INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 98 axa 228-axa 229 mm. 1
  • Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Wonɔ Dzidzɔ Kpɔm Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Fũu’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Yehowa Do Ŋusẽ Wo Woƒo Nu Dzinɔameƒotɔe”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Timoteo—Paulo Ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Barnaba “Akɔfafavi” La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 98 axa 228-axa 229 mm. 1
Apostolo Paulo kple Barnaba le gbeƒã ɖem na Kipro nuto gã dziɖula, Sergio Paulo

NUSƆSRƆ̃ 98

Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me

Apostoloawo wɔ ɖe se si Yesu de na wo be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa dzi la dzi. Le ƒe 47 K.Ŋ. la, nɔvi siwo le Antiokia dɔ Paulo kple Barnaba ɖa be woava ɖe gbeƒã. Gbeƒãɖela dovevienu eve siawo ɖe gbeƒã le Asia Sue katã yi teƒe siwo nye Derbe, Listra kple Ikonio.

Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã na ame sia ame, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Ame geɖe xɔ Kristo ŋuti nyateƒea dzi se. Esi Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã na Kipro nuto gã dziɖula Sergio Paulo la, dzotɔ aɖe te kpɔ be yeaxe mɔ na wo. Paulo gblɔ na dzotɔ la be: ‘Yehowa lé fu wò.’ Enumake dzotɔa ƒe ŋkuwo tsi. Esi Nuto Gã Dziɖula Paulo kpɔ esia la, eva xɔ Mawu dzi se.

Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã le afi sia afi, tso aƒe me yi aƒe me, le asiwo me, le mɔ dzi kple ƒuƒoƒewo. Esi woda dɔ na lãmetututɔ aɖe le Listra la, ame siwo kpɔ nukunu sia teƒe susui be mawuwoe wonye, eye wote kpɔ be yewoade ta agu na wo. Gake Paulo kple Barnaba gbee na wo hegblɔ be: ‘Mide ta agu na Mawu ɖeka ko! Amegbetɔwo ko míenye.’ Emegbe Yudatɔ aɖewo va na be ameawo trɔ ɖe Paulo ŋu. Ameawo ƒu kpe Paulo, wohee yi dua godo eye wogblẽe ɖi be wòaku. Ke hã, Paulo meku o! Nɔviawo va xɔ nɛ enumake eye wokplɔe yi dua me. Emegbe Paulo trɔ yi Antiokia.

Le ƒe 49 K.Ŋ. la, Paulo gazɔ mɔ ake. Esi wòtrɔ yi va kpɔ nɔvi siwo le Asia Sue ɖa vɔ megbe la, etsɔ nya nyuia yi didiƒe le Europa. Eyi Atene, Efeso, Filipi, Tesalonika kple teƒe bubuwo. Sila, Luka kple ɖekakpui dzaa aɖe si ŋkɔe nye Timoteo la nɔ Paulo ŋu le eƒe mɔzɔzɔa me. Wowɔ dɔ ɖekae ɖo hamewo eye wokpe ɖe hameawo ŋu woli ke. Paulo nɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã eye wònɔ ŋusẽ dom nɔviawo le afi ma. Eɖe gbeƒã, fia nu, eye wòŋlɔ lɛta na hame geɖewo. Ewɔ dɔ bubu aɖe hã si nye avɔgbadɔwo wɔwɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paulo trɔ yi Antiokia.

Apostolo Paulo le gbeƒã ɖem le asi me

Emegbe le ƒe 52 K.Ŋ. la, Paulo dze eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia gɔme tso Asia Sue. Ezɔ mɔ yi Filipi si le keke dziehe ke eye emegbe wòva Korinto. Paulo nɔ Efeso ƒe geɖe eye wònɔ nu fiam, nɔ dɔ dam na amewo, eye wònɔ kpekpem ɖe hamea ŋu. Azɔ hã, eƒoa nuƒowo le suku aɖe ƒe takpexɔ me gbe sia gbe. Ame geɖe ɖo toe eye wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Mlɔeba esi Paulo ɖe gbeƒã le dukɔ geɖewo me vɔ la, etrɔ yi Yerusalem.

“Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mateo 28:19

Nyabiasewo: Kpɔ anyigbatata si le wò Biblia (Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, Megbenyawo B13) me la dzi nàkpɔe ɖa be yeate ŋu ade dzesi teƒe siwo Paulo zɔ mɔ toe hã?

Dɔwɔwɔwo 13:1–23:35

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe