INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 53 axa 128
  • Dzi Nɔ Yehoyada Ƒo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzi Nɔ Yehoyada Ƒo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yoas Trɔ Le Yehowa Yome Le Hadede Vɔ̃ Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míavɔ̃ Yehowa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Yehowa Ðoa Eteƒe Na Mí Ne Míewɔ Nu Dzinɔameƒotɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Wohe To Na Nyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe Si Dia Ðoƒe Gã
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 53 axa 128
Nunɔlagã Yehoyada kplɔ Yehoas ɖevi sue si woɖo Fiae la va dukɔ la ŋkume

NUSƆSRƆ̃ 53

Dzi Nɔ Yehoyada Ƒo

Vinyɔnu aɖe nɔ Izebel si si ŋkɔe nye Ataliya, eƒe tagbɔ sẽ abe nɔa ene. Ataliya nye Yuda-fia srɔ̃. Esi Ataliya srɔ̃ ku la, via zu fia ɖe eteƒe. Gake esi via hã ku la Ataliya ɖo eɖokui Yuda-fiae. Edze agbagba be yeatsrɔ̃ fiaƒome bliboa, ewu ame siwo katã dze aɖu fia la, ewu mamayɔviawo gɔ̃ hã. Amewo katã vɔ̃na nɛ.

Nunɔlagã Yehoyada kple srɔ̃a Yehoseba nya nyuie be nu si wɔm Ataliya nɔ la menyo o. Wode woƒe agbe afɔku me eye wotsɔ Ataliya mamayɔviawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Yehoas la ɣla. Wonyii le gbedoxɔa me.

Esi Yehoas xɔ ƒe adre la, Yehoyada yɔ amegãwo kple Lewi viwo katã ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be: ‘Midzɔ gbedoxɔa ƒe ʋɔtruwo nu, migana ame aɖeke nage ɖe eme o.’ Eye Yehoyada ɖo Yehoas Yuda-fiae heɖɔ fiakuku nɛ. Eye ameawo do ɣli be: ‘Fia nenɔ agbe tegbee!’

Fianyɔnu Ataliya le ɣli dom

Esi fianyɔnu Ataliya se ɣlia la, eƒu du yi gbedoxɔa me. Esi wòkpɔ fia yeyea la, edo ɣli be: “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” Amegãwo lé fianyɔnu vɔ̃ɖia, wokplɔe dzoe, eye wowui. Ke ŋusẽ gbegblẽ si eƒe nuwɔnawo kpɔ ɖe dukɔa dzi ya ɖe?

Yehoyada kpe ɖe dukɔa ŋu wobla nu kple Yehowa, eye wodo ŋugbe na Mawu be yewoasubɔ eya ɖeɖe ko. Yehoyada na wogbã Baal ƒe trɔ̃xɔ kple legbawo gudugudu. Eɖo nunɔlawo kple Lewi viwo be woawɔ gbedoxɔa me dɔwo ale be ameawo nagate ŋu asubɔ le afi ma. Eɖo agbonudzɔlawo be woadzɔ gbedoxɔa ŋu ale be ame makɔmakɔ aɖeke nagage ɖe eme o. Azɔ Yehoyada kple amegãwo kplɔ Yehoas yi fiasã la me eye wotsɔe ɖo fiazikpui la dzi. Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Fifia woate ŋu asubɔ Yehowa le ablɔɖe me Ataliya vɔ̃ɖi la manɔmee eye Baal subɔsubɔ hã makpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Mèkpɔe be Yehoyada ƒe dzinɔameƒoa ɖe vi na ame geɖe oa?

“Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.”—Mateo 10:28

Nyabiasewo: Aleke Yehoyada ɖee fia be dzi nɔ ye ƒo? Èsusu be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowòa?

2 Fiawo 11:1–12:12; 2 Kronika 21:1-6; 22:10-12; 23:1–24:16

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe