Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
Ðe míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ le Mawu ƒe egbegbe subɔla siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le la dzi abe alesinu wòle Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la dzi enea?
Menye nyabiase yeyee nye sia o. Woɖo nya sia ke ŋu le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si nɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 15, 1952, tɔ me la me. Ame geɖe va zu Ðasefowo tso ɣemaɣi, eyata míate ŋu ade ŋugble le nyabiasea ŋu eye le ŋugbledede le eŋu me la, míadzro nya si nyati gbãtɔ ma gblɔ me.
Nyaŋuɖoɖoa koŋ enye, ẽ, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo nye alẽha bubuawo me tɔwo kple amesiaminawo ate ŋu axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea sɔsɔe.—Yohanes 10:16.
Gake esia mefia be gbɔgbɔa wɔa dɔ le amewo katã me le mɔ ɖeka tɔgbe dzi o. De ŋugble le subɔla nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, siwo hã ele eme be woxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu kpɔ. Wo dometɔ aɖewo tsɔ ŋusẽ si gbɔgbɔa na wo la wu lã wɔadãwoe, yɔ dɔ dɔlélawo, fɔ ame kukuwo ɖe tsitre gɔ̃ hã. Eye wohiã gbɔgbɔa be woatsɔ aŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋã la hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:24, 25; 14:5, 6; Fiawo I, 17:17-24; Fiawo II, 4:17-37; 5:1-14) Gbetakpɔxɔa gblɔ be: “Togbɔ be womenye amesiaminawo o hã la, gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ wo me fũ.”
Le go bubu me la, de ŋugble le ƒe alafa gbãtɔ me ŋutsu kple nyɔnu siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na eye wova zu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le la ŋu kpɔ. Wosi ami na wo katã, gake mefia be gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ le wo katã me le mɔ ɖeka dzi le ema megbe o. Ema dze kɔte le Korintotɔwo I, ta 12 ƒe nyawo me. Apostolo Paulo dzro gbɔgbɔa ƒe nunanawo me le afima. Míexlẽ le kpukpui 8, 9, kple 11 be: “Woto Gbɔgbɔ la dzi tsɔ nunya ƒe nya na ame aɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu, ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me; . . . gake Gbɔgbɔ ɖeka ma wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.”
Edze ƒã be menye amesiamina siwo katã nɔ anyi ɣemaɣi sie gbɔgbɔa ƒe nukununanawo nɔ o. Le Korintotɔwo I, ta 14 me la, Paulo ƒo nu le hame ƒe kpekpe aɖe si me gbegbɔgblɔ ƒe nunana nɔ ame aɖe si, gake gbegɔmeɖeɖe ƒe nunana menɔ vavalawo dometɔ aɖeke si o la ŋu. Ke hã la, wotsɔ gbɔgbɔa si ami na wo katã ɣeaɖeɣi do ŋgɔ. Ðe wòasɔ be míagblɔ be gbɔgbɔa nɔ nɔvi si si gbegbɔgblɔ ƒe nunana nɔ la dzi geɖe wu ame bubu siwo nɔ eteƒea? Ao. Menye ɖe nu mede amesiamina bubu mawo dzi, abe ɖe woawo mete ŋu sea Biblia la gɔme dea ame ma nu alo womete ŋu dzea ŋgɔ dodokpɔwo nenema ke ene o. Gbɔgbɔa wɔ dɔ le mɔ tɔxɛ aɖe dzi to nɔvi si te ŋu gblɔa gbewo la dzi. Ke hã la, ehiã be eya kple woawo siaa nate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye ‘woayi edzi ana gbɔgbɔ la nayɔ wo me fũ’ abe alesi Paulo ŋlɔe ene.—Efesotɔwo 5:18.
Le egbegbe amesiamina susɔeawo gome la, woxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea vavã. Ewɔ dɔ etɔxɛ ɖe wo dzi ɣeaɖeɣi—esime wosi ami na wo eye woxɔ wo gbɔgbɔmeviwoe. Tso ema dzi la, ‘woyi edzi na gbɔgbɔa nɔ wo me yɔm fũ,’ ekpena ɖe wo ŋu ne wodi be yewoase Biblia la gɔme nyuie wu, axɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, alo adze ŋgɔ dodokpɔwo—le woawo ŋutɔ ɖokui gome alo le habɔbɔa gome.
Togbɔ be womesi ami na ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o hã la, woxɔa gbɔgbɔ kɔkɔea le go bubuwo me. April 15, 1952, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔa gblɔ be:
“‘Alẽ bubuawo’ wɔa gbeƒãɖeɖedɔa abe ame susɔeawo ke ene le nɔnɔme sesẽ ɖeka mawo ke me, eye woɖea anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ ma ke fiana. Wonyia wo le gbɔgbɔmekplɔ̃ ɖeka ma ŋu, heɖua nuɖuɖu ɖeka, hele nyateƒe ma ke xɔm. Esi wonye anyigba dzi hatsotsoa me tɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le eye wotsɔ ɖe le anyigba dzi nuwo me vevie la, woate ŋu atsɔ ɖe le ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso alesi anyigba la anɔ le xexe yeyea me la me vevie wu; esime amesiamina susɔe siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le eye ɖetsɔleme sesẽ le wo me ɖe gbɔgbɔmenu siwo ka wo ŋu la, woawo ya asrɔ̃ nu kutrikukutɔe le nu mawo ŋu le Mawu ƒe Nya la me. . . . Gake nyateƒenya la gakpɔtɔ li be nyateƒe kple nugɔmesese ma kee li na hatsotso evea siaa, eye alesi ameawo ŋutɔ ƒoa wo ɖokui ɖe nusɔsrɔ̃ me koe fiaa alesi wosea dziƒo kple anyigba dzi nu siwo sua wo si la gɔmee. Aƒetɔ la ƒe gbɔgbɔ la li na hatsotso evea siaa sɔsɔe, eye wonaa sidzedze kple nugɔmesese wo siaa sɔsɔe, eye mɔnukpɔkpɔ li sɔsɔe be wòaxɔ ame me.”