INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 46
  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàɖe Adzɔgbe Eye Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàɖe Adzɔgbe Eye Nàxɔ Nyɔnyrɔ?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ðe Nèle Klalo Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ðe Wòle Be Maɖe Adzɔgbe Na Mawu Ahaxɔ Nyɔnyrɔa?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ðe Nèsu Te Be Nàxɔ Nyɔnyrɔa?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 46
Nusɔsrɔ̃ 46 lia. Ŋutsu aɖe le gbe dom ɖa.

NUSƆSRƆ̃ 46

Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàɖe Adzɔgbe Eye Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Nu si wòfia be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa ye nye be nàdo ŋugbe nɛ le gbedodoɖa me be yeasubɔ eya ɖeka ko, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na ye le agbe me. (Psalmo 40:8) Le esia megbe la, àxɔ nyɔnyrɔ. Wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia ame bubuwo be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu. Nyametsotso vevitɔ kekeake si míawɔ le agbe me ye nye be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa. Nu kae aʋã wò be nàɖe afɔ vevi sia si ahe tɔtrɔ geɖe ava wò agbe me?

1. Nu kae aʋã ame aɖe be wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu?

Lɔlɔ̃ ye ʋãa mí be míatsɔ mía ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa. (1 Yohanes 4:10, 19) Eya tae Biblia gblɔ na mí be: ‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ (Marko 12:30) Menye nya siwo míegblɔna me koe míeɖenɛ fiana le be míelɔ̃ Mawu o, ke ale si míenɔa agbee hã ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Abe ale si ko ŋutsu kple nyɔnu siwo lɔ̃ wo nɔewo vavã la va ɖea wo nɔewo ene la, nenema kee lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa hã ʋãa mí be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖe adzɔgbe nɛ ahaxɔ nyɔnyrɔ.

2. Aleke Yehowa yraa ame siwo xɔ nyɔnyrɔ va zu eƒe Ðasefowo?

Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, àva zu Yehowa ƒe ƒomea, si me tɔwo kpɔa dzidzɔ la dometɔ ɖeka. Àva kpɔe le nu geɖe me be Yehowa lɔ̃ ye vavã, eye wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli wu ale si wòle fifia gɔ̃ hã. (Xlẽ Malaki 3:16-18.) Yehowa anye Fofowò, eye tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo lɔ̃ Yehowa eye wolɔ̃ wò hã la ava nɔ asiwò le xexea me godoo. (Xlẽ Marko 10:29, 30.) Gake ele be nàɖe afɔ aɖewo hafi axɔ nyɔnyrɔ. Ehiã be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, nàlɔ̃e, eye nàxɔ Via dzi se. Mlɔeba, ele be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa. Ne èɖe afɔ mawo eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, esia ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ . . . na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.”—1 Petro 3:21.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae wòle vevie be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa eye nàxɔ nyɔnyrɔ.

3. Ele be mí katã míatia ame si míasubɔ

Le blema Israel la, ame aɖewo susui be yewoate ŋu asubɔ Yehowa kple alakpamawu Baal siaa. Gake Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Eliya ɖe wo gbɔ be wòaɖɔ woƒe nuŋububu gbegblẽ ma ɖo. Mixlẽ 1 Fiawo 18:21, eye miadzro biabia sia me:

  • Tiatia kae wòle be Israel-viwo nawɔ?

Abe ale si wònɔ le Israel-viwo gome ene la, ele be míawo hã míatia ame si míasubɔ. Mixlẽ Luka 16:13, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu ka tae míate ŋu asubɔ ame alo nu bubu aɖeke kpe ɖe Yehowa ŋu o?

  • Aleke míaɖee afia Yehowa be míetiae be míasubɔ eyama?

4. De ŋugble le ale si Yehowa lɔ̃ wòe ŋu

Nɔnɔmetata vovovoawo: Ŋutsu aɖe le ŋugble dem le nu siwo Yehowa wɔ nɛ la ŋu. 1. Lɔlɔ̃, esia dzena le ale si vidada léa be na viae me. 2. Nuɖuɖu viviwo, wo dometɔ aɖewoe nye atikutsetsewo kple amagbewo. 3. Biblia. 4. Yesu Kristo ƒe tafevɔsa.

Yehowa na nu nyui geɖe ŋutɔ mí. Nu kae míawo hã míate ŋu anae? Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Tsɔ Nu Siwo Le Asiwò La Na Mawu (3:04)

Mɔ siwo nu Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia wò le la dometɔ aɖewo ɖe? Mixlẽ Psalmo 104:14, 15 kple 1 Yohanes 4:9, 10, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Yehowa ƒe nunana siwo dzea ŋuwò wu la dometɔ aɖewoe nye kawo?

  • Aleke nunana mawo nana nèsena le ɖokuiwò me tso eyama ŋu?

Ne ame aɖe na nane mí si dzɔ dzi na mí ŋutɔ la, míedina be míaɖee afiae be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòna mí la ŋu. Mixlẽ 5 Mose 16:17, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Ne èbu nu siwo katã Yehowa wɔ na wò ŋu la, nu kae esia ʋãa wò hã be nàwɔ nɛ?

5. Adzɔgbeɖeɖe hea yayra geɖe vanɛ

Ame geɖe xɔe se be ne yewoxɔ ŋkɔ, yewokpɔ dɔ gã aɖe le wɔwɔm, alo yewokpɔ ga geɖe la, yewoakpɔ dzidzɔ. Nyateƒee nya ma nyea? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

VIDEO: Bɔlƒoƒo Nɔ Vevie Nam Ale Gbegbe (5:45)

Foto vovovoawo: Foto siwo woɖe tso video si nye ‘Bɔlƒoƒo Nɔ Vevie Nam Ale Gbegbe’ la me. 1. Andrey gadze eƒe Biblia sɔsrɔ̃a gɔme ake. 2. Andrey kple vianyɔnu le gbeƒã ɖem.
  • Togbɔ be bɔlƒola si dze le videoa me la lɔ̃ bɔlƒoƒo ŋutɔ hã la, nu ka tae wòva dzudzɔ bɔlƒoƒo?

  • Etso nya me be yeana Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe me, ke menye bɔlƒoƒo o. Ðe nèsusu be etso nya me nyuiea? Nu ka tae?

Hafi Paulo nava zu Kristotɔ la, enɔ dɔ gã aɖe wɔm. Esrɔ̃ Yudatɔwo ƒe se le nufiala xɔŋkɔ aɖe gbɔ. Gake eɖe asi le dɔ ma ŋu eye wòva zu Kristotɔ. Ðe wòte ɖe Paulo dzi be yeɖe afɔ ma? Mixlẽ Filipitɔwo 3:8, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu ka tae Paulo gblɔ be nu siwo yewɔ hafi va zu Kristotɔ la nye “aɖukpodzinuwo sɔŋ”?

  • Nu nyui kae va su esi?

  • Ne ètsɔ Yehowa subɔsubɔ sɔ kple nu bubu siwo nàte ŋu awɔ le agbe me la, nya kae nàgblɔ tso eŋu?

Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Saul si nye Farisitɔ si bua eɖokui ame dzɔdzɔe, si wova yɔ emegbe be Paulo. 2. Nuteƒewɔla apostolo Paulo le lɛta ŋlɔm na nɔvia Kristotɔwo.

Esi Paulo va zu Kristotɔ la, nu siwo va su esi la ƒo nu siwo ŋu wòɖe asi le la ta sãsãsã

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Viɖe aɖeke mele eŋu be nàna Mawu subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me o.”

  • Nu ka tae nèsusu be esɔ be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Lɔlɔ̃ ye ʋãa mí be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa eye míaxɔ nyɔnyrɔ.

Numetoto

  • Nu ka tae wòle be míalɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me eye míasubɔe bliboe?

  • Aleke Yehowa yraa ame siwo xɔ nyɔnyrɔ va zu eƒe Ðasefowo?

  • Ðe nàdi be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àkpɔ nu si tae hadzila aɖe kple bɔlƒola aɖe tiae be yewoatsɔ yewo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa.

Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?—Ne Mekpɔ Megbe (6:54)

Àkpɔ susu bubu siwo tae wòanyo be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Mawu la le nyati sia me.

“Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?” (Gbetakpɔxɔ, January 15, 2010)

Le hadzidzi ƒe video sia me la, àkpɔ dzidzɔ si ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la kpɔna.

Masubɔ Wò Le Nye Agbe Me Katã (4:30)

Le agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Tso Ɣeaɖeɣi Ke Mebiana Be, ‘Nu Ka Tae Míele Agbe Ðo?’” me la, àkpɔ nu si ʋã nyɔnu aɖe wòva nya nu si wòle be wòanɔ vevie nɛ wu le agbe me.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, November 1, 2012)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe