INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/1 axa 5-8
  • Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusidzeameŋudzixɔxɔse ƒe Nusi Wògblẽ
  • Nukae Nye Nyateƒe La?
  • Nusi Nyateƒea Wɔna
  • Kesinɔnu aɖe si Ƒo Ðesiaɖe Ta
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • “Mazɔ Le Wò Nyateƒe La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mawu Nyateƒetɔ La Sɔsrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • ‘Yi Edzi Nàzɔ Le Nyateƒea Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/1 axa 5-8

Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?

SUBƆSUBƆHA geɖewo gblɔna be yewoke ɖe nyateƒea ŋu, eye wotsɔnɛ ɖoa amewo ƒe ŋkume dzidzɔtɔe. Gake le woawo ɖeɖe dome la, “nyateƒe” siwo tɔtɔa amee wogblɔna. Ðe esia nye kpeɖodzi bubu be nyateƒewo katã nye nusi ame ŋutɔ bu be nyateƒeea, be nyateƒe ŋutɔŋutɔ aɖeke meli kura oa? Menye nenemae o.

Nufialagã V. R. Ruggiero gblɔ alesi wòwɔ nuku nɛ be nunyalawo kura gɔ̃ hã gblɔna ɣeaɖewoɣi be nyateƒe nye amesiame kple nusi wòbu nyateƒee ɖe eƒe agbalẽ si nye The Art of Thinking me. Eɖe nu me be: “Ne amesiame kple eya ŋutɔ ƒe nusi wòbu nyateƒee li la, ekema ame aɖeke ƒe nukpɔsusu manyo wu nɔvia tɔ o. Wo katã woasɔ. Eye ne nukpɔsusuwo katã sɔ la, ke susu ka tae wonɔa nuwo me kum ɖo? Nukatae wokua tome bene woakpɔ ŋuɖoɖo na tomenukuku ŋuti biabiawo? Nukatae woadi be woanya nusiwo he Titina Ɣedzeƒe ƒe dzrewo vɛ? Nukatae wòle be woadi dɔdzẽ ƒe dɔdamɔnu? Nukatae wòle be woasrɔ̃ nu tso ɣletivihatsotsowo ŋu? Nunya anɔ dɔwɔna siawo me nenye be ŋuɖoɖo aɖewo nyo wu bubuwo, nenye be nyateƒea le vovo na amewo ƒe nukpɔsusu eye nukpɔsusu siawo mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o.”

Le nyateƒe me la, ame aɖeke meli si xɔe se ŋutɔŋutɔ be nyateƒe aɖeke meli o. Ne eɖo nu ŋutɔŋutɔwo abe atikewɔwɔ, akɔntabubu, alo dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunya ene dzi la, nusidzeameŋudzixɔsela sesẽtɔwo kekeake hã xɔnɛ sena be nanewo nye nyateƒe. Mía dometɔ kae alɔ̃ aɖo yameʋu ne míebui be nuwo ƒe zɔzɔ le yame ŋuti sewo menye nyateƒe deblibowo o? Nyateƒe geɖe siwo dzi woate ŋu aɖo kpee li; woƒo xlã mí, eye ɖikeke manɔmee la, míaƒe agbe nɔ te ɖe wo dzi.

Nusidzeameŋudzixɔxɔse ƒe Nusi Wògblẽ

Gake agbenɔnɔ gomee nusidzeameŋudzixɔxɔse ƒe vodadawo dze le wu, elabena afisiae wògblẽ nu le wu. The Encyclopedia Americana gblɔ tso eŋu ale: “Woke ɖi vevie nenye be amegbetɔ ƒe ŋutete aɖo sidzedze alo nusi wonya be enye nyateƒe gbɔ loo alo mate ŋui o ŋu . . . Gake kpeɖodzi li be ne wogbe nyateƒe kple sidzedze siwo zɔna aduadu be wonye alakpa alo wogblẽa nu le ame ŋu la, nu gblẽna le amewo ƒe agbenɔnɔ ŋu kokoko.”

Ðewohĩ ède dzesi agbenɔnɔ ƒe gbegblẽ sia. Le kpɔɖeŋu me, ƒã hafi wogabua Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti nufiafia, siwo gblɔe eme kɔ ƒã be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ menyo o la be enye nyateƒe. Agbenɔnɔ ɖe alesi nɔnɔmewo le nu—“wò ŋutɔ tso nya me le nusi nyo na wò la ŋu”—va zu nusi bɔ. Ðe amea ɖe agblɔ be amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe gbegblẽ metso nusidzeameŋudzixɔxɔse ma gbɔ oa? Kakaɖedzitɔe la, agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dɔxɔleameŋu siwo bɔ, ƒomewo ƒe gbagbã, kple ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ ŋutɔ le ɖase ɖim le wo ɖokui si.

Nukae Nye Nyateƒe La?

Ekema mina míaɖe asi le nusidzeameŋudzixɔxɔse ƒe tsi bubluwo ŋu eye míadzro nusi Biblia gblɔ tso nyateƒe ƒe tsi zɔzrɔ̃ewo ŋu me kpuie. (Yohanes 4:14; Nyaɖeɖefia 22:17) Le Biblia me la, “nyateƒe” menye susu dzro aɖe si ŋu gɔmesese mele o, si ŋu xexemenunyalawo nɔa nya ʋlim le kura o.

Esi Yesu gblɔ be yeƒe taɖodzinu le agbe mee nye be yeaƒo nu tso nyateƒe ŋu la, enɔ nu ƒom tso nane si ŋuti Yudatɔ nuteƒewɔlawo de asixɔxɔe ƒe alafa geɖewo. Le Yudatɔwo ƒe nuŋlɔɖi kɔkɔewo me la, woxlẽ nu tso “nyateƒe” la ŋu ɣeyiɣi didi aɖe be enye nu ŋutɔŋutɔ, ke menye susu dzro aɖe ko o. Le Biblia me la, woɖe “nyateƒe” gɔme tso Hebrigbe me nya “ʼemethʹ” me, si fia nane si li ke, sẽ ŋu, eye, ɖewohĩ esi ƒo wo katã ta la, nane si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo.

Esɔ be Yudatɔwo bu nyateƒea nenema. Woyɔa woƒe Mawu, Yehowa, be ‘Mawu nyateƒetɔ.’ (Psalmo 31:6) Esi nusianu si Yehowa gblɔ be yeawɔ la, ewɔnɛ tae. Ewɔna ɖe eƒe ŋugbe siwo wòdona la dzi. Ne ena wogblɔ nya ɖi la, wovaa eme. Ne egblɔ eƒe nyametsotsowo mlɔeba la, enaa wovaa eme. Israel-vi miliɔn geɖe nye nudzɔdzɔ vavã mawo teƒekpɔlawo. Biblia-ŋlɔla siwo gbɔgbɔ ʋã, ŋlɔ nudzɔdzɔ mawo wonye ŋutinya me nyateƒe si ŋuti womate ŋu ake ɖi le o. To vovo na agbalẽ bubu siwo wobuna be wole kɔkɔe la, menye nyakpakpawo alo glitotowoe wotsɔ ŋlɔ Bibliae o. Woɖo egɔme anyi sesĩe ɖe nyateƒenyawo—ŋutinya, tomenukuku, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple hadomegbenɔnɔŋutinunya me nudzɔdzɔwo dzi. Mewɔ nuku o be hakpala gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wò se la nye nyateƒe. . . . Wò seawo katã nye nyateƒe. . . . Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe”!—Psalmo 119:142, 151, 160.

Yesu Kristo yɔ nya tso psalmo mawo me esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Yesu nya be kakaɖedzi kple ŋuɖoɖeŋu blibo le nya sia nya si ye Fofoa gblɔna ŋuti. Yesu hã, “nyateƒe yɔe fũ” nenema ke. (Yohanes 1:14) Eyomedzelawo ŋutɔ nɔ eteƒe kpɔe be kakaɖedzi blibo le nusianu si wògblɔ ŋu be nyateƒee eye woŋlɔe na dzidzimewo katã.a

Gake esi Yesu gblɔ na Pilato be nusita yeva xexeame ɖo ye nye be yeaɖi ɖase na nyateƒea la, nyateƒe tɔxɛ aɖe nɔ eƒe susu me. Yesu tsɔ nya mawo ɖo Pilato ƒe nya si wòbiae be: “Fiae nènye ni?” la ŋui. (Yohanes 18:37) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, tanya vevitɔ si ŋuti eƒe nufiafia ku ɖoe nye Mawu Fiaɖuƒe kple eya ŋutɔ ƒe fianyenye. (Luka 4:43) Gbɔgblɔ be Fiaɖuƒe ma akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta, eye wòagana agbe mavɔ si me dzidzɔ le nuteƒewɔlawo la ye nye “nyateƒe” si Kristotɔ vavã ɖesiaɖe le mɔ kpɔm na. Esi Yesu ƒe wɔƒe le Mawu ƒe ŋugbedodowo mevava me ɖe dzesi alea gbegbe, eye esi Mawu ƒe nyagblɔɖiwo katã nye “Amen” alo nyateƒe le eyama me ta la, Yesu ate ŋu agblɔe wòasɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.”—Yohanes 14:6; Korintotɔwo II, 1:20; Nyaɖeɖefia 3:14.

Nyateƒe sia xɔxɔ be enye nusi ŋu ŋuɖoɖeŋu blibo le la ɖea vi gã aɖe na Kristotɔwo egbea. Efia be wotu woƒe Mawu dzixɔse kple woƒe mɔkpɔkpɔ na eƒe ŋugbedodowo ɖe nyateƒenyawo kple nu ŋutɔŋutɔwo dzi.

Nusi Nyateƒea Wɔna

Eyata mewɔ nuku o be Biblia fia be ɖekawɔwɔ le nyateƒe kple nuwɔwɔ dome. (Samuel I, 12:24; Yohanes I, 3:18) Menye susu me nyaʋiʋlie nyateƒea nye na Yudatɔ Mawuvɔ̃lawo o; ke boŋ mɔ si nu wonɔa agbe ɖoe wònye. Woagate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nyateƒe” gɔme be “nuteƒewɔwɔ,” eye wozãnɛ tsɔ ɖɔa amesi dzi woate ŋu aka ɖo be awɔ eƒe nyawo dzi. Yesu fia eyomedzelawo be woabu nyateƒe la nenema ke. Ebu fɔ Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ, vovototo gã si le nya siwo woawo ŋutɔ gblɔna tsɔ fiana be yewonye ame dzɔdzɔewo kple woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dome la vevie. Eye eɖo kpɔɖeŋu ɖi to agbenɔnɔ ɖe nyateƒe siwo wòfia la nu me.

Nenemae wòle be wòanɔ le Kristo yomedzelawo katã gome. Mawu ƒe Nya la me nyateƒea, Mawu Fiaɖuƒe si anɔ Yesu Kristo ƒe dziɖulanyenye te ƒe nyanyui dodzidzɔnamewo de ŋgɔ sã wu nyatakaka dzro aɖe ko na wo. Nyateƒe ma ʋãa wo be woawɔ nu eye ekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi be woanɔ agbe ɖe enu, eye woagblɔe na ame bubuwo hã. (Tsɔe sɔ kple Yeremya 20:9.) Woyɔa ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea ƒe agbenɔnɔ si woɖe fia esi wonye Kristo yomedzelawo ta la ɣeaɖewoɣi be enye “nyateƒe la” alo “nyateƒemɔ la.”—Yohanes II, 4; Yohanes III, 4, 8; Petro II, 2:2.

Kesinɔnu aɖe si Ƒo Ðesiaɖe Ta

Vavãe, Mawu ƒe nya la ƒe nyateƒeawo xɔxɔ bia nane tso ame si ya. Gbã la, nyateƒea sɔsrɔ̃ ɖeɖe dzaa ate ŋu anye nu sesẽ na ame vevie. The Encyclopedia Americana de dzesii be: “Nyateƒea menyoa ame ŋu zi geɖe o, le alesi medea nazãbubu kple glitoto dzi o ta.” Ave mí be míakpɔ woaklo nu le míaƒe dzixɔsewo dzi be wonye aʋatso, vevietɔ ne subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo dzi míeka ɖoe fia wo mí. Ame aɖewo atsɔe asɔ kple alesi woakpɔe be yewo dzila siwo dzi yewoka ɖo la nye vivimehlɔ̃nuwɔlawo. Gake ɖe menyo wu be woanya mawusubɔsubɔ me nyateƒea wu be woanɔ mía blem oa? Ðe manyo be míadze si nyateƒenyawo tsɔ wu be aʋatsonyawo nakplɔ mí atrae oa?b—Tsɔe sɔ kple Yohanes 8:32; Romatɔwo 3:4.

Evelia, agbenɔnɔ ɖe nyateƒea nu ana be amesiwo nye mía xɔlɔ̃wo tsã la dometɔ aɖewo nalé fu mí. Le xexe aɖe si me ame geɖewo “tsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka” la, wobua amesiwo lé nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ɖe asi sesĩe la amesiwo to vovoe eye ɣeaɖewoɣi womelɔ̃a woƒe nya o eye womesea nu gɔme na wo o.—Romatɔwo 1:25; Petro I, 4:4.

Gake viɖe le fu eve siawo kpekpe ɖe nyateƒea ta me. Nyateƒea nyanya ana míavo tso aʋatsonyawo, amefufluwo kple aʋatsodzixɔsewo si me. Eye ne míenɔ agbe ɖe nyateƒea nu la, edoa ŋusẽ mí be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Kakaɖedzi kple gɔmeɖoanyi si le Mawu ƒe nyateƒea si la li ke ale gbegbe be wònaa mɔkpɔkpɔ si doa ŋusẽ mí be míanɔ tsitre sesĩe le dodokpɔ ɖesiaɖe me la yɔa mí fũ. Eyata mewɔ nuku o be Paulo tsɔ nyateƒe la sɔ kple lãgbalẽlidziblanu gbadza sesẽ alo alidziblanu si asrafowo blana le aʋagbedzi!—Efesotɔwo 6:13, 14.

Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o.” (Lododowo 23:23) Etsɔtsɔ ko be nusi ame ŋutɔ bu nyateƒee ye nye nyateƒe nɛ alo be meli kura o nye agbe ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo me dzidzɔ kple dzidzeme le wu la dadaƒu. Ne èke ɖe eŋu la, ekema èke ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu; sidzedzee kple elɔlɔ̃ sɔ kple sidzedze xexeame Wɔla kple eƒe Tenuvi ɖeka la kpakple wo lɔlɔ̃; agbenɔnɔ ɖe enu nye agbe si me susumekɔdzeanyi kple taɖodzinu le nɔnɔ fifia kple heyi ɖe mavɔmaɔvɔ me.—Lododowo 2:1-5; Zaxarya 8:19; Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le Nyanyuiawo ƒe nuŋlɔɖiwo me la, Yesu zã nyagbɔgblɔ ɖedzesi aɖe le teƒe siwo wu 70 sɔŋ tsɔ te gbe ɖe eƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Egblɔna zi geɖe be “Amen” (Vavã, Eʋegbe Biblia) tsɔ dzea nyagbewo gɔmee. Hebrigbe me nya si sɔ kplii la gɔmee nye “kakaɖedzi le eŋu, nyateƒee.” The New International Dictionary of New Testament Theology de dzesii be: “Yesu ƒe nyawo gɔmedzedze kple amen na wòdze be kakaɖedzi kple ŋuɖoɖeŋu le wo ŋu. Eléa wo me ɖe asi eye wònaa nyawo blaa eya ŋutɔ kple eƒe nyaselawo. Woɖea eƒe fianyenye kple ŋusẽnɔƒe si wòle la fiana.”

b Helagbe me nya a·leʹthei·a si wozã na “nyateƒe” la gɔmeɖeɖe tẽ nye “nusi meɣla o,” eyata zi geɖe la, nyateƒe fiana be woaɖe nusi nɔ ɣaɣla tsã la afia.—Tsɔe sɔ kple Luka 12:2.

[Aɖaka si le axa 6]

Ðe Nyateƒe la Trɔna?

EMAE nye nya si V. R. Ruggiero bia le eƒe agbalẽ si nye The Art of Thinking me. Eɖo eŋu be ao. Eɖe eme be: “Awɔ ɣeaɖewoɣi abe ɖe wòtrɔna ene, gake ne wolé ŋku ɖe eŋu tsitotsito la, woakpɔe be metrɔna o.”

Egblɔ be: “Bu amesi ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbatɔ̃ ƒe nya ŋu kpɔ. Kristotɔwo kple Yudatɔwo siaa xɔe se ƒe alafa geɖewo be ame ɖekae ŋlɔ agbalẽ ma. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woke ɖi le nukpɔsusu ma ŋu, eye mlɔeba wova bui be ame atɔ̃ ye ŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa. Emegbe le ƒe 1981 me la, wota nusi ŋu woke ɖo le ƒe 5 ƒe numekuku si wowɔ le alesi wogblɔ nyawoe le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ŋuti si gblɔ be woate ŋu atsɔ kakaɖedzi si nye 82 le alafa me agblɔ be ame ɖeka koe ŋlɔ agbalẽ sia abe alesi wobui gbã ene.

“Ðe nyateƒe si ku ɖe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ŋlɔla ŋuti la trɔa? Ao. Míaƒe dzixɔse koe trɔ. . . . Míaƒe sidzedze alo numanyamanya matrɔ nyateƒe la o.”

[Aɖaka si le axa 7]

Bubudede Nyateƒea Ŋu

“BUBUDEDE nyateƒea ŋu menye míaƒe ɣeyiɣia me ƒe aʋatsoɖikeke si ‘kloa nu’ le nusianu dzi kple susu be ame aɖeke alo naneke mate ŋu ake ɖe nyateƒe ŋuti ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ enye nɔnɔme si tsɔa kakaɖedzi kple dzidzɔ kpɔa mɔ be woate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu vavã eye wòlɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui na nyateƒea ɣesiaɣi kple afisiafi si wòke ɖe eŋu le. Wodi lɔlɔ̃ faa be woalɔ̃ axɔ nyateƒe sia tso amesiwo subɔa nyateƒe ƒe Mawu la si; elabe bubu si dze dede nyateƒea ŋu nana be woɖia anukware le nuwɔwɔ kple ame havi me le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa me. Esiae nye nɔnɔme si míekpɔ, si ŋuti N[ubabla] X[oxoa] kple N[ubabla] Y[eyea] siaa ɖi ɖase le.”—The New International Dictionary of New Testament Theology, Babla 3, axa 901.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒe siwo ŋu woke ɖo dzie wotu dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyiwo ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nyateƒe la ku ɖe Fiaɖuƒea kple eƒe yayrawo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe