Akpa 1 Ƒe Numetoto
Wò kple ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò midzro nyabiase siwo gbɔna me:
Ŋugbedodo siwo le Biblia me ku ɖe etsɔme ŋu la dometɔ kae do dzidzɔ na wò wu?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 02 lia.)
Nu ka tae nèka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 03 lia kple 05 lia.)
Nu ka tae wòle vevie be nàzã Yehowa ƒe ŋkɔa?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 04 lia.)
Biblia gblɔ be ‘Mawu gbɔe agbe dzɔ tso.’ (Psalmo 36:9) Èxɔ nya ma dzi sea?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 06 lia.)
Mixlẽ Lododowo 3:32.
Nu ka ta Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ mía si?
Nu kae Yehowa di tso exɔlɔ̃wo si? Ðe nèkpɔe be esɔ nenema?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 07 lia kple 08 lia.)
Mixlẽ Psalmo 62:8.
Nu siwo ŋu nèdo gbe ɖa le na Yehowa la dometɔ aɖewo ɖe? Nu bubu kawo hã ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa le?
Aleke Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋui?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 09 lia.)
Mixlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.
Aleke Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede ate ŋu aɖe vi na wòe?
Ðe nèsusu be agbagba siwo nàdze ade kpekpeawo la aɖe vi na wòa?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 10 lia.)
Nu ka tae wònyo be nànɔ Biblia xlẽm edziedzi? Ɣeyiɣi kae nèɖo ɖi tsɔ xlẽa Biblia gbe sia gbe?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 11 lia.)
Va se ɖe fifia la, nu kae do dzidzɔ na wò wu le míaƒe Biblia me dzodzroa ŋu?
Tso esime míedze Biblia me dzodzro sia gɔme la, kuxi kawoe nèdo goe? Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi nusɔsrɔ̃a dzi?
(Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 12 lia.)