“Lɔlɔ̃ La Nu Metsina Gbeɖe O”
ABE ALESI SAMUEL D. LADESUYI GBLƆE ENE
Mekea nu ɖe te ne metrɔ kpɔ dɔ siwo katã míewɔ le ƒeawo me. Yehowa le nu wɔnukuwo wɔm le anyigba katã dzi. Mí ame ʋee siwo dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Ilesha, Nigeria, le ƒe 1931 me la va zu hame 36 sɔŋ. Ame 4,000 siwo nɔ gbeƒã ɖem le Nigeria esime Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku nuwulawo ƒe hatsotso gbãtɔ va le ƒe 1947 me la dzi ɖe edzi va ɖo 180,000 kple vɔ. Le gɔmedzedzea me la, míebui be dzidziɖedzi sia ava o, eye míeku drɔ̃e gɔ̃ hã le eŋu o. Dzidzɔ kae nye si wònye nam be nye hã mekpɔ gome le dɔ wɔnuku sia me! Mise alesi wòdzɔe ɖa.
FOFONYE ƒlea tu kple ɖu dzrana tso du me yi du me; menɔa aƒeme o. Srɔ̃ adree nɔ esi menya, gake menye wo katãe nɔ egbɔ o. Fofonye xɔ foa si ku la srɔ̃ si nye danye la ɖe. Eyae va zu srɔ̃a evelia eye eya gbɔe menɔ.
Gbeɖeka Papa tso srɔ̃a gbãtɔ si nɔ kɔƒe si te ɖe mía ŋu me gbɔ va aƒeme. Esi wònɔ afima la, ese be fofonyeviŋutsu nɔ suku dem. Ƒe ewoe mía kple fofonyevia míexɔ. Eyata Papa ɖoe be ele be nye hã made suku. Etsɔ peniga asieke nam—peniga etɔ̃ na nusrɔ̃gbalẽ eye peniga ade na nuŋlɔkpe. Ƒe 1924 ke ƒe nya gblɔm mele.
Woɖo Biblia Srɔ̃ƒuƒoƒo Aɖe
Melɔ̃ Mawu ƒe Nya Biblia la tso ɖevime ke. Biblia sɔsrɔ̃ le suku vivia nunye eye nye Kwasiɖagbe suku nufialawo kafuam ɣesiaɣi. Eyata le ƒe 1930 me la, mezã mɔnukpɔkpɔa yi ɖase Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ si ɖi tsa va ɖe gbeƒã le Ilesha la ƒe nuƒo. Le nuƒoa megbe la, etsɔ agbalẽ si nye The Harp of God si le Yorubagbe me nam.
Medea Kwasiɖagbe suku edziedzi. Fifia metsɔa The Harp of God la hafi yina eye mezãnɛ tsɔ tsia tre ɖe nusiwo wofiana le afima dometɔ aɖewo ŋu. Ehe nyaʋiʋliwo vɛ eye haŋgɔnɔlawo xlɔ̃ num enuenu be magakplɔ ‘nufiafia yeye’ sia ɖo o.
Le ƒe si kplɔe ɖo me, esime menɔ tsa ɖim le ablɔdzi la, meva ke ɖe ameha aɖe siwo ƒo ƒu nɔ ŋutsu aɖe ƒe nuƒo sem ŋu. Nuƒolae nye J. I. Owenpa si nye Biblia Nusrɔ̃vi. William R. Brown (si woyɔna zi geɖe be Bible Brown) si nɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm le Lagos ye dɔe ɖa.a Mese be woɖo Biblia-srɔ̃ƒuƒoƒo sue aɖe ɖe Ilesha be woasrɔ̃ The Harp of God la, eyata mege ɖe eme.
Nyee nye ɖevitɔ le ƒuƒoƒoa me—sukuvi si xɔ abe ƒe 16 ko ene. Ðe wòle be hadede kplikplikpli kple ame tsitsi siwo le woƒe ƒe 30-awo me nenema gbegbe nana matɔtɔ alo avɔ̃ hafi. Gake edzɔ dzi na wo be mele yewo dome eye edea dzi ƒo nam. Wole nam abe fofowo ene.
Osɔfowo ƒe Tsitretsiɖeŋu
Eteƒe medidi o osɔfowo va nɔ tsitre tsim ɖe mía ŋu vevie. Katolikotɔwo, Anglikantɔwo, kple ha bubu siwo wɔa dzre kple wo nɔewo tsã la va bla ɖe mía ŋu fifia. Wowɔ babla kple fiawo be woatso ɖe mía ŋu aɖe dzi le mía ƒo. Wodɔ kpovitɔwo be woaxɔ míaƒe agbalẽwo le mía si henɔ gbɔgblɔm be woava gblẽ nu le amewo ŋu. Gake kpovitɔwo ƒe tatɔ si le nutoa me gbe na wo be womekpɔ mɔ axɔ agbalẽawo o eye le kwasiɖa eve megbe la, wogbugbɔ agbalẽawo vɛ.
Esia megbe woyɔ mí míekpe ta kple oba, alo fiagã, kple dumegã bubuwo. Míanye ame 30 ɣemaɣi. Nusita woyɔ míe nye be woagbe na mí be míagaxlẽ agbalẽ “vɔ̃ɖi” mawo azɔ o. Wobia be amedzrowoe míenye hã, gake esi wolé ŋku ɖe míaƒe mo nyuie la, wogblɔ be, “Mía deviwoe gake amedzro aɖewo le wo dome.” Wogblɔ na mí be yewomedi be míagasrɔ̃ subɔsubɔha si agblẽ nu le mía ŋu ƒe agbalẽwo azɔ o.
Míeyi aƒeme nya aɖeke magblɔmagblɔe elabena míeɖoe be míade nu eme na amegã mawo o. Nusi míenɔ sɔsrɔ̃m la vivia mí ame akpa gãtɔ nu ŋutɔ eye míeɖoe be míayi esɔsrɔ̃ dzi. Eyata togbɔ be ame ʋee aɖewo vɔ̃ eye wodo le míaƒe ƒuƒoƒoa me hã la, mí ame akpa gãtɔ míeyi nusɔsrɔ̃a dzi le atikpala aɖe ƒe dɔwɔƒe. Nusɔsrɔ̃dzikpɔla aɖeke menɔ mía si o. Míedoa gbe ɖa dzea egɔme eye ɖeko míeɖɔa li mía nɔewo le memamãwo xexlẽ me. Anye le gaƒoƒo ɖeka megbe la, míegadoa gbe ɖa kakana yia aƒeme. Gake ŋku nɔ mía ŋu eye fiawo kple haŋgɔnɔlawo yɔa mí kwasiɖa eve ɖesiaɖe xlɔ̃a nu mí be míagasrɔ̃ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe agbalẽwo o.
Míenɔ agbagba dzem ɣemaɣi be míazã sidzedze sue si su mía si la atsɔ akpe ɖe amewo ŋu, eye wo dometɔ geɖe nɔ lɔlɔ̃m ɖe míaƒe nya dzi. Wova nɔ ɖeka wɔm kpli mí ɖekaɖeka. Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ gake míenya nu geɖe tso subɔsubɔha si míenɔ ha dem kple ŋu o.
Le ƒe 1932 ƒe gɔmedzedze la, nɔviŋutsu aɖe tso Lagos va be yeate mí aƒo ƒui nyuie eye “Bible” Brown hã va le April me. Esi Nɔviŋutsu Brown kpɔ be ƒuƒoƒo si me tɔwo ade 30 li la, ebia ŋgɔyiyi si wɔm míenɔ le míaƒe nuxexlẽa me. Míegblɔ nusi katã míenya nɛ. Egblɔ be míedze axɔ nyɔnyrɔ̃.
Esi wònye kuɖiɣie ta la, míezɔ mɔ yi tɔsisi aɖe si didi kilometa 14 tso Ilesha la to eye wonyrɔ̃ mí amesiwo ade 30. Tso ɣemaɣi la, míekpɔe be míedze anye Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo eye míedze aƒeme yi aƒeme dɔa gɔme. Míebui be míawɔ dɔ sia o, gake míedi fifia be míagblɔ nusi míenya na ame bubuwo. Ehiã be míadzra ɖo nyuie bene míate ŋu azã Biblia atsɔ atsi tre ɖe aʋatsonufiafia siwo míado goe ŋu. Eyata míedzroa nufiafiawo me le míaƒe kpekpewo me hetsɔa nusiwo míenya kpena ɖe mía nɔewo ŋu.
Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa
Míeɖe gbeƒã kpe dua ɖo. Amewo koa mí hedoa ɣli ɖe mía ta, gake míedea nu eme na wo o. Togbɔ be nu geɖe nɔ anyi míagasrɔ̃ hã la, míaƒe dzidzɔ gba go elabena nyateƒea le mía si.
Míewɔa aƒeme yi aƒeme dɔa Kwasiɖagbe ɖesiaɖe. Amewo biaa nya mí eye míedzea agbagba ɖoa wo ŋu. Míeƒoa dutoƒonuƒo Kwasiɖagbe fiẽwo. Fiaɖuƒe Akpata menɔ mía si o, eyata dogbadzie míewɔa kpekpewo le. Míeƒoa amewo nu ƒu, ƒoa nuƒo, eye míedonɛ ɖe wo gbɔ be woabia nyawo. Míeɖea gbeƒã le sɔlemexɔwo me ɣeaɖewoɣi.
Míezɔ mɔ de teƒe siwo amewo mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ le kpɔ o hã. Gasɔe míedona yina zi geɖe, gake míedaa bɔs ɣeaɖewoɣi. Ne míeɖo kɔƒe aɖe me la, míekua kpẽ sesĩe. Míaƒe ŋkɔ ɖina le kɔƒea me katã! Wodona bibibi va na be yewoakpɔ be nukae le dzɔdzɔm hã. Ke míegblɔa míaƒe gbedasia na wo. Ne míeƒo nu vɔ la, amewo ʋlina be yewoaxɔ míaƒe agbalẽwo. Míemãna geɖe.
Míekpɔ mɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava vevie. Meɖo ŋku edzi be esi míexɔ 1935 Yearbook eye nɔviŋutsu aɖe kpɔ ƒe bliboa ƒe ŋɔŋlɔawo me dzodzro ƒe ɖoɖowɔɖia la, ebia be: “Ðe wòfia be míaganɔ anyi ƒe blibo ɖeka hafi Harmagedon nava?”
Nusɔsrɔ̃dzikpɔla la biae be: “Nɔvinye, ɖe nèsusu be ne Harmagedon ava etsɔ la, míadzudzɔ Yearbook la xexlẽa?” Esi nɔviŋutsua ɖo eŋu be ao la, nusɔsrɔ̃dzikpɔla la gblɔ be: “Ke nukata nètsi dzi?” Míedi Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava vevie eye míegale mɔ kpɔm nɛ kokoko.
Aʋaƒewo
Wode se ɖe míaƒe agbalẽwo dɔdɔ tso duta nu le xexemeʋa evelia me. Nɔviŋutsu aɖe si le Ilesha tsɔ agbalẽ si nye Riches na kpovitɔ aɖe le manyamanya me. Kpovitɔa biae be:“Ameka ƒe agbalẽ enye esia?” Nɔviŋutsua gblɔ be ye tɔe. Kpovitɔa gblɔ be wode se ɖe agbalẽa nu, eyata ekplɔe yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee eye wòtui.
Meyi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea eye esi mebia nu me se vɔ la, meda megbe nɛ ɖee le xɔa me. Emegbe meƒo ka na Nɔviŋutsu Brown le Lagos gblɔ nusi dzɔ la nɛ. Mebiae hã be ɖe wode se aɖe ɖe míaƒe agbalẽwo mamã nu hã. Nɔviŋutsu Brown gblɔ nam be míaƒe agbalẽwo dɔdɔ tso duta nu koe wode se ɖo, ke menye wo mamã o. Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Nɔviŋutsu Brown dɔ nɔviŋutsu aɖe tso Lagos be wòava kpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm ɖa. Nɔviŋutsu sia ɖoe be mí katã míatsɔ magazinewo kple agbalẽwo ayi gbeadzi ne ŋu ke.
Míemã ɖe teƒeteƒewo keŋ. Anye le gaƒoƒo ɖeka megbe la, wova gblɔ nam be wolé mía nɔvi akpa gãtɔ. Eyata mía kple nɔviŋutsu si srã mí kpɔ la míeyi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Kpovitɔwo gbe be yewomase míaƒe numeɖeɖe be womede se ɖe agbalẽwo nu o la o.
Wokplɔ nɔvi 33 siwo wolé la yi Ʋɔnudrɔ̃lagã ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒee le Ife, eye mekplɔ wo ɖo yi. Dua me tɔ siwo kpɔe wokplɔ mí yinae la do ɣli be, “Ɛhɛ̃, evɔ na amesiawo egbea. Womagagbɔ va afisia azɔ o.”
Wotsɔ amenutsonyaa ɖo ʋɔnudrɔ̃lagã si nye Nigeriatɔ la ŋku me. Wofɔ agbalẽawo kple magazineawo katã kɔ ɖi. Ebia be amekae ɖe mɔ na kpovitɔwo ƒe amegã be woalé amesiawo. Kpovitɔwo ƒe amegã ɖo eŋu be nutoa me dziɖuɖumegã ƒe gbeɖeɖe dzie yezɔ ɖo. Ʋɔnudrɔ̃lagã la yɔ kpovitɔwo ƒe amegã kple míaƒe teƒenɔla ene kpakple nye hã yi eƒe amekpɔxɔ mee.
Ebia be amekae nye Aƒetɔ Brown hã. Míegblɔ nɛ be eyae nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa teƒenɔla si le Lagos. Azɔ egblɔ na mí be yexɔ telegram tso Aƒetɔ Brown gbɔ tso mía ŋu. Eda nya la ɖe ŋkeke bubu dzi gbemagbe eye wòna woɖe asi le nɔviawo ŋu be woanɔ aƒeme tsom hafi anɔ vavam. Esi ŋu ke la, etso afia na nɔviawo heɖe asi le wo ŋu, eye wòɖe gbe na kpovitɔwo be woatrɔ agbalẽawo na mí.
Míenɔ ha dzim trɔ gbɔ va Ilesha. Ameawo gate ɣlidodo, gake fifia ya wonɔ gbɔgblɔm be: “Wogatrɔ gbɔ!”
Wokɔ Yehowa ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Dzidzenuwo Me
Ƒe 1947 mee Gilead suku nuwula etɔ̃ gbãtɔwo va Nigeria. Nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Tony Attwood gale subɔsubɔm le Nigeria Betel. Tso ɣemaɣi la, tɔtrɔ gãwo va Yehowa ƒe habɔbɔa me le Nigeria. Tɔtrɔ gã siawo dometɔ ɖekae nye míaƒe nukpɔsusu le srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu.
Meɖe Olabisi Fashugba le February 1941 me eye menya nyuie be mele be magaɖe srɔ̃ bubu kpee o. Gake srɔ̃ geɖe ɖeɖe bɔ ɖe hameawo me vaseɖe esime dutanyanyuigblɔlawo va le ƒe 1947 me. Wogblɔ na nɔviŋutsu siwo ɖe srɔ̃ geɖe la be woɖe srɔ̃ wu ɖeka le manyamanya me. Eyata wogblɔ na wo be ne srɔ̃ eve alo etɔ̃ alo ene alo atɔ̃ le wo si la, woate ŋu anɔ wo gbɔ faa, gake womagaɖe bubu akpee o. Emae nye ɖoɖo si nɔ anyi.
Ame geɖe di vevie be yewoade ha kpli mí, vevietɔ Kerubim kple Serafim Habɔbɔ si nɔ Ilesha. Wogblɔ be Yehowa Ðasefowo koe fiaa nyateƒea. Wolɔ̃ ɖe míaƒe nufiafiawo dzi eye wodi be woatrɔ woƒe sɔlemexɔwo woazu Fiaɖuƒe Akpatawo. Míenɔ agbagba dzem vevie be nuwo nadze edzi nenema. Míeɖo teƒewo gɔ̃ hã be míana hehe woƒe hamemegãwo.
Ke srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋuti mɔfiame yeye va. Dutanyanyuigblɔla ɖeka ƒo nuƒo aɖe le nutome sue takpekpe aɖe me le ƒe 1947 me. Eƒo nu tso agbenɔnɔ kple nuwɔna nyuiwo ŋu. Emegbe eyɔ nya tso Korintotɔwo I, 6:9, 10 si gblɔ be ame madzɔmadzɔwo manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome o la me. Azɔ egagblɔ be: “Srɔ̃ geɖe ɖelawo hã manyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o!” Nyaselawo do ɣli be: “Tso, srɔ̃ geɖe ɖelawo manyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o!” Ameawo me mã. Ðeko nàbu be aʋae dzɔ. Ame yeye siwo nɔ ha dem kpli mí la dometɔ geɖe dzudzɔ henɔ gbɔgblɔm be: “Akpe na Mawu be míeƒo ta ɖe eme fũ o.”
Gake nɔviŋutsu akpa gãtɔ dze tɔtrɔwɔwɔ gɔme henɔ asi ɖem le wo srɔ̃wo ŋu. Wonaa ga wo hegblɔna be, ‘Ne mètsi o la, ke yi ɖadi ŋutsu bubu. Vodadae mewɔ be meɖe wò. Fifia srɔ̃ ɖeka ko wòle be maɖe.’
Eteƒe medidi o kuxi bubu gado mo ɖa. Esi ame aɖewo tso nya me be yewoaɖe asi le yewo srɔ̃wo ŋu wòasusɔ ɖeka ko megbe la, wogatrɔ susu eye wodi be woaɖe asi le nyɔnu si tsi anyi ŋu ava ɖe esiwo ŋu woɖe asi le dometɔ ɖeka boŋ! Eyata nuwo gatɔ zi ake.
Mɔfiame bubu si nɔ te ɖe Maleaxi 2:14, si ƒo nu tso “ɖekakpuimesrɔ̃” ŋuti dzi la tso dɔwɔƒegã le Brooklyn va. Mɔfiame lae nye be ŋutsuwo nagblẽ wo srɔ̃ gbãtɔ si woɖe ko ɖi. Alea wowɔ kpɔ nya la gbɔe mlɔeba.
Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔwo
Le ƒe 1947 me la, Habɔbɔa dze ŋusẽdodo hamewo gɔme henɔ wo mãm ɖe nutome suewo me. Wodi be woaɖo nɔviŋutsu siwo ƒe sidzedze de ŋgɔ eye wobi nyuie la woanye ‘nɔviwo subɔlawo’ siwo woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔlawo. Nɔviŋutsu Brown biam be malɔ̃ awɔ dɔ ma hã. Megblɔ nɛ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ tae mexɔ nyɔnyrɔ̃ ɖo, eye megagblɔ be: “Wò ŋutɔ gɔ̃ hãe na nyɔnyrɔ̃m. Ke ne mɔnukpɔkpɔ aɖe va azɔ be masubɔ Yehowa bliboe wu ɖe, èsusu be magbea?”
Le ƒe ma ƒe October me la, woyɔ mí ame adre be míava Lagos eye wona hehe mí hafi ɖo mí ɖe nutome sue dɔa gbe. Nutome suewo lolo ŋutɔ ɣemaɣi. Nuto sue adre me koe womã dukɔ bliboa ɖo. Hamewo mesɔ gbɔ o.
Dɔ si míewɔna abe nɔviawo subɔlawo ene la sesẽ ale gbegbe. Míezɔa afɔ agbadroƒe geɖe gbesiagbe toa avetsu dodowo me zi geɖe. Míezɔa mɔ tso kɔƒe me yi kɔƒe me kwasiɖa ɖesiaɖe. Mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nye afɔwo ku ɖe ŋunye. Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me abe ke kukum mele ene! Gake mekpɔ dzidzɔ geɖe hã, vevietɔ ne mele ame gbogbo siwo va le nyateƒea xɔm la kpɔm. Le ƒe adre pɛ ko me la, dukɔa me gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi zi ene sɔŋ!
Mewɔ nutome sue dzikpɔdɔa vaseɖe ƒe 1955 me esime dɔlényawo zi dzinye megbɔ va aƒe le Ilesha, afisi woɖom dugãdzikpɔlae le. Nye gbɔgbɔ va aƒe kpe ɖe ŋunye mete ŋu kpɔ asinu wu kpe ɖe nye ƒomea ŋu le gbɔgbɔ me. Egbea vinye adeawo katã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.
Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Nu Metsina Gbeɖe O
Ne metrɔ kpɔ ƒe siwo va yi la, nu geɖe li siwo ta wòle be mada akpe ɖo. Kpododonuwo, dzimaɖitsitsiwo, kple dɔlényawo ɖe fu nam baa, gake mekpɔ dzidzɔ geɖe hã. Togbɔ be míaƒe sidzedze kple gɔmesese dzi ɖe edzi le ƒeawo me hã la, nuteƒekpɔkpɔ na mese nya siwo le Korintotɔwo I, 13:8 gɔme nyuie be: “Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” Ne èlɔ̃ Yehowa eye nèli ke sesĩe le eƒe subɔsubɔdɔa me la, akplɔ wò to wò fukpekpewo me eye wòayra wò geɖe.
Nyateƒea ƒe kekelia me le kɔkɔm ɖe edzi ɣesiaɣi. Le gɔmedzedzea me la, míebu be Harmagedon ava kpuie; ema tae míetsi dzi be míawɔ nusianu si míate ŋui. Gake ye katã ɖe vi na mí. Ema tae melɔ̃ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.”—Psalmo 146:2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le esi Nɔviŋutsu Brown yɔa Biblia zi geɖe be eyae nye kpeɖodzi mamletɔ tae woyɔnɛ be Bible Brown ɖo.—Kpɔ “Nyanyuigblɔla Vavãtɔ ƒe Nuŋeŋe” le September 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 32.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Samuel kple Milton Henschel le 1955 me
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Samuel kple srɔ̃a, Olabisi