INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 12/15 axa 4-7
  • Ðe Nunana Ƒe Gbɔgbɔ Le Mewòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nunana Ƒe Gbɔgbɔ Le Mewòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèdi be Yeƒe Nu Nadze Ame aɖe Ŋua?
  • Dzi Fae Wotsɔ na Nua?
  • Nuka Ŋu Koŋ Nètsia Dzi Ðo—Azãɖuɖua Yea? Alo Lɔlɔ̃ Ðeɖefia Yea?
  • Dɔmenyowɔgbɔgbɔ le Ƒe Bliboa Katã Me
  • Didi Be Woana Nu Nyui Aɖe Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • “Emae Nye Nunana Nyuitɔ Kekeake Si Mexɔ Kpɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake—Nu Ka Tae Wòxɔ Asi Ŋutɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 12/15 axa 4-7

Ðe Nunana Ƒe Gbɔgbɔ Le Mewòa?

ÈNYA be nu geɖee ʋã amewo wonaa nu amea? Nunana ate ŋu anye lɔlɔ̃, dɔmenyowɔwɔ, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia. Gake ɖe mède dzesii be didi be woakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu hã naa wonaa nu ame oa? Alo woate ŋu ana nu ame le esi wokpɔe be enye agbanɔamedzi ta alo le esi nunala la di be woawɔ nane ɖe enu na ye ta.

Woate ŋu atsɔ nublaka dzeani aɖe abla nunana lae. Gake ɖe menye nyateƒe be seƒoƒo, nuɖuɖu, alo dɔmenyonu aɖe hã ate ŋu anye nunana nyui aɖe oa? Zi geɖe le nyateƒe me la, ɖokuitsɔtsɔna ƒe nuwɔnawoe nye nunana siwo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo vevie wu.

Ðe Nèdi be Yeƒe Nu Nadze Ame aɖe Ŋua?

Edzɔna be wonaa nu amesi ƒe amenuveve dim wole. Le dukɔ aɖewo me la, ɖekakpui si le didim be yeƒe nu nalé dzi na ɖetugbui si dim wòle la ate ŋu atsɔ seƒoƒo ayi nɛ. Gake nyɔnu nyanu kpɔa nusi le nunana la megbe. Ebua eŋu nenye be lɔlɔ̃ si ana ɖekakpuia nanye srɔ̃ŋutsu nyui hãe na wòna nua ye hã. Ne nunana ma tso mawumenɔnɔme me la, ate ŋu ana nunala kple exɔla siaa nakpɔ dzidzɔ geɖe.

Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me Abigail, Nabal srɔ̃, wɔ kaba tsɔ dɔmenyonunana yi na Dawid, amesi wòkpɔ be Mawu tia be wòava nye Israel-fia le etsɔme ŋu. Ðe eya hã di be woave ye nu. Srɔ̃a do ŋukpe Dawid, eye wòdzu Dawid ƒe dɔlawo. Dawid dze ŋutsu blaʋakpa siwo ade 400 ŋgɔ be yewoaɖatsrɔ̃ Nabal kple eƒe ƒomea. Abigail de nu nya la me, ewɔ kaba tsɔ nuɖuɖu ɖo ɖe Dawid dɔmenyotɔe be wòatsɔ ana eƒe amewo. Eya ŋutɔ dze eƒe nunana la yome va, eye esi wòɖe kuku ɖokuibɔbɔtɔe ɖe nusi srɔ̃a wɔ ta megbe la, ede ŋugble le nyaa ŋu kple Dawid tsɔ ɖe nugɔmesese gã aɖe fia.

Susu nyuie nɔ esi eye emetsonua hã nyo. Dawid xɔ eƒe nunana la hegblɔ nɛ be: “Yi aƒe le ŋutifafa me! Kpɔ ɖa, mese wò gbe, eye meve nuwò!” Emegbe esi Nabal ku la, Dawid do ɖeɖenya gɔ̃ hã ɖe Abigail gbɔ eye eya hã lɔ̃ kple dzidzɔ.—Samuel I, 25:13-42.

Gake le go aɖewo me la, amenuveve si woadi la ate ŋu anye ameŋkumekpɔkpɔ, alo nya dzɔdzɔe tete ɖe to gɔ̃ hã. Ne edzɔ alea la, ke ezu zãnunana. Nunala la asusu be aɖe vi na ye, gake ana eya ŋutɔ mavo le susu me o. Anɔ vɔvɔ̃m ɣesiaɣi be ame bubuwo ava nya eye woabia gbe ye. Ne wove enu hã la, ɖewohĩ amesi dii la akpɔe be fifia yeva zu amesi ƒe nuwɔna ŋu nya ku ɖo. Biblia xlɔ̃ nu le nunana siawo ŋu tsɔ ɖe mawumenunya fia.—Mose V, 16:19; Nyagblɔla 7:7.

Dzi Fae Wotsɔ na Nua?

Ðikeke aɖeke mele eme o—nunana amesi nèlɔ̃ le esi nèdi be yeanae ta hea dzidzɔ geɖe vɛ wu nunana ame le esi ame bubuwo na nèse le ɖokuiwò me be ele be yeanae ta.

Apostolo Paulo ƒo nu tso mawumenunana ŋuti gɔmeɖose nyui aɖe ŋu le kpekpeɖeŋununanawo ƒoƒo ƒu na nɔvi Kristotɔ siwo hiã tu le ŋutilã me ŋu. Eŋlɔ be: “Ne edzilɔlɔ̃ [li] la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” Egagblɔ be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 8:12; 9:7) Eyata dziwòe nu geɖe nɔ te ɖo. Le esi teƒe be nàƒle nunana gbogbo ahadze fe me la, ɖe nèƒlea nu ɖe nusi le asiwò nua? Le esi teƒe be hadomenuwɔna alo asitsatsa ƒe nyaƒoɖeamenu nazi dziwò be nàna nu amewo la, ɖe nèwɔa nusi nèɖo le wò dzimea? Paulo ŋlɔ nu tso Kristotɔ gbãtɔ siwo wɔ Mawu me gɔmeɖose sia dzi ŋu be: “Wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me.”—Korintotɔwo II, 8:4.

Gake Royal Bank Letter, November/December 1994 tɔ, gblɔ le kwasiɖa siwo doa ŋgɔ na Kristmas ŋu be: “Azãɖuɖua te ŋu dzena abe ameŋkumedzidzɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme si te asitsatsa ƒlɔa dzo ɖo heƒonɛ ɖe nuƒlelawo nu woƒlea nusiwo anye ne womaƒle hafi o ene.” Ne agbanae nèƒlea nua la, dzidzeme ka kee nunana amewo ahe vɛ o, abu enumake ne fexegbea ɖo.

Nuka Ŋu Koŋ Nètsia Dzi Ðo—Azãɖuɖua Yea? Alo Lɔlɔ̃ Ðeɖefia Yea?

Ðe nèkpɔe be nudzɔdzɔ aɖewo siwo me wòdze abe ebia be woana nu ame le ene dzi koŋue nèna nu amea? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ dzidzɔkpɔkpɔ si tsoa nunana ame faa me la anɔ ŋuwò tom.

Ame geɖe li siwo nunana le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi me tsonuwo medzɔa dzi na o. Vidada aɖe si ganye agbalẽŋlɔla la gblɔ be ŋukeklẽ ɖoa ye viwo me ne ŋkeke si dzi wole mɔ kpɔm na nunanawo le gogom. Elɔ̃ ɖe edzi be dzidzɔ si ye ŋutɔ yekpɔna le nunana lɔlɔ̃tɔe me la gblẽna elabena nu bubue yekpɔa mɔ na. Nyatakaka gbogbo aɖewo gblɔ be ŋkekenyui siwo dzi woɖua azã henaa nu ame nɔewo le la nye ɣeyiɣi siwo hã me blanuiléle kple ahatsunono nɔna vevie.

Esi susuŋutinunyafiala aɖe si ƒe nya woŋlɔ ɖe The New York Times me kpɔe be nunana amewo le ŋkekenyuiwo dzi gblẽa nu le ɖeviwo ŋu ɣeaɖewoɣi ta la, ekafui be: “Mibu nunana amewo le ŋkeke bubuwo hã dzi ŋu be enye mɔ aɖe si dzi woato aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ.” Èbui be nu ma awɔ dɔ nyuia?

Ƒe 12 vi Tammy si le aƒe si me womeɖua Kristmas kple dzigbezã le o ŋlɔe be: “Ne èxɔ nunana si mèle mɔ kpɔm na o la, evivina wu.” Egblɔ be menye zi ɖeka alo zi eve koe ye dzilawo naa nu yewo le ƒea me o, ke wonaa nu ye kple ye nɔviŋutsu ƒe bliboa katã. Gake nane li si le vevie nɛ wu nunana mawo. Egblɔ be, “Mele ƒome kpɔdzidzɔ aɖe me.”

Agbalẽ si nye Secrets of Strong Families gblɔ nyateƒetɔe be: “Mí ame akpa gãtɔ míezãa ɣeyiɣi kple ga zi geɖe le ƒea me tsɔ nɔa nunana nyuitɔwo dim ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe dzigbezãwo, ƒezãwo, alo ŋkekenyuiwo ŋu. Màgblẽ ga aɖeke ɖe nunana nyuitɔ kekeake ta o. Eye mahiã be nàblae ɖe nu me hã o. Ne èxɔe se abe ame akpa gãtɔ ene be wò agbee nye wò nunɔamesi xɔasitɔ kekeake la, ke wò agbee nye nunana xɔasitɔ kekeake si le asiwò nàna ame. Míenaa nunana xɔasi ma le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si míezãna ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu me.”

Àte ŋu ana nunana sia amesiwo le wò ƒomea godo hã. Nunana tso dzime faa atsɔ akpɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔe ate ŋu ana dzidzeme tɔxɛ aɖe wò. Yesu Kristo ƒoe ɖe mía nu be míaɖe ɖetsɔleme ƒe lɔlɔ̃ sia fia ame dahewo, xɔdrɔ̃wo, kple ŋkuagbãtɔwo, eye wògagblɔ be: “[Àkpɔ dzidzɔ, NW] esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti.”—Luka 14:12-14.

Rockland Journal-News (U.S.A.) ka nya ta tso nunana ma tɔgbe ŋu nyitsɔ laa. Esi nyɔnu tsitsi ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe aƒe gbã la, exɔlɔ̃wo tu yeye nɛ. Afima asitsaha geɖe dzɔ nuwo eye dukɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe tsɔ ganunana nɛ. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Gake vevietɔ wu la, amesiwo ade 150 siwo ƒe akpa gãtɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Haverstraw-hamea me la tsɔ woƒe ɣeyiɣiwo na va tso aƒea.”

Nyatia yi edzi be: “Le xɔtuƒea la, woli kɔ xɔtunuwo gleglegle ɖe kplɔ̃ siwo dzi nuɖuɖu nɔ xa. Dɔwɔlawo tsɔ ŋkeke eve tu xɔ tuɖedzi etɔ̃ si me ƒome eve anɔ. . . . Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie ɖe woƒe xɔ tutu kabakaba ta. . . . Gake dɔwɔwɔ kabakaba alea to vovo na woƒe taɖodzinu la ƒe anyinɔnɔ ɖaa: be woana lɔlɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ nanɔ anyi eteƒe nadidi. Aƒenɔ Blakely mate ŋu akpɔ eƒe aƒe yeyea o, gake ate ŋu aka asi eŋu eye eƒe dzi nya alesi gbegbe ɖokuitɔmadimadi ƒe nuwɔna sia ʋãe.”

Dɔmenyowɔgbɔgbɔ le Ƒe Bliboa Katã Me

Amesiwo nye dɔmenyotɔwo le gbɔgbɔ me ŋutɔŋutɔ la melalana be ŋkeke tɔxɛwo neva hafi o. Woƒe agbenɔnɔ menɔ te ɖe wo ɖokui tɔ ko dzi o. Ne woxɔ nu nyui aɖe la, womãnɛ kple ame bubuwo dzidzɔtɔe. Mefia be amesiwo naa nu yakayakae wonye o. Mefia be wonaa nu ale gbegbe be woƒe ƒomewo megakpɔa naneke o. Mefia be wonaa nu ame tamemabumabutɔe, alesi wòakpɔ ŋusẽ ɖe exɔla dzi ŋu mabumabui o. Gake wonye ‘amesiwo lɔ̃a nunana’ abe alesi Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ ene.—Luka 6:38.

Wo xɔlɔ̃wo kple aƒelika siwo nye ame tsitsiwo, dɔnɔwo, alo amesiwo hiã dzideƒo le mɔ bubuwo nu ƒe nɔnɔmewo le nyanya na wo. Woƒe “nunana” ate ŋu anye dɔgbedede alo aƒemedɔwo wɔwɔ na wo. Ate ŋu anye nake fɔfɔ alo sno fofo ɖa na wo. Ate ŋu anye nuɖuɖu agba ɖeka nana wo alo gaƒoƒo ɖeka si me woasrã wo kpɔ axlẽ nu ɖekae le. Ðewohĩ vovo manɔ woa ŋutɔwo ŋu ya o, gake menye nenema gbegbe be womate ŋu akpe ɖe ame ŋu o. Wosrɔ̃e le nuteƒekpɔkpɔ me be “dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ” nyateƒe.—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW.

Gake mía Wɔla Yehowa Mawu ye nye Nunala gãtɔ kekeake. “[Ena] agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame.” (Dɔwɔwɔwo 17:25) Ena eƒe tameɖoɖo le vɔ̃ɖinyenye, dɔléle, kple ku ɖeɖeɖa, kple anyigba sia wɔwɔ paradisoe ŋuti gɔmesese hã mí le Biblia me. (Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Ne amesiwo me dɔmenyogbɔgbɔ le nya nusia la, womezia nyanyui ma dzi ɖe wo ɖokui gbɔ o. Egbɔgblɔ na ame bubuwoe nye nusiwo na wokpɔa dzidzɔ wu dometɔ ɖeka. Woawo sie Mawu me nunanagbɔgbɔ le nyateƒe. Gbɔgbɔ ma tum nèle ɖoa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nunana xɔasitɔwo wu dometɔ aɖewo megblẽa ga aɖeke o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe