Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
Nukae apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be “nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele”? (Filipitɔwo 3:14) Ðe ame aɖe ate ŋu aɖoe koŋ aŋlɔ nane bea?
Ao, zi geɖe la míate ŋu aɖoe koŋ aɖe ŋkuɖodzinu aɖe le susu me o. Nyateƒea enye be, míeŋlɔa nusiwo dzi míadi be míaɖo ŋkui la dometɔ geɖe be eye míeɖoa ŋku nu geɖe siwo wòle be míaŋlɔ be boŋ dzi. Ekema nukae Paulo wɔnɛ esime wòŋlɔ nya siwo le Filipitɔwo 3:14? Nya siwo ƒo xlãe akpe ɖe mía ŋu míase egɔme.
Le Filipitɔwo ta 3 la, Paulo ƒo nu tso eƒe “ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu” ŋuti. Eƒo nu tso eƒe Yudatɔnyenye ŋu nyuie kple eƒe ŋuʋaʋã ɖe Sea ŋu—nusiwo ana mɔnukpɔkpɔ geɖe nasu esi le Israel-dukɔa me hafi. (Filipitɔwo 3:4-6; Dɔwɔwɔwo 22:3-5) Gake etrɔ megbe de nusiawo, hebu wo nu búbuwoe le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu. Nukatae? Elabena eke ɖe nane si nyo wu ŋuti—“Aƒetɔ [Kristo Yesu] nyanya, si ƒo wo katã ta.”—Filipitɔwo 3:7, 8.
Menye nɔƒe kɔkɔ aɖe didi le xexeamee nye Paulo ƒe taɖodzinu vevitɔ o, ke boŋ be ‘yeakpɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi.’ (Filipitɔwo 3:11, 12) Eyata eŋlɔ bena: “Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 3:14) Esi Paulo gblɔ be “nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be” la, mele fiafiam be eto mɔ aɖe nu ɖe ‘nusiwo le megbe’ la ɖa le susu me o. Edze ƒã be egaɖoa ŋku wo dzi kokoko elabena ɖeko wòŋlɔ wo ɖi vɔ koe nye ma. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le Helagbe gbãtɔa me la, ezã dɔwɔnya ƒomevi aɖe si fia nuwɔna si le edzi yim, menye esi wu nu o. Egblɔ be ‘yeŋlɔa wo be,’ menye be “yeŋlɔ wo be xoxo” o.
Gɔmesese vovovowo le Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ŋlɔ be” (e·pi·lan·thaʹno·mai) ŋu, siwo dometɔ ɖekae nye “be womatsɔ ɖeke le eme o,” alo “aŋe aɖaba ƒu edzi.” Le Exegetical Dictionary of the New Testament (si me Horst Balz kple Gerhard Schneider to) ƒe nya nu la, esia nye gɔmesese si le ‘ŋlɔ be’ si wozã le Filipitɔwo 3:14 ŋu. Paulo mebu nusiwo wògblẽ ɖi ŋu ɣesiaɣi o. Esrɔ̃ alesi wòabu wo nu maɖinuwoe. Wonye ‘aɖukpo dzi nuwo’ ne wotsɔ wo sɔ kple dziƒomɔkpɔkpɔa.—Filipitɔwo 3:8.
Aleke Paulo ƒe nyawo ka mí egbeae? Abe Paulo ene la, Kristotɔ ate ŋu atsɔ nu geɖe asa vɔe be yeasubɔ Mawu. Anye be eɖe asi le dɔwɔɖui aɖe si me wòkpɔa ga gbogbo le ŋu be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Alo etso hotsuitɔwo ƒe ƒome aɖe si gbe gakpekpeɖeŋu nanae le esi womelɔ̃ nyateƒea o ta la me. Vɔsa siawo dze na kafukafu, gake womenye nusiwo dzi wòle be woada susu ɖo ɣesiaɣi o. Kristotɔ ‘ŋlɔnɛ be,’ megadaa susu ɖe ‘nusiwo wògblẽ ɖe megbe’ dzi o le etsɔme wɔnuku si le elalam ta.—Luka 9:62.
Míate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Paulo ƒe nyawo me ŋudɔ le mɔ bubu nu. Kristotɔ aɖe si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe hafi srɔ̃ nu tso Mawu ŋu ya ɖe? (Kolosetɔwo 3:5-7) Alo tsɔe be esi wòzu Kristotɔ megbe la, ewɔ nuvɔ̃ gã aɖe eye hamea he to nɛ. (Korintotɔwo II, 7:8-13; Yakobo 5:15-20) Ne etrɔ dzi me eye wòtrɔ tso eƒe mɔwo dzi vavã la, ke ‘wole tsi nɛ eye eŋuti kɔ.’ (Korintotɔwo I, 6:9-11) Nusi dzɔ la nu va yi. Maŋlɔ nusi wòwɔ la be ŋutɔŋutɔ gbeɖe ya o—le nyateƒe me la, asrɔ̃ nunya tso nusi dzɔ va yi la me ale be magbugbɔ nuvɔ̃ ma awɔ o. Gake ‘eŋlɔnɛ be’ le susua nu be mada susu ɖe edzi ɣesiaɣi anɔ fɔ bum eɖokui o. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 65:17.) Esi wonɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsa dzi tsɔe kee ta la, edzea agbagba be yeaɖe susu ɖa le nusiwo dzɔ va yi la dzi.
Paulo ɖɔ eɖokui le Filipitɔwo 3:14 be yenye duɖimekela si le dziɖuɖufetua ‘minyãm.’ Duɖimekela kpɔa ŋgɔ, menye megbe o. Nenema ke wòle be Kristotɔ ƒe ŋku nanɔ yayra siwo le ŋgɔ dzi, ke menye nusiwo wògblẽ ɖe megbe o. Paulo gblɔ hã be: “Ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.” (Filipitɔwo 3:15) Eyata do gbe ɖa na Mawu ne wòakpe ɖe ŋuwò natu nukpɔsusu sia ɖo. Tsɔ Mawu ƒe nukpɔsusu siwo le Biblia me la yɔ wò susu mee. (Filipitɔwo 4:6-9) De ŋugble le lɔlɔ̃ si le Yehowa si na wò kple yayra siwo nèkpɔ tso eme ŋu. (Yohanes I, 4:9, 10, 17-19) Ekema Yehowa ato gbɔgbɔ kɔkɔe dzi akpe ɖe ŋuwò be màgatsi dzi ɖe nusiwo nègblẽ ɖe megbe ŋu o. Ke boŋ abe Paulo ene la, àkpɔ mɔ na etsɔme wɔnuku si le ŋgɔ.—Filipitɔwo 3:17.