INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/15 axa 21-23
  • “Na Num Maɖu Le Agbe Me, Menye Ðe Maku Hafi O”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Na Num Maɖu Le Agbe Me, Menye Ðe Maku Hafi O”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ameɖikɔnuwo
  • Afrikatɔwo ƒe Dzixɔsewo
  • Nusi Biblia Gblɔ
  • Nukata Ame Aɖewo ƒe Nuwɔna To Vovo
  • Ðe Wòle Be Woade Bubu Ame Kukuwo Ŋua?
    Nyɔ!—1999
  • Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Afikae Mía Tɔgbui Kukuwo Le?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/15 axa 21-23

“Na Num Maɖu Le Agbe Me, Menye Ðe Maku Hafi O”

Ŋkuléle ɖe Afrikatɔwo ƒe Ameɖikɔnuwo Ŋu

“WOMEÐIA ame o!” Wolɔ̃a nya sia gbɔgblɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Ɣetoɖoƒe Afrika. Gake wonya nyuie be le nyateƒe me la, Ðasefowo ɖia woƒe ame kukuwo.

Nukatae amewo gblɔna be Yehowa Ðasefowo meɖia woƒe ame kukuwo o? Nusitae nye be Ðasefowo mewɔa ameɖikɔnu nyanyɛ siwo wowɔna le wo gbɔ la dometɔ geɖe o.

Ameɖikɔnuwo

Aliu le Titina Negeria ƒe kɔƒe sue aɖe me. Esime dadaa ku la, egblɔe na eƒe ƒometɔwo eye wòwɔ ɖoɖo be woaƒo Ŋɔŋlɔawo me nuƒo aɖe le dadaa ƒe aƒeme. Nuƒo si Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ ƒe hamemegã aɖe ƒo la ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le kple tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ fadziname si ŋuti woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu. Wova ɖi Aliu dadaa le nuƒoa megbe.

Esia mevivi ƒometɔwo nu kura o. Le woawo gome la, ne womedɔ ŋu na ame kukua hafi ɖii o la, ekema ameɖiɖia mede blibo o, eye wowɔa esia zi geɖe le zã si kplɔ ŋkeke si dzi amea ku ɖo la me. Le nuto si me Aliu le me la, ŋudɔdɔ nye azã woɖuna, menye nuxaxa o. Wolea tsi na ame kukua hedoa nu ɣi nɛ, eye woɖonɛ agba ŋu. Kutɔwo kpea hadzilawo, wodzea biya aɖaka kple deha adzafi geɖe, eye wonaa wowua nyitsu alo gbɔ̃ tsɔ saa vɔe. Emegbe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va dzia ha, ɖua ɣe, ɖua nu, henoa aha vaseɖe fɔŋli me.

Le azã siawo ɖuɖu me la, wodaa nuɖuɖu ɖe ame kukua ƒe afɔ nu. Wokpa ame kukua ƒe taɖa ƒe akpa aɖe kple eƒe asifetsu kple afɔfetsuwo dzrana ɖo hena eɖiɖi zi evelia. Woɖia wo le ŋkekewo, kwasiɖawo, alo ƒewo gɔ̃ hã le amea ŋutɔ ɖiɖi megbe.

Woɖia ame kukua le ŋudɔdɔa ƒe ŋufɔke, togbɔ be kunuwɔwɔwo ayi edzi kwasiɖa ɖeka alo ɣeyiɣi si didi wu hã. Emegbe wova ‘ɖia ame zi evelia.’ Woblaa amea ƒe taɖa, eƒe asifetsu kple afɔfetsuawo ɖe avɔ ɣi me heblane ɖe atikpo si didi meta 1.5 vaseɖe 1.8 ŋu. Wotsɔa hadzidzi kple ɣeɖuɖu tsɔa atikpo la yia ameɖiƒee, eye woɖinɛ ɖe amesi ƒe ŋutinuwo wonye la gbɔ tututu. Wogawɔa ʋu, noa aha, heɖua azã ake. Wodaa tu zi ɖeka ɖe yame tsɔ wua kunuwɔwɔa nui.

Esi Aliu melɔ̃ wowɔ nusiawo ƒe ɖeke o ta la, wotsɔ nya ɖe eŋu be mede bubu ame kukua alo kɔnu siwo wotsɔ dea bubu wo ŋui la ŋu o. Gake nukata Aliu si nye Yehowa ƒe Ðasefo la gbe kɔnua wɔwɔ? Elabena eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòalɔ̃ ɖe mawusubɔsubɔdzixɔse siwo ta wowɔa kɔnu siawo ɖo la dzi o.

Afrikatɔwo ƒe Dzixɔsewo

Le Afrika katã la, amewo xɔe se be amegbetɔwo katã dzɔ tso gbɔgbɔxexe aɖe me eye woagatrɔ ayi afima. Yorubatɔ siwo le Nigeria la gblɔna be: “Anyigba dzi nye asitsaƒe ko, ke dziƒoe nye mía de.” Eye Igbotɔwo hã gblɔna be: “Ele be amesiame si ava xexe sia me la, nagatrɔ yi aƒe, eɖanye ɣeyiɣi didi kae ame tsɔ nɔ agbee o.”

Bu kɔnu siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ŋu kpɔ. Nusita wodɔa ŋue nye be woatsɔ ado mɔ amea ƒe gbɔgbɔ nyuie. Wobu avɔ ɣi be esɔ nyuie be woatae ayi gbɔgbɔxexeame. Susu si ta wodaa nuɖuɖu ɖe eƒe afɔ nue nye be afɔe ame kuku tsɔ ɖua nui eye ele be woana nui wòaɖu be dɔ nagava wui le eƒe mɔzɔzɔ me ayi tɔgbuiwo de o.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame akpa gãtɔ xɔe se be ne gbɔgbɔa dzo le amea me la, enɔa tsatsam le agbagbeawo dome eye metrɔna yia tɔgbuiwo gbɔ o vaseɖe esime woaɖi amea zi evelia atsɔ ado mɔe hafi. Ne womeɖi amea zi evelia o la, amewo vɔ̃na be gbɔgbɔa ava kpɔ dziku eye wòahe dɔléle aƒu agbagbeawo alo awu wo. Wodaa tu tsɔ “doa mɔ gbɔgbɔa ɖe” dziƒo.

Togbɔ be kunuwɔkɔnuwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ ale gbegbe le Afrika ƒe teƒe geɖe hã la, zi geɖe la susu si ta koŋ wowɔa wo ɖoe nye be ame kukua ƒe gbɔgbɔa nɔa agbe le eƒe ŋutilã ƒe kuku megbe. Taɖodzinu si ta koŋ wowɔa kɔnuawo ɖoe nye be wòakpe ɖe gbɔgbɔa ŋu “wòayi dziƒo.”

Kristodukɔa ƒe amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia kple “ame kɔkɔewo” subɔsubɔ de dzixɔse kple nuwɔna siawo ƒe dzi ƒo. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye asrafosɔfo aɖe si le Swaziland si gblɔ be menye ɖe Yesu va be yeava ɖe blemakɔnuwo ɖa o, ke boŋ ɖe wòva be yeana woava eme alo aɖo kpe wo dzi. Esi wònye osɔfowoe kpɔa ameɖiɖi dzi zi geɖe ta la, ame geɖe bu be Biblia da asi ɖe blemadzixɔse siawo kple kɔnu siwo wowɔna le wo me la dzi.

Nusi Biblia Gblɔ

Ðe Biblia da asi ɖe dzixɔse siawo dzia? Nyagblɔla 3:20 gblɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋuti be: “Wo katã [amegbetɔwo kple lãwo siaa] woyina teƒe ɖeka, anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” Ŋɔŋlɔawo gagblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, . . . Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, . . . nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 6, 10.

Ŋɔŋlɔ siawo kple bubuwo na eme kɔ ƒã be ame kukuwo mate ŋu akpɔ mí alo aɖo to mí alo akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nuvevi mí o. Ðe esia mesɔ kple nusi nèkpɔna oa? Ðewohĩ ènya kesinɔtɔ aɖe si wobuna si ku eye eƒe ƒometɔwo va kpe fu emegbe, togbɔ be wowɔ kunuwɔkɔnuawo katã hafi. Ne ame ma le agbe le gbɔgbɔxexeme la, nukata makpe ɖe eƒe ƒomea ŋu o? Mate ŋui o elabena nusi Biblia gblɔ la nye nyateƒe—agbe mele ame kukuwo me o vavã, ‘ŋusẽ aɖeke megale wo ŋu le ku me o,’ eyata womate ŋu akpe ɖe ame ŋu o.—Yesaya 26:14.

Mawu ƒe Vi Yesu Kristo nya be esia nye nyateƒe. Bu nusi dzɔ le Lazaro ƒe ku megbe ŋuti kpɔ. Biblia gblɔ be: “[Yesu gblɔ] na wo [eƒe nusrɔ̃lawo] bena: Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me. Tete nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ. Ke Yesu ƒo nu le eƒe ku ŋuti.”—Yohones 11:11-13.

De dzesii be Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ, be woagbɔ ɖe eme. Esime wòva ɖo Betania la, efa akɔ na Lazaro nɔvinyɔnu Maria kple Marta. Veveseɖeamenu na Yesu fa avi. Gake megblɔ nya alo wɔ naneke si fia be gbɔgbɔ aɖe le Lazaro me si gale agbe eye wòle didim be yeayi ɖe tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi o. Ke boŋ Yesu wɔ nusi wògblɔ be yeawɔ la. Enyɔ Lazaro tso ku ƒe alɔ̃dɔdɔ me to efɔfɔ ɖe tsitre me. Esia ɖo kpe edzi be Mawu ato Yesu dzi afɔ amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ɖe tsitre mlɔeba.—Yohanes 11:17-44; 5:28, 29.

Nukata Ame Aɖewo ƒe Nuwɔna To Vovo

Ðe nane gblẽ le kunuwɔkɔnu siwo nɔ te dzixɔse siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dzi la wɔwɔ ŋua? Aliu kple Yehowa ƒe Ðasefo miliɔn geɖe xɔe se be nane gblẽ le eŋu. Wonya be menyo o—eye wònye alakpanuwɔwɔ gɔ̃ hã—be woado alɔ nuwɔna ɖesiaɖe si dze ƒã be enɔ te ɖe aʋatsodzixɔse siwo nye amebeble dzi. Womedi be yewoanɔ abe agbalẽfiala kple Farisitɔ siwo Yesu bu fɔe le mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ ta ene o.—Mateo 23:1-36.

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu eƒe hadɔwɔla Timoteo be: “Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me.” (Timoteo I, 4:1, 2) Ðe dzixɔse si nye be ameƒomea me tɔ siwo ku la le agbe le gbɔgbɔxexeme la nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiaa?

Ẽ, woƒe nufiafiae wònye. Satana Abosam, “aʋatsokafofo” la, gblɔ na Xawa be maku o, si fia be ayi edzi anɔ agbe le ŋutilã me ɖaa. (Yohanes 8:44; Mose I, 3:3, 4) Nya ma mesɔ kple gbɔgblɔ be luʋɔ makumaku yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe ku megbe ya o. Gake Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba trɔa amewo ɖa tso Mawu ƒe Nya la me nyateƒea gbɔ to dzixɔse si nye be agbenɔnɔ yia edzi le ku megbe dodo ɖe ŋgɔ me. Esi Yehowa Ðasefowo xɔ nusi Mawu gblɔ le Biblia me dzi se ta la, womekpɔa gome le nukpɔsusu kple nuwɔna siwo dea Satana ƒe aʋatsokakawo dzi dometɔ aɖeke me o.—Korintotɔwo II, 6:14-18.

Esi Yehowa subɔlawo tsri ameɖinuwɔna siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o ta la, woƒe nu medzea amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo na wo tɔ la ŋu o. Woxɔ Ðasefo aɖewo ƒe domenyinuwo le wo si. Bubuwo ƒe ƒometɔwo gbe wo. Gake esi wonye Kristotɔ vavãtɔwo ta la, wonyae be toɖoɖo Mawu le anukware me menaa xexeame kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o. Woɖoe kplikpaa be ‘yewoabu Mawu awu amewo,’ abe Yesu Kristo ƒe apostolo nuteƒewɔlawo ene.—Dɔwɔwɔwo 5:29; Yohanes 17:14.

Togbɔ be Kristotɔ vavãtɔwo ɖoa ŋku woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le alɔ̃ dɔm le ku me dzi hã la, wodzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃ afia agbagbeawo. Le kpɔɖeŋu me, Aliu kplɔ dadaa yi eƒe aƒemee le fofoa ƒe ku megbe eye wòkpɔ edzi helé be nɛ le eƒe agbemeŋkeke mamleawo katã me. Esime amewo gblɔ be Aliu melɔ̃ dadaa o le esi meɖii le kɔnuwɔwɔ nyanyɛ mɔnu o la, ehe woƒe susu yi nya sia si wo detɔwo gblɔna edziedzi la dzi be: “Na num maɖu le agbe me, menye ɖe maku hafi o.” Nuɖuɖu nana ame le agbe me alo beléle na ame esime wòkpɔtɔ le agbe le vevie sã wu be amea naku hafi woada nuɖuɖu ɖe eƒe afɔ nu eye woadɔ ŋu na amea le eƒe ku me si nye nuwɔna si ŋu míeƒo nu tsoe va yi. Le nyateƒe me la, nu gãwo wɔwɔ na amesi ku la meɖea vi aɖeke nɛ koŋ o.

Aliu bia amesiwo ɖe ɖeklemii la be, ‘Be wò ƒomea nalé be na wò le wò tsitsime alo be woaɖu azã gã aɖe le wò ku megbe ɖe, kae nàdi?’ Wo dometɔ geɖe tia be woalé be na yewo esime yewo le agbe. Edzɔ dzi na wo be wokpɔe hã be ne yewoku la, woawɔ kunu si ŋu bubu le si nɔ te ɖe Biblia dzi ahaɖi yewo le mɔ si dze nu.

Emae Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ na yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo. Wonaa nu wo woɖuna le agbe me, menye ɖe woaku hafi o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe