Dro Wò Agbawo Ðe Yehowa Dzi Ɣesiaɣi
AGBA le ame geɖe wum egbea. Gake nyawo ƒe sesẽ, ƒomekuxi siwo na woxaa nu, dɔlényawo, vevesese kple fukpekpe le teteɖeanyi kple tagbɔsesẽ ta, kpakple xaxa bubu geɖe nɔa wo dzi abe te ye wotsi ɖe kɔ na wo ene. Tsɔ kpe ɖe gotagome nuteɖeamedzi siawo ŋu la, viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme kple kpododonu le woawo ŋutɔwo ƒe blibomademade ta tea ame aɖewo hã ɖe to. Ame geɖe dina be yewoana ta kura. Aleke nàte ŋu anɔ te ne ewɔ abe agbawo wu tsɔtsɔ na wò ene?
Ɣeaɖeɣi la, Fia Dawid si nɔ lsrael see le eɖokui me be nuteɖeamedzia wu yeƒe tsɔtsɔ kloe. Le Psalmo 55 ƒe nya nu la, etɔtɔ vevie le esi wòtsi dzodzodzoe le eƒe futɔwo ƒe amemiamiawo kple fuléle ta. Eƒe dzi gbã gudugudu eye vɔvɔ̃ ɖoe. Ŋeŋem ko wònɔ le eƒe nuxaxa me. (Psalmo 55:3, 6, 18) Gake le eƒe xaxawo katã me hã la, ekpɔ alesi wòanɔ te ɖe enui. Alekee? Ekpɔ eƒe Mawu si nu hena kpekpeɖeŋu. Aɖaŋu si wòɖo na ame bubu siwo ase le wo ɖokui me abe eya ene lae nye: “Tsɔ wò [agbawo, NW] dro ɖe Yehowa dzi.”—Psalmo 55:22.
Nukae wòwɔnɛ esi wògblɔ be “tsɔ wò agbawo dro ɖe Yehowa dzi”? Yehowa gbɔ yiyi le gbedodoɖa me agblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo nɛ koea? Alo ɖe mía ŋutɔwo míate ŋu awɔ nane atsɔ aɖe agbaa dzi akpɔtɔa? Ke ne míesusui be míedze kura ate ɖe Yehowa ŋu ya ɖe? Míate ŋu anya nusi Dawid wɔnɛ ne míelé ŋku ɖe nuteƒekpɔkpɔ siwo anya va susu me nɛ nyuie esime wòŋlɔ nya mawoe ŋu.
Wɔ Nu le Yehowa ƒe Ŋusẽ Me
Ðe nèɖo ŋku alesi Goliat na dzika tso lsrael-ʋawɔlawo ƒoe la dzia? Ŋutsu dzɔtsu sia si kɔkɔ wu meta 2.7 la na ŋɔdzi lé wo. (Samuel I, 17:4-11, 24) Gake Dawid mevɔ̃ o. Nukata? Elabena medze agbagba be yeadze ŋgɔ Goliat le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Tso esime wosi ami nɛ be wòava nye Israel-fia le etsɔme la, eɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ fia mɔe hedo ŋusẽe le nusiwo katã wòwɔ me. (Samuel I, 16:13) Eyata egblɔ na Goliat be: “Nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zeboat, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea.” (Samuel I, 17:45,46) Dawid nye akafodala bibi aɖe, gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye fia mɔ kpe si wòda Goliat hena ŋusẽ ɖo eŋu wu wòtsɔ wui.—Samuel I, 17:48-51.
Dawid te ŋu nɔ te ɖe dodokpɔ sesẽ sia nu eye wòɖu dzi to ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu be akpe ɖe ŋu ahado ŋusẽ ye me. Etu ŋuɖoɖeŋu ƒe ƒomedodo nyui kple Mawu ɖo. Ðikekemanɔmee la, alesi Yehowa xɔ nɛ do ŋgɔ lae do ŋusẽe. (Samuel I, 17:34-37) Abe Dawid ene la, ƒomedodo kplikplikpli ate ŋu anɔ mia kple Yehowa dome eye nàka ɖe eƒe ŋutete kple eƒe lɔlɔ̃ faa be yeado ŋusẽ ahalé wò ɖe te le nɔnɔme ɖesiaɖe me dzi bliboe.—Psalmo 34:8, 9.
Wɔ Nusi Nàte Ŋui Atsɔ Aɖɔ Kuxia Ðo
Gake abe alesi Psalmo 55 ɖee fia kɔte ene la, esia mefia be ɣeaɖekeɣi meli si màse veve vevie, atsi dzodzodzoe, eye àvɔ̃ gɔ̃ hã o. Esi Dawid ɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu vɔvɔ̃manɔmee sia fia ƒe aɖewo megbe la, vɔvɔ̃ ɖoe vevie le esime wòdze ŋgɔ futɔwo. Eƒe nu megava nyo Fia Saul ŋu o eye wòhiã be wòasi ɖe eƒe agbe ta. Dze agbagba nàde ŋugble le alesi Dawid ƒe seselelãmewo anɔ fu ɖem nɛ, biabia siwo afɔ ɖe te le eƒe susu me ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava ŋu la ŋu kpɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, woɖoe wònye fia si gbɔna Israel dzi ɖu ge, gake eyae nye si va zu sisila le gbedadaƒo, si yome tim wole abe gbemelã ene. Esi wòva kpɔ bebeƒe le Gat si nye Goliat dedu me la, wokpɔe dze si. Nukae do tso eme nɛ? Nuŋlɔɖia gblɔ be ‘ede asi vɔvɔ̃ me ŋutɔ.’—Samuel I, 21:11-13.
Gake meɖe mɔ eƒe vɔvɔ̃ kple dzodzodzoetsitsi vevie la na be megakpɔ Yehowa sinu be wòakpe ɖe ye ŋu o. Dawid gblɔ le Psalmo 34 (si wòŋlɔ le nuteƒe sia kpɔkpɔ vɔ megbe) be: “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me. Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.”—Psalmo 34:5, 7.
Le nyateƒe me la, Yehowa kpe ɖe eŋu. Gake de dzesii be Dawid meɖo asi glã be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu o. Ekpɔ alesi wòhiã be wòawɔ nusianu si wòate ŋui le nɔnɔme siwo me wòge ɖo me ado le xaxaa me la dze sii. Ekpɔe be Yehowae le kpekpem ɖe ye ŋu le yeƒe ɖeɖekpɔkpɔ me, gake eya ŋutɔ wɔ nu, ewɔ eɖokui abe aɖaʋatɔ ene ale be Gat-fia mewui o. (Samuel I, 21:15-22:1) Ele be míawo hã míawɔ nusianu si míate ŋui be míanɔ te ɖe kuxiwo nu, tsɔ wu be míanɔ Yehowa sinu ko kpɔm be wòaxɔ na mí.—Yakobo 1:5, 6; 2:26.
Mègadzi Wò Agbawo Ðe Edzi O
Emegbe le Dawid ƒe agbe me la, eva srɔ̃ nu bubu to vevesese geɖe me. Nukae? Eyae nye be míedzia mía ŋutɔwo míaƒe agbawo ɖe edzi ɣeaɖewoɣi. Esi wòɖu Filistitɔwo dzi vɔ megbe la, eme meva nyo na Dawid esi wòɖoe be yeatsɔ nubablaɖaka la ayi Yerusalem o. Ŋutinya me nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, . . . atso afima. Woda Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeye aɖe me, . . . eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.” Samuel II, 6:2, 3.
Aɖaka la tsɔtsɔ ɖe tasiaɖam me nye dada le Yehowa ƒe se siwo katã wòde ku ɖe eŋu la dzi. Wogblɔe eme kɔ ƒã be amesiwo ko woɖe mɔ na be woatsɔ Aɖaka la siwo nye Kehat ƒomea me Levi-wo la natsɔ kpo ade asigɛ tɔxɛ siwo wowɔ ɖe Aɖaka la ŋu me atsɔ atsɔe ɖe abɔta. (Mose II, 25:13, 14; Mose IV, 4:15, 19; 7:7-9) Aɖaba ŋeŋe ƒu sedede sia dzie he afɔku vɛ. Esi nyi siwo nɔ Aɖaka la hem na wòmu dze anyi kloe la, Usa si anya nye Lewi-vi gake menye nunɔla kura o la do asi ɖa be yealée ɖe te eye Yehowa ƒoe ƒu anyi le eƒe mawumavɔmavɔ̃ ta.—Samuel II, 6:6, 7.
Ele be esia ƒe fɔbubu ƒe akpa aɖe nava Dawid si nye fia la dzi. Eƒe nuwɔna ɖe esia ŋu fia be amesiwo ƒomedodo nyui le wo kple Yehowa dome la ate ŋu awɔ nu gbegblẽ le dodokpɔ sesẽwo me ɣeaɖewoɣi. Gbã la, Dawid do dɔmedzoe. Emegbe vɔvɔ̃ va ɖoe. (Samuel II, 6:8, 9) Wodo eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe ƒomedodoa kpɔ vevie. Esia nye nɔnɔme si me wòdo kpo eƒe agba dodro ɖe Yehowa dzi le, esi mewɔ ɖe eƒe sedede dzi o ta. Ðe wòate ŋu anye be nenemae wòdzɔna le mía gome ɣeaɖewoɣia? Ðe míebua fɔ Yehowa ɖe kuxi si tso alesi míeŋe aɖaba ƒu eƒe sededewo dzi la ta ɣeaɖewoɣia?—Lododowo 19:3.
Tenɔnɔ Ðe Fɔɖiɖi ƒe Agba la Nu
Emegbe Dawid va do fɔɖiɖi ƒe agba gã aɖe na eɖokui esi wòda le Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose dzi vevie. Le nudzɔdzɔ sia me la, Dawid gblẽ eƒe agbanɔamedzi si nye be wòakplɔ eƒe amewo ayi aʋagbedzi la ɖi. Etsi Yerusalem esime woyi aʋa wɔ ge. Esia he afɔku gã aɖe vɛ.—Samuel II, 11:1.
Fia Dawid kpɔ Bat-Seba dzetugbe la wònɔ tsi lem. Enɔ agbe gbegblẽ kplii eye wòfɔ fu. (Samuel II, 11:2-5) Be wòate ŋu atsyɔ nu nugbegblẽwɔwɔa dzi la, ewɔ ɖoɖo be srɔ̃a Uriya natrɔ tso aʋagbedzi ava Yerusalem. Esi Israel-viwo nɔ aʋa wɔm ta la, Uriya gbe be yemadɔ kple ye srɔ̃ o. (Samuel II, 11:6-11) Azɔ Dawid wɔ nu vɔ̃ɖi kple ayemenu be yeatsɔ atsyɔ nuvɔ̃a dzii. Ewɔ ɖoɖo be Uriya ƒe aʋawɔhatiwo naɖe aga le Uriya ŋu le afisi asi ate ŋu asu edzi le le aʋawɔwɔa me ale be woawui. Nuvɔ̃ nyɔŋu gã aɖe enye esia!—Samuel II, 11:12-17.
Eva ve eme emegbe be wobia akɔnta tso Dawid si, eye woɖee ɖe go. (Samuel II, 12:7-12) Dze agbagba nàde ŋugble le nuxaxa kple fɔɖiɖi ƒe agba si Dawid ase le eɖokui me esi wòva kpɔ nusi wòwɔ ƒe kpekpeme dze sii le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ta la ŋu kpɔ. Esi wòse le eɖokui me be yedo kpo nu la, ate ŋu ate ɖe edzi ŋutɔ, vevietɔ esi wòanye amesi ƒe seselelãmewo kple dzitsinya ɖea fu na la wònye ta. Anya se le eɖokui me hã be viɖe aɖeke mele ye ŋu o!
Gake Dawid lɔ̃ ɖe eƒe agɔdzedzea dzi enumake, heʋu me na nyagblɔɖila Natan be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” (Samuel II, 12:13) Psalmo 51 gblɔ alesi wòse le eɖokui me kple alesi wòƒo koko na Yehowa Mawu be wòale tsi na ye ahatsɔ ke yee la na mí. Edo gbe ɖa be: “Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye nàklɔ ŋunye tso nuvɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me ɖaa.” (Psalmo 51:4,5) Esi wòtrɔ dzi me vavã ta la, ete ŋu gatu ƒomedodo kplikplikpli si me sẽ la kple Yehowa ɖo. Dawid meyi edzi nɔ fɔ bum eɖokui eye be viɖe mele ye ŋu o. To lɔlɔ̃ ɖe eƒe agɔdzedzea dzi ɖokuibɔbɔtɔe me la, edro eƒe agba ɖe Yehowa dzi, eɖe dzimetɔtrɔ vavã fia, eye wòdo gbe ɖa vevie bia Yehowa ƒe tsɔtsɔke. Mawu gakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.—Psalmo 51:9-14, 17-21.
Tenɔnɔ Ðe Amegɔmezɔzɔ Nu
Esia kplɔ mí va nudzɔdzɔ si ʋã Dawid wòŋlɔ Psalmo 55 lia gbɔ. Eƒe seselelãmewo nɔ fu ɖem nɛ vevie. Eŋlɔ be: “Nye dzi le dablibɛ ƒom le nye dɔ me, eye ku ƒe ŋɔdzidonamewo dze dzinye.” (Psalmo 55:5) Nukae he dablibɛƒoƒo sia vɛ? Dawid viŋutsu Absalom ɖo tame vɔ̃ be yeaxɔ fianyenyea le Dawid si to ayeme. (Samuel II, 15:1-6) Eya ŋutɔ viŋutsu ƒe egɔmezɔzɔ sia nu nɔnɔ sesẽ na Dawid, gake nusi gagblẽ nya la ɖe edzi wue nye eƒe aɖaŋuɖola ɖoŋuɖeŋua kekeake si nye Axitofel va wɔ ɖeka kple nugbe si woɖo ɖe Dawid ŋu la. Axitofel ŋu Dawid ƒo nu le le Psalmo 55:13-15. Le nugbeɖoɖo kple egɔmezɔzɔa ta la, ele be Dawid nasi adzo le Yerusalem. (Samuel II, 15:13, 14) Aleke esia ana wòatsi dzodzodzoe nye esi!
Ke hã la, meɖe mɔ be eƒe seselelãme kple nuxaxa nawɔe be eƒe ŋuɖoɖo kple dzideƒo si le esi ɖe Yehowa ŋu la me gbɔdzɔ o. Edo gbe ɖa na Yehowa be wòatɔtɔ nugbeɖolaawo ƒe ɖoɖowo me. (Samuel II, 15: 30, 31) Míegakpɔe ake be Dawid meɖo asi glã be Yehowa nawɔ nusianu o. Esi mɔnukpɔkpɔa nya va teti ko la, ewɔ nusi wòate ŋui tsɔ gblẽ nugbe si woɖo ɖe eŋu la me. Egbugbɔ ƒe aɖaŋuɖola bubu si nye Xusai ɖo ɖe Yerusalem be wòabua awɔ eɖokui nugbeɖolawo dometɔ ɖekae, evɔ le nyateƒe me la, eme gbegblẽ tae wòyi ɖo hafi. (Samuel II, 15:32-34) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ɖoɖo sia dze edzi. Xusai te ŋu wɔe be ɣeyiɣi su Dawid si wòte ŋu gbugbɔ ƒo eƒe amewo nu ƒu hewɔ ɖoɖo hena eɖokui taʋiʋli.—Samuel II, 17:14.
Aleke Dawid akpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ beléletɔe kpakple eƒe dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ faa be yeatsɔ ake ŋui le eƒe agbemeŋkekewo katã mee nye esi! (Psalmo 34:19, 20; 51:18) Nuteƒekpɔkpɔ siawoe na Dawid te ŋu tsɔ kakaɖedzi le dzi dem ƒo na mí le míaƒe xaxaɣiwo me be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu hena kpekpeɖeŋu xɔxɔ, be ‘míadro míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi.’—Tsɔe sɔ kple Petro I, 5:6, 7.