INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/1 axa 14-19
  • Yehowa Le Nu Fiam Wo Vaseɖe Egbea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Le Nu Fiam Wo Vaseɖe Egbea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nufiala Kple Nusrɔ̃vi Dome Ƒomedodo Nyui
  • Nufiaɖoɖo si Wokeke Ðe Enu
  • Wofiaa Nu Wo le Hame Kpekpewo Me
  • Wofiaa Nu Wo le Kpekpe Siwo Lolo Wu Me
  • Mawu Fia Nu Wo be Woawo hã Nafia Nu
  • Wofia Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Yehowa—Mawu Si Fiaa Nue Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Na Mawu Ƒe Nufiafia Naɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • “Mena Kpɔɖeŋu Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/1 axa 14-19

Yehowa Le Nu Fiam Wo Vaseɖe Egbea

“Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam.”—YESAYA 50:4.

1, 2. (a) Nuka ŋue Yehowa dzra eƒe nusrɔ̃vi lɔlɔ̃a ɖo, eye nukae do tso eme? (b) Aleke Yesu ƒo nu tso Afisi eƒe nufiafia tso ŋui?

YEHOWA MAWU nye Nufiala tso eƒe Vifofo zuɣi ke. Ɣeaɖeɣi esime via aɖewo dze aglã la, edzra eƒe nusrɔ̃vi lɔlɔ̃tɔ si nye eƒe Ŋgɔgbevi ɖo be wòava wɔ subɔsubɔdɔ aɖe le anyigba dzi. (Lododowo 8:30) Yesaya ta 50 ɖe nusrɔ̃vi sia ƒe nya gblɔ le nyagblɔɖi me be: “Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui.” (Yesaya 50:4) Esi Yesu wɔ Fofoa ƒe nufiafia ŋudɔ le anyigba dzi ta la, ena dzudzɔ amesiwo katã ‘ŋu ɖeti te eye agba wu wo la.’—Mateo 11:28-30.

2 Yesu wɔ ŋusẽdɔ geɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre, gake nufiala koŋue eŋɔlimetɔwo yɔnɛ. Nenemae eyomedzelawo kple tsitretsiɖeŋulawo ke hã yɔnɛ. (Mateo 8:19; 9:11; 12:38; 19:16; Yohanes 3:2) Yesu medo eɖokui ɖe dzi le eƒe nufiafia ta gbeɖe o, ke boŋ egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” “Abe alesi Fofonye fiam ene la, nu mawo ke megblɔna.”—Yohanes 7:16; 8:28; 12:49.

Nufiala Kple Nusrɔ̃vi Dome Ƒomedodo Nyui

3. Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖia fia alesi Yehowa tsɔa ɖe le eme na amesiwo wòfiaa nui?

3 Nufiala nyuitɔ tsɔa ɖe le eme na eƒe nusrɔ̃viwo vevie tso dzi me eye wòlɔ̃a wo. Yesaya ta 50 ɖee fia be nenemae Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na amesiwo wòfiaa nui. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.” (Yesaya 50:4) Nyagbɔgblɔ si wozã le afisia ku ɖe nufiala si nyɔa eƒe nusrɔ̃viwo ŋdikanya be yeafia nu wo la ŋu. Esi Biblia-ŋutinunyala aɖe nɔ nu ƒom tso nyagblɔɖi sia ŋudɔwɔwɔ ŋu la, ede dzesii be: “Nusi wòfiae nye be Ðela la nye . . . amesi de Mawu ƒe suku le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu; eye wònye amesi dze afia nu ame bubuwo hã. . . . Mawu ƒe nufiafia ana Mesia la nasu te bliboe be wòafia nu ameƒomea.”

4. Aleke Yesu xɔ Fofoa ƒe nufiafiae?

4 Susu le eme be nusrɔ̃viwo xɔa woƒe nufiala ƒe nufiafia. Aleke Yesu xɔ Fofoa ƒe nufiafiae? Alesi wòxɔe la sɔ kple nusi míexlẽ le Yesaya 50:5 be: “Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.” Ẽ, Yesu di vevie be yeasrɔ̃ nu. Eléa to ɖe nya ŋu vevie. Hekpe ɖe eŋu la, elɔ̃ faa be yeawɔ nusianu si Fofoa bia tso esi. Mesẽ to o; ke boŋ egblɔ be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.”—Luka 22:42.

5. (a) Nukae fia be Yesu nya fu siwo wòava kpe le anyigba dzi do ŋgɔ? (b) Aleke nyagblɔɖi si le Yesaya 50:6 va emee?

5 Nyagblɔɖia fia be wona Vi la nya nusiwo Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ahe va edzi. Esia dze le nya si nusrɔ̃via gblɔ me be: “Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.” (Yesaya 50:6) Abe alesi nyagblɔɖia fia ene la, wowɔ fu Yesu vevie le anyigba dzi. Apostolo Mateo ŋlɔ be: “Woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu kɔe, eye ame aɖewo hã ƒo tome nɛ.” (Mateo 26:67) Subɔsubɔhakplɔlawoe wɔ nusia le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkeke ƒe zã me. Le ŋufɔke la, Yesu dze eƒolawo si me, esime Roma-srafowo ƒoe vevie hafi klãe ɖe ati ŋuti be wòaku.—Yohanes 19:1-3, 16-23.

6. Nukae ɖee fia be Yesu ƒe kaka ɖe eƒe Nufiala dzi nu metsi gbeɖe o, eye aleke woɖo eƒe kakaɖedzia teƒe nɛ?

6 Vi la de suku nyuie do ŋgɔ, eka ɖe eƒe Nufiala dzi vevie. Esia dze le nya si wògagblɔ me le nyagblɔɖia nu be: “Aƒetɔ Yehowa kpe ɖe ŋunye, eyata ŋukpe malém o.” (Yesaya 50:7) Woɖo Yesu ƒe kaka ɖe eƒe Nufiala dzi teƒe nɛ geɖe. Fofoa doe ɖe dzi kakaka wu Mawu subɔla bubu ɖesiaɖe. (Filipitɔwo 2:5-11) Yayra gãwo le ŋgɔ na míawo hã ne míetsɔ toɖoɖo lé ɖe Yehowa ƒe nufiafia ŋu eye ‘míetrɔ megbe dee o.’ Mina míakpɔ alesi nufiafia ma le edzi yim vaseɖe egbea ɖa.

Nufiaɖoɖo si Wokeke Ðe Enu

7. Aleke Yehowa yi eƒe nufiafia dzi le anyigba dzii?

7 Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Yehowa zã eƒe anyigba dzi Teƒenɔla Yesu Kristo be wòayi Mawu ƒe nufiafia dzi le ƒe alafa gbãtɔ me. (Yohanes 16:27, 28) Yesu fia asi Mawu ƒe Nya ɣesiaɣi be eya mee yeƒe nufiafia tso, eye wòɖo kpɔɖeŋu ɖi na amesiwo wòfia nui. (Mateo 4:4, 7, 10; 21:13; 26:24, 31) Emegbe woyi Yehowa ƒe nufiafia dzi le anyigba dzi to nusrɔ̃vi siawo ƒe subɔsubɔdɔ dzi. Ðo ŋku edzi be Yesu de se na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la [dzi].” (Mateo 28:19, 20) Ne wowɔ amewo nusrɔ̃lawoe la, wova nɔa “Mawu ƒe aƒe . . . Mawu gbagbe ƒe hame” la me. (Timoteo I, 3:15) Woɖo wo ɖe hame ɖekaɖekawo hã me eye Yehowa fia nu wo. (Dɔwɔwɔwo 14:23; 15:41; 16:5; Korintotɔwo I, 11:16) Ðe Mawu ƒe nufiafia alea yi edzi vaseɖe míaƒe ŋkekea mea?

8. Aleke Yesu ɖee fiae be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le anyigba dzi hafi nuwuwua nava?

8 Ẽ, eyi edzi! Esi wòsusɔ ŋkeke etɔ̃ Yesu naku la, egblɔ ɖi be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe hafi nuɖoanyi sia nawu nu. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” Yesu yi edzi ƒo nu tso alesi woakpɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiaɖoɖo sia dzii ŋu. Eyɔ “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si anye mɔnu alo dɔwɔnu si woazã ana gbɔgbɔmenuɖuɖu Eƒe dɔlawo. (Mateo 24:14, 45-47) Yehowa Mawu zã “dɔla” sia be wòakpɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi le anyigba katã dzi.

9. Amekawoe nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la?

9 Egbea Fiaɖuƒe hadomenyila susɔeawoe nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela sia. Woawoe nye Kristotɔ amesiaminawo, ame 144,000 dometɔ siwo susɔ ɖe anyigba dzi, siwo nye “Kristo tɔ” eye wonye ‘Abraham ƒe dzidzime.’ (Galatiatɔwo 3:16, 29; Nyaɖeɖefia 14:1-3) Aleke nàwɔ ade dzesi dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la? Àte ŋu anya vevietɔ to woƒe dɔwɔwɔ kple alesi woléa Mawu ƒe Nya Biblia me ɖe asi goŋgoŋ dzi.

10. Agbalẽ kawoe dɔla ƒe ha la zã tsɔ do Yehowa ƒe nufiafiawo ɖe ŋgɔe?

10 “Dɔla” siae Yehowa zãna tsɔ fiaa nu amewoe egbea. Dɔla ƒe ha la tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me. Tso ɣemaɣi dzi la, ame miliɔn geɖe va le ha dem kpli wo, eye woxɔ ŋkɔ ma hekpe asi ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Magazine sia si nye “Gbetakpɔxɔ le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe lae nye dɔwɔnu vevitɔ si zãm “dɔla” la le tsɔ le nufiafiadɔa wɔmii. Gake wozãa agbalẽ bubuwo hã, siwo nye agbalẽwo, agbalẽviwo, agbalẽ gbadzawo, traktwo, kple Nyɔ! magazine la.

11. Suku kawoe “dɔla” la ɖo, eye susu ka tae woɖo sukuawo dometɔ ɖesiaɖe?

11 Hekpe ɖe eŋu la, “dɔla” la ɖo suku vovovowo hã. Ðewoe nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si wodena ɣleti atɔ̃ tsɔ dzraa subɔla ɖekakpui kple ɖetugbiwo ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu, kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si xɔa ɣleti eve, si me wonaa hehe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla trewo le ɖe teokrasidɔ tɔxɛwo ŋu. Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si me wofiaa nu Kristotɔ hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le edziedzi ɖe woƒe hamea me agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu, kpakple Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku si dzraa ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ɖo be woabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me wu.

12. Nufiaɖoɖo kae wowɔ kwasiɖa ɖesiaɖe?

12 Nufiaɖoɖoa ƒe akpa bubue nye kpekpe atɔ̃ siwo wowɔna kwasiɖa ɖesiaɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 75,500 me le xexeame katã. Ðe nèkpɔa viɖe tso kpekpe siawo me bliboe alesi nàte ŋuia? Ðe nètoa alesi nèsea nufiame siwo wonana me nyuie dzi ɖenɛ fiana be yexɔe se le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be Mawu ƒe suku dem yelea? Ðe wò ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me na ame bubuwo kpɔnɛ be “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” le asiwòa?—Yesaya 50:4; Timoteo I, 4:15, 16.

Wofiaa Nu Wo le Hame Kpekpewo Me

13. (a) Mɔ vevi ka dzie Yehowa fiaa nu eƒe amewo le egbea? (b) Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Gbetakpɔxɔ ŋu afiae?

13 Nusrɔ̃gbalẽ si nye Gbetakpɔxɔ tsɔtsɔ srɔ̃ Bibliae kwasiɖa ɖesiaɖe koŋ dzie Yehowa fiaa nu eƒe amewo toe. Ðe nèbua kpekpe sia be enye afisi Yehowa fiaa nu wò lea? Togbɔ be Yesu koŋ ŋutie Yesaya 50:4 ku ɖo hã la, ate ŋu aku ɖe amesiwo katã dina be yewoawɔ mɔnuɖoɖo siwo Mawu wɔ ŋudɔ bene “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” nasu yewo si hã ŋu. Mɔ ɖeka si dzi nàto aɖee fia be yedea asixɔxɔ Gbetakpɔxɔ ŋu enye be nàxlẽ tata ɖesiaɖe kaba ne ènya xɔe ko. Emegbe ne wole Gbetakpɔxɔ srɔ̃m le hamea me la, àte ŋu aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu afia to wò afimanɔnɔ kple dzadzraɖo si nàwɔ be nàʋu wò mɔkpɔkpɔ me le gaglãgbe me.—Hebritɔwo 10:23.

14. (a) Nukata nyaŋuɖoɖo le kpekpewo nye mɔnukpɔkpɔ vevi nenema gbegbe? (b) Ðeviwo ƒe nyaŋuɖoɖo kawoe dea dzi ƒo na ame wu?

14 Èxɔe se be to wò nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me dzi la, àte ŋu awɔ akpa aɖe le Yehowa ƒe nufiaɖoɖo gã la mea? Ðikeke mele eme o be nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me nye mɔ vevi si dzi míato ade dzi ƒo na mía nɔewo “le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Ðe ɖeviwo hã ate ŋu akpɔ gome le nufiaɖoɖo sia mea? Ẽ, woate ŋui. Ðeviwo ƒe nyaŋuɖoɖo si tso dzi me dea dzi ƒo na ame tsitsiwo zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo ƒe nyaŋuɖoɖo ʋãa ame yeye siwo va míaƒe kpekpewo be wotsɔa ɖe le Biblia me nyateƒea me vevie wu. Zi geɖe la, eva zu numãme na ɖevi aɖewo be woaxlẽ nyaŋuɖoɖoawo tso memamãa me tẽ alo woaɖo nya ŋu ne ame tsitsi aɖe gblɔe na wo hafi. Gake edea dzi ƒo ŋutɔ ne wodzra woƒe nyaŋuɖoɖowo ɖo nyuie. Nyaŋuɖoɖo ma tɔgbe dea bubu míaƒe Nufiala Gãtɔ kple eƒe nufiaɖoɖo deŋgɔ la ŋu.—Yesaya 30:20, 21.

15. Nukae dzilawo ate ŋu awɔ akpe ɖe ɖeviwo ŋu woaɖo nya ŋu nyuie wu?

15 Dzidzɔnyae wònye ne míekpɔ ɖeviwo hã le didim be yewoakpɔ gome le mía Mawu kafukafu me. Kafukafunya siwo ɖeviwo gblɔ la dze Yesu ŋu ŋutɔ. (Mateo 21:15, 16) Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔ be: “Le nye ɖevime la, medina be maɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me. Ne fofonye kpe ɖe ŋunye medzra nyaŋuɖoɖo aɖe ɖo vɔ la, egblɔna be mato eme zi adre ya teti.” Anya wɔ be le miaƒe ƒome Biblia sɔsrɔ̃ me la, mi dzilawo miate ŋu akpe ɖe mia viwo ŋu woatia memamã aɖewo le Gbetakpɔxɔ me adzra ɖo ɖe woƒe ŋuɖoɖowo ŋu le woa ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. Mikpe ɖe wo ŋu woakpɔ mɔnukpɔkpɔ gã si wònye be woakpɔ gome le Yehowa ƒe nufiaɖoɖoa me la adze sii.

16. Vi kae Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le ɖeɖem, eye amekawoe ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe eme?

16 Ele be nusiwo wofiana le Kristotɔwo ƒe kpekpe bubuwo me hã nanɔ vevie na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su be woaƒo nuƒo kple amesiwo le nufiamea sem siaa. Ƒe 50 kple edzivɔe nye sia la, Yehowa to kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi na hehe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖe be woate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedasia nyuie wu. Amesiwo dea ha kple hamea ɣesiaɣi kple amesiwo te kpekpewo vava eteƒe medidi o hã, ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe eme, ne wonya le agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu ko.

17. (a) Susu vevi ka koŋ tae woɖo Dutoƒo Kpekpea anyi? (b) Nya kawoe le be wòanɔ susu me na dutoƒonuƒolawo?

17 Dutoƒo Kpekpea hã nye nufiaɖoɖoa ƒe akpa si wɔm wole ɣeyiɣi didi aɖe enye sia. Abe alesi eŋkɔ fia ene la, woɖo kpekpe sia vevietɔ be wòaʋu amesiwo menye Ðasefowo o ƒe ŋkuwo ɖe Biblia me nufiafia veviwo ŋu. Eyata ele be nuƒola la nagblɔ nyawo ale be egɔme nanya se na amesiwo le esem zi gbãtɔ. Efia be woaɖe nyagbɔgblɔ siwo gɔme amesiwo menye Ðasefowo o mate ŋu ase o, abe “alẽ bubuwo,” “nɔviwo,” kple “amesiamina susɔeawo” ene me na ame yeyewo. Esi ɖewohĩ dzixɔse alo agbenɔnɔ si anɔ amesiwo vaa Dutoƒo Kpekpea si masɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o—evɔ amewo da asi ɖe wo dzi egbea—ta la, ele be nuƒola la naɖɔ ŋu ɖo ɣesiaɣi be manɔ dzixɔse kple agbenɔnɔ mawo dam ɖe anyi o.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 9:19-23.

18. Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe hame kpekpe kawoe gali, eye susu ka tae woɖo wo?

18 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ nye kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpe si me wosrɔ̃a agbalẽ si dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela nɔ ŋgɔ wota la le tsɔ kpe ɖe Biblia ŋu. Agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! srɔ̃mee wole fifia le dukɔ geɖe me. Wotrɔ asi le Subɔsubɔ Kpekpea ŋu be wòadzra Yehowa ƒe amewo ɖo be woawɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia bliboe ahawɔ nusrɔ̃lawo.—Mateo 28:19, 20; Marko 13:10.

Wofiaa Nu Wo le Kpekpe Siwo Lolo Wu Me

19. Kpekpe gã kawo ƒe ɖoɖoe “dɔla” la wɔna ƒe sia ƒe?

19 Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia la, ‘dɔla nuteƒewɔla’ la wɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gãwo kple sueawo ŋu be woafia nu Kristotɔ vavãwo ahade dzi ƒo na wo etɔxɛe. Wowɔa kpekpe gã siawo etɔ̃ ƒe sia ƒe fiafia. Ŋkeke ɖeka takpekpe si hame aɖewo siwo le nuto sue ɖeka me wɔna la li. Nutome sue ɖesiaɖe wɔa ŋkeke eve takpekpe si woyɔna be nutome sue takpekpe hã le ƒea me. Hekpe ɖe eŋu la, takpekpe aɖe hã li woyɔna be nutome gã takpekpe si nutome sue agbɔsɔsɔme aɖe ƒoa ƒu wɔna. Wowɔa dukɔwo dome takpekpewo hã ɣeaɖewoɣi. Takpekpe gã siawo siwo Ðasefowo tsoa dukɔ geɖe me dena la doa ŋusẽ Yehowa ƒe amewo ƒe xɔse ŋutɔŋutɔ!—Tsɔe sɔ kple Mose V, 16:16.

20. Nuka dzie wotea gbe ɖo ɣesiaɣi le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe gãwo me?

20 Esi amesiwo ade 10,000 kpe ta le Cedar Point, Ohio, U.S.A., le ƒe 1922 me la, nuƒola la ƒe dzideƒonyawo wɔ dɔ ɖe vavalawo dzi vevie: “Egbe enye ŋkekewo katã ƒe ŋkeke. Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe gbeƒãɖelawo. Eyata miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, Fia la kple eƒe fiaɖuƒe.” Takpekpe gã siawo tea gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City le ƒe 1953 me la, woɖe gbeƒã ɖoɖo si wowɔ be woana hehe amewo le aƒeme yi aƒeme dɔa me le hamewo katã me. Dɔ sia ɖoɖo anyi do Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ nyuie le dukɔ geɖe me.

Mawu Fia Nu Wo be Woawo hã Nafia Nu

21. Mɔnukpɔkpɔ kae míedi be míaxɔ eye míada eƒe taɖodzinu aƒu o?

21 Ẽ, nufiaɖoɖo wɔnuku aɖe le Yehowa si le anyigba dzi egbea! Mawu ate ŋu afia nu amesiwo katã wɔa eŋudɔ la, ẽ, woate ŋu anɔ amesiwo wotsɔ “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” na la dome. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye si wònye be woanɔ Mawu ƒe suku le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu! Gake esi míele mɔnukpɔkpɔ sia xɔm la, mele be míada tameɖoɖo si le eŋu la ƒu o. Yehowa fia nu Yesu be eya hã nafia nu ame bubuwo, eye Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo bene woawo hã nate ŋu awɔ dɔ si wòwɔ, gake woawo ya nawɔe wòalolo wu. Nenema ke wotsɔ Yehowa ƒe nufiaɖoɖo gã la le hehe nam mí bene míafia nu ame bubuwo.—Yohanes 6:45; 14:12; Korintotɔwo II, 5:20, 21; 6:1; Timoteo II, 2:2.

22. (a) Kuxi kae nɔ Mose kple Yeremya ŋu, gake aleke wokpɔ egbɔe? (b) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si be Mawu akpɔ egbɔ be woawɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ade goe?

22 Ðe nègblɔa nya si Mose gblɔ be “Nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o,” alo gblɔa nya si Yeremya gblɔ be, “Nyemate ŋu aƒo nu o” la kea? Yehowa akpe ɖe ŋuwò abe alesi wòkpe ɖe wo ŋui ene. Egblɔ na Mose be: “Makpe ɖe ŋuwò naƒo nu.” Eye wògblɔ na Yeremya be: “Megavɔ̃ wo o . . . meli kpli wò.” (Mose II, 4:10-12; Yeremya 1:6-8) Esi subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoana Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nazi ɖoɖoe la, egblɔ be: “Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.” (Luka 19:40) Gake mehiã be kpewo nado ɣli ɣemaɣi o, eye mehiã be woadoe fifia hã o, elabena Yehowa le eƒe nusrɔ̃viwo ƒe aɖe zãm be woagblɔ Fiaɖuƒegbedasia.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

◻ Nufiala kple sukuvi dome ƒomedodo nyui ka dzie wote gbe ɖo le Yesaya ta 50?

◻ Aleke Yehowa le nufiaɖoɖo vevi aɖe ŋudɔ wɔmee?

◻ Nukawoe nye Yehowa ƒe nufiaɖoɖo siwo wòɖo anyi dometɔ aɖewo?

◻ Nukata wònye mɔnukpɔkpɔ gã be woakpɔ gome le Yehowa ƒe nufiaɖoɖoa me?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðeviwo ƒe nyaŋuɖoɖo si tso dzi me dea dzi ƒo na ame tsitsiwo zi geɖe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe