Subɔsubɔ Le Yehowa Ƒe Beléle Lɔlɔ̃tɔe me
ABE ALESI LAMBROS ZOUMBOS GBLƆE ENE
Tiatia vevi aɖe dze ŋgɔm: be maxɔ dɔ si tɔɖinye kesinɔtɔ la de asi nam azu eƒe xɔtudɔdzikpɔla—si akpɔ nye ƒomea ƒe gakuxiwo gbɔ—alo be mazu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla na Yehowa Mawu. Mina maɖe nusiwo kpɔ ŋusẽ ɖe tiatia si mewɔ dzi la me.
WODZIM le du si nye Volos me le Greece le ƒe 1919 me. Fofonye dzraa ŋutsuwuwo, eye ga nɔ mía si ŋutɔ. Gake ganyawo ƒe sesẽɣi si nɔ anyi le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu wɔe be Papa ƒe gawo katã dome gblẽ eye dɔa hã gblẽ. Ewɔa nublanui nam ɣesiaɣi si mekpɔ mɔkpɔkpɔbuɖeame si dze le fofonye ƒe mo.
Míaƒe ƒomea nɔ ahedada kolikoli me hena ɣeyiɣi aɖe. Mebiaa mɔ hedzona le suku gaƒoƒo ɖeka gbesiagbe be maɖanɔ fli me axɔ nuɖuɖu dzidzenu si womãna na amewo. Gake togbɔ be míeda ahe hã la, míaƒe ƒomea nɔ anyi le dziɖeɖi me. Nye mɔkpɔkpɔ enye be mazu ɖɔkta, gake eva hiã be madzudzɔ suku esime menɔ nye ƒewuiwo ƒe titina eye madze dɔwɔwɔ gɔme be mate ŋu akpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu.
Ke le Xexemeʋa II me la, Germaniatɔwo kple Italiatɔwo dze Greece dzi, eye dɔ gã aɖe to. Zi geɖe mekpɔ xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo nɔ kukum le ablɔwo dzi le dɔwuame ta—enye nukpɔkpɔ dziŋɔ aɖe si nyemaŋlɔ be akpɔ o! Ɣeaɖeɣi míaƒe ƒomea nɔ anyi ŋkeke 40 eye míekpɔ yevubolo, si nye nuɖuɖu si woɖuna vevie le Greece, ƒe ɖeke ɖu o. Be míakpɔ nu aɖu la, mía kple fonye míeyia kɔƒe siwo te ɖe afima ŋu me be míaxɔ yevute tso xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo gbɔ.
Dɔléle aɖe Zu Yayra
Le ƒe 1944 ƒe gɔmedzedze la, dɔléle sesẽ aɖe si le abe gbɔxe ene dze dzinye. Le ɣleti etɔ̃ siwo me menɔ kɔdzi la, nyruinye ƒe vi aɖe tsɔ agbalẽvi eve aɖewo nam eye wògblɔ be: “Xlẽ wo; meka ɖe edzi be woadzɔ dzi na wò.” Agbalẽvi siawoe nye Who Is God? kple Protection, si Watch Tower Bible and Tract Society ta. Esi mexlẽ wo vɔ la, megblɔ nya siwo le wo me na dɔnɔ bubuwo.
Esi woɖem le kɔa dzi la, medze hadede kple Yehowa Ðasefowo ƒe Hame si le Volos gɔme. Gake abe ɣleti ɖeka ene la, metsi aƒeme henɔ atike wɔm, eye gbesiagbe metsɔa gaƒoƒo ade vaseɖe enyi xlẽa Gbetakpɔxɔ, kpakple agbalẽ bubu siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta. Esia wɔe be mete ŋu tsi le gbɔgbɔ me kaba.
Afɔku Siwo me Metsi Kloe
Gbeɖeka le ƒe 1944 ƒe domedome la, menɔ zikpui aɖe dzi le abɔ aɖe me le Volos. Tete asrafoha siwo nɔ Germania-srafo siwo xɔ dukɔa ƒe akpa dzi la va ƒo xlã teƒea eye wolé amesiwo katã nɔ afima. Wokplɔ mí amesiwo ade blaeve vɔ ene to mɔdodo dzi yi Adzamekpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe gã si nye xɔ aɖe si me wodzraa atama ɖo le la me.
Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, mese ame aɖe yɔ mía kple amesi menɔ nu ƒom na le abɔa me ƒe ŋkɔ. Greecetɔwo ƒe asrafomegã aɖee nɔ mía yɔm eye wògblɔ na mí be esi míaƒe ƒometɔ aɖe kpɔ be asrafoawo kplɔ mí yinae la, egblɔ na ye be Yehowa Ðasefowoe míenye. Greecetɔwo ƒe asrafomegã la gblɔ be míate ŋu ayi aƒeme faa, eye wòtsɔ eƒe dzesidegbalẽvi na mí be míatsɔ afia ne edzɔ be wogalé mí ake.
Le ŋufɔke la míese be Germaniatɔwo wu amesiwo wolé la dometɔ geɖe wònye wɔɖenui le esi Greecetɔwo ƒe vivimesrafowo wu Germania-srafo eve ta. Tsɔ kpe ɖe dzesidedee be anye ku mee woɖem tsoe ŋu la, ɣeyiɣi ma mee megasrɔ̃ asixɔxɔ si le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade hã ŋu.
Le ƒe 1944 ƒe keleme la, metsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo me la, Ðasefowo wɔ ɖoɖo be manɔ Sklithro Hame si le towo dzi, afisi mate ŋu agakpɔ lãmesẽ blibo le, la me. Dukɔmeviʋa si dzɔ le Germaniatɔwo ƒe amedzidzedzea megbe la nɔ edzi yim le Greece ɣemaɣi. Eva dzɔ be kɔƒe si me menɔ kee va zu vivimeʋawɔlawo ƒe nɔƒe koŋ. Nunɔla si le afima kple ŋutsu ŋutasẽla aɖe tso nunye be menye ŋkutsala na dziɖuɖua ƒe asrafowo eye wona wokplɔm yi vivimeʋawɔlawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si woawo ŋutɔ ɖo be woabia gbem.
Vivimeʋawɔla siwo le nutoa me ƒe ŋgɔnɔla hã va aʋatsoʋɔnua. Esi meɖe nusita meva kɔƒea me la me heɖee fia be Kristotɔe menye eye nyemedea akpa aɖeke dzi le dukɔmeviʋaa me o la, ŋgɔnɔla la gblɔ na ame bubuawo be: “Ne ame aɖe katse ka asi amesia ŋu la, nye kplii míado atakpui ɖeka!”
Emegbe metrɔ yi mía de le Volos eye mesẽ ŋu le xɔse me wu le lãmesẽ me gɔ̃ hã.
Ŋgɔyiyi le Gbɔgbɔ Me
Emegbe kpuie la, wotiam le mía gbɔ hamea me mezu gadzikpɔla. Togbɔ be dukɔmeviʋa la he nɔnɔme sesẽwo vɛ—hekpe ɖe ameléle geɖe siwo nunɔlawo nɔ megbe na si me wotso mía nu be míele dzime trɔm na amewo sesẽe ŋu—hã la, gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me he dzidzɔ geɖe vɛ na mía kple ame bubu siwo le míaƒe hamea me.
Emegbe le ƒe 1947 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe va srã mí kpɔ. Emae nye sasrãkpɔ gbãtɔ le Xexemeʋa II megbe. Ɣemaɣi míemã Volos-hamea si nɔ dzidzim ɖe edzi la ɖe eve, eye wotiam dzikpɔla zimenɔla le hame ɖeka me. Ɣemaɣi asrafoha kple dukɔmeviwo ƒe habɔbɔwo nɔ ŋɔdzi dom na amewo. Nunɔlawo wɔ nɔnɔmea ŋudɔ. Wona dziɖulawo tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu to alakpanyawo gbɔgblɔ be míede Kɔmiunistɔwo alo ƒuƒoƒo siwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu dzi.
Ameléle Kple Gaxɔmenɔnɔ
Le ƒe 1947 me la, wolém abe zi ewo ene eye wokplɔm yi ʋɔnui zi etɔ̃. Le ye katã me womekpɔ fɔɖiɖi le ŋunye o. Le ƒe 1948 ƒe adame la, wodem gaxɔ me ɣleti ene be mele dzime trɔm na amewo sesẽe. Menɔ Volos-gaxɔ me. Le ɣeyiɣi ma me Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nɔ míaƒe hamea me dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ nɔviawo ƒe dzime fũ.
Esime mía kple ame ade siwo xɔ ŋgɔ le hamea me míenɔ kpekpe aɖe wɔm le October 1948 me la, kpovitɔ atɔ̃ ge ɖe aƒea me, wotsɔ tu ɖo mía dzi helé mí. Wokplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe nɔƒee susu si ta wolé mí ɖo la me maɖemaɖee, eye woƒo mí le afima. Kpovitɔ aɖe si nye kɔdala tsã tu kɔ mo nam zi geɖe. Emegbe wode mí gaxɔ me.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe kpovitɔwo ƒe amegã si le afima yɔm be mava yeƒe ɔfis. Esi meʋu ʋɔa la, eda nuŋlɔtsi aɖe si le atukpa me be yeatsɔ axla ɖem, gake edam ƒu eye wòlɔ glia hegbã. Ewɔ esia be yeatsɔ ado vɔvɔ̃m. Etsɔ agbalẽ kple nuŋlɔti de asi nam eye wòɖe gbe be: “Ŋlɔ Yehowa Ðasefo siwo katã le Volos ƒe ŋkɔwo ɖe edzi, eye nàtsɔe vɛ nam etsɔ ŋdi. Ne mèŋlɔe o la, ènya nusi matu kpli wò tsã!”
Nyemeke nu o, eye esi metrɔ yi gaxɔa me la, mía kple nɔvi mamleawo míedo gbe ɖa na Yehowa. Nye ŋutɔ nye ŋkɔ koe meŋlɔ ɖe agbalẽa dzi eye menɔ elalam be wòayɔm. Gake nyemegase amegã la ŋkɔ o. Le zã ma me la, asrafo siwo tsi tre ɖe wo ŋu ho ɖe wo ŋu eye wòkplɔ eƒe amewo yi wo kpe ge. Le aʋa sue si wowɔ me la, exɔ abi vevie, eye wòhiã be woalã eƒe afɔ ɖeka. Wotsɔ míaƒe nya la yi ʋɔnui mlɔeba eye wotso mía nu be míenɔ kpekpe si ŋu se meɖe mɔ ɖo o wɔm. Wode mí ame adreawo katã gaxɔ me ƒe atɔ̃.
Esi megbe be nyemade Kwasiɖagbe Misa le gaxɔa me o ta la, wodem ameɖekɛgaxɔ me. Le ŋkeke etɔ̃agbe la, mebia be woana maƒo nu kple gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã. Megblɔ nɛ be: “Taflatse, ɖe mɔ nam maƒo nu kpli wò, susu mele eme be woahe to na ame aɖe si lɔ̃ faa be yeanɔ gaxɔ me ƒe atɔ̃ ɖe eƒe dzixɔse ta o.” Ede ŋugble tso nya la ŋu vevie eye wògblɔ be: “Tso etsɔ heyina la, àwɔ dɔ le gbɔnye afisia le nye ɔfis.”
Wode dɔ asi nam mlɔeba be manye ɖɔkta ƒe kpeɖeŋutɔ le gaxɔa me. Esia wɔe be mesrɔ̃ nu geɖe tso atikewɔwɔ ŋu, enye nusi va ɖe vi ŋutɔ le ƒe siwo va emegbe me. Mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye meɖe gbeƒã esime menɔ gaxɔ me, eye ame etɔ̃ xɔ nya la heva zu Yehowa Ðasefowo.
Le gaxɔmenɔnɔ ƒe ene kloe megbe la, woɖe asi le ŋunye mlɔeba le ƒe 1952 me be mayi aƒeme gake woanɔ ŋku lém ɖe ŋunye. Emegbe eva hiã be magayi ʋɔnu le Corinth le akpaɖekedzimademade ƒe nya la ta. (Yesaya 2:4) Le afima wogadem asrafowo ƒe gaxɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe, eye ŋutasesẽ bubu gadze egɔme. Asrafo aɖewo kpɔa ŋɔdzidonamenya aɖewo gblɔna ɣesiaɣi be: “Maƒo hɛ ɖe wò aɖe wò dzi afli kakɛkakɛe,” alo, “Nenɔ nyanya na wò be míawɔ fu wò vevie hafi nàku.”
Dodokpɔ Ƒomevi Bubu Aɖe
Gake metrɔ yi aƒeme emegbe kpuie eye menɔ subɔsubɔm le Volos-hamea me henɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔɖui hã wɔm. Gbeɖeka mexɔ agbalẽ tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdze si le Athens gbɔ be mava xɔ hehe kwasiɖa eve eye mazu Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue dzikpɔla anɔ hamewo srãm kpɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, tɔɖinye, amesi si vi aɖeke mele o eye xɔtudɔwɔƒe gã aɖe le esi la bia be makpɔ dɔa dzi na ye. Míaƒe ƒomea kpɔtɔ nɔ ahedada me, eye dɔwɔna sia ate ŋu akpɔ woƒe gakuxiwo gbɔ na wo hafi.
Meɖi tsa yi tɔɖinye gbɔ be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònam ŋu afiae, gake megblɔ nɛ be mewɔ ɖoɖo be maxɔ dɔdasi tɔxɛ aɖe boŋ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Etsi tre, kpɔm dũu, eye wòdo go le xɔa me enumake. Etrɔ va eye wòtsɔ ga gbogbo aɖe nam si ate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea dzi ɣleti aɖewo. Egblɔ be: “Xɔ esia, eye nàzãe alesi nèlɔ̃.” Vaseɖe egbe sia la, nyemate ŋu aɖɔ alesi mese le ɖokuinye me ɣemaɣi o. Ewɔ abe ɖe mese Yehowa ƒe gbe ene wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Tiatia nyuitɔe nye ma nèwɔ. Meli kpli wò.’
Medze mɔ yi Athens le December 1953 me eye ƒonyemea da asi ɖe edzi. Togbɔ be danye koe va zu Ðasefo hã la, míaƒe ƒomea me tɔ mamleawo metsi tre ɖe nye Kristotɔwo ƒe dɔa ŋu o. Esi meyi alɔdzedɔwɔƒea le Athens la, dzidzɔnya bubu aɖe hã nɔ nye lalam. Mexɔ telegram tso nɔvinyenyɔnu gbɔ si me nyawo gblɔ be ga si woxena na amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔ me si yome tim Papa nɔ ƒe eve sɔŋ enye sia la su esi azɔ. Nukae gasusɔ nam? Mese le ɖokuinye me abe ɖe meto aʋalã, si matsɔ adzo ayi dzi ʋĩ le Yehowa subɔsubɔ me ene!
Nuwɔwɔ le Ŋuɖɔɖo Me
Le ƒe gbãtɔ siwo me medze nutome sue dzikpɔdɔa gɔme la, ehiã be maɖɔ ŋu ɖo elabena subɔsubɔhawo kple dziɖuɖumegãwo nɔ Yehowa Ðasefowo yome tim vevie. Ne meyina mía nɔvi Kristotɔwo srã ge kpɔ, vevietɔ amesiwo le du suewo kple kɔƒewo me la, mezɔa afɔ gaƒoƒo geɖe le zã me be woagadze sim o. Nɔviawo ƒo ƒu nɔ nye lalam le aƒe aɖe me togbɔ be esia ate ŋu ana woalé wo hã. Ŋusẽdodo ame nɔewo ka gbegbe nye si sasrãkpɔ mawo nye na mí katã!—Romatɔwo 1:11, 12.
Ɣeaɖewoɣi medoa awu le mɔ vovovowo nu be woagakpɔm adze sii o. Ɣeaɖeɣi medo awu abe alẽkplɔvi ene ale be mate ŋu atso de aɖe ayi nɔvi aɖewo ƒe ƒuƒoƒo si hiã gbɔgbɔ me alẽkpɔkplɔ vevie la gbɔ. Le ɣeyiɣi bubu aɖe le ƒe 1955 me la, mía kple hati Ðasefo aɖe míewɔ abe gbegãdzi dzram míenɔ ene ale be kpovitɔwo nagakpɔ mí adze sii o. Míaƒe dɔe nye be míaɖo nɔvi Kristotɔ aɖewo siwo gbɔdzɔ la gbɔ le du sue si nye Árgos Orestikón me.
Míetsɔ míaƒe adzɔnuwo ɖo asi le dua ƒe asigãme. Gake sɔhɛ kpovitɔ aɖe si nɔ tsatsam le teƒea meka ɖe mía dzi tututu o, eyata ɣesiaɣi si wòato afima la, enɔa mía kpɔm dũu. Egblɔ nam mlɔeba be: “Mieɖi gbegãdzidzralawo o.” Ɣeyiɣi ma tututue ɖetugbi etɔ̃ aɖewo te ɖe mía ŋu eye wodi be yewoaƒle gbegãdzia ɖe. Mefia asi nye adzɔnuawo hegblɔ be: “Sɔhɛ kpovitɔ sia lɔ̃a gbegãdzi siawo ɖuɖu ŋutɔ, eye kpɔ alesi eƒe lãme sẽ eye wòdze ɖekae ɖa!” Nyɔnuawo trɔ kpɔ kpovitɔa eye woko nu. Eya hã ko alɔgbɔnu eye wòdzo.
Esi wòdzo la, mewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ heyi fiase si me míaƒe gbɔgbɔ me nɔvi siwo nye awutɔlawo nɔ dɔ wɔm le la me. Mebia wo dometɔ ɖeka be wòade awunugbui si meɖe ɖa le nye dziwui ŋu la nam. Esime wònɔ esia wɔm la, mete ɖe eŋu hedo dalĩ nɛ be: “Alɔdzedɔwɔƒeae metso be mava kpɔ mi ɖa.” Nɔviawo vɔ̃ gbã, esi womegado go wo nɔvi Ðasefowo kpɔ o ƒe geɖe enye ma ta. Medo ŋusẽ wo alesi mate ŋui eye mewɔ ɖoɖo be mado go wo le dua ƒe ameɖibɔ me emegbe ne míaɖo dze ayi ŋgɔe. Dzidzɔtɔe la, sasrãkpɔa de dzi ƒo na wo eye dzo gaɖo wo me le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ake.
Kpeɖeŋutɔ Wɔnuteƒe aɖe Kpɔkpɔ
Le ƒe 1956 me, si nye ƒe etɔ̃ megbe tso esime medze mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ gɔme la, medo go Niki, ɖetugbi Kristotɔ aɖe si lɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa vevie eye wòdi be yeanɔ anyi kplim le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo eye míeɖe mía nɔewo le June 1957 me. Menɔ eŋu bum nenye be Niki ate ŋu akpe akɔ kple nusi mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ abia le nɔnɔme sesẽ siwo me tom Yehowa Ðasefowo nɔ ɣemaɣi le Greece la ta. Ete ŋui le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòzu nyɔnu gbãtɔ si kplɔ srɔ̃a ɖo le nutome sue dzikpɔdɔa wɔwɔ me le Greece.
Mí ame evea míeyi mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ dzi ƒe ewo, eye míesubɔ hame geɖe siwo le Greece. Zi geɖe míedzraa mía ɖokui ɖo ale be womakpɔ mí adze sii o, eye míetsɔa míaƒe agbawo hezɔa afɔ gaƒoƒo geɖe le zã me be míaɖo hame aɖe gbɔ. Togbɔ be míedo go tsitretsiɖeŋu geɖe hã la, Ðasefowo ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi nukutɔe la kpɔkpɔ dzɔa dzi na mí ŋutɔ.
Subɔsubɔ le Betel
Woyɔ mía kple Niki be míava subɔ le Betel, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe, le January 1967 me. Amekpekpe sia wɔ nuku na mí ame evea siaa, gake míelɔ̃ ɖe edzi eye míeka ɖe edzi be Yehowae nye amesi le mɔ fiam. Esi ɣeyiɣiawo nɔ yiyim la, míekpɔ alesi gbegbe wònye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe be míasubɔ le teokrasimɔfiame tsoƒe sia dze sii.
Esi míedze subɔsubɔ le Betel gɔme ɣleti etɔ̃ megbe la, asrafohã aɖe mu dziɖuɖua, eye wòva hiã be Yehowa Ðasefowo nawɔ woƒe dɔa le bebeme. Míedze kpekpewo dede gɔme le ƒuƒoƒo suewo me, míewɔa takpekpe le avewo me, míeɖea gbeƒã le aɖaŋudzedze me, eye míetaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo hemãa wo le ɣaɣlame. Tɔtrɔ ɖe nɔnɔme siawo ŋu mesesẽ na mí o, elabena ɖeko míegatrɔ ɖe alesi míewɔ dɔa ƒe aɖewoe nye ma va yi la ŋu. Togbɔ be mɔxeɖenuwo nɔ anyi hã la, Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso amesiwo mede 11,000 o le 1967 me dzi va ɖo amesiwo wu 17,000 le ƒe 1974 me.
Ƒe 30 kloe enye sia mía kple Niki míele subɔsubɔm le Betel, eye míekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm le míaƒe gbɔgbɔ me yayrawo me togbɔ be míetsi eye míaƒe lãme gbɔdzɔ hã. Míenɔ alɔdzedɔwɔƒe si nɔ Kartali Street le Athens wu ƒe ewo. Le ƒe 1979 me la, wokɔ alɔdzedɔwɔƒe yeye ŋu le Marousi, si nye Athens ƒe gbɔtodu. Gake tso ƒe 1991 me la, míeʋu va alɔdzedɔwɔƒe gã yeye si le Eleona, kilometa 60 le Athens ƒe dzigbe. Mele dɔ wɔm le Betel ƒe dɔnɔdzikpɔƒe le afisia, eye mele viɖe kpɔm tso hehe si mexɔ esi menye kpeɖeŋutɔ na ɖɔkta le gaxɔ me la me.
Le nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe blaene kple edzivɔe nye sia me la, meva kpɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo ƒe nyateƒenyenye dze sii abe Yeremya ke ene be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yeremya 1:19) Vavãe, Yehowa ƒe yayra yɔ mía kple Niki ƒe kplu gba go. Eƒe beléle si me lɔlɔ̃ le kple dɔmenyo geɖe si míedze na o la na míetsoa aseye ɣesiaɣi.
Dzideƒo si le asinye mana sɔhɛ siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me enye be woaminyã ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Woate ŋu ato mɔ sia dzi awɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe be woado ye kpɔ be yemawɔ ɖe yeƒe ŋugbedodo dzi be ‘yeaʋu dziƒo nu, eye yeadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã’ la dzi. (Maleaxi 3:10) Le nye ŋutɔ nye nuteƒekpɔkpɔ me la, mate ŋu aka ɖe edzi na mi sɔhɛwo be Yehowa akɔ yayra ɖe mi amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe la dzi.
[Nɔnɔmetata si le axa 26
Lambros Zoumbos kple srɔ̃a, Niki