Takpekpe Kple Mawuvɔ̃lawo
“EDZROA amewo le afisiafi be yewoavo tso vɔvɔ̃ si me—vɔvɔ̃ na ŋutasẽnuwɔwɔ, vɔvɔ̃ na dɔmakpɔmakpɔ, kple vɔvɔ̃ na dɔléle sesẽwo. Edzroa míawo hã. . . . Ke nukata míele alesi míatu vɔvɔ̃ ɖoe me dzrom?” Nuƒo tɔxɛ la ƒolae bia nya ʋãme sia le “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe siwo dze egɔme tso June 1994 me la dometɔ ɖesiaɖe me.
Ame miliɔn geɖe siwo yi—gbã le Anyiehe Amerika, emegbe le Europa, Titina kple Dziehe Amerika, Afrika, Asia, kple le ƒukpowo dzi—la di vevie be yewoasrɔ̃ vɔvɔ̃ sia tutuɖo. Nukatae? Míaƒe mawuvɔvɔ̃ ye ana míaxɔ yayra siwo Yehowa Mawu dzra ɖo ɖi na eƒe amewo. Mawuvɔvɔ̃ sɔsrɔ̃ tae takpekpevalawo va kpe ta ɖo, eye wosrɔ̃ nu geɖe tso Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi sia ŋu le ŋkeke etɔ̃ ƒe nuƒoawo me.
“Vɔ̃ Mawu, eye Nàlé Eƒe Seawo Me Ðe Asi”
Emae nye takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe tanya si wotu ɖe Nyagblɔla 12:13 dzi. Nukae Mawu vɔvɔ̃ fia? Le nuƒoawo ƒe gɔmedzedze la, takpekpea ƒe zimenɔla ɖe eme be mawuvɔvɔ̃ fia Yehowa vɔvɔ̃ kple bubu deto dede eŋu kpakple vɔvɔ̃ be míagawɔ nusi madze eŋu o. Mawuvɔvɔ̃ sia megblẽa nu le ame ŋu o; enye nu nyui si tua ame ɖo.
Aleke vɔvɔ̃ nyui sia ɖea vi na míi? Nuƒo si kplɔe ɖo si nye “Ðeɖi Megate Ŋuwò Nàna Ta O” ɖe eme be mawuvɔvɔ̃ aʋã mí míatsɔ dzidzɔ awɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi. Tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi si vɔvɔ̃ sia ana wòanɔ mía me ŋu la, ado ŋusẽ mí hã le gbɔgbɔ me. Ẽ, mawuvɔvɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míagagbɔdzɔ le agbe mavɔ ƒe duɖimekeke la me o.
Nuƒo si kplɔe ɖo la nye gbebiame siwo ɖo kpe edzi be mawuvɔvɔ̃ ate ŋu alé mí ɖe te. Amesiwo wobia gbee la gblɔ alesi bubu ƒe vɔvɔ̃ na Mawu ʋã yewo yewoyi subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be ɖekematsɔleme, numawɔmawɔ ɖe ame ŋu nyuie, alo yometiti li hã, kple alesi wòkpe ɖe yewo ŋu yewodo dzi le ame ŋutɔ ƒe tetekpɔ sesẽwo me.
Gake nukata ame aɖewo vɔ̃a Mawu evɔ ame bubuwo ya mevɔ̃nɛ o? Le Nuƒo tɔxɛ si nye “Mawuvɔvɔ̃ Sɔsrɔ̃ Kple Viɖekpɔkpɔ tso Eme” me la, nuƒola la ɖe eme be le Yeremya 32:37-39 la, Yehowa do ŋugbe be Yeana dzi si vɔã Mawu la Yeƒe amewo. Yehowa ƒaa mawuvɔvɔ̃ ɖe míaƒe dzi me. Alekee? To eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kple eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la dzi. Gake edze ƒã be ele be míadze agbagba vevie asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahawɔ gbɔgbɔmenunana gbogbo siwo ƒe ɖoɖo wòwɔ la ŋudɔ bliboe. Míaƒe takpekpewo kple hame kpekpe siwo kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a evɔvɔ̃ la hã kpe ɖe esiawo ŋu.
Ŋdɔ me nuƒoawo dze egɔme kple nuxlɔ̃ame be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu. Mɔ siwo nu wòle be Fiaɖuƒea nakpɔ ŋusẽ ɖe mí Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi ŋuti numedzodzro kplɔ esia ɖo.
Azɔ woƒo nuƒo kpui etɔ̃ siwo nɔ takpekpea ƒe nuƒoawo me la ƒe gbãtɔ. Nuƒo kpui sia si ku ɖe ƒomea ŋu koŋ la ƒe tanyae nye “Mawuvɔvɔ̃ Ʋãa Mí be Míawɔ Ðe Mawu ƒe Nudidiwo Dzi.” Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋu—siwo wɔa dɔ—siwo woɖo la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.
□ Na srɔ̃ŋutsuwo: Ele be mawuvɔvɔ̃ naʋã ŋutsu wòalɔ̃ srɔ̃a abe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ene. (Efesotɔwo 5:28, 29) Ŋutsu meɖonɛ koŋ wɔa nuvevi eɖokui, ɖia gbɔ eɖokui le xɔlɔ̃wo ƒe ŋkume, alo ƒoa nu tso eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Ekema ele be wòade asixɔxɔ srɔ̃a ŋu ahabui abe alesi wòwɔna na eɖokui ene.
□ Na srɔ̃nyɔnuwo: Yesu ƒe mawuvɔvɔ̃ ʋãe ‘wòdze Mawu ŋu ɣesiaɣi.’ (Yohanes 8:29) Esia nye nɔnɔme nyui aɖe si wòle be srɔ̃nyɔnuwo nasrɔ̃ le nu wɔwɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu me.
□ Na Dzilawo: Dzila Kristotɔwo ate ŋu aɖe mawuvɔvɔ̃ afia to dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ moveviɖoɖotɔe ahabu wo viwo be wonye domenyinuwo tso Yehowa gbɔ me. (Psalmo 127:3) Ele be dzilawo ƒe taɖodzinu vevitɔ nanye be woanyi wo viwo woava zu Kristotɔ vavãtɔwo.
□ Na ɖeviwo: Yehowa de se na ɖeviwo be woaɖo to wo “dzilawo le Aƒetɔ la me.” (Efesotɔwo 6:1) Eyata to ɖoɖo wo dzilawo nye to ɖoɖo Mawu.
Ŋkekea ƒe nuƒo mamlea wɔ dɔ ɖe ame dzi vevie, elabena eƒo nu tso seselelãme deto si mí katã míesena ne míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la ŋu. Gake nane dzɔ si womenɔ mɔ kpɔm na o le nuƒoa titina lɔƒo. Nuƒola la na dzi dzɔ nyaselawo esi wòɖe gbeƒã agbalẽ gbadza yeye aɖe ɖeɖeɖego, si nye Ne Wò Ame Vevi aɖe Ku. Axa 32 ƒe agbalẽ sia si me amadede vovovowo le la gblɔ nya geɖe siwo ate ŋu akpe ɖe amesiwo le nu xam ŋu be woase woƒe seselelãme kple nɔnɔme siwo doa mo ɖa le lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku megbe la gɔme ahakpe akɔ kplii. Edzɔ ɖe dziwò kpɔ be mènya nya kae nàgblɔ na amesi dzi ku dzɔ ɖo oa? Agbalẽ gbadza sia ƒe akpa aɖe dzro alesi míate ŋu akpe ɖe amesiwo le nu xam ŋu me. Esi nyaselawo nɔ to ɖom nuƒola la, wo dometɔ geɖe nɔ tame bum le amesiwo agbalẽ sia ate ŋu aɖe vi na ŋu.
‘Tsɔ Mawuvɔvɔ̃ Kple Dzodzo Nyanyanya Wɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Lae’
Emae nye ŋkeke evelia ƒe tanya si wotu ɖe Hebritɔwo 12:28 dzi. Woƒo nuƒo kpuiawo ƒe evelia si nye “Hame Siwo Zɔna le Yehowa Vɔvɔ̃ Me” le ŋdi me nuƒoawo me. Eƒe akpa gbãtɔ ƒo nu tso kpekpewo yiyi ŋu. Míaƒe kpekpewo dede ɖenɛ fiana be míedea bubu Mawu kple eƒe gbɔgbɔmenunanawo ŋu. Míetoa wo dede dzi ɖenɛ fiana be míevɔ̃a eƒe ŋkɔ eye míedi vevie be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 10:24, 25) Nuƒola evelia ɖe eme be ne hame bliboa azɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me la, ke ele be amesiame nawɔ eƒe akpa dzi le agbenyuinɔnɔ gome. Nuƒola mamletɔ ƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ si le Kristotɔwo katã si kple agba si le wo dzi ŋu—be woaɖe gbeƒã nyanyuia madzudzɔmadzudzɔe. Ɣekaɣie míaɖe gbeƒã ase ɖo? Vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be enyo.—Yesaya 6:11.
Nuƒo si kplɔe ɖo ƒe tanyae nye “Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu Enye Miaƒe Mɔ̃ Sesẽ,” eye woƒo nu tso eŋu fifia le magazine sia ƒe nusɔsrɔ̃nyatiwo me. (Nexemya 8:10) Nukata Yehowa ƒe amewo kpɔa dzidzɔ ɖo? Nuƒola la yɔ susu vovovo siwo tae. Wo dometɔ si ɖe dzesi ŋutɔe nye be ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu na míenye amesiwo kpɔa dzidzɔ wu le anyigba dzi. Nuƒola la ɖo ŋku edzi na takpekpevalawo be, mibu eŋu kpɔ, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míele amesiwo Yehowa he va Yesu Kristo gbɔe la dome. (Yohanes 6:44) Susu vevi si ta wòle be dzi nadzɔ mí ɖo kae nye si!
Takpekpe ɖesiaɖe me wɔna vevi aɖee nye nyɔnyrɔ̃xɔxɔ, eye nenemae wònɔ le “Mawuvɔvɔ̃” ƒe Takpekpeawo hã me. Le nuƒo si nye “Adzɔgbeɖeɖe Kple Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ le Yehowa Vɔvɔ̃ Me” me la, nuƒola la ɖe eme be nyɔnyrɔ̃xɔlawo katã ƒe agba si le woa ŋutɔwo dzi la mã ɖe akpa ene me: (1) Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la eye míazã agbalẽ siwo akpe ɖe mía ŋu míase egɔme ahatsɔe awɔ dɔe la; (2) ele be míado gbe ɖa; (3) ele be míade ha kple haxɔsetɔwo le hame kpekpewo me; eye (4) ele be míaɖi ɖase le Yehowa ƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒea ŋuti.
Memleɖa ƒe ŋdɔ me nuƒoawo dze egɔme kple tanya si naa kakaɖedzi ame si nye “Dukɔ si Yehowa Megblẽna Ði O.” Le ƒe 3,500 siwo va yi me esi ɣeyiɣi sesẽwo dze ŋgɔ Israel-dukɔa la, Yehowa na kakaɖedzi wo to Mose dzi be: “Yehowa, wò Mawu . . . maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.” (Mose V, 31:6) Yehowa wɔ ɖe kakaɖedzinya mawo dzi hekpɔ Israel-dukɔa ta esi woge ɖe Ŋugbedodonyigba dzi hexɔe wònye wo tɔ. Ne mídze ŋgɔ tetekpɔ sesẽwo egbea la, míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa magblẽ mí ɖi o, ne míeku ɖe eŋu goŋgoŋ hetsɔ aɖaŋuɖoɖo si tso eƒe Nya la me wɔ dɔe.
Aleke nàwɔ Biblia xexlẽ navivi nuwò? Amesi ƒo nuƒo si nye “Xlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, Gbesiagbe” la ɖo aɖaŋu be míatsɔ didi vevie be míanya nane axlẽe eye míanɔ nya siawo tɔgbe biam mía ɖokui be: Nukae nya sia fiam le Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple eƒe mɔwo ŋu? Aleke mate ŋu asrɔ̃ Yehowa wu le go siawo mee? Biblia xexlẽ le mɔ sia nu vivia ame nu heɖea vi geɖe.
Emegbe wohe susu yi takpekpea me nuƒo kpuiawo ƒe etɔ̃lia si ƒe tanyae nye “Nunana Siwo Akpe Ðe Yehowa Vɔ̃lawo Ŋu” la dzi. Togbɔ be Yehowa mawɔ nukunu na esubɔlawo egbea o hã la, ekpena ɖe evɔ̃lawo ŋu godoo. (Petro II, 2:9) Nuƒo kpui sia dzro Yehowa ƒe nunana ene siwo akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la me: (1) Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ dzi doa ŋusẽ mí be míawɔ dɔ siwo kpe wu míaƒe ŋusẽ. (2) Etoa eƒe Nya la dzi naa aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia mí. (3) Etoa tafe la dzi naa dzitsinya dzadzɛ sua mía si. (4) Etoa eƒe habɔbɔ, kple hamemegãwo hã dzi fiaa mɔ mí hekpɔa mía ta. (Luka 11:13; Efesotɔwo 1:7; Timoteo II, 3:16; Hebritɔwo 13:17) Ne míewɔ nunana siawo ŋudɔ bliboe la, míate ŋu ado dzi eye wòana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.
Memleɖa ƒe ŋdɔ me nuƒo mamlea ƒe tanyae nye “Yehowa ƒe Ŋkeke Dziŋɔ la Tu Aƒe,” eye wotui ɖe Maleaxi ƒe nyagblɔɖia dzi. Ŋkeke dziŋɔwo va yi le ŋutinya me, si ƒe ɖee nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si wohe va Yerusalem dzi le ƒe 70 M.Ŋ. Gake ŋkeke si dzi ŋɔ wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã mee anye Yehowa ƒe ŋkeke si gbɔna esime ‘wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la o.’ (Tesalonikatɔwo II, 1:6-8) Ɣekaɣie wòava? Nuƒola la gblɔ be: “Nuwuwua tu aƒe! Yehowa nya ŋkeke ma kple gaƒoƒoa. Matrɔ eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la o. Wobia tso mía si be míado dzi dzigbɔɖitɔe.”
Ewɔ nuku ŋutɔ be ŋkeke eve va yi xoxo. Aleke ŋkeke mamletɔ anɔ?
“Mivɔ̃ Mawu, eye Mitsɔ Ŋutikɔkɔe Nɛ”
Wotu ŋkeke etɔ̃lia ƒe tanya ɖe Nyaɖeɖefia 14:7 dzi. Le ŋdi me la, nuƒo si tsiã ɖe wo nɔewo nu tɔ asi nufiafia aɖewo siwo na Yehowa Ðasefowo to vovo tso subɔsubɔha bubuwo katã gbɔ dzi.
Le nuƒo si nye “Tsitretsitsi Li na Ame Dzɔdzɔewo” me la, nuƒola la bia nya ʋãme aɖe be: “Ɣekaɣie woafɔ amesiwo ku le nuteƒewɔwɔ me le Satana ƒe nuɖoanyi sia ƒe ƒe mamleawo me la ɖe tsitre le Ƒe Akpe Ðeka Ʋɔnudrɔ̃gbe ma me?” Aleke nàɖo eŋui? Nuƒola la ɖe eme be: “Biblia megblɔe o. Gake ɖe susu mele eme be woafɔ amesiwo ku le míaƒe ŋkekea me la gbã bene woakpe ɖe ameha gã siwo atsi agbe tso Harmagedon me la ŋu le hehenadɔ gã si ayi edzi le Ʋɔnudrɔ̃gbea katã dzi oa? Ẽ, susu le eme!” Ðe agbetsilawo anɔ anyia? Ẽ, woanɔ anyi godoo. Woɖe Biblia ƒe nufiafia kple kpɔɖeŋu siwo na míeka ɖe esia dzi la me nyuie le nuƒo si kplɔe ɖo me, si nye “Woxɔ Wo Ðe Agbe tso Xaxa Gã la Me.”
Gɔmesese su Yehowa Ðasefowo si tso gbaɖegbe ke be mɔkpɔkpɔ evee le Biblia me—agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi na ame miliɔn geɖe kple makumakunyenye ƒe dziƒogbenɔnɔ na ame ʋee siwo aɖu fia kple Kristo le eƒe Fiaɖuƒea me. Wodzro dziƒomɔkpɔkpɔa me le nuƒo si nye “Ha Sue, Megavɔ̃ O!” me. (Luka 12:32) Le alesi xexeame ƒe nɔnɔmewo le fifia ta la, ele be dzi nanɔ ha sue la ƒo; ele be wo dometɔ ɖesiaɖe nado dzi vaseɖe nuwuwu. (Luka 21:19) Nuƒola la gblɔ be: “Woƒe mavɔ̃mavɔ̃ dea dzi ƒo na ameha gã la. Mele be woawo hã navɔ̃ o esi wole mɔ kpɔm na ɖeɖe le xaxaɣi gãtɔ kekeake si ava anyigba dzi kpɔ la me ta.”
Le ŋdi me nuƒoawo ƒe nuwuwu la, nyaselawo tsɔ dzidzɔ kpɔ drama si wotu ɖe Biblia dzi si ƒe tanyae nye Tiatia Siwo Dze Ŋgɔ Wò. Le Yosua ƒe ŋkekeawo me, kple le nyagblɔɖila Eliya hã tɔ me la, nyametsotso aɖe dze ŋgɔ Israel-viwo. Ele be woawɔ tiatia. Eliya gblɔ be: “Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!” (Fiawo I, 18:21) Nyametsotsowo dze ŋgɔ ameƒomea egbea hã. Menye susu vovovo eve ƒe adzɔ eve ɖuɣie nye sia o. Nukae nye tiatia nyuitɔ? Eyae nye esi Yosua si nɔ anyi le blema la tia. Egblɔ be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yosua 24:15.
Edze abe ɖe Kwasiɖagbe ŋdɔ me va do kpoyi ene, eye dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Nusita Wòle Be Nàvɔ̃ Mawu Vavã la Fifia” la ƒoɣi ɖo. Woƒoe ɖe ameƒomea katã nu le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.” Nukata wòhiã kpata fifia be míavɔ̃ Mawu? Elabena abe alesi ŋɔŋlɔ la yi edzi gblɔe ene la, “eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.” Yehowa ato Via si le zi dzi fifia abe Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia ene la dzi ahe fifi nuɖoanyi makɔmakɔ si dze aglã la ava nuwuwui. Nuƒola la ɖe eme be esia nye mɔ ɖeka kolia si dzi woato ahe gbɔdzɔe vɛ na amesiwo vɔ̃a Mawu eye woaɖe míaƒe aƒe si nye anyigba la ahakpɔ eta. Esi míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamleawo me ta la, ehiã kpata fifia be míavɔ̃ Mawu vavã la!
Le Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ totoɖeme megbe la, nuƒola mamletɔ ƒe nuƒoa ɖo edzi. Egblɔ be takpekpea me nuƒowo na takpekpea valawo se mawuvɔvɔ̃ me nyuie wu. Ete gbe ɖe viɖe geɖe siwo mawuvɔ̃lawo kpɔna dzi. Nuƒola la ɖe gbeƒã video yeye si woɖe ɖe go—United by Divine Teaching. “Mawu ƒe Nufiafia” Dukɔwo Dome Takpekpe siwo wowɔ le ƒe 1993-94 ƒe nudzɔdzɔ tɔxɛwo ŋue wòku ɖo. Esi nuƒoa yina eƒe nuwuwu la, ame geɖe bia wo ɖokui be, ‘Nukae míakpɔ mɔ na le ƒe si gbɔna me?’ Eyae nye ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe siwo woawɔ le teƒe geɖe.
Esi nuƒola la nɔ eta ƒom la, eyɔ Maleaxi 3:16, si gblɔ be: “Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” Takpekpea valawo dzo kple tameɖoɖo kplikpaa be yewoabu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu ahasubɔe le mawuvɔvɔ̃ me.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ele be nyɔnyrɔ̃xɔlawo nayi edzi aɖe mawuvɔvɔ̃ afia
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Drama si nye “Tiatia Siwo Dze Ŋgɔ Wò” na nyaselawo kpɔe be ehiã be yewoatso nya me le Yehowa subɔsubɔ ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Edzɔ dzi na takpekpevalawo be yewoxɔ agbalẽ gbadza yeye si nye “Ne Wò Ame Vevi aɖe Ku”