INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/15 axa 28-30
  • Amekae nye Theophilus Antioxiatɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae nye Theophilus Antioxiatɔ La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eƒe Agbemeŋutinya
  • Ŋkuléle ɖe Eƒe Nuŋlɔɖiwo Ŋu
  • Ðaseɖiɖi Vevi Aɖe
  • Luka Hadɔwɔla Lɔlɔ̃tɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • “Mianye Nye Ðasefowo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Yometiti Na Wokpɔ Dzidziɖedzi le Antioxia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/15 axa 28-30

Amekae nye Theophilus Antioxiatɔ La?

“ÈYƆAM be Kristotɔ, abe ŋkɔ gbegblẽe wònye ene, gake nyea màgblɔe kaŋ be Kristotɔe menye, eye metɔ ŋkɔ sia be manye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye mele mɔ kpɔm be manye dɔwɔla na Mawu.”

Aleae Theophilus dze eƒe agbalẽ etɔ̃ siwo ƒe tanyae nye Theophilus to Autolycus gɔmee. Enye alesi wòdze nuƒoƒo tsi tre ɖe xɔsegbegbe ŋu le ƒe alafa evelia me la gɔmee. Theophilus ɖe eɖokui fia dzideƒotɔe be Kristo yomedzelae yenye. Edze abe eɖoe kplikpaa be yeazɔ pɛpɛpɛ ale be yeava zu “Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ” ene, be wòawɔ ɖeka kple gɔmesese si le eƒe Helagbe me ŋkɔa ŋu. Gake amekae nye Theophilus? Ɣekaɣie wònɔ agbe? Eye nukae wòwɔ?

Eƒe Agbemeŋutinya

Womenya nu boo aɖeke tso Theophilus ƒe agbemeŋutinya ŋu o. Dzila siwo menye Kristotɔwo o lae nyii. Theophilus trɔ dzime va zu Kristotɔ emegbe gake edo ŋgɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo nyuie. Eva zu bisiɔp le hame si le Syria ƒe Antioxia me, si woyɔna egbea be Antakya, le Turkey.

Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi me la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖe gbeƒã na Antioxiatɔwo. Luka ŋlɔ dzidzedze si wokpɔ ŋu nya ɖi gblɔ be: “Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.” (Dɔwɔwɔwo 11:20, 21) Wotsɔ ŋkɔ na Yesu Kristo yomedzelawo be Kristotɔwo le Mawu ƒe mɔfiafia te. Syria ƒe Antioxia ye woyɔ ŋkɔ sia le gbã. (Dɔwɔwɔwo 11:26) Apostolo Paulo zɔ mɔ yi Syria ƒe Antioxia le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, eye afima va zu teƒe si wònɔ koŋ. Barnaba kple Paulo, kpakple Yohanes si woyɔna be Marko dze woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ gɔme tso Antioxia.

Apostoloawo ƒe tsaɖiɖi va dugã la me anya de dzi ƒo na Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Antioxia vevie. Ðikeke mele eme o be ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la teƒenɔlawo ƒe sasrãkpɔ si tu woƒe xɔse ɖo hã gbɔe wòtso be woxɔ Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea dzidzɔtɔe. (Dɔwɔwɔwo 11:22, 23) Aleke gbegbe wòade dzi ƒo na woe nye si be woakpɔe be ame geɖe siwo le Antioxia tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu! Gake ƒe 100 kple vɔ megbe hafi Theophilus nɔ agbe le Antioxia.

Ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ be Theophilus nye bisiɔp adelia si nɔ Antioxia, ne woxlẽe tso Kristo ƒe apostoloawo ŋɔli. Theophilus ŋlɔ numedzodzro kple tsitretsiɖeŋunya geɖe siwo amewo gblɔ tsi tre ɖe dzixɔsea ŋu la ɖi. Enɔ Kristotɔ xɔsetaʋlila siwo wu wuieve siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la dome.

Ŋkuléle ɖe Eƒe Nuŋlɔɖiwo Ŋu

Esi Theophilus nɔ nu ƒom tso nyamedzodzro aɖe si wowɔ do ŋgɔ ŋu la, eŋlɔ ɖo ɖe Autolycus kple ŋgɔdonya siawo be: “Aɖe si bi ɖe nuƒoƒo aɖaŋutɔe me doa dzidzɔ na ame eye wòna wokpɔa kafukafu si nye tofloko tsoa nublanuitɔ siwo ƒe susu woflu gbɔ.” Theophilus ɖe eme gblɔ be: “Nyateƒelɔ̃la meɖoa to nuƒo ŋɔnɔewo o, ke edzroa gɔmesese si le nuƒoa me kpɔna . . . Èhe nya vlowo ɖe ŋunye, heƒo adegbe tso wò mawu siwo nye ati kple kpe ŋu, esiwo wotu eye wome, wokpa eye wowɔ, siwo mekpɔa nu alo sea nu o, elabena legba wonye, eye wonye amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Tsɔe sɔ kple Psalmo 115:4-8.

