INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 15 axa 42-axa 43 mm. 3
  • Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mawu Teƒee Melea?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Alo Drɔ̃e Gɔmeɖeɖe La Menye Mawu Tɔe Oa?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 15 axa 42-axa 43 mm. 3
Yosef le Farao ƒe drɔ̃ea me ɖem nɛ

NUSƆSRƆ̃ 15

Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O

Esi Yosef nɔ gaxɔ me la, Egiptetɔwo ƒe fia Farao ku drɔ̃e aɖewo siwo gɔme ame aɖeke mete ŋu ɖe o. Farao ƒe subɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be Yosef ate ŋu aɖe drɔ̃eawo gɔme. Farao dɔ amewo woyi ɖakplɔ Yosef vɛ enumake.

Farao biae be: ‘Àte ŋu aɖe nye drɔ̃eawo gɔmea?’ Yosef gblɔ na Farao be: ‘Nuɖuɖu abɔ ɖe Egipte ƒe adre, emegbe dɔ ato ƒe adre. Eya ta tia ame nyanu aɖe ne wòaƒo nuɖuɖu nu ƒu be dɔ nagava wu amewo o.’ Farao ɖo eŋu be: ‘Metia wò! Wòe anye dziɖula evelia le Egipte!’ Aleke Yosef wɔ se Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme? Yehowae kpe ɖe eŋu.

Yosef le mɔ fiam amewo be woaƒo nuɖuɖu nu ƒu

Yosef ƒo nuɖuɖu nu ƒu le ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ la me. Emegbe dɔ to le anyigba katã dzi abe ale si Yosef gblɔe ɖi ene. Amewo tso afi sia afi va ƒle nuɖuɖu le Yosef gbɔ. Fofoa Yakob se be nuɖuɖu le Egipte, eya ta edɔ viaŋutsu ewoawo ɖa be woayi afi ma aɖaƒle ɖe vɛ.

Yakob viŋutsuwo yi Yosef gbɔ, Yosef kpɔ wo dze sii enumake. Gake nɔviawo menya be Yosef ye o. Wobɔbɔ nɛ abe ale si wògblɔe na wo esi wònye ɖevi ene. Yosef di be yeanya nenye be ye nɔviawo gakpɔtɔ léa fu ame. Eya ta egblɔ na wo be: ‘Ŋkutsalawoe mienye. Miedi be yewoanya míaƒe dukɔa ƒe gbagbãƒewo.’ Woɖo eŋu be: ‘Ao! Nɔvi 12 míenye le Kanaan. Mía nɔviawo dometɔ ɖeka ku, eye ɖevitɔ le mía fofo gbɔ.’ Yosef gblɔ na wo be: ‘Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ makpɔ ekema maxɔ mia dzi ase.’ Eya ta wodzo yi wo de le wo fofo gbɔ.

Esi nuɖuɖu gavɔ le Yakob ƒe ƒomea si la, edɔ viaŋutsuawo ɖe Egipte ake. Le ɣeyiɣi sia me la, wokplɔ Benyamin wo nɔvi ɖevitɔ ɖe asi. Esi Yosef di be yeado ye nɔviawo kpɔ ta la, etsɔ eƒe klosalokplu de Benyamin ƒe nuɖuɖukotoku me hegblɔ na wo be wofii. Esi Yosef ƒe subɔviwo kpɔ kplua le Benyamin ƒe kotokua me la, nɔviawo vɔ̃ ŋutɔ. Woɖe kuku na Yosef be wòahe to na yewo ɖe Benyamin teƒe.

Azɔ Yosef kpɔe be ye nɔviawo trɔ. Megate ŋu ɖu eɖokui dzi o. Ewó avi eye wògblɔ be: ‘Nyee nye mia nɔvi Yosef. Fofonye gale agbea?’ Ewɔ nuku na nɔviawo ŋutɔ. Egblɔ na wo be: ‘Nu si miewɔ ɖe ŋunye la, megave mi o. Mawue dɔm ɖe afi sia be wòaɖe miaƒe agbe. Azɔ miɖe abla yi ɖakplɔ fofonye vɛ.’

Woyi wo de be yewoaɖagblɔ dzidzɔnya sia na yewo fofo ahakplɔe va Egipte. Le ƒe geɖe megbe la, Yosef kple fofoa gawɔ ɖeka ake.

Yosef kple fofoa do go

“Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.”—Mateo 6:15

Nyabiasewo: Aleke Yehowa kpe ɖe Yosef ŋui? Aleke Yosef ɖee fia be yetsɔ ke ye nɔviawo?

1 Mose 40:1–45:28; 46:1-7, 26-34; Psalmo 105:17-19; Dɔwɔwɔwo 7:9-15

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe