INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/15 axa 10-15
  • Nyɔnuwo Ƒe Bubunɔƒe Le Blema Mawu Subɔlawo Dome

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuwo Ƒe Bubunɔƒe Le Blema Mawu Subɔlawo Dome
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Kpeɖeŋutɔ” si “Asɔ Ðe Eŋu”
  • Nuwɔna Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe Gɔme Sese
  • Ðoƒe si Ŋu Bubu Le
  • Nyɔnu Siwo Nu Mawu Ve Etɔxɛe
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Nyɔnuwo Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Nye Nyɔnuwo Ƒe Wɔƒe Le Yehowa Ƒe Tameɖoɖo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Mawu Kple Kristo Bua Nyɔnuwoe?
    Nyɔ!—2008
  • Aleke Etsɔme Anɔ na Nyɔnuwo?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/15 axa 10-15

Nyɔnuwo Ƒe Bubunɔƒe Le Blema Mawu Subɔlawo Dome

“Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”—MOSE I, 2:18.

1. Aleke Biblia-gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖɔ nɔnɔme si me nyɔnuwo nɔ le blema mee?

“TEƑE aɖeke menɔ blema Mediterranea alo Ɣedzeƒenyigbawo dzi si wona ablɔɖe nyɔnuwo le abe alesi wòle le egbegbe Ɣetoɖoƒedukɔwo me ene o. Le afisiafi la, nyɔnuwo bɔbɔna ɖe ŋutsuwo te, abe alesi ko kluviwo bɔbɔa wo ɖokui na ablɔɖeviwo, eye ɖeviwo bɔbɔa wo ɖokui na ame tsitsiwo ene. . . . Wodea asixɔxɔ ŋutsuviwo ŋu wu nyɔnuviwo, eye ɣeaɖewoɣi wogblẽa vidzĩ siwo nye nyɔnuwo ɖi be woaku.” Nenemae Biblia me nyawo gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖɔ nɔnɔme si me nyɔnuwo nɔ le blema me.

2, 3. (a) Nɔnɔme ka mee nyatakaka aɖe gblɔ be nyɔnuwo le egbea? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te?

2 Alea ko nɔnɔmea le le xexeame ƒe akpa geɖe egbea. Le ƒe 1994 me la, United States Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe he susu yi alesi wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋui dzi zi gbãtɔ le amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ŋuti nyatakaka si wowɔna ƒe sia ƒe me. New York Times me tanya aɖe gblɔ le nyatakaka la ŋu be: “Akɔntabubu si Tso Dukɔ 193 me Ðee Fia be Vovototo Dede Amewo me Nye Nu Ŋutɔŋutɔ si Le Edzi Yim Gbesiagbe.”

3 Esi nyɔnu geɖe siwo tso ƒome vovovowo me le Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo me le xexeame katã ta la, biabia aɖewo fɔ ɖe te be: Ðe Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me be woawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu abe alesi míegblɔe fifi laa enea? Aleke wowɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui le Yehowa subɔlawo dome le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me? Eye aleke wòle be woawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui egbea?

“Kpeɖeŋutɔ” si “Asɔ Ðe Eŋu”

4. Nukae Yehowa kpɔ esi ŋutsu gbãtɔa ɖeɖe nɔ Eden-bɔa me hena ɣeyiɣi aɖe, eyata nukae Mawu wɔ?

4 Esi Adam ɖeɖe nɔ Eden-bɔa me hena ɣeyiɣi aɖe la, Yehowa gblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” (Mose I, 2:18) Togbɔ be Adam nye ame deblibo hã la, nane gahiã hafi Wɔla la ƒe tameɖoɖo nate ŋu ava eme. Yehowa wɔ nyɔnu eye wòɖo srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ anyi tsɔ kpɔ hiahiã la gbɔe.—Mose I, 2:21-24.

5. (a) Aleke Biblia-ŋlɔlawo zãa Hebrigbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be “kpeɖeŋutɔ” la zi geɖe? (b) Nukae wòfia esi Yehowa gblɔ le nyɔnu gbãtɔa ŋu be enye amesi ‘sɔ ɖe eŋu’?

5 Ðe nya siwo nye “kpeɖeŋutɔ” kple “asɔ ɖe eŋu” fia be woɖi gbɔ ɖoƒe si Mawu da nyɔnua ɖoa? Kura o. Zi geɖe la, Biblia ŋlɔlawo zãa Hebrigbe me ŋkɔnya (ʽeʹzer) si gɔme woɖe be “kpeɖeŋutɔ” la na Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa zua “míaƒe kpeɖeŋutɔ, kple akpoxɔnu.” (Psalmo 33:20 NW; Mose II, 18:4; Mose V, 33:7) Le Hosea 13:9 la, Yehowa yɔ eɖokui gɔ̃ hã be Israel ƒe ‘kpeɖeŋutɔ.’ Biblia-nyala aɖe gblɔ le Hebrigbe me nya (neʹghedh) si gɔme woɖe be “asɔ ɖe eŋu” ŋuti be: “Kpekpeɖeŋu si wòdi la menye kpekpeɖeŋu nanae le eƒe gbesiagbedɔwo wɔwɔ alo vidzidzi me ko o . . . ke boŋ alɔdodo ame nɔewo si wokpɔna le hadede mee wònye.”

6. Nya kae wogblɔ le nyɔnu la wɔwɔ vɔ megbe, eye nukatae?

6 Eyata menye gbɔɖiamee wònye esi Yehowa ɖɔ nyɔnua be enye “kpeɖeŋutɔ” kple amesi “asɔ ɖe eŋu” o. Tamesusu, seselelãme, kple ŋutilã me ƒe wɔwɔme si to vovoe nɔ nyɔnua si. Enye ŋutsua ƒe evelia kple amesi sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ. Wo dometɔ ɖesiaɖe to vovo, gake wo katã hiã be woana ‘anyigba la dzi nayɔ’ wòasɔ kple Wɔla la ƒe tameɖoɖo. Edze ƒã be ŋutsua kple nyɔnua siaa wɔwɔ vɔ megbee “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:28, 31.

7, 8. (a) Aleke nuvɔ̃ si wowɔ le Eden-bɔ me la va kpɔ ŋusẽ ɖe nyɔnu ƒe ɖoƒe dzii? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te le Mose I, 3:16 me vava le Yehowa subɔlawo dome ŋu?

7 Esi nuvɔ̃ va ge ɖe nyaa me la, nuwo trɔ na ŋutsua kple nyɔnua. Yehowa bu fɔ wo ame evea be wonye nuvɔ̃wɔlawo. Esi Yehowa nɔ nusiwo ado tso eme si ŋu wòaɖe mɔ le abe ɖe Mawu ŋutɔ gbɔe wòtso ene ŋuti nya gblɔm na Xawa la, egblɔ be: “Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me.” Egblɔ kpee be: “Àlé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.” (Mose I, 3:16) Tso ɣemaɣi la, nyɔnuwo srɔ̃wo ɖu wo dzi hesẽ ŋuta le wo ŋu zi geɖe. Le esi teƒe be woade asixɔxɔ wo ŋu be wonye kpeɖeŋutɔwo kple amesiwo sɔ ɖe ame ŋu la, wowɔa nu ɖe wo ŋu abe subɔvi alo kluviwoe wonye ene zi geɖe.

8 Gake nukae Mose I, 3:16 me vava fia na nyɔnu Yehowa subɔlawo? Ðe woɖiɖi wo wozu ame tsɛwo heɖi gbɔ woa? Kura o! Ke nya siwo Biblia gblɔ le kɔnu kple nuwɔna siwo kpɔ ŋusẽ ɖe nyɔnuwo dzi siwo adze nusiwo dzi womalɔ̃ ɖo le teƒe aɖewo egbea o ŋu ya ɖe?

Nuwɔna Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe Gɔme Sese

9. Ne míele nuwɔna siwo ku ɖe nyɔnuwo ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu bum la, nu etɔ̃ kawoe wòle be míalé ɖe susu me?

9 Wowɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie le Mawu subɔlawo dome le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Le nyateƒe me la, ne míele kɔnu siwo ku ɖe nyɔnuwo ŋu le ŋkeke mawo me la me dzrom la, enyo be nu geɖe nanɔ míaƒe susu me. Gbã, esi Biblia ƒo nu tso nɔnɔme manyomanyo siwo do mo ɖa le ŋutsu sẽŋutawo ƒe amedziɖuɖu ɖokuitɔdiditɔe ta ŋu la, ema mefia be Mawu da asi ɖe nuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu alea dzi o. Evelia, togbɔ be Yehowa ɖe mɔ kɔnu aɖewo nɔ esubɔlawo dome ɣeaɖeɣi hã la, ewɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu be wòatsɔ akpɔ nyɔnuwo tae. Etɔ̃lia, ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ egbegbe dzidzenuwo adrɔ̃ ʋɔnu blemakɔnuwoe o. Nyɔnu siwo nɔ anyi ɣemaɣi mebu kɔnu aɖewo siwo ɖewohĩ adze numadeamedzi na amesiwo li egbea la be eɖi gbɔ yewo kokoko o. Mina míadzro kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

10. Aleke Yehowa bu srɔ̃ geɖe ɖeɖee, eye nukae fia be meɖe asi le srɔ̃ ɖeka ɖeɖe ƒe ɖoɖo si wòwɔ le gɔmedzedzea me ŋu o?

10 Srɔ̃ geɖe ɖeɖe.a Le Yehowa ƒe gɔmedzetameɖoɖo nu la, nyɔnu eve maɖe ŋutsu ɖeka o. Srɔ̃nyɔnu ɖeka koe Mawu wɔ na Adam. (Mose I, 2:21, 22) Le aglãdzedze le Eden megbe la, srɔ̃ geɖe ɖeɖe dze egɔme zi gbãtɔ le Kain ƒe dzidzimeviwo dome. Emegbe eva zu nusi ame geɖe wɔna eye Yehowa subɔla aɖewo hã va nɔ ewɔm. (Mose I, 4:19; 16:1-3; 29:21-28) Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu eye wòna Israel-viwo dzi ɖe edzi hã la, ebu nyɔnuwo ŋu to ɖoɖowɔwɔ ɖe nuwɔna ma ŋu me ale be woakpɔ srɔ̃nyɔnuwo kple wo viwo ta. (Mose II, 21:10, 11; Mose V, 21:15-17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa meɖe asi le srɔ̃ ɖeka ɖeɖe ƒe dzidzenu si wòɖo le gɔmedzedzea me la ŋu gbeɖe o. Srɔ̃ ɖekaɖeka ye nɔ Noa kple viaŋutsuwo, amesiwo wogbugbɔ gblɔ sedede sia na be ‘woadzi ayɔ anyigba dzi’ la, dometɔ ɖesiaɖe si. (Mose I, 7:7; 9:1; Petro II, 2:5) Mawu ƒo nu tso eɖokui ŋu abe amesi si srɔ̃ ɖeka ko le ene esime wònɔ wo kple Israel dome ƒomedodo ƒe kpɔɖeŋu wɔm. (Yesaya 54:1, 5) Azɔ hã Yesu Kristo gbugbɔ dzidzenu si Mawu ɖo anyi le gɔmedzedzea me la ɖo anyi eye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamea wɔ ɖe edzi.—Mateo 19:4-8; Timoteo I, 3:2, 12.

11. Nukatae woxe tabianu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ɖe esia ɖi gbɔ nyɔnuwoa?

11 Tabianu xexe: Agbalẽ si nye Ancient Israel—Its Life and Institutions gblɔ be: “Edze ƒã be nudidi sia si nye be woaxe ga home aɖe, alo nusi sɔ kplii, na ɖetugbia ƒe ƒome la na Israel-viwo ƒe srɔ̃ɖeɖe dze nuƒeƒlee le gotagome. Gake ewɔ abe [tabianua] menye nu gã si woagblɔ be wotsɔ xe fe ɖe nyɔnua ta o, ke boŋ be wòanye teƒeɖoɖo na ƒomea.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata tabianu xexe nyea teƒeɖoɖo na nyɔnua ƒe ƒome ɖe dɔ si maganɔ anyi awɔ o kple ɖe kutrikuku kple ga si edzikpɔkpɔ bia tso ƒomea si ta. Eyata le esi teƒe be wòanye gbɔɖiɖi nyɔnua la, enye nusi ɖo kpe eƒe asixɔxɔ na ƒometɔwo dzi boŋ.—Mose I, 34:11, 12; Mose II, 22:16; kpɔ January 15, 1989 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 21-4.

12. (a) Aleke woyɔa ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔwo ɣeaɖewoɣi le Ŋɔŋlɔawo mee, eye ɖe nya siawo zazã ve nyɔnuwoa? (b) Nukae ɖe dzesi le nya si Yehowa zã le Eden-bɔ me la ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.)

12 Wobu srɔ̃ŋutsuwo ‘nutɔwoe’: Abraham kple Sara ƒe agbemenudzɔdzɔ aɖe le ƒe 1918 D.M.Ŋ. ɖee fia be edze ƒã be ezu nusi bɔ le woƒe ɣeyiɣia me be woabu ŋutsu srɔ̃tɔ ‘nutɔe’ (Hebrigbe, baʹʽal) eye wobua nyɔnu srɔ̃tɔ be enye ‘ame aɖe ƒe nu’ (Hebrigbe, beʽu·lahʹ). (Mose I, 20:3) Wozã nya siawo emegbe le Ŋɔŋlɔawo me, eye kpeɖodzi aɖeke meli si fia be eve nyɔnu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia o.b (Mose V, 22:22) Gake womebu nyɔnuwo nunɔamesiwoe o. Woate ŋu aƒle nunɔamesiwo alo kesinɔnuwo, adzra wo, alo anyi wo dome gɔ̃ hã, gake womate ŋu awɔ srɔ̃nyɔnu ya nenema o. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Aƒe kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso ame fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.”—Lododowo 19:14; Mose V, 21:14.

Ðoƒe si Ŋu Bubu Le

13. Esi ŋutsu mawuvɔ̃lawo srɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu hewɔ ɖe eƒe Sea dzi la, nukae do tso eme na nyɔnuwo?

13 Ekema ɖoƒe kae nɔ nyɔnuwo si le Mawu subɔlawo dome do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiwo? Aleke wobu wo hewɔ nu ɖe wo ŋui? Kpuie ko la, esime ŋutsu mawuvɔ̃lawo srɔ̃ Yehowa ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu eye wowɔ ɖe eƒe Sea dzi la, bubu gava nɔ nyɔnuwo ŋu eye gomenɔamesi kple mɔnukpɔkpɔ geɖe su wo si.

14, 15. Nukawoe ɖee fia be wode bubu nyɔnuwo ŋu le Israel, eye nukatae wòsɔ be Yehowa di tso esubɔla ŋutsuwo si be woade bubu wo ŋu?

14 Wobia tso wo si be woade bubu nyɔnuwo ŋu. Se si Mawu de na Israel la gblɔ be woabu fofowo kple dadawo siaa. (Mose II, 20:12; 21:15, 17) Mose III, 19:3 gblɔ be: “Amesiame navɔ̃ dada kple fofoa.” Gbeɖeka esi Bat-Seba yi viaŋutsu Salomo gbɔ la, “tete fia la tsi tre yi ɖakpee, eye wòbɔbɔ ɖe eŋku me” tsɔ ɖe bubu fiae. (Fiawo I, 2:19) Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Amesiwo dea bubu nyɔnuwo ŋu dome koe woanya te ŋu tsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ na Israel asɔ kple srɔ̃ŋutsu ƒe lɔlɔ̃ na srɔ̃a le le nyagblɔɖimɔ nu.”

15 Yehowa di tso esubɔla ŋutsuwo si be woade bubu nyɔnuwo ŋu, elabena edea bubu wo ŋu. Esia ƒe kpeɖodziwo dze le ŋɔŋlɔ siwo me Yehowa zã nusiwo teƒe nyɔnuwo kpɔna tsɔ wɔ kpɔɖeŋui eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe seselelãmewo sɔ kple nyɔnuwo tɔ le. (Yesaya 42:14; 49:15; 66:13) Esia kpena ɖe exlẽlawo ŋu be woase alesi Yehowa sena le eɖokui mee la gɔme. Enyo be míade dzesii be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nublanuikpɔkpɔ,” alo “dɔmetɔtrɔ,” si Yehowa zã na eɖokui la do ƒome kplikplikpli kple nya “vidzidɔ” eye woate ŋu aɖɔe be enye “vidada ƒe seselelãme.”—Mose II, 33:19; Yesaya 54:7.

16. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be wode asixɔxɔ nyɔnu mawuvɔ̃lawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu?

16 Wode asixɔxɔ nyɔnu mawuvɔ̃lawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu. Ɣeaɖeɣi esi mawuvɔ̃la Abraham medi be yeawɔ ɖe ye srɔ̃ Sara si hã vɔ̃a Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Ðo to Sara.” (Mose I, 21:10-12) Esau srɔ̃ siwo nye Xititɔwo la “zu nuxaxa gã aɖe na Isak kple Rebeka.” Emegbe Rebeka gblɔ alesi gbegbe wòaxa nui ne wo vi Yakob hã aɖe Xititɔ. Nukae Isak wɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Emegbe la Isak yɔ Yakob vɛ, eye wòyrae, eye wòde se nɛ gblɔ nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o!” Ẽ, togbɔ be Rebeka meɖo aɖaŋu tẽ o hã la, srɔ̃a wɔ nyametsotso si me wòbu eƒe seselelãme ŋu le. (Mose I, 26:34, 35; 27:46; 28:1) Emegbe Fia Dawid ƒo asa na ʋukɔkɔɖi le esi wòɖo to Abigail ƒe kukuɖeɖe ta.—Samuel I, 25:32-35.

17. Nukae ɖee fia be ŋusẽ aɖe nɔ nyɔnuwo si le ƒomea me?

17 Ŋusẽ aɖe nɔ nyɔnuwo si le ƒomea me. Woƒoe ɖe ɖeviwo nu be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:8) Alesi woƒo nu tso “nyɔnu zãzɛ” ŋu le Lododowo ta 31 fia be menye aƒe dzi ko nyɔnu srɔ̃tɔ si wɔa dɔ la kpɔna o, ke ate ŋu akpɔ nunɔamesiwo ƒeƒle kple wo dzadzra gbɔ, ade agble, adzra nu kpotokpotoewo, eye woadze sii ɖe eƒe nya siwo me nunya le la ta. Nusi le vevie wu wo katãe nye nyɔnu si dze na kafukafu ƒe Yehowa vɔvɔ̃ bubutɔe. Mewɔ nuku o be srɔ̃nyɔnu sia tɔgbe ƒe “asime sẽ wu adzagba tɔ”! Ga gbogbo ye wotsɔ ƒlea adzagba dzĩ xɔasi si wotsɔ wɔa lekewɔnuwo kple atsyɔɖonuwoe ɣemaɣi.—Lododowo 31:10-31.

Nyɔnu Siwo Nu Mawu Ve Etɔxɛe

18. Mɔ kawo nu wove nyɔnu aɖewo nu etɔxɛe le le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me?

18 Yehowa ƒe bubudede nyɔnuwo ŋu dze le alesi wòve wo dometɔ aɖewo nu etɔxɛe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la me. Mawudɔlawo va Hagar, Sara, kple Manoax srɔ̃ gbɔ va gblɔ Mawu ƒe mɔfiafiawo na wo. (Mose I, 16:7-12; 18:9-15; Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:2-5) ‘Subɔla nyɔnuwo’ nɔ avɔgbadɔa me eye nyɔnu hadzilawo nɔ Salomo ƒe fiasã me.—Mose II, 38:8; Samuel I, 2:22; Nyagblɔla 2:8.

19. Ɣeaɖewoɣi la, mɔ ka nue Yehowa zã nyɔnuwo le be woanɔ ye teƒe?

19 Edzɔ le Israel ƒe ŋutinya me zi geɖe be Yehowa zã nyɔnu wònɔ eteƒe alo ƒo nu ɖe enu. Míexlẽ le nyɔnu nyagblɔɖila Debora ŋu be: “Israel-viwo yia egbɔ ɖadrɔ̃a ʋɔnu.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:5) Esi Israel ɖu Kanaan-fia Yabin dzi megbe la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su Debora si nyateƒe. Edze ƒã be eyae kpa aʋadziɖuha si va zu nuŋlɔɖi si tso Yehowa ƒe gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe ya teti.c (Ʋɔnudrɔ̃lawo, ta 5) Ƒe alafa geɖe megbe la, Fia Yosiya dɔ ame aɖewo siwo dome nunɔlagã la nɔ be woaɖabia nu Yehowa le nyɔnu nyagblɔɖila Xulda gbɔ. Xulda te ŋu gblɔ ŋusẽtɔe be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi.” (Fiawo II, 22:11-15) Fia la gblɔ na amedɔdɔawo be woayi nyɔnu nyagblɔɖila gbɔ le nudzɔdzɔ ma me, gake wowɔ esia be woaxɔ mɔfiafia tso Yehowa gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Maleaxi 2:7.

20. Kpɔɖeŋu kawoe ɖe alesi Yehowa bua nyɔnuwo ƒe seselelãme kple dedienɔnɔ ŋui fia?

20 Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le nyɔnuwo ƒe nyonyo me dze le esime wòwɔ nu ɖe esubɔla nyɔnu aɖewo nu. Ewɔ nu tsɔ kpɔ Abraham srɔ̃ Sara dzetugbee la ta zi eve be ame bubuwo nagade asi eŋu o. (Mose I, 12:14-20; 20:1-7) Mawu ve Yakob srɔ̃ Lea si ŋutsua melɔ̃ tututu o la nu esi ‘wòʋu eƒe vidzidɔ’ ale be wòte ŋu dzi ŋutsuvi. (Mose I, 29:31, 32) Esi Israel-vixela eve siwo vɔ̃a Mawu de woƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ Hebri-ŋutsuviwo ta tso ɖeviwo tsɔtsrɔ̃ me le Egipte la, Yehowa ‘na vi geɖe wo’ tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. (Mose II, 1:17, 20, 21) Eɖo Xana ƒe gbedodoɖa ŋkubiãtɔe la hã ŋu. (Samuel I, 1:10, 20) Eye esime nyagblɔɖila aɖe ƒe ahosi ƒe fetɔ va be yealé viawo aɖo fe si wònyi teƒe la, Yehowa megblẽe ɖi o. Lɔlɔ̃tɔe la, Mawu na nyagblɔɖila Elisa dzi nyɔnua ƒe ami ɖe edzi ale gbegbe be wòte ŋu xe fea. Eto ema dzi kpɔ eƒe ƒomea ta eye wòna bubu kpɔtɔ nɔ eŋu.—Mose II, 22:22, 23; Fiawo II, 4:1-7.

21. Hebri Ŋɔŋlɔ kawoe ɖɔ alesi wònɔ na nyɔnuwoe wòda sɔ nyuie?

21 Eyata Hebri Ŋɔŋlɔawo mede gbɔɖiɖi nyɔnuwo ƒe dzi ƒo kura o, ke boŋ egblɔ alesi wònɔ na wo le Mawu subɔlawo dome wòda sɔ nyuie. Togbɔ be Yehowa mekpɔ esubɔla nyɔnuwo ta tso Mose I, 3:16 me vava me o hã la, wowɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu bubutɔe eye ŋutsu mawuvɔ̃la siwo srɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu hewɔ ɖe eƒe Sea dzi la de bubu wo ŋu.

22. Aleke nyɔnuwo ƒe ɖoƒe trɔe esime Yesu nɔ anyigba dzi, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

22 Esi wowu Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋɔŋlɔ nu ƒe alafa geɖe megbe la, nyɔnuwo ƒe ɖoƒe va trɔ le Yudatɔwo dome. Esime Yesu va anyigba dzi la, rabiwo ƒe kɔnuwo xe mɔ ɖe nyɔnuwo nu le woƒe mawusubɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kple woƒe hadomegbenɔnɔ me le go geɖe me. Ðe kɔnu siawo kpɔ ŋusẽ ɖe alesi Yesu wɔ nu kple nyɔnuwoe dzia? Aleke wòle be woawɔ nu ɖe Kristotɔ nyɔnuwo ŋui egbea? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary gblɔ be “srɔ̃ geɖe ɖeɖe” fia “srɔ̃ɖeɖe si me kpeɖeŋutɔ si wu ɖeka anɔ srɔ̃ŋutsua alo srɔ̃nyɔnua si le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me.” Woɖe “nyɔnu geɖe ɖeɖe” si tɔ asi nuwɔna la dzi tẽ me be enye “nɔnɔme alo nuwɔna si me srɔ̃nyɔnu alo nyɔnu kpeɖeŋutɔ si wu ɖeka nanɔ ame si le.”

b Le Hebri Ŋɔŋlɔawo katã me la, woyɔa ŋutsu srɔ̃tɔwo kple nyɔnu srɔ̃tɔwo zi geɖe be “srɔ̃ŋutsu” (Hebrigbe, ʼish) kple “srɔ̃nyɔnu” (Hebrigbe, ʼish·shahʹ). Le kpɔɖeŋu me, le Eden-bɔa me la, Yehowa mezã ‘nutɔ’ kple ‘ame aɖe ƒe nu’ o, ke boŋ ezã ‘srɔ̃ŋutsu’ kple ‘srɔ̃nyɔnu.’ (Mose I, 2:24; 3:16, 17) Hosea gblɔe ɖi be ne Israel trɔ gbɔ tso aboyo me la, woatrɔ dzi me ahayɔ Yehowa be “srɔ̃nye,” eye maganye ‘Nye nutɔ’ o. Esia ate ŋu afia be lɔlɔ̃ dze le nya “srɔ̃ŋutsu” me wu ‘nutɔ.’—Hosea 2:18.

c Enyo be míade dzesii be le Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:7 la, Debora zã ŋkɔnyateƒenɔnya gbãtɔ na eɖokui.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae nya siwo nye “kpeɖeŋutɔ” kple ‘sɔ ɖe eŋu’ fia le ɖoƒe si Mawu tsɔ na nyɔnu ŋu?

◻ Ne míele kɔnu siwo ku ɖe nyɔnuwo ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la me dzrom la, nukae wòle be wòanɔ susu me na mí?

◻ Nukae ɖee fia be bubunɔƒe nɔ nyɔnuwo si le Mawu subɔla blematɔwo dome?

◻ Mɔ kawo nu Yehowa ve nyɔnu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la dometɔ aɖewo nu etɔxɛe le?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe