INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/15 axa 15-20
  • Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Na Nɔnɔmewo Va Gblẽ?
  • Mawu ƒe Tameɖoɖo Metrɔ O
  • Woɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • Kristotɔ Ðasefowo Ðoa Ŋu Ðe Mawu Ŋu
  • Yehowa Wɔa Eƒe Ŋugbedodowo Dzi Na Nuteƒewɔlawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Yɔ Abraham Be “Xɔ̃nye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/15 axa 15-20

Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—PSALMO 37:29.

1. Tame kae Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba sia ŋu?

ESIME Yehowa wɔ mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa la, ewɔ wo wode blibo. Eye ewɔ wo ale be woate ŋu anɔ agbe tegbee le anyigba sia dzi—ne wowɔ ɖe eƒe sewo dzi. (Mose I, 1:26, 27; 2:17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu da wo ɖe teƒe si nye paradiso. (Mose I, 2:8, 9) Yehowa gblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28) Eyata woƒe dzidzimeviwo ava yɔ anyigba katã dzi, eye ɣletinyigba sia ava zu paradiso si dzi ameƒome deblibo siwo le dzidzɔ kpɔm la anɔ. Gɔmedzedze nyui kae nye si wònye na ameƒomea! “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:31.

2. Biabia kawoe nɔnɔme si me amegbetɔ le fifia la fɔ ɖe te?

2 Gake nɔnɔme si me amegbetɔ le le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la meɖi Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoa kura o. Ameƒomea le adzɔge ʋĩ tso blibodede gbɔ eye womele dzidzɔ kpɔm kura o. Xexeame le fukpekpe me eye nɔnɔmea gblẽ ɖe edzi wu le míaƒe ɣeyiɣia me abe alesi wogblɔe ɖi ene. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Eyata aleke míaka ɖe edzii be Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔ ava eme kpuie le etsɔ me? Ðe ɣeyiɣi didi siwo me fukpekpe adzi ɖe edzi le agavaa?

Nukae Na Nɔnɔmewo Va Gblẽ?

3. Nukata Yehowa mehe ameƒomea ƒe aglãdzedzea va nuwuwui enumake o?

3 Amesiwo si Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ŋuti sidzedze vavãtɔ su la nya nusita Yehowa ɖe mɔ nɔnɔme gbegblẽ siawo li le anyigba dzi. Wonya nusi wòawɔ le eŋu hã. Wosrɔ̃e tso Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo me be mía dzila gbãtɔwo wɔ tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si Mawu na amegbetɔwo la ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. (Tsɔe sɔ kple Petro I, 2:16.) Wowɔ vodada hetia woawo ŋutɔ ɖokui dzi ɖuɖu Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. (Mose I, ta 2 kple 3) Woƒe aglãdzedzea fɔ nyabiabia gãtɔwo kekeake abe esiawo ene ɖe te: Ðe gome le Xexeame Katã ƒe Fiagã la si be wòaɖu amegbetɔ dzia? Eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ na woa? Ðe amegbetɔ ate ŋu aɖu eɖokui dzi Mawu ƒe dzikpɔkpɔ manɔmee wòadze edzia? Mɔ nyuitɔ si dzi woato aɖo nyabiabia siawo ŋue nye be woana ƒe alafa geɖe siwo me amegbetɔ aɖu wo ɖokui dzi le la nava yi. Emetsonua aɖee afia ɖikekemanɔŋutɔe ne amegbetɔ ate ŋu akpɔ dzidzedze wo Wɔla ƒe asi manɔmee alo womate ŋui o.

4, 5. (a) Nukae do tso Mawu ƒe dziɖuɖu si amegbetɔ gbe me? (b) Nukae ɣeyiɣi siwo va yi ɖe fia ɖikekemanɔmee?

4 Esime Adam kple Xawa gblẽ Mawu ɖi la, megalé wo ɖe te le blibodede me o. Eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, woƒe nɔnɔme va gblẽ. Blibomademade, amegãkuku, kple kue va do tso eme na wo mlɔeba. Mía dzila gbãtɔwo to domenyise si le mía me dzi tsɔ nɔnɔme gbegblẽ mawo dzi woƒe dzidzimeviwo katãe, esi me míawo hã míele. (Romatɔwo 5:12) Eye nukae do tso amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe akpe geɖe me? Afɔkue do tso eme, abe alesi Nyagblɔla 8:9 gblɔ nyateƒetɔe ene be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”

5 Ɣeyiɣi siwo va yi ɖee fia ɖikekemanɔmee be amegbetɔwo mate ŋu afia mɔ woƒe nuwɔnawo wo Wɔla manɔmee wòadze edzi o. Yeremya si nye Biblia-ŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23; Mose V, 32:4, 5; Nyagblɔla 7:29.

Mawu ƒe Tameɖoɖo Metrɔ O

6, 7. (a) Ðe ƒe akpe geɖe ƒe ŋutinya trɔ Yehowa ƒe tameɖoɖoa? (b) Nuka hãe kpe ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖoa ŋu?

6 Ðe amegbetɔ ƒe ƒe akpe geɖe ƒe ŋutinya si yɔ fũ kple vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe la trɔ Mawu ƒe tameɖoɖoa? Eƒe Nya la gblɔ be: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi.” (Yesaya 45:18) Eyata Mawu wɔ anyigba la be amegbetɔwo nanɔ edzi eye ema gakpɔtɔ nye eƒe tameɖoɖo.

7 Menye ɖeko Yehowa wɔ anyigba be woanɔ edzi ko o ke eɖo tame be wòava zu paradiso si me ame deblibo siwo le dzidzɔ kpɔm le hã. Esia tae Biblia gblɔ ɖi be “anyigba yeye,” si nye amegbetɔ ƒe ƒuƒoƒo yeye, si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la ava. (Petro II, 3:13) Eye Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí le Nyaɖeɖefia 21:4 be le Mawu ƒe xexe yeyea me la, “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [ameƒomea ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Susu siawo tae Yesu te ŋu ƒo nu le xexeme eye si gbɔna anyigba dzi ŋu be enye “Paradiso.”—Luka 23:43.

8. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana eƒe tameɖoɖo nava eme?

8 Esi wònye Yehowae nye xexeame Wɔla si si ŋusẽ kple nunya le wu amesiame ta la, ame aɖeke mate ŋu agblẽ eƒe tameɖoɖo me o. “Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.” (Yesaya 14:24) Eyata ne Mawu gblɔ be yeawɔ anyigba sia wòazu paradiso si dzi ame deblibowo le la, emae nye nusi ava eme. Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5; tsɔe sɔ kple Psalmo 37:29.) Míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo ma me vava dzi ahawɔ nu wòasɔ ɖe enu. Le nyateƒe me la, míate ŋu atsɔ míaƒe agbe ake keŋkeŋ ɖe eta.

Woɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

9. Nukae Abraham wɔ si ɖe eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia?

9 Le ŋutinya me la, mawuvɔ̃la geɖe tsɔ woƒe agbe ke keŋkeŋ ɖe tame si Mawu ɖo ɖe anyigba la ŋu ta elabena woka ɖe edzi be ana wòava eme. Togbɔ be womenya nu geɖe tso eŋu o hã la, woɖo ŋu ɖe Mawu ŋu hetu woƒe agbenɔnɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi. Woƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Abraham si nɔ agbe abe ƒe 2,000 ene do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava—ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova dze Biblia ŋɔŋlɔ gɔme. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be awɔ ɖe Eƒe ŋugbedodowo dzi. Anɔ eme be Abraham srɔ̃ nu tso Wɔla la ŋu tso tɔgbuia nuteƒewɔla Sem si Noa fia nui la gbɔ. Eyata esime Mawu gblɔ na Abraham be wòaʋu le Kaldeatɔwo ƒe du si nye Ur me, afisi ŋutilãmenu geɖe le ayi Kanaan-nyigba si nye dzronyigba si dzi afɔku le dzi la, blemafofo ma nya be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eyata eʋu yi. (Hebritɔwo 11:8) Emegbe la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Mawɔ wò dukɔ gã.”—Mose I, 12:2.

10, 11. Nukata Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye ƒe tenuvi Isak asa vɔe?

10 Nukae dzɔ esime wodzi Isak na Abraham megbe? Yehowa ɖee fia Abraham be to Isak dzie eƒe dzidzimeviwo ava zu dukɔ gã. (Mose I, 21:12) Eyata adze abe Yehowa ƒe nyawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene esime wògblɔ na Abraham tsɔ do eƒe xɔse kpɔ be wòatsɔ via Isak asa vɔe na ye. (Mose I, 22:2) Gake Abraham ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe hewɔ afɔɖeɖe le nya ma dzi wɔwɔ me, eye wòtsɔ eƒe hɛ ŋutɔŋutɔ be yeawu Isak. Mlɔeba la, Mawu dɔ dɔla aɖe be wòava ɖo asi Abraham dzi.—Mose I, 22:9-14.

11 Nukata Abraham ɖo to alea gbegbe? Hebritɔwo 11:17-19 ɖee fia be: “Le xɔse me Abraham tsɔ Isak na, esime wotee kpɔ, eye eya, amesi xɔ ŋugbedodo la, tsɔ eƒe tenuvi na, amesi wogblɔ na be: ‘Le Isak me woayɔ ƒome atsoe na wò;’ elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta.” Romatɔwo 4:20, 21 hã gblɔ nenema tɔgbe be: “[Abraham] meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, . . . eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe [Mawu do] la, ate ŋu awɔe hã.”

12. Aleke woɖo Abraham ƒe xɔse teƒe nɛ?

12 Woɖo Abraham ƒe xɔse teƒe nɛ, menye to Isak xɔxɔ ɖe agbe kple “dukɔ gã” si adzɔ tso eyama me ɖeɖeko me o, ke woɖo eteƒe nɛ le mɔ bubu aɖe hã nu. Mawu gblɔ na Abraham be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.” (Mose I, 22:18) Aleke ema ava emee? Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia adzɔ tso Abraham ƒe dzidzimeviwo me. Fiaɖuƒe ma agbã xexe vɔ̃ɖi sia si le Satana ƒe kpɔkplɔ te la ahaɖee ɖa. (Daniel 2:44; Romatɔwo 16:20; Nyaɖeɖefia 19:11-21) Emegbe woawɔ anyigba la katã wòazu paradiso eye amesiwo tso “dukɔwo katã” me siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu anɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me le anyigba si ŋu wokɔ dzi le Fiaɖuƒedziɖuɖua te. (Yohanes I, 2:15-17) Eye togbɔ be Fiaɖuƒea ŋuti sidzedze sue aɖe koe su Abraham si hã la, eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye wòkpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me woaɖoe anyi.—Hebritɔwo 11:10.

13, 14. Nukatae Hiob ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu?

13 Hiob hã va dzɔ le ƒe alafa geɖe megbe le ƒe alafa 17 kple 16 lia D.M.Ŋ. dome eye wònɔ afisi nye Arabia fifia. Eya hã nɔ agbe hafi wodze Biblia ŋɔŋlɔ gɔme. Hiob “nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 1:1) Esime Satana kplɔ dɔléle nyɔŋu si me vevesese le ƒu Hiob la, anukwaretɔ ma “megblɔ nya vɔ̃ aɖeke” le eƒe dodokpɔ sesẽa katã me o. (Hiob 2:10, The New English Bible) Hiob ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Eye togbɔ be menya nusita wònɔ fu kpem nenema gbegbe o hã la, etsɔ eƒe agbe ke keŋkeŋ ɖe Mawu kple Eƒe ŋugbedodowo ta.

14 Hiob nya be ne yeku gɔ̃ hã la, Mawu ate ŋu agagbɔ agbe ye gbaɖegbe to tsitretsitsi me. Eɖe mɔkpɔkpɔ sia fia esime wògblɔ na Yehowa Mawu be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, . . . naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe! Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? . . . Àyɔm, eye matɔ na wò.” (Hiob 14:13-15) Togbɔ be Hiob nɔ veve helĩhelĩ sem hã la, eɖe xɔse fia ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋu hegblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.

15. Aleke Dawid ɖe eƒe kaka ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo dzi fiae?

15 Le Hiob ƒe ku megbe ƒe siwo ade alafa ade kple abe ƒe akpe ɖeka ene do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba vava la, Dawid ɖe eƒe kaka ɖe xexeme yeyea dzi fia. Egblɔ le psalmowo me be: “Amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Dawid ƒoe ɖe mía nu le mɔkpɔkpɔ like si le esi ta be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, . . . Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.”—Psalmo 37:3, 4, 9-11, 29.

16. Mɔkpɔkpɔ kae le ‘ɖasefowo ƒe alilikpo gã’ aɖe si?

16 Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ sia ke nɔ ŋutsu kple nyɔnu anukwaretɔwo si. Le nyateƒe me la, wonye ‘ɖasefowo ƒe alilikpo gã’ siwo tsɔ woƒe agbe ke keŋkeŋ ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ta vavã. Wowɔ fu Yehowa ƒe blemaɖasefo mawo dometɔ geɖe eye wowu wo le woƒe xɔse ta, “bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu.” Alekee wònye nenema? Le xexe yeyea me la, Mawu atsɔ tsitretsitsi si nyo wu kple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖo eteƒe na woe.—Yohanes 5:28, 29; Hebritɔwo 11:35; 12:1.

Kristotɔ Ðasefowo Ðoa Ŋu Ðe Mawu Ŋu

17. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo ŋu Yehowa ŋu bliboe?

17 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe Fiaɖuƒea kple eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzi ŋuti numeɖeɖe geɖe fia Kristo-hame si woɖo yeyee la. Le kpɔɖeŋu me, eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔe bena amesiwo ava kpe ɖe Yesu Kristo ŋu le Dziƒofiaɖuƒea me ƒe xexlẽme anye ame 144,000. Amesiawo anye Mawu subɔla anukwaretɔ siwo “woƒle tso anyigba dzi.” (Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1-4) Woanye “fia” siwo akpe ɖe Kristo ŋu le dziƒo be woaɖu anyigba la dzi. (Nyaɖeɖefia 20:4-6) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ana Dziƒofiaɖuƒea kple anyigba si dzi wòaɖu ƒe tame si wòɖo la nava eme ale gbegbe be wolɔ̃ faa be yewoaku le yewoƒe xɔse ta. Wo dometɔ geɖe ku nenema hã.

18. Aleke Yehowa Ðasefo siwo li egbea srɔ̃ wo nɔvi siwo nɔ anyi le blema lae?

18 Yehowa ƒe Ðasefo siwo ƒe xexlẽme gogo miliɔn atɔ̃ la hã ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu nenema ke egbea abe wo nɔvi siwo nɔ anyi ƒe alafa geɖe va yi la ke ene. Egbegbe Ðasefo siawo hã tsɔ woƒe agbe ke keŋkeŋ ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ta. Wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ eye Biblia bliboa le wo si be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. (Timoteo II 3:14-17) Míaƒe ŋkekea me Yehowa ƒe Ðasefo siawo srɔ̃ Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me siwo gblɔ be ‘yewoabu Mawu awu amewo.’ (Dɔwɔwɔwo 5:29) Woti Kristotɔ Ðasefo siawo dometɔ geɖe yome ŋutasesẽtɔe le ƒe alafa sia me. Wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ɖe woƒe xɔse ta. Wo dometɔ aɖewo ku le dɔléle, afɔkuwo, alo amegãkuku ta. Gake abe blemaɖasefo anukwaretɔwo ene la, woɖo ŋu ɖe Mawu ŋu elabena wonya be agbɔ agbe yewo le eƒe xexe yeyea me to tsitretsitsia me.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 20:12, 13.

19, 20. Nukae míekpɔ le Biblia ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu me?

19 Yehowa Ðasefowo nya be wogblɔ alesi yewoatso dukɔwo katã me ava zu xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ la ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me. (Yesaya 2:2-4; Nyaɖeɖefia 7:4, 9-17) Eye Yehowa na wole xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ wɔm be woaƒo dzi anukwaretɔ siwo kpɔtɔ la nu ƒu ɖe yeƒe akpa dzi be wòakpɔ wo ta. (Lododowo 18:10; Mateo 24:14; Romatɔwo 10:13) Amesiawo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe elabena wonya be ahe eƒe xexeme yeye wɔnukua vɛ kpuie.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:58; Hebritɔwo 6:10.

20 Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be Satana ƒe xexeame le eƒe ŋkeke mamleawo me ƒe 80 kloe nye sia tso ƒe ɖedzesi si nye ƒe 1914 me. Xexe sia le eƒe nuwuwu gogom. (Romatɔwo 16:20; Korintotɔwo II, 4:4; Timoteo 3:1-5) Eyata Yehowa Ðasefowo léa dzi ɖe ƒo elabena wonya be madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ bliboe. Mawu ato fifi xexe vɔ̃ɖi sia ɖeɖeɖa kple dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeye hehe vɛ me aɖe nɔnɔme gbegblẽ siwo le anyigba dzi ƒe alafa geɖe enye sia la ɖa keŋkeŋ.—Lododowo 2:21, 22.

21. Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ togbɔ be fukpekpewo li fifia hã?

21 Emegbe Mawu aɖe eƒe beléle gã na mí afia yi ɖe mavɔmavɔ me to alesi woayra mí geɖe wòagbɔ fu ɖesiaɖe si míekpe va yi ŋu la me. Míakpɔ nu nyui geɖe le xexe yeyea me ale gbegbe be míaŋlɔ nusiwo ɖe fu na mí va yi la be. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be woanya be Yehowa ‘aʋu eƒe asi me atsɔ nugbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe’ ɣemaɣi.—Psalmo 145:16; Yesaya 65:17, 18.

22. Nukata wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

22 Le xexe yeyea me la, ameƒome anukwaretɔwo akpɔ Romatɔwo 8:21 me vava be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” Woakpɔ gbedodoɖa sia si Yesu fia eyomedzelawo ƒe emevava be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!.” (Mateo 6:10) Eyata ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe elabena eƒe ŋugbedodo si mado kpo emevava o ye nye be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Tame kae Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba sia ŋu?

◻ Nukata Mawu ɖe mɔ ɖe nɔnɔme gbegblẽwo ŋu le anyigba dzi?

◻ Aleke blematɔ anukwaretɔwo ɖe woƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fiae?

◻ Nukata Mawu subɔlawo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu egbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Abraham ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋutete be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawu wɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le paradisonyigba dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe