INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 94 axa 220-axa 221 mm. 1
  • Nusrɔ̃lawo Xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusrɔ̃lawo Xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wole Lalam Le Yerusalem
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ame Alafawo Kpɔe Do Ŋgɔ Na Pentekoste Ŋkekea
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ame Kawo Kple Nu Ka Ƒe Ŋkɔ Mee Wòle Be Woaxɔ Nyɔnyrɔ Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Fia Mɔ Kristotɔwo Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Eye Wòle Mɔ Fiam Wo Egbea Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 94 axa 220-axa 221 mm. 1
Ewɔ nuku na ame siwo le Yerusalem esi wose Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ nu ƒom na wo le woawo ŋutɔwo degbe me

NUSƆSRƆ̃ 94

Nusrɔ̃lawo Xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea

Esi Yesu trɔ yi dziƒo le ŋkeke ewo megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. Ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi ye, eye amewo tso teƒe vovovowo va Yerusalem be yewoava ɖu azã. Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo ade 120 ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le aƒe aɖe me. Enumake, nukunu aɖe dzɔ. Nane si le abe dzoƒaɖe ene la dze ɖe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ta dzi eye wodze gbe bubuwo dodo gɔme. Gbeɖiɖi gã aɖe si le abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene la yɔ aƒea me.

Amedzro siwo tso anyigba ƒe teƒe bubuwo va Yerusalem la se gbeɖiɖia eye woƒu du yi aƒea me be yewoakpɔ nu si le dzɔdzɔm. Ewɔ nuku na wo esi wose nusrɔ̃lawo nɔ gbe vovovowo dom. Wogblɔ be: ‘Menye Galileatɔwoe ame siawo nye oa? Aleke wòdzɔe be wole mía degbewo dom?’

Ale Petro kple apostolo bubuawo tɔ ɖe ameawo ŋkume. Petro gblɔ ale si wowu Yesu eye Yehowa fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la na wo. Petro gblɔ be: ‘Fifia Yesu le Mawu ƒe ɖusime le dziƒo eye wòkɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe mía dzi abe ale si wòdo ŋugbee ene. Esia tae miekpɔ nu sia eye miese nukunu siawo ɖo.’

Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameawo dzi eye wobia be: “Nu kae míawɔ?” Egblɔ na wo be: ‘Mitrɔ dzi me tso miaƒe nu vɔ̃wo me eye mina woanyrɔ mi ɖe Yesu ƒe ŋkɔ me. Miaxɔ nunana si nye gbɔgbɔ kɔkɔea hã.’ Gbe ma gbe la, ame siwo ade 3,000 kloe ye wonyrɔ. Tso gbe ma gbe la, nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi le Yerusalem kabakaba. Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, apostoloawo ɖo hame geɖewo ale be woate ŋu afia nu siwo katã ƒe se Yesu de na wo la wo.

“Ne ètsɔ wò nu ɖea gbeƒã le dutoƒo be Yesu nye Aƒetɔ, eye nèxɔna sena le wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ekema àkpɔ ɖeɖe.”—Romatɔwo 10:9

Nyabiasewo: Nu kae dzɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi? Nu kae na ame geɖe xɔ nyɔnyrɔ?

Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:1-42; 4:4; Yohanes 15:26

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe