Migana Ta O!
“Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—GALATIATƆWO 6:9.
1, 2. (a) Mɔ kawo nue dzata daa ade le? (b) Amekawo koŋ dim Abosam le be yealé?
DZATA daa ade le mɔ vovovowo nu. Ɣeaɖewoɣi la, edea xa ɖe nusi wòdi be yealé ŋu le tsiʋewo me alo le afɔmɔ siwo dzi ame geɖe tona dzi. Gake agbalẽ si nye Portraits in the Wild gblɔ be ɣebubuɣiwo la, dzata “wɔa mɔnukpɔkpɔ si nɔnɔme aɖe aʋu ɖi ŋudɔ—le kpɔɖeŋu me, ne eva do go ɖe gbetedzivi si dɔ alɔ̃ nu.”
2 Apostolo Petro gblɔ be míaƒe “adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Esi Satana nya be ɣeyiɣi si susɔ na ye le kpuie ta la, ele ʋu yɔm ɖe amegbetɔwo te wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be yeahe wo ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Gake Yehowa subɔlawo dzi dzedze koŋue le vevie na “dzata, si le gbe ɖem” sia. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Eƒe adedamɔnuwo ɖi esiwo dzata si le lãwo dome zãna. Le mɔ ka nu?
3, 4. (a) Mɔ kawo dzie Satana tona be yeadze Yehowa subɔlawo dzi? (b) Esi míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me ta la, biabia kawoe fɔ ɖe te?
3 Ɣeaɖewoɣi la, Satana tenɛ kpɔna be yeade xa ɖi—si nye yometiti alo tsitretsiɖeŋu dzi be wòatsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me ale be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Timoteo II, 3:12) Gake abe alesi dzata wɔna ene la, Abosam wɔa mɔnukpɔkpɔ si nɔnɔme aɖe aʋu ɖi ŋudɔ ɣebubuɣiwo. Elalana be dzi naɖe le mía ƒo alo ɖeɖi nate mía ŋu, eye edzea agbagba be yeawɔ alesi nu te ɖe mía dzii la ŋudɔ ale be míana ta. Mele be míaɖe mɔ wòalé mí bɔbɔe o!
4 Gake amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake mee míele. Le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me la, dzi ate ŋu aɖe le mía dometɔ geɖe ƒo alo nu ate ɖe mía dzi ɣeaɖewoɣi. (Timoteo II, 3:1) Ekema aleke míawɔ be ɖeɖi nagate mía ŋu ale gbegbe be Abosam nalé mí bɔbɔe o? Ẽ, aleke míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi” la dzii?—Galatiatɔwo 6:9.
Ne Ame Bubuwo Na Dzi Ðe le Mía Ƒo
5. Nukae na ɖeɖi te Dawid ŋu, gake nukae mewɔ o?
5 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ɖewohĩ nu te ɖe Yehowa subɔla anukwaretɔ kekeakewo gɔ̃ hã dzi. Hakpala Dawid ŋlɔ bena: “Meɖea hũ ʋuu ɖeɖi tea ŋunye, meƒoa aɖatsi nye aba bekee zã sia zã, eye aɖatsi ƒoa nye dɔƒe. Nuxaxa na nye ŋkuwo lé ayi.” Nukata Dawid se le eɖokui me nenema? Eɖe eme be: “Le nye ketɔwo katã ta.” Ame bubuwo ƒe amenuɖiaɖia na Dawid se veve le dzi me ale gbegbe be avi dzi ko wònɔ. Gake Dawid metrɔ megbe de Yehowa le nusi ehati amegbetɔwo wɔ ɖe eŋu ta o.—Psalmo 6:7-10.
6. (a) Aleke ame bubuwo ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? (b) Aleke ame aɖewo wɔa wo ɖokui amesiwo Abosam ate ŋu alé bɔbɔe?
6 Nenema kee ame bubuwo ƒe nyagbɔgblɔwo alo nuwɔnawo ate ŋu ana ɖeɖi nate mía ŋu eye míase veve geɖe le dzi me. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu Kristotɔe amesi ƒoa nu nuŋumabumabutɔe nye la, ate ŋu ‘atɔ ame’ ayi ɖe eme ŋutɔ. Amegbetɔ ƒe nɔnɔme si míaɖe fia anye be míado dziku, eye ɖewohĩ míalé amea ɖe dɔme. Esia nye nyateƒe vevietɔ ne míese le mía ɖokui me be womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o alo be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Ðewohĩ asesẽ na mí be míaƒo nu na agɔdzela la; míaɖoe koŋ agbe tete ɖe amea ŋu gɔ̃ hã. Esi dziku na nu te ame aɖewo ŋu ta la, wona ta eye wodzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo vava. Nublanuitɔe la, wotoa ema me “[naa] mɔ Abosam” be wòazã mɔnukpɔkpɔa alé wo bɔbɔe.—Efesotɔwo 4:27.
7. (a) Aleke míatsri nusi ana Abosam ƒe asi nasu mía dzi wɔwɔ ne ame bubuwo ɖe dzi le mía ƒo alo do dziku na mí? (b) Nukata wòle be míaɖe asi le nya ŋu?
7 Aleke míatsri nusi ana Abosam ƒe asi nasu mía dzi la wɔwɔ ne ame bubuwo ɖe dzi le mía ƒo alo do dziku na mí? Ele be míadze agbagba be míagalé nya ɖe dɔme o. Ðe ema teƒe la, xɔ ŋgɔ ne miawɔ ŋutifafa alo aɖɔ nyawo ɖo kaba alesi nàte ŋui. (Efesotɔwo 4:26) Kolosetɔwo 3:13 ƒoe ɖe mía nu be: “Mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.” Asɔ be míatsɔ ake vevietɔ ne agɔdzela la lɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi eye wòvee le anukware me. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 32:3-5 kple Lododowo 28:13.) Gake enyo be wòanɔ míaƒe susu me be tsɔtsɔke mefia be míelɔ̃ ɖe vodada siwo ame bubuwo wɔ dzi alo bua wo nu tsɛe o. Tsɔtsɔke bia be woaɖe asi le nya si ve ame ŋu. Agba kpekpe aɖee nyaléleɖedɔme nye. Ate ŋu axɔ míaƒe susu me katã eye wòana míagakpɔ dzidzɔ o. Ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu gɔ̃ hã. Gake tsɔtsɔke le afisi wòsɔ le la anye viɖe na mía ŋutɔwo. Abe alesi Dawid wɔe ene la, migana míana ta eye míate ɖe aga le Yehowa ŋu le nusi amegbetɔ bubuwo gblɔ alo wɔ ɖe mía ŋu ta gbeɖe o!
Ne Míeda Vo
8. (a) Nukata ame aɖewo sea fɔbubu le wo ɖokui me vevie ɣeaɖewoɣi? (b) Afɔku kae le eme be míana fɔbubu naxɔ mía me ale gbegbe be mía ŋutɔwo míana ta?
8 Yakobo 3:2 gblɔ be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me.” Ne edzɔ nenema la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míabu fɔ mía ɖokui. (Psalmo 38:4-9) Fɔbubu ƒe seselelãmewo nu ate ŋu asẽ vevietɔ ne míele avu wɔm kple ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe eye míegava wɔnɛ ake ɣeaɖewoɣi.a Kristotɔ aɖe si dze ŋgɔ avuwɔwɔ sia la gblɔ be: “Nyemedi be maganɔ agbe o, elabena nyemenya ne nuvɔ̃ si ŋu tsɔtsɔke mele o ye mewɔ o. Mese le ɖokuinye me be mele be mado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me hã o elabena ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ aɖeke megali nam o.” Ne fɔbubu yɔ mía me ale gbegbe be mía ŋutɔwo míena ta la, míenaa mɔnukpɔkpɔ Abosam—eye ate ŋu awɔ eŋudɔ kaba! (Korintotɔwo II, 2:5-7, 11) Ðewohĩ nusi ahiã enye fɔbubu ŋuti nukpɔsusu si da sɔ wu.
9. Nukatae wòle be míaka ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi?
9 Ne míewɔ nuvɔ̃ la, esɔ be míase fɔbubu aɖe le mía ɖokui me. Gake ɣeaɖewoɣi la, fɔbubu ƒe seselelãmewo kpɔtɔ nɔa Kristotɔ aɖe me le esi wòbu be yemate ŋu adze na Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbeɖe o ta. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí wònya se be: “Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.” (Yohanes I, 1:9) Ðe susu gobii aɖe li si ta míaxɔ ase be Mawu mawɔ ema na mí oa? Ðo ŋku edzi be Yehowa gblɔ le eƒe Nya la me be yele “klalo be yeatsɔ ake.” (Psalmo 86:5, NW; 130:3, 4) Esi mate ŋu aka aʋatso o ta la, awɔ abe alesi eƒe Nya la do ŋugbee ene, ne míetrɔ dzi me va egbɔ ko.—Tito 1:2.
10. Kakaɖedzinya dodzidzɔname kae Gbetakpɔxɔ xoxo aɖe gblɔ le avuwɔwɔ kple ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ŋu?
10 Nukae wòle be nàwɔ ne èle agbagba dzem be yeaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi gake nègava wɔe? Mègana ta o! Megbedede megblẽa ŋgɔyiyi si nèwɔ xoxo me kokoko o. Magazine sia ƒe Eŋlisigbe me tata si nye February 15, 1954 tɔ gblɔ kakaɖedzinya dodzidzɔname sia be: “[Ðewohĩ] míanɔ nu klim ahanɔ anyi dzem zi geɖe le avuwɔwɔ kple nɔnɔme gbegblẽ aɖe si xɔ aƒe ɖe míaƒe tsãgbenɔnɔ me vevie wu alesi míebui la me. . . . Dzi megaɖe le ƒowò o. Mègagblɔ be yewɔ nuvɔ̃ si ŋu tsɔtsɔke mele o. Nenema tututue Satana adi be nàsusu. Nyateƒe si wònye be èxaa nu eye nèdoa dɔmedzoe ɖe ɖokuiwò ŋu la ŋutɔ ɖo kpe edzi be wò nɔnɔmea megbɔ eme o. Megati wò gbeɖe be nàtsɔ ɖokuibɔbɔ atrɔ ɖe Mawu ŋu veviedodotɔe ahabia eƒe tsɔtsɔke kple ameŋukɔkɔ kpakple kpekpeɖeŋu o. Yi egbɔ abe alesi ɖevi yia fofoa gbɔ ne eɖo xaxa me ene, eɖanye zi nenie nètsɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ma ke ƒe nya yi egbɔe o, Yehowa ana kpekpeɖeŋu wò dɔmenyotɔe le eƒe amenuveve ta eye, ne èɖi anukware la, ana dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò.”
Ne Míebu be Míele Geɖe Wɔm O
11. (a) Aleke wòle be míase le mía ɖokui me le gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ŋu? (b) Seselelãme kae ɖea fu na Kristotɔ aɖewo le gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu?
11 Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔa akpa vevi aɖe le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye gomekpɔkpɔ le eme hea dzidzɔ vɛ. (Psalmo 40:9) Gake Kristotɔ aɖewo sea fɔbubu le wo ɖokui me vevie le esi womete ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o ta. Fɔbubu sia ate ŋu axɔ míaƒe dzidzɔ gɔ̃ hã eye wòana míana ta ahasusu be Yehowa bua mí be míete ŋu wɔa geɖe gbeɖe o. Bu seselelãme siwo ɖea fu na ame aɖewo ŋu kpɔ.
Kristotɔ nyɔnu aɖe si kple srɔ̃a le ɖevi etɔ̃ nyim la ŋlɔ bena: “Ènya alesi gbegbe ahedada gblẽa ɣeyiɣia? Ele be madi nusiwo mexɔ asi o aƒle le afisiafi si makpɔ ɖe le. Esia fia be magblẽ ɣeyiɣi anɔ nuwo dim le fiase siwo me wodzraa nusiwo wozã kpɔ le kple le teƒe siwo wodzraa nusiwo ƒe asi dzi woɖe be woadzra wo kabakaba, alo be manɔ awuwo tɔm gɔ̃ hã. Mezãa gaƒoƒo ɖeka alo eve kwasiɖa sia kwasiɖa hã tsɔ wɔa dɔ le agbalẽvi siwo wotsɔ xɔa [nuɖuɖu siwo ƒe asi dzi woɖe] ŋu—wo lalã, wo nu ƒoƒo ƒu, kple wo dzadzra. Mebua fɔ ɖokuinye vevie ɖe nusiawo wɔwɔ ta ɣeaɖewoɣi, eye mebuna be gbeadzie wòle be mazã ɣeyiɣi mawo le hafi.”
Nɔvinyɔnu aɖe si si vi ene le eye srɔ̃a nye dzimaxɔsetɔ la gblɔ be: “Mebu be nyemelɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔ alesi dze o. Eyata medagbana ŋutɔ le Yehowa subɔsubɔ me. Medze agbagba vevie ŋutɔ, gake medze eme nam gbeɖe o. Èkpɔea, nyemesena le ɖokuinye me be mele vevie o, eyata nyemete ŋu kpɔ alesi nye subɔsubɔ adze Yehowa ŋui la le susu me o.”
Kristotɔ aɖe si kpɔe be ehiã be yeaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu gblɔ be: “Eɖe fu nam ŋutɔ be menɔ kpo dom nu le ɖokuinye si metsɔ na be masubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katãe la me. Màte ŋu akpɔ alesi dzi ɖe le ƒonyee la le susu me o! Mefaa avi fifia ne meɖo ŋku edzi.”
12. Nukata Kristotɔ aɖewo sea fɔbubu le wo ɖokui me vevie le esi womete ŋu wɔa geɖe le subɔsuɔdɔa me o ta?
12 Esɔ le dzɔdzɔme nu be woadi be woasubɔ Yehowa bliboe alesi woate ŋui. (Psalmo 86:12) Gake nukatae ame aɖewo sea fɔbubu le wo ɖokui me vevie le esi womete ŋu wɔa geɖe o ta? Le ame aɖewo gome la, edze abe amemaɖinunyenye ƒe seselelãme si nɔa wo me ɣesiaɣi gbɔe wòtsona ene, ɖewohĩ le nɔnɔme madeamedzi aɖe si me woto le agbe me ta. Le ame bubuwo gome la, fɔbuameɖokui si medze o la ate ŋu atso nusi Yehowa bia tso mía si ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ si le wo si gbɔ. Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be ne mèwɔ dɔ wòte ŋuwò o la, ke anɔ eme be mèle geɖe wɔm o.” Esia na wòɖo dzidzenu siwo kɔkɔ akpa na eɖokui—eye esi mete ŋu ɖo wo gbɔ o la, ese fɔbubu le eɖokui me wu tsã.
13. Nukae Yehowa bia tso mía si?
13 Nukae Yehowa bia tso mía si? Kpuie ko la, Yehowa bia tso mía si be míatsɔ luʋɔ blibo asubɔ ye ahawɔ nusi ŋu míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ ɖo. (Kolosetɔwo 3:23) Gake vovototo gã aɖe ate ŋu anɔ nusi míadi be míawɔ kple nusi tututu míate ŋu awɔ dome. Ðewohĩ tsitsi, lãmegbegblẽ, ŋusẽmanɔamesi, alo ƒomegbanɔamedzi aɖe míaƒe ŋutete dzi akpɔtɔ. Gake ne míewɔ míaƒe ŋutete katã la, míate ŋu aka ɖe edzi be luʋɔ bliboe míetsɔ le Yehowa subɔm—luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ma mesɔ gbɔ alo le ʋee wu amesi ƒe lãmesẽ kple nɔnɔmewo ɖe mɔ nɛ be wòawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa tɔ o.—Mateo 13:18-23.
14. Nukae nàte ŋu awɔ ne èhiã na kpekpeɖeŋu le nusi tututu nàkpɔ mɔ be yeate ŋu awɔ kpɔkpɔ adze sii me?
14 Ekema aleke nàwɔ anya nusi asɔ be nàbia tso ɖokuiwò si? Ðewohĩ àdi be yeaƒo nu tso nya la ŋu na xɔwò Kristotɔ tsitsi si dzi nàte ŋu aka ɖo, ate ŋu anye hamemegã alo nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖe, si nya wò ŋutetewo, nusiwo mate ŋu awɔ o, kple wò ƒomegbanɔamedziwo. (Lododowo 15:22) Ðo ŋku edzi be le Mawu ƒe ŋku me la, menye dɔ agbɔsɔsɔme si nèwɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔa mee wòtsɔ bua asixɔxɔ si le wò amea ŋu o. Yehowa subɔlawo katã xɔ asi le eŋku me. (Xagai 2:7; Maleaxi 3:16, 17) Dɔ si nèwɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me ate ŋu asɔ gbɔ alo anɔ ʋee wu ame bubuwo tɔ, gake zi alesi wònye wò ŋutete katã ko la, edzea Yehowa ŋu eye mehiã be nàse fɔbubu le ɖokuiwò me o.—Galatiatɔwo 6:4.
Ne Wobia Nu Geɖe tso Mía Si
15. Mɔ kawo nue wobia nu geɖe tso hamemegãwo si le?
15 Yesu gblɔ be: “Amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi.” (Luka 12:48) Edze ƒã be ‘wobiaa nu geɖe’ tso amesiwo nye hamemegãwo si. Wotsɔa wo ɖokui nana ɖe hamea ta abe alesi Paulo wɔe ene. (Korintotɔwo II, 12:15) Ele be woadzra ɖo ɖe nuƒowo ŋu, woawɔ alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo, woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ—woawɔ esiawo katã esi womagblẽ woa ŋutɔwo ƒe ƒomewo ɖi o. (Timoteo I, 3:4, 5) Hamemegã aɖewo hã le dɔ dzi sesĩe le kpekpeɖeŋu nam be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo, wowɔa dɔ le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me, eye wowɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo le nutome sue kple nutome gã takpekpewo me. Aleke ŋutsu dɔsesẽwɔla siawo siwo tsɔ wo ɖokui na awɔ be agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ nagate ɖeɖi wo ŋu o?
16. (a) Aɖaŋu nyui kae Yetro ɖo na Mose? (b) Nɔnɔme nyui kae ana hamemegã nade eƒe dɔ siwo sɔ asi na ame bubuwo?
16 Esi Mose si nye ame fatu kple ɖokuibɔbɔla na ɖeɖi nɔ eŋu tem le ame bubuwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me la, toa Yetro ɖo aɖaŋu nyui aɖe nɛ be: de dɔa ƒe akpa aɖewo asi na ŋutsu bubu siwo dze. (Mose II, 18:17-26; Mose IV, 12:3) Lododowo 11:2 gblɔ be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” Ðokuibɔbɔ fia be woakpɔ afisi ame ƒe ŋutetewo se ɖo ahalɔ̃ ɖe edzi. Ŋutsu ɖokuibɔbɔla mehena ɖe megbe be yeade yeƒe dɔ asi na ame bubuwo o, eye mevɔ̃na hã be ne yemã yeƒe agbanɔamedziwo kple ŋutsu siwo dze la, woaxɔ ŋusẽ le ye si o.b (Mose IV, 11:16, 17, 26-29) Edina vevie be yeakpe ɖe wo ŋu boŋ be woayi ŋgɔ.—Timoteo I, 4:15.
17. (a) Aleke hamea me tɔwo ana hamemegãwo ƒe agba la nanɔ wodzoe? (b) Nukawoe hamemegãwo srɔ̃wo tsɔ saa vɔe, eye aleke míate ŋu aɖee afia wo be míeŋea aɖaba ƒua nusiawo dzi o?
17 Hamea me tɔwo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ana hamemegãwo ƒe agba la nanɔ wodzoe. Ne ame bubuwo se egɔme be ƒomewo le hamemegãwo ŋutɔ si si dzi wòle be woakpɔ la, womaxɔ hamemegãwo ƒe ɣeyiɣi ahayɔ wo ɖe woƒe nyawo ŋu dzodzro o. Womaŋe aɖaba aƒu alesi hamemegãwo srɔ̃wo tsɔa nuwo saa vɔe faa esi womãa wo srɔ̃wo kple hamea ɖokuitɔmadimaditɔe la hã dzi o. Vidada aɖe si si vi etɔ̃ le eye srɔ̃a nye hamemegã la ɖe eme be: “Nusi ŋu nyemetoa nyatoƒoe le gbeɖe o yenye dɔ bubu siwo mewɔna faa le aƒea me ale be srɔ̃nye nate ŋu awɔ eƒe hamemegã ƒe dɔa. Menya be Yehowa yraa míaƒe ƒomea geɖe le eƒe subɔsubɔ ta, eye alesi wòzãna ɖe ewɔwɔ ŋu meveam o. Gake le nyateƒe me la, ele be mawɔ dɔ geɖe le aƒea ŋu eye mana hehe geɖe mía viwo wu alesi mawɔe hafi le esi vovo mele srɔ̃nye ŋu o ta.” Gake nublanuitɔe la, nɔvinyɔnu sia kpɔe be le esi teƒe be woakpɔ ŋudzedze ɖe agba si gakpe wu si tsɔm wòle ŋu la, ame aɖewo gblɔa vevemaseɖeamenunyawo boŋ abe “Nukata mèle mɔɖeɖedɔa wɔm o?” ene. (Lododowo 12:18) Aleke gbegbe wònyoe nye si be míakafu ame bubuwo ɖe dɔ si wɔm wole ta wu be míaɖe ɖeklemi wo ɖe nusi womete ŋu wɔ o ta!—Lododowo 16:24; 25:11.
Esi Nuwuwua Meva Haɖe O Ta
18, 19. (a) Nukata menye fifiae wòle be míatɔ le agbe mavɔ ƒe duɖimekekea me o? (b) Aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kae apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem?
18 Ne duƒula nya be yegogo du legbee ƒuƒu aɖe ƒe nuwuwu la, menaa ta o. Ðewohĩ eƒe ŋutilã magate ŋu ado dzi o—ɖeɖi te eŋu, eƒe lãme tɔ dzo, eye tsi vɔ le lãme nɛ—gake esi wògogo katsoƒea ŋutɔ ta la, mele be wòatɔ o. Nenema kee mí Kristotɔwo míele du ƒum be míaxɔ agbe ƒe teƒeɖoɖofetu la, eye míegogo katsoƒea ŋutɔ. Menye fifiae wòle be míadzudzɔ dua ƒuƒu o!—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 9:24; Filipitɔwo 2:16; 3:13, 14.
19 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dze ŋgɔ nɔnɔme sia tɔgbe. Le ƒe 61 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem. Ɣeyiɣia nɔ vɔvɔm—esusɔ vie ko ne “dzidzime” vɔ̃ɖi si nye Yudatɔ xɔsegbelawo ƒe nuɖoanyia ‘nu nayi.’ Vevietɔ ele be Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem nanɔ ŋudzɔ ahawɔ nuteƒe; ahiã be woasi tso dugã la me ne wokpɔ be asrafowo ɖe to ɖee. (Luka 21:20-24, 32) Eyata Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu be: ‘Ðeɖi nagate mia ŋu, ne miagbɔdzɔ le miaƒe luʋɔwo me o.’ (Hebritɔwo 12:3) Apostolo Paulo zã Helagbe me dɔwɔnya eve siwo me kɔ nyuie le afisia: ‘ɖeɖi nate’ ŋuwò (kaʹmno) kple ‘agbɔdzɔ’ (e·klyʹo·mai). Biblia-nyalagã aɖe gblɔ be “Aristotle ye zã” nya siawo “ɖe duƒula siwo gbɔdzɔna heyia ɖi me ne wotso ka le duƒuƒua me vɔ la ŋu. Amesiwo xlẽ [Paulo ƒe lɛta la] ganɔ duɖime kem. Mele be woana ta kaba o. Mele be woaɖe mɔ le wo ɖokui ŋu be woaku ƒenyi ahayi ɖi me le ɖeɖiteameŋu ta o. Wogabia tso mía si be míaku kutri ne míedze ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo.”
20. Nukatae Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ ɖe ɣeyiɣa nu na mí egbea?
20 Aleke gbegbe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi na mí egbea enye si! Esi míedze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu siwo le dzidzim ɖe edzi ta la, míase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi abe duƒula si ƒe afɔwo ŋu nu te vevie ene. Gake esi míegogo katsoƒea ŋutɔ ta la, mele be míana ta o! (Kronika II, 29:11) Ema tututue míaƒe Futɔ, “dzata si le gbe ɖem” la, adi be míawɔ. Gake míeda akpe be Yehowa wɔ ɖoɖo siwo naa “lãmesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te.” (Yesaya 40:29) Míadzro nusiwo esiawo nye kple alesi míate ŋu awɔ wo ŋudɔe me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo anɔ agbagba dzem be yewoaɖu amenyenye ƒe nɔnɔme aɖe si xɔ aƒe ɖe wo me vevie dzi, abe dzikudodo kabakaba, alo ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe kuxi aɖe dzi ɖuɖu ene.—Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, May 22, 1988, axa 19-21; November 8, 1981, axa 16-20; kple Questions Young People Ask—Answers That Work si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 198-211.
b Kpɔ nyati si nye “Hamemegãwo—Mide Dɔ Asi na Ame Bubuwo!” si le October 15, 1992, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 20-3.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Aleke míawɔ be míagana ta o ne ame bubuwo na dzi ɖe le mía ƒo alo do dziku na mí?
◻ Fɔbubu ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae awɔe be míana ta o?
◻ Nukae Yehowa bia tso mía si?
◻ Aleke ɖokuibɔbɔ akpe ɖe hamemegãwo ŋu be ɖeɖi nagate wo ŋu o?
◻ Nukatae Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Hebritɔwo 12:3 la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu na mí egbea?