Theophilus ɖe amebeble si le trɔ̃subɔsubɔ me ɖe go. Le atsyã tɔxɛ si me wòŋlɔa eƒe nyawo ɖo nu la, edze agbagba be yeaƒo nu nyuie tso alesi tututu Mawu vavã la le ŋu, togbɔ be eƒo nu didi hã. Egblɔ be: “Womate ŋu aƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔme ŋu alo aɖɔe o, eye amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔe o. Elabena Eƒe ŋutikɔkɔe ƒe seƒe meli o, eƒe gãnyenye gɔmesese meli o, eƒe kɔkɔme me dzodzro meli o, eƒe ŋusẽ tɔgbi meli o, eƒe nunya ƒo ɖesiaɖe ta, ame aɖeke mesɔ kplii le nyuiwɔwɔ me o, eƒe dɔmenyo mele gbɔgblɔ me o.”

Theophilus yi edzi gaƒo nu tso Mawu ŋu be: “Gake eyae nye Aƒetɔ, elabena Eyae le xexeame katã dzi ɖum; enye Fofo, elabena enɔ anyi do ŋgɔ na nusianu; enye Aɖaŋuwɔla kple Wɔla, elabena Eyae wɔ xexeame godoo; enye Gãtɔ, elabena Eƒo nuwo katã ta; eye enye Ŋusẽkatãtɔ, elabena Eya Ŋutɔe le dzi ɖum eye nusianu le eƒe asi me.”

Emegbe esi Theophilus nɔ gbe tem ɖe nu tɔxe aɖewo siwo Mawu wɔ dzi la, eyi eƒe nuƒo deto si nye nyawo gbugbɔgagblɔ ƒe mɔnua dzi hegblɔ be: “Elabena dziƒowo nye Eƒe dɔwɔwɔ, anyigba nye Eƒe nuwɔwɔ, atsiaƒu nye Eƒe asinudɔwɔwɔ; amegbetɔ nye Eƒe numeme kple Eƒe nɔnɔme; ɣe, dzinu, kple ɣletiviwo nye Eƒe nuwɔwɔ siwo wòwɔ na dzesiwo, kple azãgbewo, kple ŋkekewo, kpakple ƒewo, be woasubɔ eye woanye kluvi na amegbetɔ; eye Mawu wɔ nusianu tso nusiwo menɔ anyi do ŋgɔ o me eye wova li, ale be to Eƒe dɔwɔwɔwo me woadze si Eƒe gãnyenye ahase egɔme.”

Alesi Theophilus he nya ɖe alakpamawu siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋui ƒe kpɔɖeŋu bubu gadze le nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Autolycus me be: “Amesiwo nèbe yesubɔna la ƒe ŋkɔwo nye ame kukuwo ƒe ŋkɔwo. . . . Eye ameka ƒomeviwoe wonye? Ðe Saturn menye amelãɖula, si tsrɔ̃ eya ŋutɔ viawo eye wòlé wo mi oa? Eye ne mietsɔ ŋkɔ na viaŋutsu be Jupiter la, . . . alesi wònye gbɔ̃e na noe . . . Kple eƒe nuwɔna bubuwo,—eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo gbɔ dɔdɔ, kple ahasiwɔwɔ, kpakple eƒe nudzodzro vɔ̃wo.”

Theophilus keke eƒe nyahehea ɖe enu eye wòte gbe ɖe eƒe tsitretsitsi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe legbasubɔsubɔ ŋu dzi. Eŋlɔ bena: “Mayi edzi aɖo ŋku lã gbogbo siwo Egiptetɔwo subɔ dzi na mi, lã siwo tana, kple nyiwo, kple lã wɔadãwo, kple xewo, kpakple tɔmelãwo . . . Helatɔwo kple dukɔ bubuawo subɔa kpe kple ati, kpakple nu bubu ƒomevi vovovowo.” Theophilus gblɔ be: “Gake nye ya Mawu gbagbe kple nyateƒe Mawu lae mesubɔna.”—Tsɔe sɔ kple Samuel II, 22:47; Dɔwɔwɔwo 14:15; Romatɔwo 1:22, 23.

Ðaseɖiɖi Vevi Aɖe

Nya vovovowo le Theophilus ƒe nuxlɔ̃ame kple dzideƒoname ƒe agbalẽ etɔ̃ siwo wòŋlɔ tsi tre ɖe Autolycus ŋu me eye wode to. Nuŋlɔɖi bubu siwo Theophilus wɔ nye esiwo wòŋlɔ tsi tre ɖe Hermogenes kple Marcion ŋu. Eŋlɔ agbalẽ bubuwo hã na nufiafia kple sidzedze, eye wòtsɔ Nyanyuiawo me ɖeɖe kpee. Gake agbalẽ etɔ siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Autolycus si woŋlɔ kple asi ɖe agbalẽ ɖeka me koe nye esi ta wokpɔ.

Agbalẽ gbãtɔ nye xɔsetaʋlinya si wòŋlɔ ɖo ɖe Autolycus tsɔ ʋli Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa tae. Agbalẽ evelia si wòŋlɔ ɖo ɖe Autolycus he nya ɖe xexemetɔwo ƒe subɔsubɔha nyanyɛwo, woƒe nyagbɔgblɔɖiwo, xexemenunyalawo, kple hakpanyaŋlɔlawo ŋu. Theophilus tsɔ xexemetɔwo ƒe agbalẽwo sɔ kple Ŋɔŋlɔawo le eƒe agbalẽ etɔ̃lia me.

Le Theophilus ƒe agbalẽ etɔ̃lia gɔmedzeɣi la, Autolycus kpɔtɔ lé nukpɔsusua me ɖe asi be nyateƒe Nya la nye glitoto aɖe ko. Theophilus he nya ɖe Autolycus ŋu gblɔ be: “Èxɔa ame tsibomewo dzidzɔtɔe. Anye ne ame manyanuwo ƒe nya gbɔlowo maflu wò eye nàxɔ alakpanya siwo xɔ aƒe ɖi la dzi ase o.”

Nukae nye “alakpanya siwo xɔ aƒe ɖi” ma? Theophilus ɖe wo tsoƒe ɖe go. Alakpatɔ siwo “si mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe aɖewo le tso mía nu alakpatɔe, hele gbɔgblɔm be [mí] amesiwo nye Mawu subɔlawo, eye woyɔa mí be Kristotɔwo la, míeɖɔa li mía srɔ̃wo le mía nɔewo dome hedɔna kpli wo faa; eye be míedɔa mía ŋutɔwo míaƒe ŋutilãme nɔvinyɔnuwo gɔ̃ hã gbɔ, eye esi ganye mawumavɔ̃mavɔ̃ hevɔ̃ɖi wu kura enye be míeɖua amelã.” Theophilus te kpɔ ʋli nya tsi tre ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe nukpɔsusu sia si mesɔ kura o si nɔ wo si ɖe amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye le ƒe alafa evelia me ŋu la ŋuti. Ezã nyateƒe ƒe kekeli si le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me.—Mateo 5:11, 12.

Nusi ɖo kpe edzi be Theophilus nya Mawu ƒe Nya la nyuie enye alesi wòzã Biblia me nyawo tso Hebri kple Hela ŋɔŋlɔawo siaa me eye wòfia asi wo zi geɖe. Enye ame gbãtɔ siwo ƒo nu tso Nyanyuiawo ŋu dometɔ ɖeka. Alesi Theophilus yɔ nya geɖe tso Ŋɔŋlɔawo mee na sidzedze geɖe mí le alesi wobua nuwo ŋui le eƒe ɣeyiɣia me ŋu. Ewɔ nunya si su esi tso ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me ŋudɔ tsɔ ɖe alesi gbegbe wokɔkɔ boo wu trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyae fia.

Ðoɖo si nu Theophilus ƒe nuŋlɔɖia le, eƒe nuƒo si me nufiame le kple alesi wògbugbɔ gblɔa nyawoe mavivi le ame aɖewo ƒe tome o. Míate ŋu agblɔ afisi gbegbe xɔsegbegbe si ƒe nya wogblɔ ɖi anya kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nukpɔsusuwo dzi se ɖoe fifia o. (Tesalonikatɔwo II, 2:3-12) Gake vaseɖe Theophilus ƒe kuɣi le ƒe 182 M.Ŋ. me lɔƒo la, enye amesi ʋli xɔse ta madzudzɔmadzudzɔe, eye Kristotɔ vavã siwo li le míaƒe ɣeyiɣia me tsɔa ɖe le eƒe nuŋlɔɖiwo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Theophilus tsi tre ɖe Autolycus ƒe nyahehewo ŋu dzideƒotɔe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

Woɖe nɔnɔmetata siwo le axa 28 kple 30 tso Illustrierte Pracht - Bibel/Heilige Schrift des Alten und Neuen Testaments, nach der deutschen Uebersetzung D. Martin Luther’s me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe