INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rr axa 131
  • Ati Eve Siwo Wokpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ati Eve Siwo Wokpe
  • Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Yuda tɔ’
  • ‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef tɔ’
  • “woazu ati ɖeka ko le asiwò me”
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Mawɔ Wo Woazu Dukɔ Ðeka”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Ati si Naa Aɖu Ŋu Kɔna
    Nyɔ!—2003
Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
rr axa 131

NUFIAMEÐAKA 12A

Ati Eve Siwo Wokpe

Tatatɔ

Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòaŋlɔ ɖe atiawo dometɔ ɖeka ŋu be ‘Yuda tɔ’ eye wòaŋlɔ ɖe evelia ŋu be ‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef tɔ.’

Ati eve siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me.

‘Yuda tɔ’

LE BLEMA

Yuda-to eve fiaɖuƒea

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Amesiaminawo

‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef tɔ’

LE BLEMA

Israel-to ewo fiaɖuƒea

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Alẽ bubuawo

Ezekiel lé ati eve ɖe asi ɖeka me.

“woazu ati ɖeka ko le asiwò me”

LE BLEMA

Ƒe 537 D.Y. Tadeagula vavãwo trɔ tso dukɔwo dome va wo de, wogbugbɔ Yerusalem tso, eye wowɔ ɖeka subɔ Mawu abe dukɔ ɖeka ene.

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Tso ƒe 1919 me la, Mawu ƒe amewo gbugbɔ wɔ ɖoɖo eye wogava wɔ ɖeka subɔ Mawu abe “alẽha ɖeka” ene.

Taɖodzinuae nye be woawɔ ɖeka

Nyagblɔɖia meƒo nu tso ati ɖeka aɖe si ŋe ɖe eve ŋu eye emegbe wokpee wòva zu ati ɖeka o. Ke boŋ eƒo nu tso ati eve siwo wotsɔ kpe wòzu ɖeka la ŋu. Eya ta menye ale si Israel dukɔa va ma ɖe eve zu fiaɖuƒe eve ŋue nyagblɔɖia ƒo nu tsoe o. Ke boŋ ale si fiaɖuƒe eveawo azu ɖeka la ŋue wòƒo nu tsoe.

Trɔ yi ta 12, memama 3-6, 13, 14

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe