INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 5/15 axa 15-20
  • Akpa Gbãtɔ—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple Sueawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akpa Gbãtɔ—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple Sueawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La
  • Kekelia ƒe Keklẽ Gbãtɔwo le Míaƒe Ɣeyiɣia Me
  • Nyateƒea ƒe Keklẽ Siwo me Le Kɔkɔm Ðe Edzi
  • Kristmas—Trɔ̃subɔlawo ƒe Azãe
  • Ŋkɔ Yeye Aɖe
  • Taʋiʋli Kple “Ameha Gã” La
  • Atitsoga la—Menye Kristotɔwo ƒe Dzesi O
  • “Dɔla” Si Nye Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela Siaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • ‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Kekelia Ƒe Keklẽwo Le Apostoloawo Ŋɔli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Akpa Evelia—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple Sueawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 5/15 axa 15-20

Akpa Gbãtɔ—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple Sueawo

“Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”—LODODOWO 4:18.

1. Nukatae woɖe nyateƒea fia vivivi?

MAWU ƒe nunya ƒe kpeɖodzie wònye be woɖea gbɔgbɔ me nyateƒeawo fiana to kekeli ƒe keklẽwo dzi vivivii, abe alesi wogblɔe ɖe Lododowo 4:18 ene. Le nyati si do ŋgɔ me la, míekpɔ alesi mawunyakpukpui sia va emee le apostoloawo ƒe ɣeyiɣia me. Ne ɖe woɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe bliboa katã fia zi ɖeka la, anye ne asesẽ akpa na ŋku eye wòatɔtɔ ame hã—abe alesi nàdo tso do doviviti aɖe me ado ɖe ɣe ƒe keklẽ sesẽ nu ene. Hekpe ɖe eŋu la, nyateƒe si woɖena fiana Kristotɔwo vivivii la yia edzi doa ŋusẽ woƒe xɔse ɖaa. Ena be woƒe mɔkpɔkpɔ la kple mɔ si dzi woato la dzi nɔa kɔkɔm ɖe edzi ɖaa.

“Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La

2. Ameka dzie Yesu tɔ asii be yeato ana gbɔgbɔmekekelia ye yomedzelawo, eye amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye amesia?

2 Le apostoloawo ŋɔli la, Yesu Kristo ɖo be yeana kekelia ƒe keklẽwo naklẽ na ye yomedzela gbãtɔwo to mɔnu siwo de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ la nu. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu eve le mía si: Ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea kple Kornelio ƒe dzimetɔtrɔ le ƒe 36 M.Ŋ. me. Le esia megbe la, Kristo kpɔe be esɔ be yeazã amegbetɔwo, abe alesi wògblɔe ɖi ene be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:45-47) Dɔla sia mate ŋu anye ame ɖeka ko o elabena ele be wòanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam tso esime woɖo Kristo-hamea anyi le Pentekoste-ŋkekea dzi vaseɖe esime Yesu Kristo, Aƒetɔ la, nava bia akɔnta. Nyateƒeawo ɖee fia be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha siae nye Kristotɔ amesiaminawo katã ƒe ƒuƒoƒo si nɔ anyi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.

3. Amekawoe nye dɔla ƒe ha la me tɔ gbãtɔwo?

3 Amekawoe nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ gbãtɔ dometɔ aɖewo? Wo dometɔ ɖekae nye apostolo Petro, amesi wɔ ɖe Yesu ƒe sedede be: “Nyi nye alẽawo” la dzi. (Yohanes 21:17) Dɔla ƒe ha la me tɔ gbãtɔ bubu aɖewoe nye Mateo, amesi ŋlɔ Nyanyuigbalẽ si wotsɔ eƒe ŋkɔ na, kple Paulo, Yakobo, kpakple Yuda, amesiwo ŋlɔ lɛta siwo tso gbɔgbɔ me. Apostolo Yohanes si ŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa, eƒe Nyanyuia, kple eƒe lɛtawo hã nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ. Amesiawo ŋlɔ agbalẽ le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi me.

4. Amekawoe nye ‘aƒea me tɔwo’?

4 Ne amesiaminawo katã ƒe ƒuƒoƒo la nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela me tɔwo, eɖanye anyigba ƒe afikae wole o la, ke amekawoe nye ‘aƒea me tɔwo’? Amesiamina mawo kee gake le mɔ bubu nu—abe ame ɖekaɖekawo ene. Ẽ, abe ame ɖekaɖekawo ene la, woƒe “dɔla” la me tɔwo nyenye loo alo “aƒemetɔwo” nyenye adze le ne woawoe le gbɔgbɔmenuɖuɖua nam alo woawoe le eɖum me. Le kpɔɖeŋu me: Apostolo Petro ƒo nu tso Paulo ƒe lɛtawo ŋu abe alesi woŋlɔe ɖe Petro II, 3:15, 16 ene. Ne Petro le wo xlẽm la, ke anɔ abe aƒea me tɔwo dometɔ ɖeka ene si le gbɔgbɔmenuɖuɖu si Paulo si le dɔla ƒe ha la teƒe na la ɖum ene.

5. (a) Nukae dzɔ ɖe dɔla la dzi le apostoloawo ƒe ku megbe ƒe ƒe alafawo me? (b) Nukawoe dzɔ le ƒe alafa 19 lia ƒe afã susɔea me?

5 Agbalẽ si nye God’s Kingdom of a Thousand Years Has Approached gblɔ le nya sia ŋu be: “Alesi tututu ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ ƒe ha la nɔ anyii hesubɔ le ƒe alafawo me le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la ƒe ŋutinya me nuŋlɔɖi si me kɔ kɔte mele mía si o. Edze ƒã be ‘dɔla’ ƒe ha la ƒe dzidzime ɖeka nyi dzidzime evelia si kplɔe ɖo. (Timoteo II, 2:2) Gake le ƒe alafa wuiasiekelia ƒe afã evelia me la, Mawuvɔ̃lawo nɔ anyi siwo lɔ̃ gbɔgbɔmenuɖuɖu si le Biblia Kɔkɔe la me eye wodi be yewoatsɔe anyi yewo ɖokuii . . . Woɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo . . . siwo yi ŋgɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe nyateƒe veviwo gɔmesesse me. Anukwaretɔ ɖokuitɔmadila siwo le Biblia nusrɔ̃vi siawo dome la di vevie be yewoana gbɔgbɔmenuɖuɖua ƒe akpa vevi siawo ame bubuwo. ‘Dɔla’ si woɖo be wòana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ si hiã ‘aƒea me tɔwo’ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ƒe nuteƒewɔwɔgbɔgbɔ nɔ wo me. ‘Wodze aɖaŋu’ esi wodze sii be ɣemaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ kple esi sɔ eye wokpɔ mɔnu si anye nyuitɔ le nuɖuɖua nana me dze sii. Wodze agbagba be yewoanae.”—Axa 344-5.a

Kekelia ƒe Keklẽ Gbãtɔwo le Míaƒe Ɣeyiɣia Me

6. Nyateƒe kae dze ƒã ku ɖe nyateƒea ɖeɖefia vivivii ŋu?

6 Nu ɖeka aɖe si ɖe dzesi ƒã le amesiwo Yehowa zã le gbɔgbɔmekekeli sia si me nɔa kɔkɔm vivivi hehe vɛ me ŋue nye be womedia bubu na wo ɖokui o. Nɔnɔme si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ C. T. Russell ɖe fiae nye be, edze Aƒetɔ la ŋu be yeazã yewoƒe ŋutete si mede afi aɖeke o la. Le amekoŋkɔ siwo Nɔviŋutsu Russell ƒe futɔwo lɔ̃a yɔyɔ ŋu la, eɖe eme kɔte be yemedo go “Russelltɔ” aɖeke kpɔ o eye “Russell-ha” aɖeke meli o. Kafukafuawo katã yi na Mawu.

7. Nukae Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔ si ɖo kpe edzi be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔwoe wonye?

7 Ne míetsɔ dɔ si Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔ ƒe kutsetsewo bu nya la ŋui la, míate ŋu ake ɖi aɖeke le alesi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ mɔ fiam wo ŋu o. Woɖee fia be yewonye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la me tɔwo. Togbɔ be subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi gblɔ be yewoxɔe se be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye eye be Yesu nye Mawu ƒe Vi hã la, woda asi ɖe Babilon ƒe aʋatsonufiafiawo abe Mawuɖekaetɔ̃, amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku, kple funyafunyawɔame mavɔ ŋuti nufiafiawo ene dzi. Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu mee wòto vavã be Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo ƒe agbagbadzedze ɖokuibɔbɔtɔe na nyateƒea ƒe gɔmesese klẽ nyuie wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ nɛ. (Yohanes 16:13) Biblia Nusrɔ̃vi amesiamina mawo ƒe nuwɔna ɖo kpe edzi be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ siwo wode dɔ asi na be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu Aƒetɔ la ƒe aƒemetɔwoe wonye vavã. Woƒe agbagbadzedzewo nye kpekpeɖeŋu gã aɖe le amesiaminawo nu ƒoƒoƒu me.

8. Yehowa, Biblia, Yesu Kristo, kple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋuti nyateƒe vevi kawo mee Biblia Nusrɔ̃viwo se nyuie?

8 Ewɔ nuku be míakpɔ alesi gbegbe Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ve Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ siawo nui be woxɔ kekelia ƒe keklẽ siawo. Gbã la, wofia kpeɖodzi sesẽwo tsɔ ɖee fia be Wɔla la li eye be ŋkɔ si nye eya ɖeɖeko tɔ le esi, eyae nye Yehowa. (Psalmo 83:19; Romatɔwo 1:20) Wokpɔe be nɔnɔme vevi enee le Yehowa si—ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃. (Mose I, 17:1; Mose V, 32:4; Romatɔwo 11:33; Yohanes I, 4:8) Kristotɔ amesiamina siawo ɖo kpe edzi kɔte be Biblia lae nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me eye be nyateƒee wònye. (Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16, 17) Hekpe ɖe eŋu la, wogafia nu be ɖe wowɔ Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, eye be etsɔ eƒe agbe na tafee ɖe ameƒomea katã ta. (Mateo 20:28; Kolosetɔwo 1:15) Wokpɔe hã be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ame etɔ̃lia kura o.—Dɔwɔwɔwo 2:17.

9. (a) Nyateƒe kawo mee kɔ na Biblia Nusrɔ̃viwo nyuie tso afisi amegbetɔ dzɔ tso kple mɔkpɔkpɔ siwo le esi si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu? (b) Nyateƒe bubu kawo gɔmee Yehowa subɔlawo se nyuie?

9 Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe dze sii kɔte be luʋɔ makumaku mele amegbetɔ si o ke boŋ eya ŋutɔ nye luʋɔ si kuna. Wonyae be “nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku,” menye funyafunyawɔame mavɔ o, elabena teƒe aɖeke meli si nye dzomavɔ nɔa bibim o. (Romatɔwo 5:12; 6:23; Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4) Gawu la, wokpɔe kɔte be menye ɖeko amedzɔtsolãme nufiafia metso Ŋɔŋlɔawo me ko o ke boŋ be gɔmeɖokpe aɖeke ŋutɔ hã mele esi o. (Mose I, ta 1 kple 2) Wokpɔe dze sii hã be mɔkpɔkpɔ evee Biblia tsɔ ɖo ŋkume na mí—dziƒogbenɔnɔ na Kristo ƒe afɔɖoƒeyomedzela amesiamina 144,000 la kple paradisonyigba dzi nɔnɔ na “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” si xexlẽme meli na o. (Nyaɖeɖefia 7:9; 14:1; Yohanes 10:16) Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo kpɔe dze sii be anyigba la anɔ anyi tegbee eye be womatɔ dzoe abe alesi subɔsubɔha geɖe fiaa nui ene o. (Nyagblɔla 1:4; Luka 23:43) Wosrɔ̃e hã be womakpɔ Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kple ŋku o eye be ɣemaɣi la, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔwo dzi eye wòawɔ anyigba la paradisoe.—Dɔwɔwɔwo 10; 42; Romatɔwo 8:19-21; Petro I, 3:18.

10. Nyateƒe kawo mee Biblia Nusrɔ̃viwo se le nyɔnyrɔ̃xɔxɔ, vovototo dede osɔfowo kple hameviwo dome, kple Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu?

10 Biblia Nusrɔ̃viawo srɔ̃e be nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu la menye tsihehlẽ ɖe ta na vidzĩwo o ke boŋ le wɔwɔ ɖe se si Yesu de le Mateo 28:19, 20 me dzi la, enye xɔsetɔ siwo wofia nui la nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me. Wova kpɔe be Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe vovototo dede osɔfowo kple hamevi gbɔlowo dome dzi o. (Mateo 23:8-10) Ke boŋ ele be Kristotɔwo katã nanye nyanyui gbeƒãɖelawo. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Biblia Nusrɔ̃viawo se egɔme be ele be woaɖu Kristo ƒe ku la ƒe Ŋkuɖodzi zi ɖeka ko le ƒe me, le Nisan 14 lia dzi. Wogakpɔe dze sii be trɔ̃subɔsubɔzãe Ista nye. Amesiamina mawo ka ɖe edzi vevie be Mawu le megbe na dɔ si wɔm yewonɔ eyata womedzɔ ga le ame aɖeke si kpɔ o. (Mateo 10:8) Tso gɔmedzedzea me ke la, wose egɔme be ele be Kristotɔwo nanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu, esi ƒe akpa aɖee nye be woatse Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kuwo.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Nyateƒea ƒe Keklẽ Siwo me Le Kɔkɔm Ðe Edzi

11. Kekeli kae klẽ ɖe Kristotɔwo ƒe dɔdasi kple Yesu ƒe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa dzi?

11 Tso ƒe 1919 me koŋ la, wotsɔ kekelia ƒe keklẽ siwo me le kɔkɔm ɖe edzi yra Yehowa subɔlawoe. Kekeli si me kɔ nyuie kae nye si wònye le ƒe 1922 ƒe Cedar Point takpekpea me esime J. F. Rutherford, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla evelia, te gbe ɖe edzi ŋusẽtɔe be Yehowa subɔlawo ƒe agbanɔamedzi vevitɔe nye be ‘woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe’! Le ƒe si kplɔe ɖo me tututu la, kekeli si me kɔ la klẽ ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa dzi. Wokpɔe be Aƒetɔ la ƒe ŋkeke sia mee wòle be nyagblɔɖi sia nava eme, menye le etsɔ me le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me abe alesi wosusui tsã ene o. Le etsɔ me le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Kristo nɔviwo magadze dɔ o, eye womagade wo game hã o. Hekpe ɖe eŋu la, le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, Yehowa Mawue adrɔ̃ ʋɔnu, menye Yesu Kristoe o.—Mateo 25:31-46.

12. Kekeli kae klẽ ɖe Harmagedon dzi?

12 Le ƒe 1926 me la, kekeli si me kɔ ƒe keklẽ bubu ɖee fia be menye hadometɔtrɔ kpatae Harmagedon-ʋa la anye abe alesi Biblia Nusrɔ̃viawo susui gbã ene o. Aʋa si me Yehowa aɖe eƒe ŋusẽ afia le be wòadze ƒã ale be dukɔwo katã nakpɔe adze sii be eyae nye Mawu la boŋ ye wòanye.—Nyaɖeɖefia 16:14-16; 19:17-21.

Kristmas—Trɔ̃subɔlawo ƒe Azãe

13. (a) Kekeli kae klẽ ɖe Kristmas ɖuɖu dzi? (b) Nukatae womegaɖua dzigbezã o? (De etenuŋɔŋlɔa me nyawo hã eme.)

13 Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, kekelia ƒe keklẽ aɖe na Biblia Nusrɔ̃viawo dzudzɔ Kristmas ɖuɖu. Do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma la, Biblia Nusrɔ̃viawo ɖua Kristmas le xexeame katã, eye azã bliboe wònyena le Brooklyn ƒe dɔwɔƒegã la. Gake wova kpɔe be trɔ̃subɔlawo ƒe azãe December 25 lia ɖuɖu nye eye Kristodukɔ xɔsegbela la tiae be wòana dzimetɔtrɔ na trɔ̃subɔlawo nanɔ bɔbɔe na yewo. Gakpe ɖe eŋu la, wokpɔe be Yesu ƒe dzidzi mate ŋu anye le vuvɔŋɔli o, elabena le edziɣi la, alẽkplɔlawo kplɔ woƒe alẽwo yi gbedzii—nane si womate ŋu awɔ le zã me le December ƒe nuwuwu lɔƒo ma o. (Luka 2:8) Ŋɔŋlɔawo fia be October 1 lɔƒo boŋ ye wodzi Yesu. Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe dze sii hã be trɔ̃subɔla ɣletivimefakalawoe amesiwo woyɔna be nunyala siwo va kpɔ Yesu ɖa le eƒe dzidzi abe ƒe eve ene megbe la nye.b

Ŋkɔ Yeye Aɖe

14. Nukatae ŋkɔ Biblia Nusrɔ̃viwo mesɔ na Yehowa ƒe amewo tututu o?

14 Le ƒe 1931 me la, nyateƒea ƒe kekeli si me kɔ nyuie si klẽ na Biblia Nusrɔ̃vi mawo ɖe Ŋɔŋlɔawo me ŋkɔ si sɔ na wo la fia wo. Yehowa ƒe amewo kpɔe be yewomate ŋu atsɔ megbeŋkɔ siwo wotsɔ na yewo abe Russelltɔwo, Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu tɔwo, “dzomavɔ meli o tɔwo” ene la dometɔ aɖeke o.c Gake wova kpɔe dze sii hã be ŋkɔ si yewo ŋutɔ yewotsɔ—Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo—hã mesɔ na yewo tututu o. Menye Biblia nusrɔ̃viwo koe wonye o. Gawu la, ame geɖe ŋutɔ hã nɔ anyi siwo nye Biblia srɔ̃lawo gake ƒomedodo aɖeke menɔ wo kple Biblia Nusrɔ̃viawo dome o.

15. Ŋkɔ kae Biblia Nusrɔ̃viawo xɔ le ƒe 1931 me, eye nukatae wòsɔ?

15 Aleke wòwɔ Biblia Nusrɔ̃viawo va tsɔ ŋkɔ yeye? Ƒe geɖe enye ma si Gbetakpɔxɔ la nɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la dom ɖe dzi. Eyata esɔ nyuie ŋutɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo natsɔ ŋkɔ si le Yesaya 43:10 be: “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.”

Taʋiʋli Kple “Ameha Gã” La

16. Nukatae gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖiwo mate ŋu aku ɖe dzɔdzɔme Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ va Palestina ŋu o, gake amekawo ŋue wòku ɖo?

16 Le agbalẽ si nye Vindication ƒe babla evelia si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta le ƒe 1932 me la, kekelia ƒe keklẽ ɖee fia be nuwo gbugbɔɖɔɖo ŋuti nyagblɔɖi siwo Yesaya, Yeremya, Xezekiel, kple nyagblɔɖila bubuwo ŋlɔ ɖi la meku ɖe ŋutilã me Yudatɔ siwo tsɔ dzimaxɔse kple dunyahehe susuwo trɔ gbɔ va Palestina la ŋu (abe alesi wosusui tsã ene) o. Ke boŋ gbugbɔɖɔɖo ŋuti nyagblɔɖi siawo siwo va eme le mɔ sue aɖe nu le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo trɔ gbɔ tso kluvinyenye me le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la ƒe mevava gãtɔ va eme le gbɔgbɔ me Israel ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple wo gbugbɔgaɖoanyi le ƒe 1919 me, esi he dzidzedzekpɔkpɔ si nye gbɔgbɔmeparadiso si me Yehowa subɔla vavãtɔwo le egbea la vɛ.

17, 18. (a) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nukae kekelia ƒe keklẽ aɖe ɖe fia be eyae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo vevitɔ? (b) Kekeli kae klẽ ɖe Nyaɖeɖefia 7:9-17 dzi le ƒe 1935 me?

17 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, kekelia ƒe keklẽwo ɖee fia be menye amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔe nye nu vevitɔ le Yehowa ƒe tameɖoɖo me o, ke boŋ eƒe dziɖulanyenye taʋiʋlie. Wokpɔe be menye tafe lae nye Biblia ƒe tanya o ke boŋ Fiaɖuƒe lae, elabena eyae aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. Kekelia ƒe keklẽ si me kɔ nyuie kae nye si wònye! Meganye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ŋutɔ ƒe dziƒoyiyi ŋu koŋ ye wogatsia dzi ɖo o.

18 Le ƒe 1935 me la, kekelia ƒe keklẽ si me kɔ nyuie la ɖee fia be ameha gã si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9-17 la menye dziƒoyilawo ƒe hatsotso siwo le nɔƒe si bɔbɔ ɖe anyi wu o. Wosusunɛ tsã be amesiwo woyɔ le kpukpui mawo me nye amesiaminawo dometɔ aɖewo siwo mewɔ nuteƒe bliboe o eyatae wole tsitre ɖe fiazikpuia ŋgɔ le esi woanɔ fiazikpuiwo dzi anye fiawo kple nunɔlawo kple Yesu Kristo teƒe. Gake nuteƒewɔwɔ afã kple afã aɖeke meli o. Nuteƒewɔla koe woanye loo alo woanye nuteƒemawɔla. Eyata wokpɔe be ameha gã siwo womeɖo xexlẽme na o, tso dukɔ sia dukɔ me siwo nu ƒom wole ƒu, amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye anyigba dzi nɔnɔ, ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo. Woawoe nye ‘alẽ’ siwo woyɔ le Mateo 25:31-46 kple ‘alẽ bubu’ siwo woyɔ le Yohanes 10:16.

Atitsoga la—Menye Kristotɔwo ƒe Dzesi O

19, 20. Nukatae atitsoga la mate ŋu anye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi o?

19 Le ƒe geɖe me la, Biblia Nusrɔ̃viwo na atitsoga la dze ƒã abe Kristotɔnyenye ƒe dzesi ene. “Fiakuku” si dzi wowɔ “atitsoga” ɖo si wotsɔ dea awu ŋu gɔ̃ hã nɔ wo si. King James Version gɔmeɖeɖea gblɔ be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woatsɔ woƒe “atitsoga,” eye ame geɖe va xɔ se be atitsoga ŋue wowui ɖo. (Mateo 16:24; 27:32) Dzesi sia dze le Gbetakpɔxɔ ƒe akpa hã dzi ƒe geɖe.

20 Agbalẽ si nye Riches si Habɔbɔa ta le ƒe 1936 me la ɖe eme be ati dzɔdzɔe ŋue woklã Yesu Kristo ɖo, menye atitsoga ŋue o. Agbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya (stau·rosʹ) si gɔme woɖe be “atitsoga” le King James Version me la “fia kpɔtɔti alo ati dzɔdzɔe koŋ. Eto vovo na subɔsubɔhawo ƒe ati eve siwo wotsɔ wɔ atitsogae. . . . Blema Kaldea ye evelia sia dzɔ tso eye wozãnɛ na Tammuz ƒe dzesi.” Le esi woatsɔ nusi ŋu wohe Yesu ɖo awɔ legbae teƒe la, ele be woanyɔ ŋui boŋ.

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Kekelia ƒe keklẽ gãtɔwo kpakple esiwo woabu be wonye suetɔwo siaa ƒe kpɔɖeŋu bubuwo gali. Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo ne nàse esiawo ŋuti numedzodzro.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae le ƒe 1973 me.

b Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova kpɔe be ne womeɖu ame vevitɔ kekeake ƒe dzigbezã o la, ke mele be míaɖu dzigbezã aɖeke hã o. Gawu la, Israel-viwo loo alo Kristotɔ gbãtɔwo meɖu dzigbezã o. Ame eve ko ƒe dzigbezãe Biblia gblɔ be woɖu, ɖekae nye Farao tɔ eye evelia nye Herodes Antipa tɔ. Wotsɔ amewuwu gblẽ wo ame evea siaa mee. Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o elabena azã sia dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me eye wolɔ̃a amesi ƒe dzigbezã wònye wole ɖuɖum la dodo ɖe dzi.—Mose I, 40:20-22; Marko 6:21-28.

c Esia nye vodada aɖe si Kristodukɔa ƒe sɔlemeha geɖe wɔ. Luthertɔwo nye megbeŋkɔ si Martin Luther ƒe futɔwo tsɔ na eyomedzelawo, eye woawo hã va lɔ̃ ɖe edzi be woayɔ yewo nenema. Nenema ke Baptisttɔwo (nyɔnyrɔ̃nalawo) hã lɔ̃ ɖe megbeŋkɔ si hagodotɔwo tsɔ na wo le esi wofiaa nu be ele be woanyrɔ̃ ame ɖe tsi me ta la dzi. Nenema tɔgbe ke Methodisttɔwo hã xɔ ŋkɔ si hagodotɔ aɖe tsɔ na wo lae. Le alesi wòwɔ wova le ha si woyɔna be Xɔlɔ̃wo ƒe Ha yɔm be Quakers (Dzodzonyanyanyalawo) ŋu la, The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Dzue nya Quaker nye na Fox [ha ma ɖola], amesi gblɔ na Eŋlisi ʋɔnudrɔ̃la aɖe be ‘wòadzo nyanyanya ɖe Aƒetɔ ƒe Nya la ŋu.’ Ʋɔnudrɔ̃la la yɔ Fox be ‘dzodzonyanyanyala.’”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Amekae nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” eye amekawoe nye ‘aƒea me tɔwo’?

◻ Míaƒe ɣeyiɣia me kekelia ƒe keklẽa dometɔ aɖewo ɖe?

◻ Nukata ŋkɔ yeye si nye Yehowa Ðasefowo la sɔ?

◻ Nyateƒe ɖedzesi kawoe woɖe fia le ƒe 1935 me?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

C. T. Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo na gbɔgbɔmekekelia klẽ ɖe afisiafi, gake Yehowae kafukafuawo katã yi na

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe