Èxɔ Asi Le Mawu Ŋkume!
“Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.”—YEREMYA 31:3.
1. Aleke Yesu ƒe nɔnɔme ɖe eŋɔlimetɔ tsɛwo ŋu to vovo na Farisitɔwo tɔe?
EDZE le eƒe mo. Amesia si nye Yesu mele abe woƒe subɔsubɔhakplɔlawo kura o; etsɔ ɖe le eme na wo. Eƒe dɔme trɔ ɖe amesiawo ŋu elabena woƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Wodi tso woƒe subɔsubɔhakplɔlawo si be woanye alẽkplɔla lɔ̃ame siwo anɔ Mawu lɔlɔ̃tɔ nublanuikpɔla aɖe teƒe. Gake wobu ame tsɛwo be wonye ame ɖuɖɔewo—fiƒodemewo!a (Yohanes 7:47-49; tsɔe sɔ kple Xezekiel 34:4.) Eme kɔ be nukpɔsusu totro ma si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la to vovo na alesi Yehowa bua eƒe amewoe sã. Egblɔ na eƒe dukɔ Israel be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò.”—Yeremya 31:3.
2. Aleke Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo te kpɔ be yewoana wòakpɔe be meɖi naneke le Mawu ŋkume o?
2 Gake menye Farisitɔwoe nye ame gbãtɔ siwo te kpɔ be yewoana Yehowa ƒe alẽha si gbɔ melɔ̃a nu le o la nabu wo ɖokui ame maɖinuwoe o. Bu Hiob ƒe kpɔɖeŋu ŋuti kpɔ. Yehowa bui ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ, gake “akɔfala” etɔ̃awo ya gblɔ ayetɔe be Hiob nye nugbegblẽwɔla, xɔsegbela vɔ̃ɖi si aku eye magblẽ naneke ɖe megbe o. Wote tɔ ɖe edzi be Mawu mabu dzɔdzɔenyenye na Hiob gbeɖe o, elabena Mawu meɖoa dzi ɖe eƒe dɔlawo ke hã ŋu o eye dziƒo ŋutɔ hã medza le eƒe ŋkume o!—Hiob 1:8; 4:18; 15:15, 16; 18:17-19; 22:3.
3. Mɔ kawo dzie Satana tona egbea be yeable amewo woakpɔe be yewonye ame maɖinuwo kple ame malɔ̃ewo?
3 Satana gale “aɖaŋu” sia zãm egbea be yeana amewo nakpɔe be yewonye ame malɔ̃ewo kple ame maɖinuwo. (Efesotɔwo 6:11 Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Nyateƒee, ehea amewo ƒe susu yia woƒe gbɔɖiɖi kple dada dzi zi geɖe tsɔ blea woe. (Korintotɔwo II, 11:3) Gake edzɔa dzi nɛ hã be yeɖea bubu le amesiwo dzi yeate ŋu adze bɔbɔe la ŋu. Aleae wòle vevietɔ le “ŋkeke mamle” sesẽ siawo me. Ame geɖe tsina le ƒome siwo me ‘lɔlɔ̃ mele o’ me egbea; ehiã be ame geɖe nanɔ te ɖe ame wɔadãwo, ɖokuitɔdilawo, kple tagbɔsesẽtɔwo ƒe nuwɔnawo nu gbesiagbe. (Timoteo II, 3:1-5) Ðewohĩ fuwɔwɔame, vovototodeameme, fuléle, alo ŋutasesẽ si li ƒe geɖe na ame mawo tsɔe be yewonye ame maɖinu siwo womelɔ̃ o. Ŋutsu aɖe ŋlɔ be: “Nyemelɔ̃ ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã melɔ̃m o. Esesẽna nam ŋutɔ be maxɔe ase be Mawu tsɔ ɖe le eme nam.”
4, 5. (a) Nukata gbɔɖiameɖokui mesɔ kple Ŋɔŋlɔawo o? (b) Nukae nye afɔku siwo dona tso eme ne míebunɛ be viɖe mele míaƒe agbagbadzedze aɖeke ŋu o dometɔ ɖeka?
4 Ame ɖokui bubu ame maɖinui mesɔ kple Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒe si nye tafevɔsa ŋuti nufiafia la kura o. (Yohanes 3:16) Ne Mawu xe fe gã ma gbegbe—eya ŋutɔ Via ƒe agbe xɔasi la—tsɔ ƒle mɔnukpɔkpɔ na mí be míanɔ agbe tegbee la, ke Alɔ̃ mí godoo; kakaɖedzi li be míexɔ asi le Eŋkume!
5 Hekpe ɖe eŋu la, aleke gbegbe wòaɖe dzi le ame ƒo enye si be míabui be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu o, eye be míaƒe agbagbadzedzewo meɖi naneke le egbɔ o! (Tsɔe sɔ kple Lododowo 24:10.) Ne nukpɔsusu gbegblẽ sia le mía si la, dzideƒonya nyui si woagblɔ be wòakpe ɖe mía ŋu míayi ŋgɔ le Mawu subɔsubɔ me alesi míate ŋui gɔ̃ hã aɖi fɔbunya le ame aɖewo ƒe to me. Anɔ abe alesi mía ŋutɔwo míesena le mía ɖokui me ene be nusianu si míewɔna la mesɔ gbɔ o.
6. Nukae nye susu gbegblẽwo bubu tso mía ɖokui ŋu gbɔ kpɔnu nyuitɔ kekeake?
6 Ne seselelãme gbegblẽ mawo ɖo mewò la, dzi megaɖe le ƒowò o. Mía dometɔ geɖe míeléa ŋku ɖe mía ɖokui ŋu vevie akpa ɣeaɖewoɣi. Eye ɖo ŋku edzi be wotrɔ asi le Mawu ƒe Nya ŋu be ‘wòaɖɔ nuwo ɖo,’ eye wònye “ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbãa mɔ̃wo ƒua anyi.” (Timoteo II, 3:16; Korintotɔwo II, 10:4) Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Esia me míadze sii le bena, míetso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me; elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” (Yohanes I, 3:19, 20) Eyata mina míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo dzi Biblia fia mí le be míexɔ asi le Yehowa ŋkume ŋu kpɔ.
Yehowa Bua Wò Ame Xɔasii
7. Aleke Yesu fia nu Kristotɔwo katã le asixɔxɔ si le wo ŋu le Mawu ŋkume ŋui?
7 Gbã la, Biblia fia mí tẽ be asixɔxɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le Mawu ŋkume. Yesu gblɔ be: “Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã. Migavɔ̃ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.” (Luka 12:6, 7) Ɣemaɣi la, atsutsre ye nye xevi ɖuɖu si ƒe asi bɔbɔ wu bubuawo katã, gake ɖeka pɛ hã meto Ewɔla ƒe ŋku dzi yi o. Esia na vovototo gã sia dze ƒã: Ku ɖe amegbetɔ—siwo xɔ asi wu boo ŋu—la, Mawu nya nusianu le wo ŋu. Ðeko wòle abe ɖe woxlẽ míaƒe taɖawo ɖekaɖeka ene!
8. Nukata wòasɔ be woabui be Yehowa ate ŋu axlẽ míaƒe taɖawo?
8 Woxlẽ míaƒe taɖawoa? Ne èbui be Yesu ƒe kpɔɖeŋua ƒe akpa sia mele eme o la, ekema bu nya sia ŋu kpɔ: Mawu ɖoa ŋku esubɔla wɔnuteƒewo dzi ale gbegbe be ate ŋu afɔ wo ɖe tsitre—agbugbɔ wo awɔ pɛpɛpɛ, woƒe domenyiŋusẽ nyadriwo kple woƒe ŋkuɖodzinuwo kpakple nusiwo teƒe wokpɔ ƒe geɖe hã le eme. Míaƒe taɖawo (si ta ɖesiaɖe toa 100,000 le mamã dedie nu) xexlẽ anɔ bɔbɔe ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kplii!—Luka 20:37, 38.
Nukae Yehowa Kpɔna le Mía Me?
9. (a) Nɔnɔme siwo dzea Yehowa ŋu dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nukata nèsusui be nɔnɔme mawo xɔ asi nɛ?
9 Evelia, Biblia fia nu xɔasi si Yehowa kpɔna le mía me la mí. Kpuie ko la, míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple agbagbadzedzewo dzɔa dzi nɛ. Fia Dawid gblɔ na via Salomo be: “Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã!” (Kronika I, 28:9) Esi Mawu le ame biliɔn siwo le xexe wɔanyrã si me fuléle bɔ ɖo alea me, ƒe dzime dzrom la, aleke gbegbe dzi adzɔe enye si ne eva ke ɖe ame aɖe si ƒe dzi lɔ̃ ŋutifafa, nyateƒe, kple dzɔdzɔenyenye ŋu! (Tsɔe sɔ kple Yohanes 1:47; Petro I, 3:4.) Nukae dzɔna ne Mawu kpɔ ame aɖe si ƒe dzime yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na eyama, amesi di be yeasrɔ̃ nu le eŋu ahagblɔ sidzedze ma ŋu nya na ame bubuwo? Yehowa gblɔ na mí le Maleaxi 3:16 be yesea amesiwo ƒoa nu tso ye ŋu na ame bubuwo ƒe gbe eye “ŋkuɖodzigbalẽ” gɔ̃ hã le ye si na “amesiwo léa ŋku ɖe yeƒe ŋkɔ ŋu.” Nɔnɔme siawo xɔ asi nɛ ŋutɔ!
10, 11. (a) Aleke ame aɖewo aɖe kpeɖodzi si li be woƒe nɔnɔme nyuiwo dzea Yehowa ŋu la dzi akpɔtɔe? (b) Aleke Abiya ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be nɔnɔme nyui ɖesiaɖe dzea Yehowa ŋu?
10 Gake dzi si bua fɔ ame ɖokui ate ŋu agbe asixɔxɔ si le mía ŋu le Mawu ŋkume ƒe kpeɖodzi sia. Ate ŋu agblɔ na wò dzaa ɣesiaɣi be, ‘Ame bubu geɖe li siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le nɔnɔme mawo ɖeɖefia me wum ɖe. Aleke gbegbe wòahate ɖe Yehowa dzii enye si ne etsɔm sɔ kpli wo!’ Yehowa metsɔa esubɔlawo sɔna kple wo nɔewo o, eye eƒe dzidzenuwo mesesẽ kpaɖii o. (Galatiatɔwo 6:4) Aɖaŋu blibo wòtsɔna dzroa dziwo me kpɔnae, eye nɔnɔme nyui ɖesiaɖe ƒomevi dzea eŋu.
11 Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa de se be woawu Fia Yeroboam ƒe fiaƒome blibo si gbe xɔse ahalɔ wo abe alesi wolɔa ‘mĩi’ ene la, Eɖe gbe be woaɖi Abiya ɖeka ko le fiaviŋutsuawo dome. Nukatae? “Elabena eya ko ŋu wokpɔ nane, si dze Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu le.” (Fiawo I, 14:10, 13) Ðe esia fia be Abiya nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla? Mefia nenema kokoko o, elabena eya hã ku abe eƒe ƒome vɔ̃ɖia me tɔ mamleawo ene. (Mose V, 24:16) Gake Yehowa bu ‘nane si nyo,’ si wòkpɔ le Abiya ƒe dzime la nu xɔasii eye wòwɔ nu ɖe enu nenema. Matthew Henry’s Commentary on the Whole Bible de dzesii be: “Ne nɔnɔme nyui vi aɖe koe li hã la, woakpɔe godoo: Mawu si dinɛ la kpɔnɛ, aleke ke wòɖale sue o, eye edzea eŋu.” Eye mègaŋlɔ be o be ne nɔnɔme nyui vi aɖe koe Mawu kpɔ le mewò hã la, ana wòatsi ɖe edzi zi alesi nèkua kutri be yeasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe ko.
12, 13. (a) Aleke Psalmo 139:3 ɖee fia be míaƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu? (b) Susu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa sraa míaƒe dɔwɔwɔwo me?
12 Mɔ ma ke nue Yehowa bua míaƒe agbagbadzedzewo le. Míexlẽ le Psalmo 139:1-3 be: “Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Èdo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò.” Eyata míaƒe nuwɔnawo katã le nyanya na Yehowa. Gake menye ɖeko wònya mí o. Le Hebrigbe me la, woate ŋu aɖe nyagbɔgblɔ “nye mɔwo katã le nyanya na wò” gɔme be “nye mɔwo katã xɔ asi na wò” alo “nye mɔwo katã dzea ŋuwò.” (Tsɔe sɔ kple Mateo 6:19, 20.) Gake aleke míaƒe mɔwo adze Yehowa ŋu esi míenye ame madeblibowo kple nuvɔ̃mewo alea gbegbe?
13 Enya se ŋutɔ be le agbalẽnyalagã aɖewo ƒe nya nu la, esi Dawid gblɔ be Yehowa ‘dzidze’ yeƒe azɔlizɔzɔ kple gbɔɖemeɣiwo la, egɔmesese ŋutɔŋutɔ le nya la nu le Hebrigbe mee nye “woasra nu” alo “woagbɔ nu.” Numekugbalẽ aɖe de dzesii be: “Egɔmee nye . . . be woagbɔ tsroawo katã wòasusɔ blikuawo ɖeɖe—woagblẽ nusiwo katã ŋu viɖe le ɖi. Eyata nusi wòfia le afisia le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu enye be Mawu srae. . . . Egbɔ tsroawo alo nu maɖeviwo katã, eye wòkpɔ nu ŋutɔŋutɔ si susɔ.” Dzi si bua fɔ ame ya asra míaƒe nuwɔnawo le mɔ bubu nu, abu fɔ mí vevie ɖe vodada siwo míewɔ va yi ta eye wòagbe be míaƒe nyuiwɔwɔwo katã mele nemi me o. Gake Yehowa tsɔa míaƒe nuvɔ̃wo kea mí ne míetrɔ dzime anukwaretɔe hedzea agbagba vevie be míagawɔ vodada mawo ake o. (Psalmo 103:10-14; Dɔwɔwɔwo 3:19) Esraa míaƒe dɔwɔwɔwo me eye wòɖoa ŋku nyuiawo dzi. Le nyateƒe me la, eɖoa ŋku wo dzi tegbee zi alesi míewɔa nuteƒe nɛ. Abui nu madzɔmadzɔ wɔwɔ be yeaŋlɔ nusiawo be, eye mewɔa nu madzɔmadzɔ hã gbeɖe o!—Hebritɔwo 6:10.
14. Nukae ɖee fia be Yehowa dea asixɔxɔ dɔ siwo míewɔna le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu?
14 Nukawoe nye dɔ nyui siwo ŋu Mawu dea asixɔxɔe dometɔ aɖewo? Woawoe nye nusianu kloe si míewɔna tsɔ srɔ̃a Via Yesu Kristoe. (Petro I, 2:21) Efia be dɔ vevitɔ ɖekae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka. Míexlẽ le Romatɔwo 10:15 be: “Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!” Togbɔ be míabu be míaƒe afɔ tsɛwo “nyo” o hã la, nya si Paulo zã le afisia kee wozã le Hela Ŋɔŋlɔ Gbãtɔwo me tsɔ ƒo nu le Rebeka, Raxel, kple Yosef ŋui—wonya wo ame etɔ̃awo katã le alesi wonya kpɔe ta. (Mose I, 26:7; 29:17; 39:6) Eyata mía Mawu Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ nyo hexɔ asi ŋutɔ le eƒe ŋkume.—Mateo 24:14; 28:19, 20.
15, 16. Nukata Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe dzidodo ŋu, eye aleke Fia Dawid ƒe nya siwo le Psalmo 56:9 ɖo kpe nyateƒe sia dzii?
15 Míaƒe dzidodoe ganye nɔnɔme bubu si ŋu Mawu dea asixɔxɔe. (Mateo 24:13) Ðo ŋku edzi be Satana di be nàgbe Yehowa. Ŋkeke sia ŋkeke si nèwɔ nuteƒe na Yehowa la, enye ŋkeke bubu si nède asi eme be woakpɔ nya aɖo Satana ƒe alɔmeɖeɖewo ŋui. (Lododowo 27:11) Dzi menya dona ɣeaɖewoɣi o. Dɔlényawo, gakuxiwo, nuteɖeamedziwo, kple kplamatsedonu bubuwo ate ŋu anye dodokpɔ gbesiagbe. Dzidodo le dodokpɔ siawo me xɔ asi na Yehowa ŋutɔŋutɔ. Ema tae Fia Dawid bia Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo “goe” me, eye wòbia kakaɖedzitɔe be, “Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” (Psalmo 56:9) Ẽ, Yehowa bua aɖatsi siwo katã míefana kple fu siwo katã míekpena le nuteƒewɔwɔ nɛ me nu xɔasii eye wòɖoa ŋku wo dzi. Woawo hã xɔ asi le eƒe ŋkume.
16 Le míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple agbagbadzedzewo ta la, aleke gbegbe eme kɔ enye si be nu geɖe le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu si dzea Yehowa ŋu! Eɖanye aleke Satana ƒe xexea awɔ nui ɖe mía ŋu o, Yehowa bua mí ame xɔasiwo kple “dukɔwo katã ƒe nu [vevitɔwoe].”—Xagai 2:7.
Nusi Yehowa Wɔ tsɔ Ðe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia
17. Nukata wòle be Kristo ƒe tafevɔsa nana míaxɔe ase be Yehowa kple Yesu wolɔ̃ mía dometɔ ɖesiaɖe?
17 Etɔ̃lia, Yehowa wɔa nu geɖe tsɔ ɖoa kpe eƒe lɔlɔ̃ na mí dzi. Ðikekemanɔmee la, Kristo ƒe tafevɔsa lae nye alakpa si Satana da be míenye ame maɖinuwo alo ame malɔ̃ewo la ƒe ŋuɖoɖo gãtɔ kekeake. Mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be vevesese si Yesu tsɔ kui le fuwɔametia ŋu kple veve heliheli si Yehowa se le Via lɔlɔ̃a ƒe ku kpɔkpɔ me nye kpeɖodzi be wolɔ̃ mí. Hekpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ ma wɔa dɔ na mí ɖekaɖeka. Nenemae apostolo Paulo kpɔe, elabena eŋlɔ be: “Mawuvi . . . lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye.”—Galatiatɔwo 2:20.
18. Susu ka nue míagblɔ be Yehowa hea mí ɖe Kristo ŋu?
18 Yehowa ɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ na mí dzi esi wòle kpekpem ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be míawɔ Kristo ƒe vɔsa ƒe viɖewo ŋudɔ. Yesu gblɔ le Yohanes 6:44 be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” Yehowa ŋutɔ toa gbeƒãɖeɖedɔ si va ɖoa mía gbɔ ɖekaɖeka, kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si wòzãna tsɔ kpena ɖe mía ŋu be míase gbɔgbɔ me nyateƒewo gɔme ahawɔ wo ŋudɔ togbɔ be míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple ame madeblibowo hã la dzi hea mí vaa Via kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa gbɔe. Esia ta Yehowa ate ŋu agblɔ le mía ŋu abe alesi wògblɔ le Israel ŋu ene be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.”—Yeremya 31:3.
19. Nukata wòle be gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ nana míakpɔe be Yehowa ŋutɔ lɔ̃ mí?
19 Gake ɖewohĩ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ dzie míetona kpɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na mí wu. Ekpe mía dometɔ ɖesiaɖe be ‘míado gbe ɖa na ye madzudzɔmadzudzɔe.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Eɖoa to senɛ! Woyɔe gɔ̃ hã be ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3) Metsɔ ɖoƒe sia na ame bubu aɖeke o, metsɔe na eya ŋutɔ Via hã o. Bu eŋu kpɔ ko: Xexe bliboa katã Wɔla ƒoe ɖe mía nu be míate ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me, aɖe dzi ɖi faa aƒo nu. Wò kukuɖeɖewo ate ŋu aʋã Yehowa be wòawɔ nusi ɖewohĩ mawɔ hafi o gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 4:16; Yakobo 5:16; kpɔ Yesaya 38:1-16.
20. Nukata mele be Mawu ƒe lɔlɔ̃ na mí nana míabu mía ɖokui gãe alo ado mía ɖokui ɖe dzi o?
20 Kristotɔ si da sɔ matsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple bubu ƒe kpeɖodzi sia ado taflatsee ahakpɔ eɖokui ame vevii wu alesi tututu wòle o. Paulo ŋlɔ be: “To amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene.” (Romatɔwo 12:3) Eyata ne míaƒe Dziƒofofo ƒe lɔlɔ̃ na mí na dzi le mía dzɔm la, mina míaɖɔ ŋu ɖo ahaɖo ŋku edzi be míedze na Mawu ƒe amenuveve hafi o.—Tsɔe sɔ kple Luka 17:10.
21. Satana ƒe alakpanya kae wòle be míatsri ɣesiaɣi, eye Mawu ƒe nyateƒenya ka ŋue wòle be míade ŋugble le ɖaa?
21 Mina mí katã míaʋli alesi míate ŋui be míatsri susu siwo katã Satana dona ɖe ŋgɔ le xexe sia si le kudɔ ƒom la me. Alesi míatsri ebubu be míenye ame maɖinuwo alo ame malɔ̃ewo hã le eme. Ne agbenɔnɔ le nuɖoanyi sia me na nèkpɔa ɖokuiwò mɔxenu gã aɖe si dzi Mawu ƒe lɔlɔ̃ deto hã mate ŋu akpe o, alo nèbua wò dɔnyuiwɔwɔwo nu maɖinui ale gbegbe be eƒe ŋku siwo kpɔa nusianu mate ŋu akpɔ wo o, alo nèbua wò nuvɔ̃wo be wo lolo akpa be Via ƒe ku xɔasi la gɔ̃ hã mate ŋu alé avu ɖe wo ta o la, ke ɖe woble wò. Gbe alakpanya mawo eye nànyɔ ŋu wo alesi dze! Mina apostolo Paulo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me le Romatɔwo 8:38, 39 nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nyateƒe me la, wotsɔ vlodoamenya si nye “ʽam-ha·ʼaʹrets” alo “amesiwo le anyigba” ɖi gbɔ ame dahewoe. Agbalẽnyalagã aɖe gblɔ be Farisitɔwo bui be mele be woatsɔ nu xɔasi aɖeke ade amesiawo si, alo aka ɖe woƒe ɖaseɖiɖi dzi, alo axɔ wo amedzrowoe, alo adze wo amedzro, alo aƒle nu gɔ̃ hã le wo si o. Subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ be ne ame aɖe vinyɔnu ɖe amesiawo dometɔ aɖe la, ele ko abe wɔnamanɔsitɔ tsɔtsɔ de lã wɔadã si me ene.
Nukae Nèsusu?
◻ Nukata Satana tena kpɔ be yeable mí míabu be míenye ame maɖinuwo kple ame malɔ̃ewo?
◻ Aleke Yesu fia mí be Yehowa bua mía dometɔ ɖesiaɖe ame xɔasii?
◻ Aleke míewɔ nya be míaƒe nɔnɔme nyuiwo dzea Yehowa ŋu?
◻ Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu?
◻ Aleke Yehowa ɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ na mía dometɔ ɖesiaɖe dzii?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Yehowa ƒe ŋku nɔa amesiwo katã léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la ŋu eye wòɖoa ŋku wo dzi