Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Mose Kple Aron—Mawu ƒe Nya ƒe Gbeƒãɖela Dzideƒotɔwo
KPƆ nukpɔkpɔa ɖa le susu me: Mose si xɔ ƒe blaenyi kple nɔvia Aron le tsitre ɖe ŋutsu si si ŋusẽ le wu le anyigba dzi la ŋgɔ—eyae nye Egipte-fia Farao. Menye mawuawo teƒenɔla koe ŋutsu sia nye na Egiptetɔwo o. Woxɔe se be eya ŋutɔ nye mawu aɖe. Wobui be eyae nye Horus, mawu si to aʋako ƒe ta si dzɔ ɖe ame ƒe nɔnɔme me. Ne Isis kple Osiris kpe ɖe eŋu la, Horus nye mawuɖekaetɔ̃a ƒe tatɔ le Egipte ƒe mawuwo kple mawunɔwo dome.
Amesiame si yina Farao gbɔ la akpɔ nɔnɔme dziŋɔ aɖe kokoko, si nye ƒli ƒe ta si fɔ ɖe te nu le eƒe fiakuku titina. Wosusui be dzo kple tsɔtsrɔ̃ ate ŋu ado tso ƒli sia ƒe nu me akɔ ɖe Farao ƒe futɔwo dzi. Fifia Mose kple Aron tsɔ biabia si ɖeke mesɔ kplii o la va fia si nye mawu la gbɔ—be wòaɖe asi le Israel-vi kluviawo ŋu ne woayi aɖaɖu azã na woƒe Mawu, Yehowa.—Mose II, 5:1.
Yehowa gblɔe do ŋgɔ be Farao asẽ dzime. Eyata eƒe nyaŋuɖoɖo si wòna vlodoametɔe mewɔ nuku na Mose kple Aron o esi wògblɔ be: “Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti woayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!” (Mose II, 4:21; 5:2) Esiae dze nyaʋiʋli aɖe si nye nukpɔkpɔ la gɔme. Esi Mose kple Aron gava egbɔ la, wowɔ nukunu aɖe fia Farao si nye kpeɖodzi be Mawu vavã kple ŋusẽkatãtɔ lae dɔ yewo.
Nukunu aɖe Dzɔ
Abe alesi Yehowa de se ene la, Aron wɔ nukunu aɖe si ɖo kpe edzi be Yehowa kpe wu Egipte mawuwo. Eda eƒe atikplɔ ɖe anyigba le Farao ŋkume, eye kasia etrɔ zu da gã aɖe! Esi nukunu sia na Farao tɔtɔ la, eyɔ eƒe akunyawɔlawo vɛ.a To gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ dzi la, ŋutsu siawo te ŋu tsɔ woƒe atikplɔwo wɔ nusia tɔgbe.
Ne Farao kple eƒe afakalawo kpɔ dzidzɔ hã la, ke aɖabaƒoƒo ʋee aɖe koe. Kpɔ woƒe mo ɖa le susu me esime Aron ƒe da mi woƒe dawo ɖekaɖekae! Amesiwo katã le afima la ate ŋu akpɔe be Egipte mawuwo mate ŋu anɔ te ɖe Mawu vavã, Yehowa nu o.—Mose II, 7:8-13.
Le esia megbe gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzime. Esi Mawu he dzɔgbevɔ̃e, alo fukpekpe ewo va Egipte dzi hafi Farao gblɔ na Mose kple Aron mlɔeba be: “Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome, mia ŋutɔwo kple Israel-viwo; miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene.”—Mose II, 12:31.
Nusiwo Míesrɔ̃
Nukae na Mose kple Aron te ŋu yi Egipte ƒe Farao ŋusẽtɔ la gbɔ? Gbã la, Mose ɖe alesi meka ɖe eƒe ŋutete dzi o la gblɔ, egblɔ be “nyemenya nuƒoƒo o, nye aɖe metrɔ ɖe nya ŋuti o.” Togbɔ be woka ɖe edzi nɛ be Yehowa akpe ɖe eŋu hã la, eɖe kuku be: “Taflatse, . . . di ame aɖe dɔ boŋ.” Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Mose nɔ kuku ɖem be Mawu nadɔ ame bubu. (Mose II, 4:10, 13) Ke hã la, Yehowa zã Mose ame fafa la, eye wòna nunya kple ŋusẽ si hiã lae be wòawɔ eƒe dɔdasi la.—Mose IV, 12:3.
Egbea la, Yehowa Mawu kple Yesu Kristo subɔlawo le sedede si nye be “[woawɔ] dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo” la dzi wɔm (Mateo 28:19, 20) Be míawɔ míaƒe akpa dzi le dɔ sia wɔwɔ me la, ele be míawɔ Ŋɔŋlɔawo me nunya kple ŋutete ɖesiaɖe siwo anɔ mía si la ŋudɔ. (Timoteo I, 4:13-16) Le esi teƒe be míaƒe susu nanɔ nusiwo míate ŋu awɔ o dzi la, mina míatsɔ xɔse axɔ dɔdasi ɖesiaɖe si Mawu na mí. Ate ŋu ana míadze na eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ahado ŋusẽ mí.—Korintotɔwo II, 3:5, 6; Filipitɔwo 4:13.
Esi Mose dze ŋgɔ amegbetɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe tsitretsiɖeŋu ta la, edze ƒã be ehĩa ŋusẽ si kɔ wu amegbetɔ tɔ. Eyata Yehowa ka ɖe edzi nɛ be: “Mana nanye Mawu ɖe Farao nu.” (Mose II, 7:1) Ẽ, Mawu na kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ Mose. Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ nɔ Mose dzi ta la, susu aɖeke meli si ta wòle be Mose navɔ̃ Farao alo dziɖula dadala ma ƒe kpeɖeŋutɔwo o.
Ele be míawo hã míaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ ŋu ahawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa awu nu. (Yohanes 14:26; 15:26, 27) Esi Mawu le megbe na mí ta la, míate ŋu agblɔ Dawid ƒe nyawo, amesi dzi ha be: “Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?”—Psalmo 56:12.
Le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ta la, megblẽ Mose ɖi le eƒe dɔdasia me o. Ke boŋ Mawu gblɔ be: “Nɔviwò Aron nanye wò nyanuɖela. Gblɔ nya, siwo katã magblɔ na wò la, eye nɔviwò Aron nagblɔe na Farao.” (Mose II, 7:1, 2) Aleke gbegbe Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia enye si be wòwɔ Mose ŋudɔ le eƒe ŋutete nu!
Mawu na hati Kristotɔwo ƒe habɔbɔ mí, amesiwo xɔ agbanɔamedzi be yewoanye Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Ðasefowo. (Petro I, 5:9) Eyata, togbɔ be míado go kplamatsedonuwo hã la, mina míanɔ abe Mose kple Aron ene—amesiwo nye Mawu ƒe nya ƒe gbeƒãɖela dzideƒotɔwo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “akunyawɔlawo” la fia afakalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo gblɔ be gbɔgbɔ me ŋusẽ le yewo si wu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Woxɔe se be ŋutsu siawo ate ŋu aɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaɖo to yewo eye gbɔgbɔ vɔ̃ siawo mekpɔ ŋusẽ ɖe afakala siawo dzi o.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mose kple Aron tsɔ dzideƒo nɔ Yehowa teƒe le Farao ŋkume