INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 102 axa 236-axa 237 mm. 2
  • Nu Siwo Woɖe Fia Yohanes

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Woɖe Fia Yohanes
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa ƒe Dziƒofiazikpui la ƒe Gãnyenye
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Ŋutega Siwo Ðe Nu Siwo Le Dziƒonutowo Me Fia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Aʋadziɖuha Yeye la Dzidzi
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Yohanes Kpɔ Yesu si Wodo Ŋutikɔkɔe Na La
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 102 axa 236-axa 237 mm. 2
Apostolo Yohanes le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋlɔm

NUSƆSRƆ̃ 102

Nu Siwo Woɖe Fia Yohanes

Esime apostolo Yohanes nɔ game le Patmo ƒukpo dzi la, Yesu ɖe ŋutega 16, alo foto aɖewo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la fiae. Ŋutega siawo ɖe ale si woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, ale si eƒe Fiaɖuƒea ava kple ale si woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wole ewɔm le dziƒo ene la fia.

Le ŋutegaawo dometɔ ɖeka me la, Yohanes kpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi le dziƒo eye ametsitsi 24 siwo do awu ɣiwo eye woɖɔ sikafiakukuwo la ƒo xlãe. Dzikedzowo kple dziɖegbewo tso fiazikpui la gbɔ. Ametsitsi 24-awo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wosubɔe. Le ŋutega bubu me la, Yohanes kpɔ ameha gã aɖe tso dukɔ sia dukɔ, ame ƒomeviwo kple gbegbɔgblɔ vovovowo me eye wole Yehowa subɔm. Alẽvi si nye Yesu kplɔa wo eye wòfiaa mɔ wo yia agbetsidzidziwo gbɔ. Emegbe le ŋutega bubu me la, Yesu kple ametsitsi 24-awo dze fiaɖuɖu gɔme le dziƒo. Le ŋutega si kplɔe ɖo me la, Yohanes kpɔ Yesu wòwɔ aʋa kple ʋɔ driba si nye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Yesu tsɔ wo ƒu gbe tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi.

Yesu kple ame 144,000-awo le Zion Toa dzi

Azɔ Yohanes kpɔ alẽvi si woɖo atsyɔ na la kple ame 144,000-awo le tsitre ɖe Zion To la dzi. Ekpɔ mawudɔla aɖe hã wòle dzodzom le yame eye wòle gbɔgblɔm na amewo be woavɔ̃ Mawu eye woatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.

Le ŋutega si kplɔe ɖo me la, wowɔ Armagedon-ʋa la. Yesu kple eƒe aʋawɔlawo ɖu Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia dzi le aʋa ma me. Le ŋutega mamlɛa me la, Yohanes kpɔe be amewo wɔ ɖeka le dziƒo kple anyigba dzi. Wotsrɔ̃ Satana kple edzidelawo keŋkeŋ. Ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la kɔa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye wosubɔa eya ɖeka ko.

“Mana fuléle nanɔ wò kple nyɔnu la dome, wò dzidzimevi kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome. Eya agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”​—1 Mose 3:15

Nyabiasewo: Ŋutega nenie Yohanes kpɔ? Nu kae Yesu awɔ le Armagedon-ʋa la me?

Nyaɖeɖefia 1:1-3; 4:1-11; 7:4, 9-17; 11:15-18; 12:5-12; 14:6, 7; 16:14, 16; 21:5

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe