Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Yesu ƒe Kaklãnyawo Dzi Wɔwɔ
LE NISAN 14 lia dzi le ƒe 33 M.Ŋ ƒe fiẽ la, Yesu Kristo kple eƒe apostolo 11 nuteƒewɔlawo nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu le dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Esi wònya nyuie be yeƒe ku tu aƒe la, egblɔ na wo be: “Ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ anyi kpli mi.” (Yohanes 13:33) Le nyateƒe me la, Yuda Iskariot dze mɔ xoxo yina nugbe ɖo ge kple ame vɔ̃ɖi siwo di be yewoawu Yesu.
Dziƒoxɔ ma dzi nɔlawo dometɔ aɖeke medze si alesi nuwɔwɔ kpata hiãe abe Yesu ene o. Enya nyuie be yegbɔna fu kpe ge. Yesu nya hã be yeƒe apostoloawo agblẽ ye ɖi zã ma ke me. (Mateo 26:31; Zaxarya 13:7) Esi esiae nye mɔnukpɔkpɔ mamletɔ na Yesu be wòaƒo nu kple eƒe apostoloawo hafi aku ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be eƒe kaklãnyawo aku ɖe nya siwo le vevie ŋutɔ ŋu.
“Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
Yesu ɖo wɔna yeye aɖe anyi kple eƒe apostolo nuteƒewɔlawo si axɔ ɖe Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoa teƒe. Apostolo Paulo yɔe be “Aƒetɔ la ƒe fiẽnuɖuɖu.” (Korintotɔwo I, 11:20, NW) Yesu tsɔ abolo maʋamaʋã ɖeka, do gbe ɖa ɖe eta. Eye eŋe aboloa me tsɔ na eƒe apostoloawo. Egblɔ be “Mixɔe ɖu! [Esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã,” NW]. Emegbe etsɔ weinkplu ɖe asi, gblɔ akpedanyawo eye wòtsɔe na apostoloawo gblɔ be: “Mi katã mino le enu; [elabena esia tsi tre ɖi na nye ʋu, NW] si nye nubabla yeye la tɔ, si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.”—Mateo 26:26-28.
Nukae nudzɔdzɔ sia fia? Abe alesi Yesu gblɔe ene la, aboloa tsi tre ɖi na eƒe nuvɔ̃manɔŋuiŋutilã la. (Hebritɔwo 7:26; Petro I, 2:22, 24) Wein la tsi tre ɖi na Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi si ana woatsɔ nuvɔ̃wo ake. Eƒe ʋu si wòtsɔ sa vɔe la hã aɖo kpe nubabla yeye si le Yehowa Mawu kple ame 144,000 siwo ava ɖu fia kple Yesu le dziƒo dome la dzi. (Hebritɔwo 9:14; 12:22-24; Nyaɖeɖefia 14:1) Esi Yesu kpe eƒe apostoloawo be woaɖu nu sia kpli ye la, efia be woaɖu fia kpli ye le Dziƒofiaɖuƒea me.
Ŋkuɖodzinuɖuɖu sia ŋutie Yesu de se le be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Ẽ, Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖu anye ƒe sia ƒe nuwɔna abe alesi Ŋutitotoŋkekenyuia nɔ ene. Esi Ŋutitotoŋkekenyuia ɖoa ŋku Israel-viwo ƒe ɖeɖe tso kluvinyenye me le Egipte dzi la, Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua aku ɖe ɖeɖekpɔkpɔ si lolo wu ŋu—ameƒomea si akpɔ ɖeɖe tso kluvinyenye na nuvɔ̃ kple ku si me me. (Korintotɔwo I, 5:7; Efesotɔwo 1:7) Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo akpɔ gome le kpɔɖeŋunuawo me aɖu aboloa eye woano wein la aɖo ŋku gomekpɔkpɔ si asu wo si le etsɔme be woanye fiawo kple nunɔlawo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me la dzi.—Nyaɖeɖefia 20:6.
Yesu Kristo ƒe ku nye nudzɔdzɔ vevitɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya me vavã. Amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe nusi Yesu wɔ ŋu la wɔna ɖe eƒe sedede si ku ɖe Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu dzi si gblɔ be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi ƒe sia ƒe le ŋkeke si dze Nisan 14 lia dzi la dzi. Ŋkeke sia dze April 2 lia dzi le ɣeɖoto megbe le ƒe 1996 me. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàyi le Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me la me.
“Se Yeye Mena Mi”
Tsɔ kpe ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖoɖo anyi ŋu la, aɖaŋuɖoɖo mamle aɖewo nɔ Yesu si na eƒe apostoloawo. Togbɔ be ŋutsu siawo xɔ hehe nyui hã la, nu geɖe li woagasrɔ̃. Womese tameɖoɖo si le Mawu si na Yesu, na woawo, alo hena etsɔ si gbɔna gɔme bliboe o. Gake Yesu medze agbagba be yeakɔ nusiawo katã me na wo le ɣeyiɣi sia me o. (Yohanes 14:26; 16:12, 13) Ke boŋ nusi le vevie wu ŋue wòƒo nu tsoe. Egblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” Yesu gagblɔ kpee be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.
Mɔ ka nue esia nye “se yeye” le? Enyo, Mose ƒe Sea gblɔ be: “Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:18) Gake Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃ si ayi ŋgɔ aɖo afisi ame atsɔ eƒe agbe ana ɖe ehati Kristotɔwo ta la afia. Le nyateƒe me la, ‘lɔlɔ̃se la’ awɔ dɔ le nɔnɔme siwo nu mesẽ boo o hã me. Le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, Yesu Kristo yomedzela ado ŋgɔ aɖe lɔlɔ̃ afia to kpekpeɖeŋu nana amewo le gbɔgbɔ me kple le mɔ bubuwo nu me.—Galatiatɔwo 6:10.
Le Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe zã mamle sia me la, lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta. Egblɔ le eƒe gbedodoɖa ƒe akpa aɖe me be: “Woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe míawo ene!” (Yohanes 17:11) Eɖe dzesi le kuku si Yesu ɖe na Fofoa me be edo gbe ɖa le lɔlɔ̃ ƒe ɖekawɔwɔ si anɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome ŋu. (Yohanes 17:20-23) Ehiã be ‘woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi Yesu lɔ̃ wo ene.’—Yohanes 15:12.
Apostolo nuteƒewɔlawo wɔ ɖe Yesu ƒe kaklãnyawo dzi. Ele be míawo hã míawɔ ɖe eƒe sededeawo dzi. Le “ŋkeke mamle” sesẽ siawo me la, lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ hiã le tadeagula vavãwo dome vevie wu tsã. (Timoteo II, 3:1) Le nyateƒe me la, Kristotɔ vavãwo wɔa Yesu ƒe sewo dzi eye woɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana. Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu ŋuti sededea hã le eme.