INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 2 axa 5
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nuwɔwɔ Ðe Wò Dzɔdzɔme Nuwɔna Nu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 2 axa 5

NUSƆSRƆ̃ 2

Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Mawunyakpukpui

2 Korintotɔwo 2:17

NU SI NÀWƆ: Ƒo nu le dzɔdzɔme nu le anukwareɖiɖi me wòaɖe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me le nyatia kpakple wò nyaselawo ŋu afia.

ALE SI NÀWƆE:

  • Do gbe ɖa eye nàdzra ɖo ɖe dɔa ŋu nyuie. Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ wò gbedeasia ŋu, ke menye ɖokuiwò ŋu o. Na nya vevi siwo ŋu wòle be nàƒo nu tsoe la nanɔ susu me na wò nyuie. Zã wò ŋutɔ wò nyagbewo nàtsɔ aɖe nyawo me; mègagblɔ nyawo nya-ɖe-nya-nu abe ale si tututu wodze le agbalẽ me ene o.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne èɖoe be yeaxlẽ nya aɖe tso Biblia alo agbalẽ bubu aɖe me la, to nu si xlẽ ge nàla la me do ŋgɔ be nànya nya siwo le afi ma nyuie ale be wò nuxexlẽa nazɔ tẽe. Ne nya siwo ame vovovowo gblɔ dze le nuxexlẽa me la, xlẽ woƒe nyaawo kple seselelãme, gake mègawɔe wòagbɔ eme o.

  • Ƒo nu tso dzi me. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase gbedeasia ɖo la ŋu. Wò susu nenɔ wo ŋu. Esia awɔe be wò dzedzeme, wò asiwɔwɔ ɖe nyaa dzi kple ale si nàɖo moe siaa ana wòadze ƒãa be nyaa tso dzi me na wò, eye awɔe hã be àƒo nu vividoɖeameŋutɔe.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Nuƒoƒo le dzɔdzɔme nu mefia nuƒoƒo ɖewoɖewoe o. Ƒo nu eme nakɔ nyuie eye wòasɔ ɖe gbeŋutisewo nu ale be bubu nanɔ wò gbedeasia ŋu.

  • Kpɔ wò nyaselawo ŋkume. Nɔ wò nyaselawo ƒe ŋkume kpɔm nenye be esia wɔwɔ maɖia amewo nu le mia gbɔ o. Ne èle nuƒo ƒom la, nɔ ame ɖekaɖekawo ŋkume kpɔm le nyaselawo dome, ke menye be nànɔ ŋku tsam le ƒuƒoƒo bliboa dzi gbadzaa ko o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe