INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 14 axa 17
  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Veviawo Nadze Ƒã
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dɔ Wɔwɔ Le Tanya La Ŋuti
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gbugbɔ To Nya Veviawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 14 axa 17

NUSƆSRƆ̃ 14

Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa

Mawunyakpukpui

Hebritɔwo 8:1

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woakplɔ wò nuƒoa me nyawo ɖo, eye nàna woakpɔ ale si nuƒoa me nya vevi ɖe sia ɖe do ƒome kple nuƒoa ƒe taɖodzinu kple tanyaa nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • Taɖodzinu aɖe nenɔ asiwò. Kpɔe ɖa nenye be taɖodzinu si le wò nuƒoa ŋue nye be wòana wò nyaselawo nanya nane, woakpɔ kakaɖedzi le nane ŋu, alo wòaʋã wo woaɖe afɔ aɖe, eye nàtrɔ asi le eŋu be wòaɖo taɖodzinu ma gbɔ. Trɔ asi le nya veviawo katã ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Bia ɖokuiwò be: ‘Biabia kawoe ate ŋu anɔ nye nyaselawo si tso nyati sia ŋu? Nu kawo mee woƒe susu ate ŋu ato vovo le? Ðoɖo ka nue woabia nya mawo alo aɖe woƒe susuawo agblɔ le?’ Eyome, ɖo wò nyawo ɖe ɖoɖo ma ke nu ale be wò nyaselawo nate ŋu akplɔ wò numeɖeɖea ɖo, ase egɔme ahalɔ̃ ɖe edzi.

  • Te gbe ɖe nuƒoa ƒe tanya dzi. He susu yi wò nuƒoa ƒe tanyaa dzi le nuƒo bliboa me; nɔ tanyaa me nya veviawo alo nya siwo do ƒome kplii la zãm enuenu le nuƒoa me.

  • Na nya veviawo me nakɔ eye wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Zã nya vevi siwo ku ɖe tanyaa ŋu, siwo nàte ŋu atsɔ afia nu wò nyaselawo nyuie le ɣeyiɣi si wona wò me la ɖeɖe ko. Nya vevi siwo me nàdzro la nanɔ ʋɛ, na nyaselawo nade dzesi nya vevi ɖe sia ɖe nyuie; ne èƒo nu tso nya vevi aɖe ŋu vɔ la, tɔ sẽe hafi nàyi bubu dzi, eye nàna nya veviawo nade nu wo nɔewo me nyuie.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Àte ŋu ahe susu ayi nya veviawo dzi le wò ŋgɔdonyaa me be wòakpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakplɔ wò nuƒoa ɖo nyuie alo nàgbugbɔ ahe susu ayi wo dzi le wò nyataƒonyaa me be wòakpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaɖo ŋku wo dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe