HADZIDZI 55
Migavɔ̃ Wo O!
1. Miyi ŋgɔgbe, Oo dukɔnye,
Kple Fiaɖuƒe nya nyui la.
Migavɔ̃ futɔ la o,
Mina ’me’o nase nya nyuia
Be Vinye, Fia Kristo Yesu,
Nyã futɔ la le dziƒo;
Ade Satana aʋli me
Bene mí katã míavo.
(HAXE)
Oo lɔlɔ̃tɔ, mègavɔ̃ o,
Ne futɔwo ɖo nugbe.
Makpɔ nye subɔlawo ta
Abe nye ŋkuvi ene.
2. Nenye be futɔwo sɔ gbɔ,
Wosẽ ŋu hedzi ŋɔ hã;
Ne wovivi nu me na
Amewo heflu wo hã,
Migavɔ̃ o, nye aʋakɔ,
Milé dzi ɖe ƒo sesĩe.
Makpɔ nuteƒewɔla’o ta
Le aʋa blibo la me.
(HAXE)
Oo lɔlɔ̃tɔ, mègavɔ̃ o,
Ne futɔwo ɖo nugbe.
Makpɔ nye subɔlawo ta
Abe nye ŋkuvi ene.
3. Nye la, nyemaŋlɔ mi be o;
Nyee nye akpoxɔnu gã.
Ne mieku le gbea dzi hã,
Nye la, mava ɖe ku ɖa.
Migavɔ̃ ŋutilãwula
Si’o matsrɔ̃ luʋɔ la o.
Wɔ nuteƒe yi nuwuwu;
Makplɔ wò, akpɔ tawò!
(HAXE)
Oo lɔlɔ̃tɔ, mègavɔ̃ o,
Ne futɔwo ɖo nugbe.
Makpɔ nye subɔlawo ta
Abe nye ŋkuvi ene.
(Kpɔ 5 Mose 32:10; Neh. 4:14; Ps. 59:1; 83:2, 3 hã.)