INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 11/15 axa 3-4
  • Wodo Agbenɔnɔ si Nyo Wu ƒe Ŋugbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodo Agbenɔnɔ si Nyo Wu ƒe Ŋugbe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ Kae Nàtia?
  • Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Anyigba La Azu Paradiso
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Etsɔme!
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Agbenɔnɔ Le Paradiso Si Woagbugbɔ Aɖo Anyi Me
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 11/15 axa 3-4

Wodo Agbenɔnɔ si Nyo Wu ƒe Ŋugbe

ÐE NÀDI be yeavo tso kuxi siwo wɔnɛ be agbenɔnɔ sesẽna la mea? Ðe wònye wò didi be yeanɔ agbe le xexe si me agbenɔnɔ avivi abe alesi wòdze le nɔnɔmetata si le magazine sia ƒe akpa dzi kple emegbe enea? Lé ŋku ɖe nɔnɔmetatawo ŋu nyuie. Nuɖuɖu gbogbo aɖe li amewo naɖu. Woakpɔ dzidzɔ vavã ɖe nuɖuɖu vivi siawo ŋuti. Amesiame le dzidzɔ kpɔm. Ameƒomevi vovovowo le ŋutifafa me kple wo nɔewo. Lãwo kura gɔ̃ hã le ŋutifafa me! Ame aɖeke mele dzre wɔm o. Ame aɖeke meda ahe o. Ame aɖeke mele dɔ lém o. Aƒe nyuiwo, ati siwo nya kpɔ, kple tsi nyui si me kɔ le afisia. Teƒe kae nye si nya kpɔ alea!

Ðe anyigba sia ava anɔ alea gbaɖegbea? Ẽ, ava zu paradiso. (Luka 23:43) Mawu si wɔ anyigba ƒe tameɖoɖoe nye be amewo nanɔ agbe si nyo wu le dzidzɔ me le paradisonyigba dzi. Eye wò hã ate ŋu anɔ afima!

Agbenɔnɔ Kae Nàtia?

Aleke Paradisonyigba si gbɔna la ato vovo na xexe si me míele egbea lae? Fifia dɔ wua ame siwo wu biliɔn ɖeka gbesiagbe. Gake le Paradiso si ƒe tame Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu me la, nu abɔ amesiame naɖu. Biblia do ŋugbe be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã.” (Yesaya 25:6) Nuɖuɖu magave o, elabena Biblia gblɔ be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Egbea ame geɖe le aƒe dahewo me, alo esesẽna na wo be woaxe xɔ si wohaya ƒe fe. Aƒe mele ame aɖewo si o eye ablɔwo dzie wodɔna. Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be ɖevi miliɔn 100 sɔŋ li siwo nye aƒemanɔsitɔwo. Gake le Paradiso si gbɔna me la, aƒe anɔ amesiame si wòayɔ be ye tɔ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse.”—Yesaya 65:21.

Ame geɖe kpea fu wɔa dɔ si menyo wo ŋu o. Zi geɖe la, wowɔa dɔ sesẽ gaƒoƒo geɖe gake fetu sue aɖe koe woxɔna. Ga si ŋu ame 1 le 5 ɖesiaɖe me le xexeame nɔa agbe ɖo le ƒe ɖeka me medea dɔlar 500 hã o. Gake le Paradiso si gbɔna me la, amewo akpɔ dzidzɔ ɖe woƒe dɔ ŋu eye woakpɔ nu nyuiwo atso wo me. Mawu do ŋugbe be: “Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:22, 23.

Fifia lãmegbegblẽ kple dɔléle le teƒe ɖesiaɖe. Ame geɖe nye ŋkuagbãtɔwo. Ame aɖewo nye tokunɔwo. Ame bubuwo mete ŋu zɔna o. Gake le Paradisoa me la, amewo avo tso dɔléle kple lãmegbegblẽ si me. Yehowa gblɔ be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Wodo ŋugbe dodzidzɔname sia na nuwɔametɔwo xoxo be: “Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

Egbea fukpekpe kple vevesese, nuxaxa kple kue li. Gake le Paradisonyigba dzi la, nusiawo katã maganɔ anyi o. Ẽ, ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o! Biblia gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Eyata eme kɔ ƒã be Paradisonyigba si ŋugbe Yehowa do la anye agbenɔnɔ si nyo wu na ameƒomea. Gake aleke míate ŋu aka ɖe edzi be ele vava ge? Ɣekaɣie wòava eye aleke wòavae? Nukae wòle be nàwɔ be nànɔ afima?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe