“Mawu Ƒe Israel” Kple “Ameha Gã” La
“Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o.”—NYAÐEÐEFIA 7:9.
1-3. (a) Ŋutikɔkɔe ƒe dziƒomɔkpɔkpɔ kawoe le Kristotɔ amesiaminawo si? (b) Aleke Satana te kpɔ be yeagblẽ ƒe alafa gbãtɔ me hameae? (d) Nukae dzɔ le ƒe 1919 me si fia be Satana ƒe agbagbadzedze be yeagblẽ amesiaminawo ƒe Kristo-hamea la do kpo nu?
“MAWU ƑE ISRAEL” la ɖoɖo anyi le ƒe 33 M.Ŋ. me nye afɔɖeɖe gã aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me. (Galatiatɔwo 6:16) Emetɔ siwo wosi ami na la ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ makumakuwo eye yewoaɖu fia kple Kristo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Korintotɔwo I, 15:50, 53, 54) Esi wole ɖoƒe ma ta la, woawɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple tagbagbã na Futɔ gã, Satana Abosam me. (Mose I, 3:15; Romatɔwo 16:20) Mewɔ nuku o be Satana wɔ eƒe ŋutete katã be yeatsrɔ̃ hame yeye sia to eyometiti kple agbagbadzedze be yeagblẽe me!—Timoteo II, 2:18; Yuda 4; Nyaɖeɖefia 2:10.
2 Satana mete ŋu kpɔ dzidzedze le apostoloawo ƒe agbenɔɣi o. Gake le woƒe ku megbe la, xɔsegbegbe keke ta kabakaba. Mlɔeba le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, edze abe Kristo-hame si Yesu ɖo anyi la gblẽ esi Satana he xɔsegbegbe ƒe mawusubɔsubɔ gbegblẽ si woyɔna egbea be Kristodukɔ la vɛ. (Tesalonikatɔwo II, 2:3-8) Gake Kristotɔnyenye vavãtɔ kpɔtɔ nɔ anyi.—Mateo 28:20.
3 Yesu gblɔ ɖi le eƒe lu kple gbe wuwlui ŋuti lododoa me be nyateƒe Kristotɔwo atsaka kple “gbe wuwluiawo,” alo alakpa Kristotɔwo atsi hena ɣeyiɣi aɖe; eye esia va dzɔ. Gake egblɔ hã be le ŋkeke mamleawo me la, vovototo anɔ “fiaɖuƒe la ƒe viwo” kple “gbe wuwluiawo” dome wòadze ƒã. (Mateo 13:36-43) Esia hã va eme tututu. Le ƒe 1919 me la, Kristotɔ vavãtɔ amesiaminawo do go tso Babilon ƒe aboyo me. Mawu da asi ɖe wo dzi be wonye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye wodze gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la gɔme kalẽtɔe. (Mateo 24:14, 45-47; Nyaɖeɖefia 18:4) Wo katã kloe wonye Trɔ̃subɔlawo; gake esi xɔse si nɔ Abraham si tɔgbe nɔ wo si ta la, wonye ‘Abraham ƒe dzidzimeviwo’ ŋutɔŋutɔ. “Mawu ƒe Israel” me tɔwoe wonye.—Galatiatɔwo 3:7, 26-29.
“Ameha Gã” La
4. Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo kae va dze vevietɔ le ƒe 1930-awo me?
4 Gbã la, amesiwo xɔ Kristotɔ amesiamina siawo ƒe gbeƒãɖeɖe la hã va zu gbɔgbɔ me Israel-vi siwo nye ame 144,000 ƒe ame susɔe siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le. (Nyaɖeɖefia 12:17) Gake vevietɔ tso ƒe 1930-awo me la, wova de dzesi ƒuƒoƒo bubu aɖe. Wode dzesi amesiawo be wonye “alẽ bubuwo” siwo le alẽkpɔawo ŋuti lododoa me. (Yohanes 10:16) Wonye Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo si agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Woawoe nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmedzidzimeviwo le kpɔɖeŋumɔ nu. (Yesaya 59:21; 66:22; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 4:15, 16.) Wokpɔe be Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame lae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la, eye abe wo nɔvi amesiaminawo ene la, lɔlɔ̃ deto le wo si na Yehowa, woxɔ Yesu ƒe vɔsa la dzi se, wotsɔa veviedodo kafua Mawui, eye wolɔ̃na faa kpea fu le dzɔdzɔenyenye ta.
5. Aleke wova nɔ alẽ bubuawo ƒe ɖoƒe gɔme sem nyuie wui?
5 Womese alẽ bubu siawo ƒe ɖoƒe gɔme nyuie gbã o, gake esime ɣeyiɣia nɔ yiyim la, nuwo me va kɔ. Le ƒe 1932 me la, wode dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be woaƒoe ɖe alẽ bubuawo nu woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me—nusi alẽ bubuawo dometɔ geɖe nɔ wɔwɔm xoxo. Le 1934 me la, wode dzi ƒo na alẽ bubuawo be woaxɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me. Le 1935 me la, wode dzesii be woawoe nye “ameha gã” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 7 me. Le ƒe 1938 me la, wokpe wo be woayi Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ava nye eteƒekpɔlawo. Le ƒe 1950 me la, wokpɔe be wo dometɔ siwo nye ŋutsu tsitsiwo la le ‘amegã’ siwo nye “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu” la dome. (Psalmo 45:17; Yesaya 32:1, 2) Wokpɔe le ƒe 1953 me be Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔ—si ƒe akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo tso ɣemaɣi—la me tɔwoe anɔ anyigba dzi le xexe yeyea me. Wose egɔme le ƒe 1985 me be wonɔa te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa dzi bua dzɔdzɔenyenye na alẽ bubuawo wova zua Mawu xɔlɔ̃ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoatsi agbe le Harmagedon me.
6. Ðoƒe vovovo kawoe le amesiaminawo kple alẽ bubuawo si egbea, si fɔ biabia kawo ɖe te?
6 Fifia le “ŋkeke mamleawo” ƒe akpa susɔe sia me la, ame 144,000 la dometɔ akpa gãtɔ ku hexɔ woƒe dziƒofetu. (Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 6:9-11; 14:13) Fifia Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le lae le gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe akpa gãtɔ wɔm, eye wobunɛ mɔnukpɔkpɔe be yewoado alɔ Yesu nɔvi amesiaminawo le esia wɔwɔ me. (Mateo 25:40) Gake amesiamina siawoe nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si dzi woto na gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ŋkeke mamle siawo katã me. Nukae alẽ bubuawo awɔ ne amesiaminawo katã xɔ woƒe dziƒofetu vɔ? Ðoɖo kae woawɔ na alẽ bubuawo ɣemaɣi? Ŋkuléle ɖe blema Israel-dukɔa ŋu vie akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu.
“Nunɔlawo ƒe Fiaɖuƒe” Tɔgbe Aɖe
7, 8. Afikae blema Israel nye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe se ɖo le Se ƒe nubabla la te?
7 Esi Yehowa tia Israel wònye eƒe dukɔ tɔxɛ la, ebla nu kpli wo gblɔ be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!” (Mose II, 19:5, 6) Israel nye Yehowa ƒe dukɔ tɔxɛ le Se ƒe nubabla la ta. Gake aleke ŋugbe si wòdo le nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe ŋu la ava emee?
8 Esime Israel wɔ nuteƒe la, wolɔ̃ ɖe Yehowa ƒe fianyenye dzi hexɔe be enye yewoƒe Fia. (Yesaya 33:22) Esia na wonye fiaɖuƒe. Gake abe alesi woɖee fia emegbe ene la, “fiaɖuƒe” ŋuti ŋugbedodo la ade ŋgɔ wu ema. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime woɖo to Yehowa ƒe Se la, wonɔ dzadzɛ heɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ siwo ƒo xla wo gbɔ. Dukɔ kɔkɔe ye wonye. (Mose V, 7:5, 6) Nunɔlawo ƒe fiaɖuƒee wonyea? Le Israel la, wotia Lewi-toa na gbedoxɔ me dɔwo, eye Lewi-nunɔlawo nɔ to ma me. Esime wode Mose ƒe Sea la, wotsɔ Lewi-ŋutsuwo ɖo ƒome ɖesiaɖe si menye Lewi-viwo o ƒe ŋgɔgbevi teƒe.a (Mose II, 22:29; Mose IV, 3:11-16, 40-51) Esia na be ƒome ɖesiaɖe si nɔ Israel la teƒenɔla aɖe nɔ gbedoxɔmedɔwo wɔm le kpɔɖeŋumɔnu. Esia nye mɔ si dzi dukɔa to te ŋu te ɖe nunɔlanyenye ŋu vie. Gake wonɔ Yehowa teƒe le dukɔwo ŋkume. Ele be amedzro ɖesiaɖe si di be yeasubɔ Mawu vavã la nawɔ ɖeka kple Israel asubɔe.—Kronika II, 6:32, 33; Yesaya 60:10.
9. Nukae na Yehowa gbe be Israel anyiehe fiaɖuƒea ‘maganye yeƒe nunɔlawo o’?
9 Le Salomo ƒe ku megbe la, Mawu ƒe dukɔ la me mã zu anyiehe Israel dukɔ si nɔ Fia Yerobeam te kple dziehe Yuda dukɔ si nɔ Fia Rehabeam te. Esi gbedoxɔa si nye tadedeagu dzadzɛ nɔƒe la nɔ Yuda ƒe anyigbamamã me ta la, Yerobeam ɖo tadedeagu manɔsenu aɖe anyi to nyivi legba siwo wòtu ɖe eya ŋutɔ ƒe dziɖuƒewo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “etu nuxeƒexɔwo, eye wòtsɔ dukɔ la ƒe amesiame ƒomevi, si metso Lewi-viwo dome o la, ɖo nunɔlae.” (Fiawo I, 12:31) Anyiehedukɔ la ganyrɔ̃ wo ɖokui ɖe alakpatadedeagu me vĩ wu esime Fia Axab ɖe mɔ srɔ̃a Yezebel dutanyɔnu la ɖo Baal-subɔsubɔ anyi le anyigba la dzi. Mlɔeba la, Yehowa gblɔ be yeadrɔ̃ ʋɔnu fiaɖuƒe dzeaglã la. Egblɔ to Hosea dzi be: “Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èdo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wò be, màganye nunɔla nam o.” (Hosea 4:6) Ema megbe kpuie la, Asiriatɔwo tsrɔ̃ Israel anyiehe fiaɖuƒea.
10. Aleke Yuda dziehe fiaɖuƒea nɔ Yehowa teƒe le dukɔwo ŋkume esime wowɔ nuteƒe?
10 Ke Yuda si nye dziehedukɔ la ya ɖe? Yehowa to Yesaya dzi gblɔ na wo le Xizkiya ŋɔli be: “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, . . . dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye la, axlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.” (Yesaya 43:10, 21; 44:21) Esime dziehefiaɖuƒea wɔ nuteƒe la, woɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe na dukɔwo eye woʋã dzinyuitɔwo be woade ta agu nɛ le eƒe gbedoxɔ la me eye Lewi-nunɔla siwo woɖo la nasubɔ wo.
Amedzro Siwo Nɔ Israel
11, 12. Yɔ amedzro siwo va wɔ ɖeka kple Israel subɔ Yehowa la dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ.
11 Wowɔ ɖoɖo na amedzro siwo xɔ dukɔa ƒe ɖaseɖiɖi sia la le Se si wotsɔ na wo to Mose dzi—amesi srɔ̃e nye Zipora, Midiatɔ la, me. “Amedzro geɖewo” siwo menye Israel-viwo o dzo le Egipte kple Israel-viwo eye wonɔ anyi esime wotsɔ Sea na wo. (Mose II, 2:16-22; 12:38; Mose IV, 11:4) Woxɔ Raxab kple eƒe ƒomea ɖe agbe tso Yerixo eye emegbe woxɔ wo ɖe Yudatɔwo ƒe ha la me. (Yosua 6:23-25) Emegbe kpuie la, Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israel eye wode avɔgbadɔa ŋu dɔwo asi na wo.—Yosua 9:3-27; kpɔ Fiawo I, 8:41-43; Ester 8:17.
12 Mlɔeba la, amedzrowo va subɔ le ɖoƒe kɔkɔwo. Wobu Xititɔ Uriya, Bat-seba srɔ̃, ɖe Dawid ƒe “ŋutsu kalẽtɔawo” dome, abe alesi wobu Amonitɔ Zelek ene. (Kronika I, 11:26, 39, 41; Samuel II, 11:3, 4) Etiopiatɔ Ebed-Melex subɔ le fiasã la me eye wòwɔ dɔ kple fia la tẽ. (Yeremya 38:7-9) Esi Israel-viwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon megbe la, wogade dɔ geɖe wu asi na gbedoxɔmedɔwɔla siwo menye Israel-viwo o be woana kpekpeɖeŋu nunɔlawo. (Ezra 7:24) Esi míebua dzronyigbadzitɔwo, alo amedzro, siawo be wonye ameha gã si li egbea ƒe vɔvɔli ta la, míetsɔ ɖe le woƒe nɔnɔmea me vevie.
13, 14. (a) Mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi kawoe nɔ trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo si le Israel? (b) Aleke wònɔ na Israel-viwo be woabu trɔ̃subɔla zu Yudatɔ wɔnuteƒewoe?
13 Amesiawo nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe siwo nɔ Mose ƒe Sea te eye woɖe wo kpakple Israel-viwo ɖe vovo tso dukɔwo gbɔ. (Mose III, 24:22) Wosa vɔwo, woɖe wo ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ ŋu, eye wotsri ʋu, abe Israel-viwo ke ene. (Mose III, 17:10-14; 20:2) Wona kpekpeɖeŋu le Salomo ƒe gbedoxɔa tutu me eye wonɔ eme wogbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le Fia Asa kple Fia Xizkiya ƒe kpɔkplɔ te. (Kronika I, 22:2; Kronika II, 15:8-14; 30:25) Esi Petro zã Fiaɖuƒea ƒe safui gbãtɔ le Pentekoste 33 M.Ŋ. dzi la, “Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo” se eƒe nyawo. Anɔ eme be ame akpe etɔ̃ siwo wona nyɔnyrɔ̃e gbemagbe la dometɔ aɖewo nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo. (Dɔwɔwɔwo 2:10, 41) Emegbe kpuie la, Filipo na nyɔnyrɔ̃ Etiopiatɔ trɔ̃subɔla zu Yudatɔ aɖe—hafi Petro zã Fiaɖuƒea ƒe safui mamletɔ na Kornelio kple eƒe ƒomea. (Mateo 16:19; Dɔwɔwɔwo 8:26-40; 10:30-48) Edze ƒã be womebu trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo be Dukɔwo dome tɔwoe wonye o.
14 Gake menye ɖoƒe si nɔ Israel-vi dzɔleaƒewo si la kee nɔ trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo si le dukɔa me o. Trɔ̃subɔla siwo zu Yudatɔwo mezua nunɔlawo o, eye teƒenɔla menɔ woƒe ŋgɔgbeviwo si le Lewi-viwo ƒe nunɔlanyenyea me o.b Eye anyigba ƒe domenyinu aɖeke menɔ trɔ̃subɔla siwo zu Yudatɔwo si o. Gake wode se na Israel-viwo be woabu trɔ̃subɔla siwo zu Yudatɔ wɔnuteƒewo ŋu eye woabu wo wo nɔviwoe.—Mose III, 19:33, 34.
Gbɔgbɔmedukɔ La
15. Nukae dzɔ esi ŋutilã me Israel gbe Mesia la xɔxɔ?
15 Wode Sea be wòana Israel-viwo nanɔ dzadzɛ eye woaɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ siwo ƒo xla wo gbɔ. Gake ena tameɖoɖo bubu aɖe hã va eme. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afia na mí to xɔse me.” (Galatiatɔwo 3:24) Nublanuitɔe la, Israel-vi akpa gãtɔ mena Sea kplɔ wo yi Kristo gbɔe o. (Mateo 23:15; Yohanes 1:11) Eyata Yehowa Mawu gbe dukɔ ma eye wòna woɖo “Mawu ƒe Israel” la anyi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpe amesiwo menye Yudatɔwo o be woava zu Israel-dukɔ yeye sia me tɔ ŋutɔŋutɔwo. (Galatiatɔwo 3:28; 6:16) Dukɔ yeye sia dzie Yehowa ƒe ŋugbedodo le fia nunɔlanyenye ŋu si le Mose II, 19:5, 6 la ava eme ɖo zi mamletɔ le nukumɔ nu. Alekee?
16, 17. Gɔmesese ka nue Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi nye ‘fiawo’? nye ‘nunɔlawo’?
16 Petro yɔ Mose II, 19:6 me nyawo esi wòŋlɔ agbalẽ na eƒe ŋkekea me Kristotɔ amesiaminawo be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ.” (Petro I, 2:9) Nukae esia fia? Ðe Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi nye fiawoa? Ao, woƒe fianyenye kpɔtɔ le ŋgɔ. (Korintotɔwo I, 4:8) Gake wonye ‘fiawo’ le gɔmesesea nu be wode dzesi wo be woakpɔ mɔnu aɖu fia le etsɔme. Fifia gɔ̃ hã la, wonye dukɔ le fia Yesu, amesi Dziɖula Gãtɔ Yehowa Mawu ɖo la te. Paulo ŋlɔ bena: “[Yehowa] ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaɖuƒe la me.”—Kolosetɔwo 1:13.
17 Ðe Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi nye nunɔlawoa? Ẽ, wonyee le mɔ aɖe nu. Esi wonye hame ta la, wowɔa nunɔlawo ƒe dɔ aɖe si ŋu ɖikeke mele o. Petro ɖe esia me esi wògblɔ be: “Mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe.” (Petro I, 2:5; Korintotɔwo I, 3:16) Egbea Kristotɔ amesiamina susɔeawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si dzi wotona mãa gbɔgbɔmenuɖuɖu. (Mateo 24:45-47) Abe alesi wònɔ le blema Israel ene la, ele be amesiame si di be yeasubɔ Yehowa la nade ha kple Kristotɔ amesiamina siawo.
18. Esi amesiaminawo ƒe Kristo-hame si le anyigba dzi nye nunɔlawo ƒe ha ta la, agba vevi kae le wo dzi?
18 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristotɔ amesiaminawo xɔ ɖe Israel teƒe le ɖaseɖiɖi le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu le dukɔwo dome ƒe mɔnukpɔkpɔa me. Afisi nya la dze le la ɖee fia be esime Petro yɔ Kristotɔ amesiaminawo be fia nunɔlawo la, gbeƒãɖeɖedɔa ye nɔ eƒe susu me. Le nyateƒe me la, eyɔ ŋugbe si Yehowa do le Mose II, 19:6 kple nya siwo Wògblɔ na Israel le Yesaya 43:21 la ƒo ƒui esi wògblɔ be: “Miawoe nye . . . fia nunɔlanyenye, . . . bene miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.” (Petro I, 2:9) Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, Paulo ƒo nu tso gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ŋu be enye gbedoxɔ me subɔsubɔ. Eŋlɔ bena: “Mina míato [Yesu] dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.”—Hebritɔwo 13:15.
Emevava le Dziƒo
19. Aleke ŋugbe si wodo be Israel azu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe ava eme zi mamletɔe le mɔ si lolo wu nu?
19 Gake Mose II, 19:5, 6 ava eme mlɔeba le ŋutikɔkɔe geɖe wu me. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, Yohanes se dziƒonuwɔwɔwo zã ŋɔŋlɔ sia esi wonɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kafum be: “Wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Ekema gɔmesese mamletɔ si le fia nunɔlanyenye la ŋue nye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea, dziɖuɖuŋusẽ si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia. (Luka 11:2) Kristotɔ amesiamina 144,000 siwo ado dzi vaseɖe nuwuwu la akpɔ gome le Fiaɖuƒeɖoɖo ma me. (Nyaɖeɖefia 20:4, 6) Ŋugbe si wodo to Mose dzi gbaɖegbe ke la me vava wɔnuku kae nye si!
20. Biabia kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na kokoko?
20 Aleke esia katã ku ɖe ameha gã la ƒe nɔnɔme kple woƒe etsɔme ŋui ne amesiaminawo katã xɔ woƒe domenyinyi wɔnuku la vɔ? Esia me akɔ le nyati siawo ƒe mamletɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Esi woɖo nunɔlanyenye anyi le Israel la, woxlẽ Israel-to siwo menye Lewitɔwo o ƒe ŋgɔgbeviwo kple ŋutsu siwo le Lewi-toa me. Ŋgɔgbeviawo tsɔ ame 273 sɔ gbɔ wu Lewi-ŋutsuwo. Eyata Yehowa de se be woaxe sekel atɔ̃ ɖe ame 273 la dometɔ ɖesiaɖe ta wòanye tafe na amesiwo tsi edzi.
b Amedzro gbogbo siwo menye Israel-viwo o nɔ eteƒe esi wode Sea le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me, gake womexlẽ woƒe ŋgɔgbeviwo de eme o esi wotsɔ Lewi-viwo ɖo Israel-ŋgɔgbeviwo teƒe. (Kpɔ memamã 8.) Eyata wometsɔ Lewi-viwo ɖɔli amesiawo siwo menye Israel-viwo o ƒe ŋgɔgbeviwo o.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Aleke wova nɔ alẽ bubuawo ƒe ɖoƒe gɔme sem nyuie wui?
◻ Nukata Yehowa gbe Israel anyiehe fiaɖuƒea be womaganye yeƒe nunɔlawo o?
◻ Ðoƒe kae nɔ Yuda si le dukɔwo ŋkume esime wowɔ nuteƒe?
◻ Ðoƒe kae nɔ trɔ̃subɔla zu Yudatɔ wɔnuteƒeawo si le Israel?
◻ Aleke amesiaminawo ƒe hamea subɔna abe nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe ene?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Esi Kristotɔ amesiaminawo nye fia nunɔlawo ta la, woɖea gbeƒã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le anyigba dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Fiaɖuƒe la nye Mose II, 19:6 me vava mamletɔ