INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 9
  • Se Veve Ðe Ame Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Se Veve Ðe Ame Nu
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
  • Srɔ̃ Yesu
  • Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Se Veve Ðe Ame Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Se Veve Ðe Amewo Nu
    Nyɔ!—2020
  • Nyo Dɔme
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 9

DZEÐOÐOA DZI YIYI

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖi le woƒe tɔdziʋu me yina ameha si le wo lalam le ƒua ta gbɔ.

Marko 6:​30-34

NUSƆSRƆ̃ 9

Se Veve Ðe Ame Nu

Nya si Biblia gblɔ: “Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.”—Rom. 12:15.

Ale Si Yesu Wɔe

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖi le woƒe tɔdziʋu me yina ameha si le wo lalam le ƒua ta gbɔ.

VIDEO: Amehaa Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Marko 6:​30-34. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Nu ka tae Yesu kple eƒe apostoloawo di be yewoayi “teƒe aɖe si ame aɖeke mele o”?

  2. Nu kae na Yesu fia nu amehaa?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míesea veve ɖe amewo nua, menye gbeƒã koe míaɖe na wo o; míakpe ɖe wo ŋu hã.

Srɔ̃ Yesu

3. Ðo to amea nyuie. Ðe mɔ nɛ wòagblɔ eƒe susu faa. Ne ele eƒe seselelãmewo, kuxiwo alo nu siwo me wò kplii ƒe susu mewɔ ɖeka le o gblɔma, mègaxɔ nya le enu alo awɔ abe eƒe nyawo mele vevie ene o. Ne èɖo to nyuiea, amea akpɔe be yeƒe susuwo le vevie na wò.

4. Amea ƒe nu nenɔ susu me na wò. De ŋugble le dze siwo mieɖo ŋu eye nàbia ɖokuiwò be:

  1. ‘Nu ka tae wòhiã be wòase nya nyuia?’

  2. ‘Aleke Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi nɛ fifia kple le etsɔme?’

5. Di nyati alo video siwo aɖe vi nɛ eye nàdzro wo me kplii. Na wòakpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖo eƒe biabiawo ŋu kple ale si wòakpe ɖe eŋu le mɔ vovovowo nu, eye mègana eteƒe nadidi hafi nàwɔ esia o.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Rom. 10:​13, 14; Flp. 2:​3, 4; 1 Pet. 3:8

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe