INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 37 axa 90-axa 91 mm. 1
  • Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Samuel Yi Edzi Nɔ Nu Si Nyo La Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • ‘Enɔ Tsitsim Le Yehowa Gbɔ’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • ‘Etsi Le Yehowa Gbɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Samuel Yi Edzi Wɔ Nu Nyui
    Fia Nu Viwòwo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 37 axa 90-axa 91 mm. 1
Samuel le avɔgbadɔa ƒe ʋɔtruwo ʋum

NUSƆSRƆ̃ 37

Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel

Viŋutsu eve siwo nye nunɔlawo le Eli, si nye Nunɔlagã la si, eye wosubɔna le avɔgbadɔa me. Woƒe ŋkɔwoe nye Hofni kple Finehas. Womewɔna ɖe Yehowa ƒe sewo dzi o, eye womewɔa nu ɖe dukɔa ŋu nyuie kura o. Ne Israel-viwo va vɔ sa ge na Yehowa la, Hofni kple Finehas tsɔa lãa ƒe akpa nyuitɔwo. Eli se nu tso nu siwo viawo nɔ wɔwɔm ŋu, gake mewɔ naneke tso eŋu o. Ðe Yehowa aɖe mɔ nu sia nayi edzia?

Togbɔ be Hofni kple Finehas tsi wu Samuel hã la, mesrɔ̃ woƒe nuwɔnawo o. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Samuel ŋu. Gbe ɖeka esi Samuel mlɔ anyi le zã me la, ese be ame aɖe yɔ ye. Efɔ, ƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be: ‘Nyee nye esi!’ Gake Eli gblɔ nɛ be: ‘Nyemeyɔ wò o. Heyi nàmlɔ anyi.’ Samuel trɔ yi ɖamlɔ anyi. Egase be ame aɖe yɔ ye. Esi Samuel gase gbea zi etɔ̃lia la, Eli kpɔe be Yehowae nɔ Samuel yɔm. Egblɔ na Samuel be ne egase gbea la, negblɔ be: ‘Yehowa ƒo nu, wò subɔla le to ɖom.’

Samuel le nya si Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm na Eli

Samuel trɔ yi ɖamlɔ anyi. Eye wòse yɔyɔa be: ‘Samuel! Samuel!’ Egblɔ be: ‘Ƒo nu, elabena wò subɔla le to ɖom.’ Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Gblɔ na Eli be mahe to na eya kple eƒe ƒomea. Enya be ye viwo le nu gbegblẽ wɔm le avɔgbadɔa me gake mewɔ naneke tso eŋu o.’ Esi ŋu ke la, Samuel ʋu avɔgbadɔa ƒe ʋɔtruwo abe ale si wòwɔna ɣesiaɣi ene. Enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ la na nunɔlagã la. Gake Eli yɔe hebiae be: ‘Vinye, nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam.’ Eya ta Samuel gblɔ nya sia nya nɛ.

Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii. Le Israel-nyigba bliboa dzi la Israel-viwo katã kpɔe be Yehowa tia Samuel be wòanye nyagblɔɖila kple ʋɔnudrɔ̃la.

“Ðo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi.”—Nyagblɔla 12:1

Nyabiasewo: Mɔ ka nue Samuel to vovo tso Hofni kple Finehas gbɔ le? Gbedeasi kae Yehowa tsɔ na Samuel?

1 Samuel 2:12-17, 22-26; 3:1-21; 7:6

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe