INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/1 axa 3-4
  • Wɔ Nuteƒe Ne Nànɔ Agbe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Nuteƒe Ne Nànɔ Agbe!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Míazɔ Fɔmaɖimaɖitɔe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Àlé Wò Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/1 axa 3-4

Wɔ Nuteƒe Ne Nànɔ Agbe!

“GBE Mawu, ne naku!” Hiob srɔ̃ si tsɔ nya mawo kpee la ƒe nɔnɔmetatae dze le míaƒe magazinea ƒe akpa dzi. Anye ƒe 3,600 enye sia. Gake nya ma si wotsɔ kpe Mawu subɔla nuteƒewɔla la na nya aɖe si dze ŋgɔ ameƒomea vaseɖe egbea la me kɔ na mí. Nu geɖe dome gblẽ na nuteƒewɔla Hiob—eƒe lãhawo, eƒe aƒe, via ewoawo. Azɔ wotsɔ dɔ vɔ̃ɖi aɖe nɔ fu wɔm eƒe ŋutilã, wodoe kpɔ vaseɖe afisi wòate ŋu ado dzi ase ɖo. Nukatae? Satana Abosam, Mawu kple amegbetɔwo ƒe futɔ gãtɔ di be yeaɖo kpe nya si wòfɔ ɖe te be amegbetɔ mate ŋu alé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi le tetekpɔ sesẽwo me o dzi.—Hiob 1:11, 12; 2:4, 5, 9, 10.

Egbea la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ,” Satana Abosam, “la me” abe alesi wònɔ le Hiob ŋɔli ene. (Yohanes I, 5:19) Le nyateƒe me la, ele alea gɔ̃ hã egbea wu elabena wotsɔ “Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la” ƒu gbe tso dziƒo ɖe anyigba sia dzi fifia. (Nyaɖeɖefia 12:9) Esiae na nuwo sesẽ na ameƒomea le míaƒe ɣeyiɣia me. Xexemeʋa gbãtɔ si dze egɔme le ƒe 1914 me nye “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” si le edzi va ɖo ƒe alafa 20 lia sia me ʋĩ ke.—Mateo 24:7, 8.

Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yedo dzi ʋuu wòglo le xexe vɔ̃ɖi dzeakaɖa sia mea? Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be, ‘Ðe tameɖoɖo aɖe le agbe ŋua?’ Ðewohĩ Hiob se le eɖokui me nenema, gake megbe Mawu dzixɔxɔse gbeɖe o togbɔ be ewɔ vodadawo hã gake. Eɖe eƒe tameɖoɖo kplikpaa gblɔ le nya siawo me be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o”! Eka ɖe edzi be Mawu ‘adze si yeƒe nuteƒewɔwɔ.’—Hiob 27:5; 31:6.

Mawu ŋutɔ ƒe Vi Yesu Kristo hã do dzi le dodokpɔwo me esime wònɔ anyigba dzi. Satana dze Yesu dzi le mɔ vovovowo nu. Enɔ te ɖe Yesu ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo dzi do Eƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Nya ŋu kpɔ abe alesi wòdzɔ le to si dzi wòtee kpɔ le dzi ene. (Mateo 4:1-11) Eɖe fu na Yesu vevie esi wòna agbalẽfiala kple Farisitɔ xɔsegbelawo kple wo yomedzelawo ti eyome, wobu fɔe be egblɔ busunya, eye wode aɖaŋu be yewoawui. (Luka 5:21; Yohanes 5:16-18; 10:36-39; 11:57) Wowɔ fu Yesu wòwu esi aʋatsokɔfala etɔ̃awo wɔ Hiob.—Hiob 16:2; 19:1, 2.

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Getsemane-bɔa me esi wòsusɔ vie wòaɖo eƒe tetekpɔwo ƒe nuwuwu be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me.” Emegbe “edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne àte ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” Mlɔeba Yesu do ɣli sesĩe le fuwɔametia ŋuti be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?” be Psalmo 22:2 ƒe nyagblɔɖinyawo nava eme. Gake mlɔe ke la, Mawu megblẽ Yesu ɖi o elabena Yesu lé nuteƒewɔwɔ deblibo me ɖe asi Nɛ wònye kpɔɖeŋu wòɖo ɖi na Kristotɔ vavãwo katã be woasrɔ̃. Yehowa ɖo Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ esi wòfɔe ɖe tsitre hedoe ɖe dzi kakaka. (Mateo 26:38, 39; 27:46; Dɔwɔwɔwo 2:32-36; 5:30; Petro I, 2:21) Mawu aɖo eteƒe na ame bubu siwo katã awɔ nuteƒe nɛ nenema ke la hã.

Menye Satana ƒe gbetɔamea ŋu koe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖo keŋkeŋ o, ke eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe xe tafe si dzi amegbetɔ nuteƒewɔlawo anɔ te ɖo akpɔ agbe mavɔ la hã. (Mateo 20:28) Gbã la, Yesu ƒo “ha sue” me tɔ siwo wosi ami na be woazu eƒe dziɖuhatiwo le Dziƒofiaɖuƒea me la nu ƒu. (Luka 12:32) Emegbe woƒo “ameha gã” aɖe nu ƒu be woatsi agbe le “xaxa gã” la me anɔ agbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te le anyigba dzi tegbee.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14-17.

Nuteƒewɔla Hiob anɔ ame biliɔn siwo woafɔ ɖe tsitre ɣemaɣi be woanɔ “anyigba yeye” habɔbɔ si me ŋutifafa anɔ la dome. (Petro II, 3:13; Yohanes 5:28, 29) Abe alesi wòdze le míaƒe magazinea ƒe megbekpa dzi ene la, Yehowa “yra Hiob fifia wu tsã” tsɔ ɖo Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ. Ŋusẽ gaɖo eŋu le gbɔgbɔ me wònye amesi “mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.” Mawu didi eƒe agbenɔƒe ɖe edzi ƒe 140 sɔŋ. Le ŋutilã me la, eɖo nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la teƒe nɛ zi eve, eye Hiob gadzi “ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃” eye wogblɔ be nyɔnuviawoe dze tugbe wu le anyigba katã dzi. (Hiob 2:10; 42:12-17) Gake yayra gbogbo siwo nuteƒewɔlawo axɔ le “anyigba yeye” ƒe Paradisoa me ƒe akpa sue aɖe koe nudzedziname siawo katã nye. Wò hã àte ŋu ase vivi ma abe alesi axa siwo kplɔe ɖo aɖe emee ene!

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Yesu wɔ nuteƒe tsɔ ɖo kpɔɖeŋu deblibotɔ ɖi na mí

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe