Nu Nyuitɔ Kekeake Si Ŋu Mezã Nye Agbe Ðo
ABE ALESI BOB ANDERSON GBLƆE ENE
Ƒe ewo kple edzivɔe nye sia la, xɔlɔ̃ aɖewo biam be: “Bob, nukata nèle mɔɖeɖedɔa wɔm eteƒe didi alea?” Meko nu vie hegblɔ be: “Ðe dɔ aɖe li si ganyo wu mɔɖeɖedɔa?”
MEXƆ ƒe 23 esime medze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1931 me. Fifia mele nye ƒe 87 lia me eye megale mɔɖeɖedɔa wɔm. Menya be dɔ nyui aɖeke megali mazã nye agbe atsɔ awɔe o. Na maɖe nusitae me na wò.
Wogblẽ trakt aɖe ɖe míaƒe aƒeme le ƒe 1914 me. Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ene, ye tae. Esi Ðasefoa gava la, danye bia nyae tso dzomavɔ ŋu nyuie. Wonyii wònye Wesley ƒe Methodisttɔ veviedola aɖe gake mete ŋu bu funyafunya mavɔ wɔwɔ ame ƒe nufiafia ɖe lɔlɔ̃ ƒe Mawu ŋu o. Esi wònyase nyateƒe si le nya la me ko la, egblɔ be: “Dzi dzɔm wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le nye agbe me!”
Danye dzudzɔ nufiafia le Methodist-ha ƒe Kwasiɖagbe suku enumake heva kpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue la ŋu. Edze gbeƒãɖeɖe gɔme le mía de Birkenhead, si dze ŋgɔ Liverpool-tɔdziʋudzeƒea le Mersey Tɔsisia godo, eye eteƒe medidi o edoa gasɔ yia du siwo te ɖe mía ŋu me edziedzi. Eɖi ɖase le nuto gã sia me le eƒe agbemeŋkeke mamleawo katã me eye wova nyae nyuie, si nye kpɔɖeŋu nyui na viawo. Etrɔ megbe le ƒe 1971 me esi wòtsi xɔ ƒe 97 eye wònye Ðasefo dovevienu vaseɖe nuwuwu.
Wona mía kple nɔvinyenyɔnu Kathleen míedzudzɔ Methodist-ha ƒe Kwasiɖagbe suku dede heva kpe ɖe Danye ŋu míedea kpekpewo kple Biblia Nusrɔ̃viawo. Emegbe esi fofonye hã va kpe ɖe mía ŋu la, dzinyelawo wɔ ɖoɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ɣesiaɣi ŋu le agbalẽ si nye The Harp of God me. Nusɔsrɔ̃ alea nye nu yeye le ŋkeke mawo me, gake Biblia me nyateƒe vevi sia si woƒã ɖe mía me le ɖevi me la ɖe vi geɖe, elabena mía kple nɔvinyenyɔnu míeva ge ɖe mɔɖeɖedɔa me emegbe.
Danye gblɔ be “Photo-Drama of Creation” si míekpɔ le Liverpool le ƒe 1920 mee nye gbɔgbɔmetɔtrɔɣi vevi aɖe na mí ɖeviawo, eye nyateƒee wòto hã. Togbɔ be menye ɖevi hã la, fotoɖeɖefia ma na nu vevi aɖewo tsi nye susu me. Akpa si dzi meɖoa ŋkui wue nye esi ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu, vevietɔ esi ɖe alesi wòzɔ yina be woawu ye fia. Nu bliboa kpe ɖe ŋunye nye susu nɔ agbemedɔ vevitɔ kekeake dzi—gbeƒãɖeɖe!
Le ƒe 1920 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, medze traktwo mamã gɔme kple danye le Kwasiɖagbe ŋdɔwo me. Gbã la, wofia mí be míagblẽ wo ɖe aƒeawo me; emegbe wogblɔ na mí be míatsɔ wo ana aƒemenɔlawo eye míatrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ. Mebua esia ɣesiaɣi be eyae nye míaƒe tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃ dɔ siwo le ku tsem ŋutɔ egbea la ƒe gɔmedzedze.
Medze Mɔɖeɖedɔa Gɔme!
Mía kple Kathleen míexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1927 me. Menɔ atikedodokpɔdɔ wɔm le Liverpool esime mese tameɖoɖo kplikpaa be míaxɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me. Mekpɔa Habɔbɔa ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo (siwo woyɔna egbea be mɔɖelawo) zi geɖe le míaƒe dɔwɔƒe si le Liverpool wonɔa dɔ dzi, eye woƒe kpɔɖeŋu wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Aleke medi be mavo tso hadede kple xexemetɔwo me ahazã nye agbe ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋue nye si!
Le ƒe ma ke ƒe dzomeŋɔli la, xɔ̃nye Gerry Garrard gblɔ nam be yexɔ dɔdasi tso Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla evelia la gbɔ be yeava ɖe gbeƒã le India. Do ŋgɔ teti na eƒe ƒudzimɔzɔzɔ la, eva srãm kpɔ eye wòƒo nu tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu nam. Esi wònɔ dzodzom la, egade dzi ƒo nam hegblɔ be, “Bob, meka ɖe edzi be eteƒe madidi hafi nazu mɔɖela o.” Eye nenemae wòdzɔe hã. Medze egɔme le October ma me. Dzidzɔ kae nye si, ablɔɖe kae nye si, be manɔ gasɔ dom to kɔƒenutomemɔ xaxɛwo dzi anɔ gbeƒã ɖem le saɖaganutowo me! Mekpɔe ɣemaɣi be mele dɔ vevitɔ kekeake si mate ŋu awɔ la wɔm.
Mɔɖeɖe ƒe dɔdasi gbãtɔ si wonam ye nye South Wales afisi meva kpe ɖe Cyril Stentiford ŋu le. Emegbe Cyril ɖe Kathleen, eye wowɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae ƒe geɖe. Wo vinyɔnu Ruth hã ge ɖe mɔɖeɖedɔa me. Le ƒe 1937 me la, menɔ Fleetwood, Lancashire—mezu Eric Cooke ƒe mɔɖela ƒe kpeɖeŋutɔ. Vaseɖe ɣemaɣi la, mɔɖelawo wɔa dɔ le Britania-kɔƒenuto siwo mele hamea ƒe anyigbamamã me o ko me. Gake Albert D. Schroeder si kpɔa Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le London ƒe dɔ dzi la ɖoe be yeaɖe mí ayi Bradford, Yorkshire ƒe dugã la me. Esiae nye zi gbãtɔ si wode dɔ asi na mɔɖelawo le Britania kpɔ be woakpe ɖe hame aɖe koŋ ŋu.
Eric de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku le ƒe 1946 me eye woɖoe ɖe Dziehe Rhodesia, si nye Zimbabwe fifia, eye woa kple srɔ̃a kpɔtɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm anukwareɖiɖitɔe le Durban, Dziehe Afrika.
Wode dɔ asi nam le teƒe bubu le ƒe 1938 me, azɔ abe nutomedzikpɔla (si woyɔna be nutome sue dzikpɔla fifia) ene le Lancashire ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome kple Lake District ƒe nuto dzeania me. Afimae medo go Olive Duckett le, eye esi míeɖe mía nɔewo megbe la, eva kpe ɖe ŋunye le nutome sue dzikpɔdɔa me.
Ireland le Aʋaƒewo Me
Esi Britania ɖe gbeƒãe le September 1939 me be yeawɔ aʋa kple Germania megbe kpuie la, wotrɔ nye dɔdasi heɖom ɖe Ireland. Wodze amexɔxɔ ɖe asrafodɔ me sesẽe gɔme le Britania, gake menɔ nenema le Ireland Dukɔ ƒe anyiehe gome si nye dukɔ si mede akpa aɖeke dzi le aʋaŋɔlia me o la o. Woɖoe be Ireland Dukɔa kple Anyiehe Ireland nava zu nutome sue ɖeka. Gake woxe mɔ ɖe dɔa nu eye eva hiã be maxɔ mɔzɔzɔ ƒe mɔɖegbalẽwo hafi mate ŋu adzo le Britania ayi Ireland ƒe akpa sia akpa. Dziɖuɖumegãwo gblɔ nam be mate ŋu ayi gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be matrɔ ava England enumake ne ɣeyiɣi de be mage ɖe asrafodɔ me. Megblɔ kple nu be mava, gake ewɔ nuku be esime wowɔ nye mɔɖegbalẽvia vɔ la, nya mawo dometɔ aɖeke medze le edzi kura o!
Ðasefo 100 kple edzivɔ koe nɔ Ireland bliboa ɣemaɣi. Esi míeva ɖo Dublin le November 1939 me la, Jack Corr si le mɔɖeɖedɔa wɔm ɣeyiɣi didi aɖe la va kpe mí. Egblɔ na mí be mɔɖela eve bubuwo le du si te ɖe afima ŋu me eye ɖetsɔlemetɔ ʋee aɖewo le Dublin, mí katã míanɔ abe ame 20 ene. Jack haya xɔ aɖe le Dublin na kpekpe si dzi mí katã míelɔ̃ ɖo be míanɔ wɔwɔm Kwasiɖa sia Kwasiɖa. Ðoɖo sia yi edzi vaseɖe esime woɖo hame le ƒe 1940 me.
Anyiehe Ireland si nye United Kingdom ƒe akpa aɖe la nɔ aʋa wɔm kple Germania, eyata esi míeɖo ta anyiehe heyi Belfast la, míelé nuɖuɖumãgbalẽ ɖe asi eye wotsia akaɖiwo na mí le zã me. Togbɔ be ele be Nazitɔwo ƒe yameʋawɔʋuwo nazɔ mɔ kilometa 1,600 kple edzivɔ hafi aɖo Belfast agatrɔ ayi wo dzeƒe le Europa hã la, wote ŋu da bɔmb ɖe dua me wògblẽ nu geɖe. Le amedzidzedze gbãtɔa me la, míaƒe Fiaɖuƒe Akpata ƒe akpa aɖewo gbã eye wotsrɔ̃ mía nɔƒe esi míenɔ nɔviwo srãm kpɔ le dugã la ƒe akpa bubu, eyata afɔkua to mía ta nukutɔe. Le zã ma ke me la, Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si yi dua ƒe sitsoƒexɔ aɖe me. Esi woɖo afima la, wokpɔe be eyɔ eye wòle be woatrɔ ayi woƒe aƒeme. Woda bɔmb ɖe sitsoƒexɔ la dzi tẽ wòwu amesiwo katã le eme, gake mía nɔviawo tsi agbe eye nanewo koe si teƒe ʋee aɖewo na wo. Le aʋaŋɔli sesẽ siawo me la, nuvevi mewɔ mía nɔviwo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã o, esi ta míeda akpe na Yehowa ɖo.
Gbɔgbɔmenuɖuɖu Mamã
Esi aʋa la nɔ edzi yim la, mɔxeɖenuwo nu sẽ ɖe edzi eye mlɔeba la, wova de se be woaʋu lɛtawo axlẽ. Esia fia be wotsoa Gbetakpɔxɔ la le mɔ dzi eye womeɖea mɔ be wòaɖo dukɔa me o. Togbɔ be míenɔ nusi míawɔ ŋu bum hã la, Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o. Mexɔ lɛta aɖe si tso “nɔɖinyevi” aɖe si le Canada gbɔ ŋdi aɖe me, eye eŋlɔ nu tso ƒomenya aɖewo ŋu. Nyemenya amesi wònye o, gake eŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe nuwuwu be yede “Biblia me nyati dodzidzɔname aɖe” eme nam be maxlẽ. Gbetakpɔxɔ ye, gake esi womeŋlɔ naneke ɖe eƒe akpa dzi o ta la, lɛtamedzrola la meɖee o.
Enumake mía kple srɔ̃nye, kple afima Ðasefowo, kpakple Maggie Cooper si nɔ “Photo-Drama” me la míedze nyatiawo gbugbɔŋlɔ gɔme. Eteƒe medidi o míewɔ ɖoɖo hemã Gbetakpɔxɔ ɖekaɖeka 120 ɖe dukɔa ƒe akpa vovovowo, esi wonɔ vavam tso xɔlɔ̃ siwo le Canada, Australia, kple United States gbɔ edziedzi. Le woƒe veviedodo kple dɔmenyonyo ta la, tata aɖeke meto mía ŋu le aʋaŋɔli bliboa me o.
Míete ŋu wɔ takpekpewo hã. Esiwo ɖe dzesi le wo me wue nye ƒe 1941 takpekpe si me woɖe agbalẽ si nye Children ɖe go le. Edze abe lɛtamedzrola la metsi tre ɖe agbalẽ si wòbu be eƒo nu tso ɖeviwo ŋu ŋuti o ene, eyata míete ŋu kpɔ esi míedi wòva dukɔa me kuxi aɖeke manɔmee! Ɣebubuɣi la, míexɔ agbalẽvi si nye Peace—Can It Last? si míeta le mía gbɔ le esi míate ŋu adɔ wo tso London woava dukɔa me o ta. Togbɔ be mɔxeɖenu siawo katã nɔ anyi hã la, wonyi mí nyuie le gbɔgbɔ me.
Tsitretsiɖeŋu Dzi Ðuɖu
Osɔfo aɖe si nɔ Belfast ame tsitsiwo dzi kpɔƒe aɖe si dzi Yehowa Ðasefo aɖe kpɔna la ɖo agbalẽ si nye Riches ɖe srɔ̃a le England. Nyɔnua tsi tre ɖe nyateƒea ŋu, eye ena nya ma me kɔ nyuie le lɛta la ŋu ɖoɖo me. Egblɔ hã be “dumalɔ̃habɔbɔ” ye míenye. Lɛtamedzrola la de dzesi esia eye wòva ka nya ta na Adzame Kpovitɔwo ƒe Dɔwɔƒe. Eyata woyɔm yi kpovitɔwo ƒe asaɖa me be mava ɖe nya aɖe me eye wogblɔ be matsɔ Riches-gbalẽa ɖe asi vɛ. Dzidzɔtɔe la, esi wotrɔ agbalẽa vɛ mlɔeba la, mede dzesii be akpa siwo te wote fli ɖo la katã la ƒo nu tso Roma Katoliko-ha la ŋu. Mekpɔe be esia ɖe dzesi, elabena menya be kpovitɔwo ƒe ŋku nɔ Ireland Dukɔa ƒe Asrafowo ƒe nuwɔnawo ŋu vevie.
Wobia gbem nyuie le míaƒe akpaɖekedzimanɔmanɔ le aʋaŋɔli ŋu, elabena esesẽ na kpovitɔwo be woase akpa si míele la gɔme. Gake dziɖuɖua mewɔ naneke tsɔ tsi tre ɖe mía ŋu o. Emegbe esi mebia mɔ be míawɔ takpekpe aɖe la, kpovitɔwo te tɔ ɖe edzi be ɖeko kpovitɔ nyadzɔdzɔŋlɔla eve anɔ eteƒe hafi. Megblɔ be, “Míaxɔ wo!” Eyata wova nɔ anyi le ŋdɔ me ƒe kpekpe bliboa me hetsɔ nuŋɔŋlɔkpuidzesiwo nɔ dzesi dem nyawoe. Esi ŋkeke gbãtɔ ƒe takpekpea wu enu la, wobia be, “Nukata wodɔ mí ɖe afisia? Nusianu vivi mía nu!” Wogava le ŋkeke eveagbe eye wotsɔ dzidzɔ xɔ míaƒe agbalẽvi Peace—Can It Last? femaxee. Takpekpea ƒe akpa mamlea yi edzi naneke madzɔmadzɔe.
Esi aʋa la ke teti eye woɖe mɔzɔzɔ me mɔxenuwo ɖa la, Pryce Hughes si tso London Betel va Belfast. Woa kple Harold King si woɖo ɖe China abe dutanyuigblɔla ene emegbe lae va. Esi míeɖe ɖe aga tso London-lɔdzedɔwɔƒea ŋu ƒe ade sɔŋ megbe ta la, nɔviŋutsu siawo ƒe nuƒowo de dzi ƒo na mí ŋutɔ. Ema megbe kpuie la, woɖo Harold Duerden si nye mɔɖela nuteƒewɔla bubu ɖa tso England be wòava do ŋusẽ Fiaɖuƒedɔa le Belfast.
Míetrɔ Yi England
Míeva lɔ̃ Ireland-nɔviwo vevie, eye esesẽ be míatrɔ ayi England. Gake wogaɖo mía kple srɔ̃nye ɖe Manchester eye emegbe míeyi Newton-le-Willows si nye Lancashire-du bubu si me hiahiã lolo le wu. Míedzi mía vinyɔnu Lois le ƒe 1953 me, eye edzɔ dzi na mí be edze mɔɖeɖedɔa gɔme esi wòxɔ 16. Esi David Parkinson ɖee la, woyi woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi le Anyiehe Ireland, eye woto mía kple Olive ƒe ʋe me le mɔ geɖe nu. Fifia woa kple wo viwo trɔ va England, eye mí katã míele subɔsubɔm le hame ɖeka me.
Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo trɔ hã la, nyemedzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gbeɖe o—Olive medi nenema gbeɖe o, eye nye hã nyemedii o. Mebunɛ ɣesiaɣi be esɔ be magblɔ be mía kple srɔ̃nyee le mɔɖeɖedɔa wɔm elabena ne menye eƒe alɔdodo lɔlɔ̃tɔe ɣesiaɣie o la, anye ne nyemate ŋu ayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi o. Le nyateƒe me la, ɖeɖi tea mí ame evea ŋu kabakaba fifia, gake ɖaseɖiɖi gadzɔa dzi na mí, vevietɔ ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm ɖekae kple míaƒe aƒelikawo. Le ƒe siwo va yi me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe ɖe amesiwo ade alafa ɖeka ŋu wova zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe siwo xɔ nyɔnyrɔ̃. Dzidzɔ kae nye esi ema nye! Eye mebu be xexlẽme sia anya dzi ɖe edzi zi gbɔ zi geɖe fifia esi ƒome siawo siwo ɖo dzidzime etɔ̃lia kple enelia me la me tɔwo hã va zu Ðasefowo.
Mía kple Olive míeƒo nu tso míaƒe mɔnukpɔkpɔ kple nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo ŋu zi geɖe le ƒe siwo va yi me. Dzidzɔƒe ka gbegbee nye si wonye, eye aleke gbegbe wova yi kabakabae nye si! Menya be anye ne nyemakpɔ dɔ nyui si ŋu mazã nye agbe ɖo o wu be masubɔ Mawu, Yehowa, le mɔɖeɖedɔa me le ƒe siawo katã me. Fifia ne mekpɔ megbe ŋudzedzekpɔkpɔtɔe alo metsɔ mɔkpɔkpɔ kpɔ ŋgɔgbee la, mekpɔnɛ be gɔmesese le Yeremya ƒe nyawo ŋu ŋutɔ: “Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ele yeye ŋdi sia ŋdi, . . . eyata mele esinu kpɔm ɖo.”—Konyifahawo 3:22-24.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Bob kple Olive Anderson