INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 12 axa 34
  • Yakob Xɔ Domenyinu La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yakob Xɔ Domenyinu La
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Venɔvi Siwo To Vovo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Wɔ Tiatia Nyuiwo Be Wò Domenyinua Nagage Le Asiwò O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 12 axa 34
Yakob le nuɖuɖu agba ɖeka tsɔm na Esau be yeaxɔ eƒe ŋgɔgbevinyenyea le esi

NUSƆSRƆ̃ 12

Yakob Xɔ Domenyinu La

Isak kple Rebeka kpakple wo vi venɔvi siwo nye Yakob kple Esau

Isak xɔ ƒe 40 hafi ɖe Rebeka. Elɔ̃e vevie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi ŋutsuvi eve siwo nye venɔviwo.

Tsitsitɔa ŋkɔe nye Esau eye ɖevitɔa ŋkɔe nye Yakob. Esau lɔ̃ gbe me nɔnɔ, eye wòbi ɖe adedada me. Gake Yakob ya lɔ̃ aƒe me nɔnɔ.

Le ɣemaɣi la, ne ame fofo ku la, wotsɔa eƒe anyigba kple ga ƒe akpa gãtɔ naa viŋutsu tsitsitɔ. Emae woyɔna be domenyinu. Le Isak ƒe ƒomea me la, domenyinua ƒe akpa aɖe hãe nye be ame nawɔ akpa aɖe le ŋugbe siwo Yehowa do na Abraham me. Ŋugbedodo mawo menɔ vevie na Esau ya o, gake Yakob ya nya be wole vevie ŋutɔ.

Yakob kple Esau

Gbe ɖeka Esau gbɔ tso adegbe eye ɖeɖi te eŋu vevie. Ese nu vivi si ɖam Yakob le la ƒe ʋeʋe lililia eye wògblɔ na Yakob be: ‘Dɔ le wuyem vevie! Na atadi dzĩ ma ƒe ɖem!’ Yakob gblɔ nɛ be: ‘Mana wò, gake, do ŋugbe be yeatsɔ wò domenyinu la anam gbã.’ Esau gblɔ be: ‘Domenyinu la mele vevie nam o! Ate ŋu azu tɔwò. Tsɔ nua nam maɖu.’ Èsusu be nunya le nu si Esau wɔ mea? Ao. Esau ɖe asi le nu xɔasi aɖe ŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ko ta.

Esi Isak tsi la, ɣeyiɣia de be wòayra via tsitsitɔ. Gake Rebeka kpe ɖe Yakob si nye ɖevitɔ la ŋu be woyra eya boŋ. Esi Esau va nya nu si dzɔ la, dzi kui vevie wòdi be yeawu ye nɔvia. Isak kple Rebeka wodi be yewoakpɔ Yakob ta, eya ta wogblɔ nɛ be: ‘Dzo yi ɖanɔ nyruiwò Laban gbɔ va se ɖe esime Esau ƒe dzikua nu nafa.’ Yakob ɖo to edzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa eye wòsi ale be nɔvia mewui o.

“Viɖe kae wòanye na ame be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe? Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe agbe ta?”—Marko 8:36, 37

Nyabiasewo: Ame ka ƒomevie Esau nye? Ame ka ƒomevie Yakob nye? Nu ka ta woyra Yakob ke menye Esau o?

1 Mose 25:20-34; 27:1–28:5; Hebritɔwo 12:16, 17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe