kple eƒe ƒomea va ɖo anyigba si Yehowa be yeatsɔ ana wo la dzi. Anyigba mae nye Kanaan-nyigba la. Mawu ƒo nu kple Abraham le afi ma eye wòdo ŋugbe nɛ be: ‘Matsɔ anyigba sia si kpɔm nèle la, ana viwòwo.’ Gake Abraham kple Sara tsi eye womedzi vi aɖeke o. Eya ta aleke Yehowa awɔ hafi eƒe ŋugbedodoa nava eme?

Abraham kple eƒe ƒomea le mɔ zɔm ɖo ta Kanaan

‘Le xɔse me Abraham ɖo to hedo go yi teƒe si woɖo be wòaxɔ wòanye eƒe domenyinu la; eye wòdzo, togbɔ be menya afi si yim wòle o hã.’—Hebritɔwo 11:8

Nyabiasewo: Nu kae Yehowa gblɔ na Abraham be wòawɔ? Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

1 Mose 11:29–12:9; Dɔwɔwɔwo 7:2-4; Galatiatɔwo 3:6; Hebritɔwo 11:8

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe