Miɖu Ŋkuɖodzia Le Mɔ Si Dze Nu
NISAN 14, 33 M.Ŋ. ƒe fiẽ mee Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi.a Ðeko wòwu Ŋutitotozã la ɖuɖu nu kple eƒe apostolo 12-awo enye ma, eyata míate ŋu aka ɖe ŋkekea dzi. Esi Yesu nyã yomemɔfiala, Yuda, do goe vɔ megbe la, “etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã. Eye wòtsɔ kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le ta la, etsɔe na wo, eye wo katã wono le enu. Eye wògblɔ na wo bena: Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.”—Marko 14:22-24.
Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo ŋku yeƒe ku dzi le eƒe vevienyenye ta. (Luka 22:19; Korintotɔwo I, 11:23-26) Eƒe vɔsa la koe ate ŋu aɖe amegbetɔƒomea tso nuvɔ̃ kple ku ƒe fiƒode si dome míenyi la me. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Abolo kple wein si wòzã la nye eƒe ŋutilã deblibo kple eƒe ʋu ƒe dzesiwo. Esi míenya ŋkeke si dzi woɖo azã ma anyi ta la, míate ŋu aɖui le ŋkeke si dzi wòadze ƒe sia ƒe, abe alesi ko woɖu Yudatɔwo ƒe Ŋutitotozã lae ene. Gake ele be míawɔe le mɔ si dze nu. Nukatae?
Apostolo Paulo gblɔ be amesiwo kpɔa gome le kpɔɖeŋunu siwo nye abolo kple wein la ɖuɖu kple enono me la le “gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava.” (Korintotɔwo I, 11:26, míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata Yesu ƒe ku kple gɔmesese si le eŋu na ameƒomea ŋuti azã la aku ɖo. Woaɖu azã la kple moveviɖoɖo, eye anye ɣeyiɣi si me woade ŋugble le Mawu ƒe dɔmenyo kple ŋudzedze si wòle be míakpɔ ɖe Yehowa ƒe Via ŋu la ŋuti. (Romatɔwo 5:8; Tito 2:14; Yohanes I, 4:9, 10) Eyata Paulo xlɔ̃ nu be: “Eyata amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.”—Korintotɔwo I, 11:27.
Le Mɔ si Dze Nu—Alekee?
Edze ƒã be Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ne míedo vlo wɔna la to gomekpɔkpɔ le nuwɔna siwo mesɔ o alo trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo wɔwɔ me o. (Yakobo 1:27; 4:3, 4) Esia ana míatsri Easter-ɖuɣi ƒe wɔna xɔŋkɔwo. Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiafia be “[míawɔ] esia hena ŋkuɖoɖo [ye dzi]” me la, míadi be míaɖu Ŋkuɖodzia abe alesi tututu wòɖoe anyi ene. (Luka 22:19; Korintotɔwo I, 11:24, 25) Esia ana míatsri atsya vivivo siwo Kristo-dukɔa ƒe sɔlemewo tsɔ kpe ɖe azã la ɖuɖu ŋu la. New Catholic Encyclopedia gblɔ be “Misa si wowɔna egbea to vovo sã tso azã bɔbɔe si Kristo kple Eƒe Apostolowo ɖu gbɔ.” Eye to Misa si Kristodukɔa wɔna edziedzi, gbesiagbe gɔ̃ hã me la, wotra mɔ tso nusi Yesu ɖo be míawɔ gbɔ eye wona wòzu nuwɔna tsɛ aɖe.
Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔ Kristotɔwo le eɖuɖu madzemadzee ŋu elabena kuxi aɖe do mo ɖa le hamea me le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu. Ame aɖewo mede bubu eƒe kɔkɔenyenye ŋu o. Wotsɔ woƒe fiẽnuɖuɖu ɖe asi vɛ eye woɖui do ŋgɔ na kpekpea alo esime kpekpea nɔ edzi yim. Zi geɖe la, woɖua nu henoa aha wògbɔa eme. Esia na wonɔ akɔlɔ̃e dɔm eye woƒe susu menɔa ŋute o. Esi womele ŋudzɔ le susu kple gbɔgbɔ me o ta la, womete ŋu ‘de dzesi ŋutilã la o’ eye esia na “[woɖi] fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.” Le ɣeyiɣi ma me la, dɔ nɔ amesiwo si fiẽnuɖuɖu mele o la wum eye woawo hã ƒe susu dzo le wɔna la dzi. Wo dometɔ aɖeke kloe mete ŋu tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖu kpɔɖeŋuawo hekpɔ vevienyenye si le wɔna la ŋu dze sii bliboe—be ŋkuɖoɖo Aƒetɔ la ƒe ku dzie azã la nye o. Esia na wodrɔ̃ fɔbuʋɔnu wo, elabena womede bubu eŋu o, eye wodo vloe gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 11:27-34.
Nugɔmesese Hiã
Ame aɖewo ɖu Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo gake wova de dzesii emegbe be mele be yewoaɖui hafi o. Mawue tia amesiwo ɖua Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo le mɔ si dze nu eye Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ɖaseɖiɖi le wo si le esia ŋu (Romatɔwo 8:15-17; Korintotɔwo II, 1:21, 22) Menye woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso alo tameɖoɖo kplikpaa ye na wodzena o. Mawu ɖoe be amesiwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo ƒe xexlẽme nanye ame 144,000, siwo mesɔ gbɔ o ne míetsɔe sɔ kple amesiwo katã le viɖe kpɔm tso Kristo ƒe tafe la me. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Ametiatia la dze egɔme le Yesu ƒe ŋkekea me, eyata ame ʋee aɖewo koe ɖunɛ egbea. Eye esi wo dometɔ aɖewo le kukum la, ele be xexlẽmea dzi naɖe akpɔtɔ.
Nukata ame aɖe aɖu kpɔɖeŋunuawo madzemadzee? Ðewohĩ le tsã mawusubɔsubɔ me nukpɔsusuwo ta—si nye be nuteƒewɔlawo katã ayi dziƒo. Alo ɖewohĩ le didi vevie alo ɖokuitɔdidi ta—sese le ame ɖokui me be yedze wu ame bubuwo—kple didi be yeaxɔ ŋkɔ. Ðewohĩ seselelãme sẽŋu siwo tso kuxi sesẽwo alo afɔku aɖe me si na anyigbadzigbenɔnɔ megadzɔa dzi na ame aɖe o gbɔe wòtso. Ate ŋu anye hã be xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli kple amesi si dziƒoyɔyɔa le tae. Ele be mí katã míaɖo ŋku edzi be nyametsotsoa nye Mawu ɖeɖeko tɔ, ke menye mía tɔ o. (Romatɔwo 9:16) Eyata ne ame aɖe ‘do eɖokui kpɔ’ eye wòkpɔe be mele be yeanɔ gome kpɔm le kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me o la, ke ele be woadzudzɔ tso fifia.—Korintotɔwo I, 11:28.
Mɔkpɔkpɔ si Mawu tsɔ ɖo ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ ƒe ŋkumee nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. Ema nye yayra gã aɖe si wòle be míakpɔ mɔ na, kple esi ate ŋu adzro mí bɔbɔe. (Mose I, 1:28; Psalmo 37:9, 11) Anyigba dzie nuteƒewɔlawo agawɔ ɖeka kple woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo woafɔ ɖe tsitre la le eye woado go ame dzɔdzɔe siwo nɔ anyi le blema, abe Abraham, Sara, Mose, Raxab, Dawid, kple Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ene—amesiwo katã ku hafi Yesu ʋu mɔ ɖe dziƒogbenɔnɔ ŋu.—Mateo 11:11; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:20-23.
Amesiwo si anyigbadzigbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la ɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le mɔ si dze nu to eɖuƒe yiyi kple toɖoɖo bubutɔe, togbɔ be womeɖua aboloa henoa wein la ƒe ɖe o hã. Woawo hã kpɔa viɖe tso Kristo ƒe vɔsa si na wokpɔa tenɔnɔ nyui le Mawu ƒe ŋkume la me. (Nyaɖeɖefia 7:14,15) Ne wole to ɖom nuƒo si woƒona la, woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu dea to ɖe edzi, eye woƒe didi be yewoayi edzi awɔ ɖeka kple Mawu ƒe ame siwo le afisiafi la nu sẽna ɖe edzi.
Le ƒe sia me la, woaɖu Ŋkuɖodzia le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 78,000 le anyigba bliboa katã dzi la me le Braɖa, April 2 dzi le ɣeɖoto megbe. Ànɔ wo domea?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yudatɔwo ƒe ŋkeke dzea egɔme le fiẽ me. Le míaƒe ɣletigbalẽa nu la, Nisan 14 ma dze egɔme tso Yawoɖa, March 31, ƒe fiẽ vaseɖe Fiɖa, April 1, ƒe fiẽ. Woɖo Ŋkuɖodzia anyi le Yawoɖa ƒe fiẽ, eye Yesu ku le Fiɖa ƒe ŋdɔme le Yudatɔwo ƒe ŋkeke ma ke dzi. Wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe, le Kwasiɖagbe ŋdi kanya.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yehowa Ðasefowo ɖua Ŋkuɖodzia zi ɖeka ƒe sia ƒe