Exɔ Mawu ƒe Mɔfiafia
TSƆE be wotsɔ ɖevi si de blibo de asi na wò hebia tso asiwò be nànyii nyuie. Dɔ sesẽ kae nye si wòanye! Aleke amegbetɔ madeblibo ate ŋu awɔ dɔ mae? To Mawu ƒe mɔfiafia xɔxɔ kple eŋudɔwɔwɔ le gbesiagbegbenɔnɔ me dzi koe wòato.
Nu ma tututue Yosef, vifofo si xɔ Yesu nyi la, wɔ. Nya ʋee aɖewo ko Biblia gblɔ tso akpa si Yosef wɔ ɖokuibɔbɔtɔe le Yesu ƒe ɖevimegbenɔnɔ me ŋu si to vovo na xotutu gbogbo siwo wokpa le eŋu. Míenya be Yosef kple srɔ̃a, Maria, nyi Yesu, kple viŋutsu ene, kpakple nyɔnuviwo hã.—Marko 6:3.
Yosef nye Israel Fia Dawid ƒe dzidzimevi si dzɔ tso Salomo ƒe ƒomea me. Yakob vi kple Eli toe wònye. (Mateo 1:16; Luka 3:23) Esi wònye atikpalae Yosef nye le Nazaret-dua me le Galilea ta la, enye ame dahe. (Mateo 13:55; Luka 2:4, 24; tsɔe sɔ kple Mose III, 12:8.) Gake enye kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me. (Lododowo 10:22) Edze ƒã be Mawu ƒe mɔfiafia si wòxɔ tae.
Ðikekemanɔmee la, Yosef nye Yudatɔ fatu si bɔbɔa eɖokui eye wòxɔ Mawu dzi se hedi be yeawɔ nu nyui. Eƒe agbemenudzɔdzɔ ʋee siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖee fia be ewɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi ɣesiaɣi. Yosef wɔ ɖe wo dzi eɖanye Sea mee wonɔ alo mawudɔlawo gbɔe wòxɔe tsoe tẽ o.
Ame Dzɔdzɔe si Dze Ŋgɔ Kuxiwo
Nukae wòle be mawuvɔ̃la nawɔ ne kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔe? Ele be ‘wòatsɔ eƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi’ ahawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi! (Psalmo 55:23) Emae nye nusi Yosef wɔ. Togbɔ be wo kple Maria do ɖeɖe ŋugbe hã la, “hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso gbɔgbɔ kɔkɔe la me.” Esi Yosef ‘nye ame dzɔdzɔe eye medi be yeado ŋukpee o ta la, eɖo tame be yeagbee le aɖaŋu me.’ Esi Yosef bu nya la ŋu vɔ la, Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe hegblɔ nɛ be: “Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.” Esi Yosef nyɔ la, “ewɔ alesi [Yehowa] ƒe dɔla la gbɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe; eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” (Mateo 1:18-25) Yosef xɔ Mawu ƒe mɔfiafia.
Kaisaro Augusto de se be amewo naŋlɔ ŋkɔ le wo deduwo me. Yosef kple Maria wɔ ɖe edzi heyi Betlexem le Yudea. Afimae Maria dzi Yesu le eye wòle be wòatsɔe amlɔ lãnuɖunu me elabena womekpɔ dzeƒe o. Alẽkplɔla siwo mawudɔlawo ɖe gbeƒã vidzidzi tɔxɛ sia na la va kpɔ vidzĩ la ɖa le zã ma me. Anɔ ŋkeke 40 megbe la, Yosef kple Maria wɔ ɖe Sea dzi esi wotsɔ Yesu yi Yerusalem-gbedoxɔa me hetsɔ nunana kpe ɖe ŋu. Wo ame evea ƒe nu ku esi wose amegãɖeɖi Simeon ƒe nyagblɔɖinyawo le nu gã siwo Yesu awɔ la ŋu.—Luka 2:1-33; tsɔe sɔ kple Mose III, 12:2-4, 6-8.
Togbɔ be edze abe Luka 2:39 fia be Yosef kple Maria yi Nazaret le Yesu tsɔtsɔ yi gbedoxɔa me megbe teti hã la, nya sia nye nuŋlɔɖi si wotò ɖe eme ƒe akpa aɖe. Edze be le etsɔtsɔ yi gbedoxɔa me megbe ƒe ɣeyiɣi aɖe me la, ɣletivimefakala (Magi) siwo tso Ɣedzeƒe la va srã Maria kple Yesu kpɔ le aƒe aɖe me le Betlexem. Mawu mena sasrãkpɔ sia he ku vɛ na Yesu o. Esi ɣletivimefakalawo dzo la, Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe hegblɔ nɛ be: “Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.” Abe alesi Yosef wɔnɛ ɖaa ene la, ewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi eye wòkplɔ eƒe ƒomea yi Egipte.—Mateo 2:1-14.
Esi Herodes ku la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte gblɔ bena: “Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi.” Esi Yosef se be Herodes viŋutsu, Arxelao, ye nɔ fia ɖum ɖe fofoa teƒe la, evɔ̃ be yeatrɔ ayi Yudea. Gake ewɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Mawu nɛ le drɔ̃eƒe la dzi heyi Galilea-nuto me eye wòva tsi Nazaret-dua me.—Mateo 2:15-23.
Enye Gbɔgbɔmeme
Yosef kpɔ egbɔ be yeƒe ƒomea wɔ ɖe Mawu ƒe se dzi eye wokpɔ tutuɖo le gbɔgbɔ me. Ekplɔa eƒe ƒome bliboa yia Ŋutitotoŋkekenyuiɖuƒe le Yerusalem ƒe sia ƒe. Le azã siawo dometɔ ɖeka me la, Yosef kple Maria nɔ mɔ dzi yina Nazaret eye wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ tso Yerusalem hafi kpɔe be Yesu si xɔ 12 la bu. Wotrɔ va Yerusalem va dii vevie, eye wova ke ɖe eŋu mlɔeba le gbedoxɔa me wònɔ to ɖom nufiala siwo le afima henɔ nya biam wo.—Luka 2:41-50.
Anɔ eme be Yosef na srɔ̃a xɔ ŋgɔ le nanewo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esi wotrɔ yi Yerusalem eye wokpɔ Yesu le gbedoxɔa me la, Maria ye ƒo nu na viaŋutsuvia le nya la ŋu. (Luka 2:48, 49) Esi Yesu nɔ tsitsim abe ‘atikpala ƒe vi’ ene la, exɔ gbɔgbɔmenufiame. Yosef fia atikpakpadɔ hãe, elabena woyɔe be “atikpala, si nye Maria ƒe vi.” (Mateo 13:55; Marko 6:3) Ele be dzila mawuvɔ̃lawo nawɔ mɔnukpɔkpɔ mawo tɔgbe ŋudɔ bliboe egbea atsɔ afia nu wo viwo, vevietɔ woana gbɔgbɔmehehe wo.—Efesotɔwo 6:4; Timoteo II, 1:5; 3:14-16.
Yosef ƒe Mɔkpɔkpɔwo
Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso Yosef ƒe ku ŋu o. Gake ele be míade dzesii be woyɔ Yesu le Marko 6:3 be “Maria vi,” ke menye Yosef ƒe vi o. Esia fia be Yosef ku ɣemaɣi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ɖe Yosef nɔ agbe va ɖo ƒe 33 M.Ŋ. me la, anye ne Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la matsɔ Maria dzi kpɔkpɔ ade asi na apostolo Yohanes o.—Yohanes 19:26, 27.
Eyata Yosef anɔ ame kuku siwo ase Amegbetɔvi la ƒe gbe ahado go le tsitretsitsi me la dome. (Yohanes 5:28, 29) Ðikeke mele eme o be ne Yosef srɔ̃ nu tso agbe mavɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ ŋu la, atsɔ dzidzɔ awɔ eŋudɔ ahanye Dziƒofiagã, Yesu Kristo, tevi toɖola, abe alesi wòwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi le ƒe 1,900 kple edzivɔ enye si va yi me ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Yosef fia gbɔgbɔmenuwo Yesu eye wògafia atikpakpadɔ hãe