INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/15 axa 8-11
  • Kpeɖodzi Le Yesu Ŋuti Ðikekewo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpeɖodzi Le Yesu Ŋuti Ðikekewo Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Wode Yesu Ŋuti Ðikeke Amewo Mee
  • Ðaseɖiɖi Siwo Ðea Ðikeke Ða
  • Nusita Ame Aɖewo Kea Ði le Yesu ƒe Nukunuwo Ŋu
  • Ðe Kpeɖodzi Le Yesu ƒe Tsitretsitsi Ŋuti Ðikekewo Ŋua?
  • Nukatae Wokea Ði le Ðoƒe si Yesu Le Fifia Ŋu?
  • Yesu Ƒe Nukunuwo​—Nukae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Wo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Yesu Ƒe Tsitretsitsia​—Yayra Si Wònye Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yesu Kristo Eŋuti Biabiawo Ŋu Ðoɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Yesu Wɔ Esime Wònɔ Anyigba Dzi?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/15 axa 8-11

Kpeɖodzi Le Yesu Ŋuti Ðikekewo Ŋua?

ÐE YESU Nazaretetɔ la wɔ nukunuwo vavãa? Ðe wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe alesi eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒãe enea? Ðe wònɔ anyi kpɔ gɔ̃ hã yaa? Ewɔ abe ɖe ame geɖe mete ŋu ɖoa nya siawo ŋu kple kakaɖedzi le míaƒe egbegbe ɣeyiɣi siawo me o ene. Nukatae? Elabena ɖikeke le wo me le Yesu ŋu, eye ɖikekee nye kakaɖedzimanɔamesi ƒe seselelãmewo, enye alesi womate ŋu anya ne nane nye nyateƒe alo ate ŋu adzɔ o. Gake ɖe wòsɔ be ame ƒe susu nanɔ ewɔm evevee le Yesu ŋua? Mina míakpɔe ɖa.

Alesi Wode Yesu Ŋuti Ðikeke Amewo Mee

Ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedzea me Germania mawunyafiala aɖewo gblɔ le Yesu ŋu be “amesi ƒe ŋutinya blema Sɔlemeha la kpae wònye.” Alesi wotsi tre ɖe Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ŋu la he nyaʋiʋli de agbalẽnyalawo dome le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze, si ɖo amehawo gbɔ ɣemaɣi eye wògale ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi egbea. Le kpɔɖeŋu me, numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le Germania la fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 3 le alafa me xɔe se be Yesu “menɔ anyi kpɔ o” eye be “apostoloawoe kpa eŋu nya.” Nyateƒee, Yesu ŋuti ɖikeke si wode amewo me le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la gale dɔ wɔm le amewo ƒe dzi me fifia gɔ̃ hã.

Nukatae mesɔ kura be woagblɔ be ɖe “wokpa” Yesu ŋu nya o? Biblia nyala Wolfgang Trilling ɖe eme be: “Wokpɔ nyaʋiʋli si ku ɖe ne Yesu nɔ anyi kpɔ alo menɔe kpɔ o, ne míagblɔe bubui la, ne ŋutinyameme alo glimemee wònye, la gbɔ. Wokpɔ nya la gbɔ le agbalẽnyanyamɔ nu, ne mede ɖeke o hã, wokpɔ egbɔ le mɔ si nu nuŋubula adodoewo megabunɛ be nya aɖe si me woagadzro kpɔe wònye o nu.” Ke hã ame aɖewo gakea ɖi kokoko be Yesu menɔ anyi kpɔ o. Eyata mina míadi kpeɖodzinya siwo le Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ŋu kple alesi woaɖe eŋuti ɖikeke ɖesiaɖe ɖae la me.

Ðaseɖiɖi Siwo Ðea Ðikeke Ða

Trilling gblɔ be vlodoamemɔ si nu wowu Yesu le abe hlɔ̃dola ɖigbɔ ene la “nye kpeɖodzi sesẽtɔ si woatsɔ aɖo nya ŋui na amesiwo hea nya be Yesu menɔ anyi kpɔ le ŋutinya me o.” Nukatae? Elabena ewuwu “blu afɔ na xɔse yeyea, edo kplamatse gɔ̃ hã na eƒe kaka ɖe Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o dome.” (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 1:23.) Ne Yesu Mesia la wuwu ɖia Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa nu nenema gbegbe la, ke apostoloawo mate ŋu akpa eŋu nya o! Gawu la, menye Nyanyui eneawo me koe woɖi ɖase le Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ŋu le o ke boŋ Romatɔ nuŋlɔla Tacitus kple Yudatɔwo ƒe Talmud la hã ɖo kpe edzi.a

Wobu Yesu ƒe agbemenudzɔdzɔ bubuwo hã be wonye nya siwo ɖo kpe Nyanyuiawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi, eye woɖo kpe nusiwo wogblɔ na mí le eyama ŋu la hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖe Yesu yomedzelawo akpa nya be Nazaret si dze du tsɛ aɖe mee wòtsoa? Alo ɖe wòanɔ bɔbɔe be woakpa Yuda si nye eƒe zɔhɛ si dzi wòka ɖo la ƒe eyomemɔfiafia ŋu nyaa? Ðe susu anɔ eme be míabui be woakpa alesi Yesu ƒe nusrɔ̃la susɔeawo tsɔ vɔvɔ̃ si le egbɔe la? Kakaɖedzitɔe la, susu manɔ eme be nusrɔ̃lawo nakpa nya siwo made wo dzi o alea gbegbe eye woaɖe gbeƒãe le afisiafi o! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nufiafiaɖaŋu si Yesu zã la to vovo tso ame bubuwo katã tɔ gbɔ. Màkpɔ eƒe kpɔɖeŋuwo tɔgbe aɖeke le ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me o. Ame manyamanyɛ kae ate ŋu “akpa” nufiafia wɔdɔɖeamedzi siawo gbegbe abe Todzimawunya la ene? Nya siawo katã nye kpeɖodzi siwo gana kakaɖedzi va le nya si Nyanyuiawo gblɔ le Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu ɖe edzi.

Ðaseɖiɖi bubu siwo metso Nyanyuiawo me o hã li siwo ɖo kpe Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me dzi. Nyanyui eneawo tɔ asi nuwo dzi tẽ, eye nusiwo wogblɔ le eŋu la sɔ pɛpɛpɛ le ŋutinya me. Teƒewo, abe Betlexem kple Galilea ene; ame ŋkutawo kple habɔbɔ xɔŋkɔwo, abe Pontio Pilato kple Farisitɔwo ene; kpakple Yudatɔwo ƒe kɔnuwo kple woƒe wɔna bubuwo menye nyakpakpa dzrowo ko o. Wonye alesi amewo nɔ agbee le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe akpa aɖe, eye agbalẽ siwo metso Biblia me o kpakple tomenukuku me nufɔfɔwo ɖo kpe wo dzi.

Eyata kpeɖodzi sẽŋu siwo tso Ŋɔŋlɔawo me kple esiwo metso wo me o siaa li be amesi nɔ anyi kpɔ le ŋutinya mee Yesu nye.

Gake ame geɖe kea ɖi le nukunu siwo Yesu wɔ la ŋu. Le nyateƒe me, le numekuku si ŋu nya míegblɔ va yi me la, Germania sɔlemedela ʋee aɖewo koe xɔ Yesu ƒe nukunuwo kple eƒe tsitretsitsi dzi se bliboe be “wodzɔ ŋutɔŋutɔ.” Ðe kpeɖodzi le Yesu ƒe nukunuwo kple eƒe tsitretsitsi ŋuti ɖikekewo ŋua?

Nusita Ame Aɖewo Kea Ði le Yesu ƒe Nukunuwo Ŋu

Mateo 9:18-36 ka nya ta be Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu nukutɔe, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Nufialagã Hugo Staudinger si nye ŋutinyaŋlɔla ɖe nu me be: “Enye nusi dzi womate ŋu axɔ se o, eye le ŋutinya me la, enye nusi mate ŋu adzɔ o, be nyatakaka wɔnuku mawo nanye nya siwo wosusu ŋlɔ ko.” Nukatae? Elabena ewɔ abe woŋlɔ Nyanyuigbalẽ gbãtɔawo le ɣeyiɣi si me nukunu siawo teƒekpɔla akpa gãtɔ gakpɔtɔ nɔ agbe ene! Abe alesi Staudinger gblɔe yi edzi ene la, kpeɖodzi bubu gadze le alesi Yudatɔ tsitretsiɖeŋulawo “mesẽ nu ɣeaɖekeɣi kpɔ be Yesu mewɔ nu wɔnukuwo o” me. Ne míeɖe asi le kpeɖodzi bubuawo katã ŋu, eye míetu míaƒe nyaʋiʋlia ɖe kpeɖodzi siawo siwo metso Nyanyuiawo me o ɖeɖeko dzi hã la, míakpɔ be esɔ kokoko be míaxɔ Yesu ƒe nukunuwo dzi ase.—Timoteo II, 3:16.

Togbɔ be “Germaniatɔ akpa gãtɔ ka ɖe edzi be Yesu da dɔ le dɔnɔwo ŋu” hã la, ame geɖe kea ɖi le afisi wòkpɔ ŋusẽ tsoe tsɔ da dɔ siawoe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Germania mawunyafiala aɖe si wonya nyuie gblɔ le dutoƒo be akunyawɔwɔ si nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe amesiwo tagbɔ nɔ fu ɖem na dzi gbɔe Yesu ƒe dɔdaŋusẽ tso. Ðe numeɖeɖe sia sɔa?

Bu eŋu kpɔ. Marko 3:3-5 gblɔ be Yesu da gbe le ŋutsu aɖe si siti lé asi na ŋu. Ke tagbɔ ƒe fuɖenamee na siti lé asi na ŋutsua? Kura o. Eyata womate ŋu agblɔ be akunyawɔwɔ ƒe ŋusẽe wòtsɔ da dɔ sia o. Ke nukae na Yesu te ŋu wɔ nukunuwo? Nufialagã Staudinger lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne se aɖeke meli si dzi woate ŋu aka ɖo bliboe o, eye ne ame megbe Mawu dzixɔxɔse keŋkeŋ o la, ke gɔmesese le eŋu be womate ŋu ate fli ɖe eme be Mawu, amesi ƒe ŋusẽ kpe wu amesiame tɔ la mate ŋu awɔ nusiwo mebɔ o.” Ẽ, nyateƒee wònye be ‘Mawu ƒe ŋusẽe’ Yesu tsɔ da dɔe ŋutɔŋutɔ na amesiwo dze dɔ. Eyata susu aɖeke meli si tae míake ɖi le eƒe nukunuwo ƒe akuakunyenye ŋu o.—Luka 9:43; Mateo 12:28.

Abe alesi The American Peoples Encyclopedia gblɔe ene la, ne nukunu si ƒo bubu ɖesiaɖe ta—Yesu ƒe tsitretsitsi—dzɔ la, ke nukunu bubu siwo katã ƒe nya wogblɔ le Nyanyuiawo me hã “ate ŋu adzɔ.” Ðe wofɔ Yesu nyateƒe tso ame kukuwo domea?

Ðe Kpeɖodzi Le Yesu ƒe Tsitretsitsi Ŋuti Ðikekewo Ŋua?

Bu kpeɖodzi sesẽ si dze le nudzɔdzɔwo me si ɖi ɖase be nyateƒee Yesu ƒe tsitretsitsia nye—eƒe yɔdo si tsi ƒuƒlu—la ŋu kpɔ. Yesu ŋɔlimetɔwo meke ɖi le alesi wova ke ɖe eƒe yɔdo ŋu wòtsi ƒuƒlu ŋu o, eƒe futɔwo gɔ̃ hã meke ɖi le eŋu o. (Mateo 28:11-15) Ne aʋatsoe wònye la, anye ne woklo nu le edzi bɔbɔe! Agbalẽ si me míeyɔ nya tso ƒo nya ta wòsɔ nyuie be: “Womete ŋu gblɔ nya aɖeke si me susu le tsɔ ɖe nusita yɔdoa tsi ƒuƒlu me kpɔ o tsɔ wu esi Biblia gblɔ la ko be, ‘Mele afisia o, elabena etsi tre’ (Mat. 28:6).”

Ame aɖewo kea ɖi be Yesu ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo koe ɖe gbeƒãe le afisiafi be eyae nye Mesia si wofɔ ɖe tsitre. Nyateƒee. Gake ɖe menye nudzɔdzɔ si ŋu kakaɖedzi sẽŋu le le ŋutinya me, vevietɔ Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi, dzie wotu woƒe gbedasia ɖo oa? Eya dzie. Nusia nɔ nyanya na apostolo Paulo esi wòŋlɔ be: “Ne Kristo metsi tre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe enye dzodzro, eye míaƒe xɔse hã enye dzodzro. Ke woakpɔ mí abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo hã ene, elabena míeɖi ɖase ɖe Mawu ŋuti bena, efɔ Kristo ɖe tsitre.”—Korintotɔwo I, 15:14, 15; tsɔe sɔ kple Yohanes 19:35; 21:24; Hebritɔwo 2:3.

Ame geɖe nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me siwo wonya nyuie, amesiwo te ŋu ɖi ɖase be yewokpɔ Yesu le eƒe ku megbe. Wo dometɔ aɖewoe nye apostolo 12 la kple Paulo, kpakple ame bubu siwo wu 500 siwo kpɔe ŋkume kple ŋkumee.b (Korintotɔwo I, 15:6) Mègaŋlɔ nusita Matia dze be wòanye amesi axɔ ɖe apostolo Yuda si mewɔ nuteƒe o la teƒe hã be o. Dɔwɔwɔwo 1:21-23 ka nya ta be Matia te ŋu ɖi ɖase le Yesu ƒe tsitretsitsia kple nudzɔdzɔ siwo do ŋgɔ siwo ku ɖe Eyama ŋu la ŋuti. Ne nyakpakpae Yesu ƒe agbenɔnɔ kple tsitretsitsi nye ke menye nyateƒe o la, anye ne susu aɖeke manɔ eme be woagblɔ be woakpɔ nudidi ma le ame ŋu hafi aɖoe o.

Esi ƒe alafa gbãtɔ me tɔ gbogbo aɖewo te ŋu ɖi ɖase be yewokpɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ, eƒe ku, kple tsitretsitsi teƒe ta la, Kristotɔnyenye keke ta kabakaba le Roma Fiaɖuƒea katã me, togbɔ be kuxi siwo míeyɔ va yi nɔ anyi hã. Eyomedzelawo lɔ̃ faa be yewoado fukpekpe, yometiti, kple ku gɔ̃ hã ƒe dzi atsɔ aɖe gbeƒã tsitretsitsia kple nyateƒe vevi si ku ɖe eŋu la le afisiafi. Nyateƒe kae nye ma? Eyae nye be Mawu ƒe ŋusẽ dzi koe wòto be wofɔe ɖe tsitre. Eye nukata Yehowa Mawu fɔ Yesu tso ame kukuwo dome? Nya ma ƒe ŋuɖoɖo fia amesi Yesu si nɔ anyi le ŋutinya me la nye.

Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, apostolo Petro gblɔ dzideƒotɔe na Yudatɔ siwo ƒe mo wɔ yaa le Yerusalem be: “Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mí katã míenye ɖaseɖilawo le. Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi sem miele la kɔ ɖe anyi. Elabena Dawid melia yi dziƒo o, gake egblɔ bena: ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.’ Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.” (Dɔwɔwɔwo 2:32-36) Nyateƒee, Yehowa Mawu wɔ Yesu Nazaretetɔ la “Aƒetɔ kple Kristo.” Ðe ɖi siwo wokena le ɖoƒe si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa sia me la sɔa?

Nukatae Wokea Ði le Ðoƒe si Yesu Le Fifia Ŋu?

Aleke woate ŋu aɖe ɖi siwo katã wokena le amesi Yesu nye kple ɖoƒe si wòle ŋu la ɖae? Eyae nye to nyateƒe si wònye be nyagblɔɖila vavãe wònye la dzi. Egblɔ aʋawɔwɔwo, dɔtotowo, anyigbaʋuʋuwo, kple nuvlowɔwɔ ƒe dzɔdzɔ, kpakple lɔlɔ̃manɔanyi siwo teƒe kpɔm míele egbea la ŋu nya ɖi. Hekpe ɖe eŋu la, egblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3-14) Nyagblɔɖi siawo ƒe emevava ɖo kpe edzi be Yesue nye Kristo si wofɔ ɖe tsitre la, eye be ele dzi ɖum si míate ŋu akpɔe o ‘le eƒe futɔwo titina,’ eye eteƒe madidi o ahe Mawu ƒe xexeme yeyea vɛ.—Psalmo 110:1, 2; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

Ameƒomea hiã Ðela si si nunya si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ le vevie fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nukatae míake ɖi be manye Yesue nye amesi dze si wotia be wòaɖe ameƒomea o? Yohanes, amesi ŋutɔ kpɔ Yesu ƒe nukunu wɔdɔɖeamedziawo kple eƒe tsitretsitsi teƒe la gblɔ be: “Eye míawo míekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la dɔ Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla.” (Yohanes I, 4:14; tsɔe sɔ kple Yohanes 4:42.) Abe alesi kpeɖodzi si me susu le aɖeke meli si ta míake ɖi le Yesu ƒe anyinɔnɔ, eƒe nukunuwo, eƒe ku kple tsitretsitsia ŋu o ene la, nenema ke mesɔ be míake ɖi le alesi Yehowa Mawu ɖoe zi dzi wònye Fia si woɖo le se nu le Eƒe nuɖusime ŋu o. Ðikeke aɖeke mele eŋu o, Yesu Nazaretetɔ lae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia kple “xexeame xɔla.”—Mateo 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Agbalẽnyala aɖewo koe xɔ ɖikenya siwo wogblɔ le Talmud la me le Yesu ŋu la nyateƒee. Gake Yesu ŋu nya siwo Tacitus, Suetonius, Pliny Ðevitɔ, kple ne mede ɖeke o, Flavius Josephus tɔ ɖeka si wògblɔ la nye Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ƒe kpeɖodzi si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖo.

b Ɣeaɖeɣi la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖu kalãmi kple eƒe nusrɔ̃lawo, esi fia be menye ŋutegae wokpɔ abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ egbea ene o.—Luka 24:36-43.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe