‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
ESIME Samuel nye ŋutsuvi dzaa la, elé ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu goŋgoŋ togbɔ be Nunɔlagã Eli viwo vɔ̃ɖi hã. (Samuel I, 2:22; 3:1) Le Elisa ŋɔli la, Israel-vi sue aɖe si nɔ aboyo me le Siria la ɖi ɖase na eƒe aƒenɔ dzideƒotɔe. (Fiawo II, 5:2-4) Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, eƒo nu na Israel-nufialawo dzideƒotɔe, ebia nyawo heɖo nyawo ŋu wòwɔ mo yaa na eteƒekpɔlawo. (Luka 2:46-48) Yehowa ƒe tadeagula siwo nye ɖeviwo subɔe anukwareɖiɖitɔe le ŋutinya katã me.
Ðe ɖevi siwo li egbea hã ɖea anukwareɖiɖi ƒe gbɔgbɔ ma ke fianaa? Ẽ, woɖenɛ fiana! Nyatakaka siwo tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ɖee fia be ɖevi gbogbo aɖewo ‘tsɔa wo ɖokui kena’ le Yehowa subɔsubɔ me. (Psalmo 110:3) Nu nyui siwo tsoa woƒe agbagbadzedzewo me la dea dzi ƒo na Kristotɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be ‘ɖeɖi nagate wo ŋu le dɔ nyui wɔwɔ me o.’—Galatiatɔwo 6:9.
Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye Ayumi, Japan-nyɔnuvi sue si zu gbeƒãɖela esi wòxɔ ƒe ade eye wòɖoe eƒe taɖodzinui be yeaɖi ɖase na amesiame le yeƒe sukuxɔ me. Ebia mɔ tsɔ agbalẽ geɖe de sukuxɔa ƒe agbalẽdzraɖoƒe, eye edzra ɖo be yeaɖo biabia ɖesiaɖe si eƒe sukuhatiwo abia la ŋu. Eƒe sukuhatiwo katã kloe kple eƒe nufiala hã va nya agbalẽawo me nyawo. Le ƒe ade si Ayumi tsɔ de gɔmedzesuku me la, ewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 13. Exɔ nyɔnyrɔ̃ esime wònɔ klass enelia, eye exɔlɔ̃wo dometɔ ɖeka si wòsrɔ̃ nu kplii hã xɔ nyɔnyrɔ̃ le klass adelia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia-nusrɔ̃vi sia dada kple nɔvianyɔnu tsitsitɔ eve hã srɔ̃ nu hexɔ nyɔnyrɔ̃.
Agbenɔnɔ Nyui Ðia Ðase
Apostolo Petro gblɔ be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie,” eye sɔhɛ Kristotɔwo wɔna ɖe sedede sia dzi moveviɖoɖotɔe. (Petro I, 2:12) Nusi doa tso emee nye be zi geɖe la, woƒe agbenyuinɔnɔ ɖia ɖase nyuie. Le Afrika-dukɔ si nye Cameroon me la, ŋutsu aɖe va Yehowa Ðasefowo ƒe hamekpekpe aɖe me zi evelia eye wòva nɔ nyɔnuvi sue aɖe xa. Ne nuƒola la kpe nyaselawo be woaxlẽ nya aɖe le Biblia me la, ŋutsua kpɔe be nyɔnuvi suea kpɔa mawunyakpukpuia kaba le eya ŋutɔ ƒe Biblia me hekplɔa nuxexlẽa ɖo nyuie. Eƒe nuwɔna wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be le kpekpea ƒe nuwuwu la, eyi nuƒola la gbɔ hegblɔ be: “Nyɔnuvi sue sia na medi be masrɔ̃ Biblia kpli mi.”
Suku aɖe le Dziehe Afrika si me sukuvi 25 nye Yehowa Ðasefowo ƒe viwo le. Woƒe agbenyuinɔnɔ zu ŋkɔ nyui na Yehowa Ðasefowo. Nufiala aɖe gblɔ na dzila Ðasefo aɖe be yemese alesi Ðasefowo te ŋu nyia wo viwo nyuie nenema gbegbe la gɔme o, vevietɔ esi ye ŋutɔ yeƒe sɔlemeha mete ŋu kpe ɖe sɔhɛwo ŋu o ta. Nufiala yeye aɖe va na kpekpeɖeŋu le sukua me eye ede dzesi Ðasefoviwo ƒe agbenyuinɔnɔ enumake. Ebia ŋutsuvi Ðasefo ɖeka nusi wòle be yeawɔ ava zu Yehowa Ðasefo. Eɖe eme nɛ be ele be wòasrɔ̃ Biblia, eye ewɔ ɖoɖo edzilawo yi va tu eƒe ɖetsɔleme ɖo.
Le Costa Rica la, Rigoberto kpɔ nyateƒea esi eƒe sukuhati eve zã Biblia tsɔ ɖo eƒe biabiawo ŋu nɛ le Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ la, kple dzo mavɔ ŋu. Nya si wogblɔ la wɔ dɔ ɖe edzi vevie, menye le woƒe Ŋɔŋlɔawo zazã ƒe ŋutete ɖeɖe ta o, ke le esi woƒe agbenyuinɔnɔ to vovo na nusi wòkpɔ le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me hã tae. Togbɔ be ƒometɔwo tsi tre ɖe Rigoberto ŋu hã la, ele ŋgɔyiyi nyui wɔm le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me.
Le Spania la, Yehowa ƒe Ðasefo eve—ɖeka xɔ ƒe asieke—yi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Onofre gbɔ. Togbɔ be Ðasefo tsitsi lae ƒo nu wu hã la, sɔhɛ Ðasefoa nɔ Ŋɔŋlɔ siwo woxlẽ la dzi kpɔm eye eɖo ŋku mawunyakpukpui aɖewo dzi yɔ. Ewɔ dɔ ɖe Onofre dzi. Etso nya me be yeasrɔ̃ Biblia le afisi tututu ŋutsuvi ma srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo zazã nyuie nenema gbegbe le. Eyata eyi Fiaɖuƒe Akpataa me le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo ƒe ŋdi kanya. Ehiã be wòalala le xɔxɔnu vaseɖe esime Ðasefoawo va woƒe kpekpe le ɣetrɔ me. Tso ɣemaɣi la, ewɔ ŋgɔyiyi nyui eye exɔ nyɔnyrɔ̃ nyitsɔ laa tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe kpɔɖeŋui.
Sɔhɛ Ðasefo Veviedolawo
Ẽ, Yehowa zãa ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa tsɔ ɖoa ɖokuibɔbɔlawo gbɔ. Esia hã gadze le nuteƒekpɔkpɔ aɖe si tso Hungary me. Le afima la, dɔnɔdzikpɔla aɖe kpɔe be ne amewo va dɔnɔ ƒe ewo vi aɖe kpɔ ge ɖa la, wotsɔa agbalẽ si wòaxlẽ kple nuɖuɖu vɛ nɛ. Enyɔ̃ eƒe ɖetsɔleme wòdi be yeanya nusi ŋu nyɔnuvi ma le nu xlẽm tsoe eye ekpɔe be Biblia ye. Dɔnɔdzikpɔla la ƒo nu kplii eye wògblɔ emegbe be: “Enɔ nu fiam ŋutɔŋutɔ le gɔmedzedzea me.” Esi nyɔnuvia dzo le kɔa dzi la, ekpe dɔnɔdzikpɔla la be wòayi takpekpe aɖe, gake dɔnɔdzikpɔla la gbe yiyi. Gake emegbe elɔ̃ be yeayi “Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ” Nutome Gã Takpekpea. Emegbe kpuie la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe ɖeka megbe—esiawo katã do tso nyɔnuvi sue si zã eƒe kɔdzinɔɣi tsɔ xlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽwoe me.
Ana Ruth si le El Salvador la nɔ eƒe ƒe evelia me le suku kɔkɔ. Elɔ̃a Biblia-srɔ̃gbalẽwo dada ɖe eƒe nusrɔ̃kplɔ̃ dzi be ame bubu siwo dii la naxlẽe. Esi Ana Ruth de dzesii be agbalẽa bu eye emegbe wogatsɔe va da ɖi la, ekpɔe be Evelyn si nye eƒe sukuhati lae nɔ exlẽm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Evelyn lɔ̃ be woasrɔ̃ nu kple ye eye edze hamekpekpewo dede gɔme. Mlɔeba la, exɔ nyɔnyrɔ̃ eye wòwɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ɣesiaɣi. Ana Ruth nye gbesiagbe mɔɖela.
Le Panama la, nɔvinyɔnu aɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu aɖe si srɔ̃ va tsi tre ɖe nyateƒea ŋu ale gbegbe be nusɔsrɔ̃a tɔ te kloe. Gake srɔ̃a ƒe nɔnɔme va fa vivivi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, foa si nye Ðasefo la bia tso esi be wòade mɔ̃ si nyaa fiafiwo ɖa la yeƒe aƒeme. Esime wònɔ mɔ̃a dem la, tɔɖiayɔvi si xɔ ƒe asieke la va aƒeme helé blanui vevie. Ebiae be nukae dzɔ, eye nyɔnuvia gblɔ be ye kple ye nɔvinyɔnu tsitsitɔ yewoyi Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔ ge gake amea menɔ aƒea me o, eyata yemete ŋu wɔ naneke na Yehowa gbemagbe o. Tɔɖia gblɔ be: “Nukata maɖe gbeƒã nam o? Ekema àwɔ nane na Yehowa.” Tɔɖiyɔvia ƒu du kple dzidzɔ va tsɔ eƒe Biblia, eye wodze nusɔsrɔ̃ gɔme.
Nyɔnuvia dada (si nye ŋutsua srɔ̃gã) la nɔ to ɖom. Ebu be fefe aɖe koe nusɔsrɔ̃a nye. Gake ɣesiaɣi ne ŋutsua va aƒea me la, ebiaa tɔɖiayɔvia be wòawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Esi dadaa kpɔ be ye srɔ̃ɖia ƒe ŋku biã eye biabia sesẽ aɖewo le esi la, eɖoe be ye ŋutɔ yeakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi ye via nanɔ eme. Ŋutsua dze nua sɔsrɔ̃ gɔme zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa hewɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Mlɔeba la, eɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe si me srɔ̃a hã xɔ nyɔnyrɔ̃ le la ke me—le tɔɖiayɔvi suea ƒe nɔnɔme nyui la ta.
Ðeviwo ƒe Dzideƒo Ðia Ðase Nyuie
Biblia gblɔ be: “Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa.” (Psalmo 27:14) Mawu subɔlawo katãe wogblɔ nya siawo na, eye ɖeviwo kple tsitsiawo siaa tsɔ esia wɔ dɔe le subɔsubɔƒe si va yi me. Le Australia la, esime nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe atɔ̃ dze suku yeye dede gɔme la, dadaa yi nufiala la gbɔ be yeava ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo me nɛ. Nufiala la gblɔ be: “Menya miaƒe dzixɔsewo xoxo. Viwònyɔnuvia ɖe nusianu me nam.” Nyɔnuvi sia mevɔ̃ be ye ŋutɔ yeayi yeƒe nufiala gbɔ aɖe yeƒe xɔse me nɛ o.
Andrea si xɔ ƒe atɔ̃ le Romania hã ɖe dzideƒo fia. Esi dadaa do le Orthodoks-sɔlemehaa me va zu Ðasefo la, eƒe aƒelikawo gbe toɖoɖoe. Gbeɖeka le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me la, Andrea se subɔsubɔdɔdzikpɔla la te gbe ɖe alesi wòhiã be míaɖe gbeƒã na aƒelikawoe dzi. Ebu esia ŋu vevie, eye esi wòyi aƒeme la, egblɔ na dadaa be: “Dada, ne èdzo yi dɔ me la, madzra ɖo atsɔ agbalẽwo ade nye akplo me abe alesi nèwɔnɛ ene, eye mado gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maƒo nu tso nyateƒea ŋu na aƒelikawo.”
Esi ŋu ke la, Andrea wɔ nusi ƒe ŋugbe wòdo. Esi wòlé dzi ɖe ƒo la, eƒo aƒelika aɖe ƒe agbonuga. Esi aƒelika la ʋu ʋɔtrua la, nyɔnuvi sue sia gblɔ be: “Menya be tso esime danye zu Ðasefo la, miegalɔ̃a eƒe nya o. Ete kpɔ be yeaƒo nu na mi zi geɖe, gake miedi be yewoasee o. Esia venɛ ŋutɔ, gake medi be mana mianya be míelɔ̃ mi.” Andrea yi edzi ɖi ɖase nyuie. Le ŋkeke ɖeka me la, ena agbalẽ ade, magazine ade, agbalẽvi ene, kple trakt ene. Tso ɣemaɣi la, eyia gbeadzi ɣesiaɣi.
Ele be mía nɔviwo naɖe dzideƒo gã afia le Rwanda le dzre si le afima ta. Ɣeaɖeɣi la, wode Ðasefowo ƒe ƒome aɖe xɔ aɖe me eye asrafowo nɔ klalo be yewoawu wo. Ƒomea bia mɔ be yewoado gbe ɖa gbã. Woɖe mɔ na wo, eye wo katã wodo gbe ɖa le tame negbe Deborah, nyɔnuvia ko. Nyatakaka aɖe gblɔ be Deborah do gbe ɖa sesĩe be: “Yehowa, le kwasiɖa sia me la, mía kple Papa míena magazine atɔ̃. Aleke míawɔ agatrɔ ayi amesiawo gbɔ afia nyateƒea wo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ agbe? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aleke mawɔ anye gbeƒãɖela fifia? Medi be maxɔ nyɔnyrɔ̃ ale be mate ŋu asubɔ wò.” Esi asrafo aɖe se nya sia la, egblɔ be: “Míate ŋu awu mi o le nyɔnuvi sue sia ta.” Deborah ɖo eŋu be: “Akpe na mi.” Womewu ƒomea o.
Esi Yesu yi Yerusalem abe aʋadziɖula ene le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, ameha gã aɖewo va do goe eye wonɔ dzidzɔ dom ɖe eŋu. Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa nɔ amehã la dome. Nuŋlɔɖia ɖee fia be ŋutsuviwo “[nɔ] ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la!” Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo tsi tre ɖe nusia ŋu la, Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexlẽe kpɔ bena: ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ o mahã?”—Mateo 21:15, 16.
Ðe menye dzidzɔ be míakpɔe be Yesu ƒe nyawo nye nyateƒe egbea gɔ̃ hã oa? “Ðeviwo kple vi nonowo”—eye míagblɔ kpee be, ƒewuiviwo kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo—“ƒe nu me” Yehowa dzra kafukafu ɖo. Le nyateƒe me la, ame aɖeke menye ɖevi akpa le Yehowa kafukafu me o.—Yoel 3:1, 2.