INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 27 axa 68-axa 69 mm. 2
  • Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aron Ƒe Atikplɔ Ƒo Se
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Yehowa Nya Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðokuidodoɖedzi Na Woɖua Ŋukpe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 27 axa 68-axa 69 mm. 2
Kora kple edzidelawo tɔ ɖe Mose kple Aron ŋkume

NUSƆSRƆ̃ 27

Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu

Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Israel-viwo nɔ gbeadzi la, Kora, Datan, Abiram kple ŋutsu 250 aɖewo dze aglã ɖe Mose ŋu. Wogblɔ nɛ be: ‘Miatɔ va glo! Nu ka tae wònye wòe nye míaƒe kplɔla eye Aron nye nunɔlagã? Yehowa li kpli mí katã, menye wò kple Aron ko o.’ Esia medzɔ dzi na Yehowa o. Ebui be ye ŋue wodze aglã ɖo!

Mose gblɔ na Kora kple eƒe ameawo be: ‘Miva avɔgbadɔa nu etsɔ, mitsɔ dzudzɔdosonuwo ɖe asi eye miakɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ ɖe wo me. Yehowa afia mí ame si wòtia.’

Esi ŋu ke la, Kora kple ŋutsu 250 la yi Mose gbɔ le avɔgbadɔa nu. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma evɔ menye nunɔlawoe wonye o. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: ‘Mite ɖa le Kora kple eƒe ameawo ŋu.’

Togbɔ be Kora yi Mose gbɔ le avɔgbadɔa nu hã la, Datan, Abiram kple woƒe ƒomeawo ya gbe be yewomayi o. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woate ɖa le Kora, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo ŋu. Enumake Israel-viwo te ɖa. Datan, Abiram kple woƒe ƒomewo do go va tɔ ɖe woƒe agbadɔwo nu. Kasia anyigba fe eye wòmi wo! Dzo tso dziƒo va fiã Kora kple eƒe ame 250 la le avɔgbadɔa nu.

Anyigba fe eye wòmi Datan, Abiram kple woƒe ƒomeawo

Eye Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Xɔ atikplɔ ɖeka le to ɖe sia ɖe ƒe tatɔ si, eye nàŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ɖe eƒe atikplɔ ŋu. Gake ŋlɔ Aron ƒe ŋkɔ ɖe Lewi to la ƒe atikplɔ ŋu. Tsɔ wo da ɖe avɔgbadɔa me eye ame si matia la ƒe atikplɔ aƒo se.’

Esi ŋu ke la, Mose ɖe atikplɔawo do goe eye wòtsɔ wo fia tatɔawo. Aron ƒe atikplɔa ƒo se hetse yevuzi ɖiɖiwo. Yehowa to esia dzi ɖee fia be yetia Aron be wòanye nunɔlagã.

“Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo.”—Hebritɔwo 13:17

Nyabiasewo: Nu ka tae Kora kple eƒe amewo dze aglã ɖe Mose ŋu? Aleke míewɔ nya be Yehowa tia Aron be wòanye nunɔlagã?

4 Mose 16:1–17:13; 26:9-11; Psalmo 106:16-18

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe